-
Subɔ Yehowa Susuhenuwo ManɔmeeGbetakpɔxɔ—2015 | October 15
-
-
1, 2. Nu ka tae Yesu lɔ̃ Marta, gake vodada kae wòwɔ si ɖee fia be mede blibo o?
NE ÈDE ŋugble le Lazaro nɔvinyɔnu Marta ŋu la, ame ka ƒomevie nèsusuna be enye? Biblia gblɔ be Marta nye Yesu xɔlɔ̃ vevi aɖe, eye Yesu lɔ̃e ŋutɔ. Ke hã menye eya koe nye nyɔnu si Yesu lɔ̃ hedea bubu eŋu o. Marta nɔvinyɔnu Maria hã nye Yesu xɔlɔ̃ vevi. Eye Yesu lɔ̃ eya ŋutɔ dadaa Maria hã vevie. (Yohanes 11:5; 19:25-27) Ke susu ka tae Yesu lɔ̃ Marta ɖo?
-
-
Subɔ Yehowa Susuhenuwo ManɔmeeGbetakpɔxɔ—2015 | October 15
-
-
4 Nu geɖewo xɔ Marta ƒe susu me. Eƒe ŋku biã be yeaɖa nu viviwo na Yesu ahawɔ nu siwo ana eƒe dzi nadze eme. Esi wòkpɔ be Maria menɔ asi kpem ɖe ye ŋu o la, dzi kui vevie eye wòtso enu na Yesu. Yesu kpɔe be Marta nɔ hloloe tsom akpa, eya ta egblɔ nɛ tufafatɔe be: “Marta, Marta, ètsi dzimaɖi hele fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti.” Eɖo aɖaŋu nɛ be nuɖuɖu ʋɛ aɖewo koe hiã, alo ɖeka pɛ ko. Eyome Yesu kafu Maria ɖe ale si wòle to ɖom nyuie ta. Egblɔ be: “Maria ya tia nyuia gome, eye womele exɔ ge le esi o.” Anɔ eme be Maria ŋlɔ nu si Marta ɖa gbe ma gbe wòɖu la be, gake ɖikeke mele eme o be meŋlɔ nu siwo wòsrɔ̃ tso Yesu gbɔ kple ale si Yesu kafui be gbeɖe o. Ƒe 60 kple edzivɔ megbe la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Yesu lɔ̃a Marta kple nɔvianyɔnua.” (Yohanes 11:5) Nya siawo ɖee fia be Marta wɔ ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo nɛ lɔlɔ̃tɔe la dzi hesubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.
-