Nɔ Teokrasidziɖuɖu Ŋu Kplikplikpli
“Yehowa enye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe Senala, Yehowa enye míaƒe Fia.”—YESAYA 33:22, NW.
1. Nukata ame akpa gãtɔ tsia dzi ɖe dziɖuɖu ƒe nya ŋu?
AMESIAME tsia dzi ɖe dziɖuɖu ƒe nya ŋu ale gbegbe. Dziɖuɖu nyui naa ŋutifafa nɔa anyi eye nuwo dzea edzi. Biblia gblɔ be: “Dzɔdzɔenyenye fia tsɔna lia ke anyigba.” (Lododowo 29:4) Gake dziɖuɖu vlo naa sedzimawɔmawɔ, nufitifitiwɔwɔ, kple ameteteɖeanyi nɔa anyi. “Ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ [ɖea hũ, NW].” (Lododowo 29:2) Le ŋutinya katã me la, amegbetɔwo te dziɖuɖu ƒomevi geɖe kpɔ, eye nublanuitɔe la, “woɖea hũ” zi geɖe le wo dziɖulawo ƒe ameteteɖeanyi ta. (Nyagblɔla 8:9) Ðe dziɖuɖu ƒomevi aɖe li si ate ŋu ana dzidzeme mavɔ eteviwoa?
2. Nukata wòsɔ be woagblɔ be blema Israel ƒe dziɖuɖu nye “teokrasi”?
2 Ŋutinyaŋlɔla Josephus ƒo nu tso dziɖuɖu tɔxɛ aɖe ŋu esime wòŋlɔ be: “Ame aɖewo tsɔ dziɖuŋusẽ gãtɔ kekeake de asi na fiaƒomewo, ame bubuwo tsɔe na ameha sue aɖe, ke bubuwo hã dee asi na ame tsɛwo. Gake dukplɔɖoɖo siawo dometɔ aɖeke medze míaƒe senala [Mose] ŋu o, ke boŋ ena eƒe dukplɔsea le ɖoɖo aɖe nu, si—ne míakpa ŋkɔ nɛ la—woayɔe be ‘teokrasi,’ si me Mawu nye dziɖula gãtɔ kple ŋusẽkatãtɔ le.” (Against Apion, II, 164-5) Concise Oxford Dictionary ɖe teokrasi gɔme be enye “dziɖuɖu ƒomevi si le Mawu si me.” Nya la medze le Biblia me o, gake eɖɔ blema Israel ƒe dziɖuɖu wòsɔ nyuie. Togbɔ be fia si wokpɔna va nɔ Israel-viwo si hã la, Yehowae nye woƒe dziɖula ŋutɔŋutɔ. Israel-nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Yehowa enye míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe Senala, Yehowa enye míaƒe Fia.”—Yesaya 33:22, NW.
Nukae Nye Teokrasi Vavãtɔ?
3, 4. (a) Nukae nye teokrasi vavãtɔ? (b) Eteƒe madidi o yayra kawoe teokrasi ana ameƒomea katã nakpɔ?
3 Tso esime Josephus kpa nya la ko la, wova ƒoa nu tso amewo ƒe ƒuƒoƒowo ŋu be wole teokrasiɖoɖo me. Wo dometɔ aɖewo ƒe nya me sẽ, wowɔa nu tamemabumabutɔe, eye wotea amewo ɖe to tagbɔsesẽtɔe. Ðe wonye teokrasi vavãtɔwoa? Womenyee le Josephus ƒe nya la ƒe gɔmesese nu o. Kuxi lae nye be wova keke “teokrasi” ƒe gɔmesese ɖe enu. World Book Encyclopedia ɖe egɔme be enye “dziɖuɖu ƒomevi si me nunɔla alo nunɔlawo ɖua dukɔa dzi eye nunɔlaawo kpɔa ŋusẽ le dziɖuɖunyawo kple subɔsubɔnyawo me le.” Gake teokrasi vavãtɔ menye dziɖuɖu si ƒe dziɖulawo nye nunɔlawo o. Le nyateƒe me la, Mawue ɖua dzi le eme, eye enye Yehowa Mawu, xexeame katã Wɔla la ƒe dziɖuɖu.
4 Eteƒe madidi o anyigba bliboa ava nɔ teokrasi te, eye yayra ka gbegbee nye si wòanye! “Mawu ŋutɔ anɔ anyi kple [ameƒomea], . . . Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Amegbetɔ madeblibo siwo nye nunɔlawo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ nenema o. Mawu ƒe dziɖuɖu koe ate ŋui. Eyata Kristotɔ vavãwo medzea agbagba be yewoahe dunya ana teokrasi naxɔ anyinɔ o. Wotsɔ dzigbɔɖi le lalam be Mawu naɖo teokrasidziɖuɖu si axɔ xexeame katã la anyi le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple le mɔ si wòdi nu.—Daniel 2:44.
5. Afikae teokrasi vavãtɔ le dzi ɖum le egbea, eye biabia kawoe fɔ ɖe te le eŋu?
5 Gake hafi ɣeyiɣi ma nava la, teokrasi vavãtɔ aɖe le dɔ wɔm. Afikae wòle? Ele amesiwo lɔ̃ faa bɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te eye wowɔa nu aduadu le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la dome. Woƒo nuteƒewɔla siawo nu ƒu wozu ‘gbɔgbɔmedukɔ’ le ‘gbɔgbɔmenyigba’ dzi le xexeame godoo. Woawoe nye “Mawu ƒe Israel” ƒe ame susɔeawo kpakple woƒe zɔhɛ Kristotɔ siwo sɔ gbɔ wu miliɔn atɔ̃ kple afã. (Yesaya 66:8; Galatiatɔwo 6:16) Wonye Yesu Kristo, Dziƒofia si Yehowa Mawu, ‘Fia mavɔmavɔtɔ’ la ɖo zi dzi la teviwo. (Timoteo I, 1:17; Nyaɖeɖefia 11:15) Mɔ ka nue ƒuƒoƒo sia nye teokrasihabɔbɔ le? Aleke emetɔwo bua xexemedziɖuɖuwoe? Eye aleke amegbetɔ siwo le tanyenyenɔƒewo le gbɔgbɔmedukɔ sia me wɔa teokrasigɔmeɖosea ŋudɔe?
Teokrasihabɔbɔ
6. Aleke wòanya wɔe be Mawu naɖu amegbetɔhabɔbɔ si wokpɔna dzi?
6 Aleke Yehowa, amesi le dziƒo makpɔmakpɔ la aɖu amegbetɔhabɔbɔ dzii? (Psalmo 103:19) Ele edzi ɖum elabena amesiwo le eme wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me dzi, be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” (Lododowo 2:6; 3:5) Woɖe mɔ Mawu ɖua wo dzi esi wowɔna ɖe “Kristo ƒe se la” dzi hewɔa Biblia ƒe gɔmeɖose siwo tso gbɔgbɔ me dzi le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. (Galatiatɔwo 6:2; Korintotɔwo I, 9:21; Timoteo II, 3:16; kpɔ Mateo 5:22, 28, 39; 6:24, 33; 7:12, 21.) Ele be woanye Biblia nusrɔ̃viwo hafi ate ŋu awɔ nusia. (Psalmo 1:1-3) Womedzea amegbetɔ aɖeke yome o ke boŋ wole abe blema Beroiatɔ siwo “ɖɔ ʋu” la ene eye wodia kpeɖodziwo tso Biblia me enuenu le nusiwo srɔ̃m wole ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:10, 11; Psalmo 119:33-36) Wodoa gbe ɖa abe hakpala la ene be: “Fia gɔmesese nyui kple nunyam; elabena mexɔ wò nya dzi se.”—Psalmo 119:66.
7. Aleke tanyenye ƒe ɖoɖoa le le teokrasidziɖuɖu me?
7 Le habɔbɔ ɖesiaɖe me la, ele be ame aɖewo nanɔ anyi siwo anye ta alo afia mɔ. Yehowa Ðasefowo hã wɔnɛ nenema, eye wowɔna ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si apostolo Paulo gblɔ dzi be: “Ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo, ke nyɔnu ƒe ta enye ŋutsu, ke Kristo ƒe ta enye Mawu.” (Korintotɔwo I, 11:3) Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, ŋutsu siwo dze koe nyea hamemegãwo. Eye togbɔ be Yesu—“ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta”—le dziƒo hã la, nɔvia amesiamina “siwo susɔ,” amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoava ɖu fia kplii le dziƒo la gakpɔtɔ le anyigba dzi. (Nyaɖeɖefia 12:17; 20:6) Amesiawo ƒe ƒuƒoƒoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. Le alesi Kristotɔwo xɔ “dɔla” la ƒe dzikpɔkpɔ ta la, woɖee fia be yewobɔbɔ ɖe Yesu te, eye efia be wobɔbɔ ɖe Yehowa, Yesu ƒe ta, te. (Mateo 24:45-47; 25:40) Esia na teokrasidziɖuɖu la le ɖoɖo nu. “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.”—Korintotɔwo I, 14:33.
8. Aleke Kristotɔ hamemegãwo wɔa nu ɖe teokrasigɔmeɖosea nui?
8 Kristotɔ hamemegãwo wɔa nu ɖe teokrasigɔmeɖosea nu elabena wonya be yewoabu akɔnta na Yehowa le alesi yewozã ŋusẽ sue si wona yewo la ŋu. (Hebritɔwo 13:17) Eye ne wole nyametsotsowo wɔm la, Mawu ƒe nunya ŋue woɖoa ŋu ɖo, ke menye woawo ŋutɔ tɔ o. Wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le go sia me. Edze nunya wu amegbetɔ ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ. (Mateo 12:42) Ke hã egblɔ na Yudatɔwo be: “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o.” (Yohanes 5:19) Nɔnɔme si nɔ Fia Dawid sie le hamemegãwo hã si. Tanyenye ƒe dɔ gã aɖe nɔ esi le teokrasidziɖuɖu aɖe me. Ke hã Yehowa ƒe mɔ dzie wòdi be yeato, menye eya ŋutɔ tɔ o. Edo gbe ɖa be: “Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to toƒe sɔsɔe.”—Psalmo 27:11.
9. Nukpɔsusu si da sɔ kae le Kristotɔ ɖeadzɔgbewo si le mɔkpɔkpɔ kple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ vovovo siwo le teokrasiɖoɖoa me ŋu?
9 Ame aɖewo bia be ɖe menye ameŋkumekpɔkpɔ be ŋutsu siwo dze ko naxɔ tanyenyenɔƒewo le hamea me alo be dziƒomɔkpɔkpɔ nanɔ ame aɖewo si eye anyigbadzimɔkpɔkpɔ nanɔ ame bubuwo ya si o hã. (Psalmo 37:29; Filipitɔwo 3:20) Gake Kristotɔ ɖeadzɔgbewo se egɔme be Mawu ƒe Nya la mee wogblɔ ɖoɖo siawo ɖo. Wosɔ ɖe teokrasiɖoɖo nu. Zi geɖe ne ame aɖewo le ɖi kem le nya siawo ŋu hã la, amesiwo medea bubu Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o ye kea ɖii. Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔwo nya be Yehowa bua ŋutsuwo kple nyɔnuwo sɔsɔe le ɖeɖekpɔkpɔ gome. (Galatiatɔwo 3:28) Xexeame katã ƒe Dziɖulagã la subɔsubɔ nye mɔnukpɔkpɔ kɔkɔtɔ kekeake na Kristotɔ vavãtɔwo, eye enye dzidzɔ na wo be woaxɔ wɔƒe ɖesiaɖe si Yehowa ana wo. (Psalmo 31:24; 84:11; Korintotɔwo I, 12:12, 13, 18) Gakpe ɖe eŋu la, agbe mavɔ nɔnɔ nye mɔkpɔkpɔ wɔnuku ŋutɔŋutɔ aɖe, eɖanye dziƒo alo anyigba dzie woakpɔe le o.
10. (a) Nɔnɔme nyui kae Yonatan ɖe fia? (b) Aleke Kristotɔ siwo li egbea ɖea nɔnɔme si ɖi Yonatan tɔ fianae?
10 Eyata Yehowa Ðasefowo ɖi Yonatan, Fia Saul ƒe vi mawuvɔ̃la la. Anye ne Yonatan anye fia nyui aɖe hafi. Gake le Saul ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta la, Yehowa tia Dawid be wòanye Israel fia evelia. Ðe Yonatan bi dzi le nusia ta? Ao. Eva zu Dawid xɔlɔ̃ vevi aɖe eye wòkpɔ eta tso Saul si me gɔ̃ hã. (Samuel I, 18:1; 20:1-42) Nenema amesiwo si anyigbadzimɔkpɔkpɔ le la meʋãa ŋu amesiwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le o. Eye Kristotɔ vavãtɔwo meʋãa ŋu amesiwo le teokrasi tanyenyenɔƒewo le hamea me o. Ke boŋ ‘wobua wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me,’ eye wodea bubu alesi gbegbe wokua kutri ɖe woƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ta ŋu.—Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13.
Alesi Teokrasitɔwo Bua Xexemedziɖuɖuwoe
11. Aleke Kristotɔ siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe teokrasidziɖuɖu te la bua xexemedziɖulawoe?
11 Ne teokrasi si nye Mawu ƒe dziɖuɖu tee Yehowa Ðasefowo le la, ke aleke wobua woƒe dukɔ dziɖulawoe? Yesu gblɔ be ye yomedzelawo ‘menye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’ (Yohanes 17:16) Gake Kristotɔwo nya be yewo le ‘Kaisaro’ si nye xexeme dziɖuɖuwo te. Yesu gblɔ be ele be ‘woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la ana Kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ ana Mawu.’ (Mateo 22:21) Biblia gblɔ be ‘Mawue ɖo amegbetɔdziɖuɖuwo nɔƒe si wole.’ Yehowa, tanyenyewo katã Tsoƒe, ye ɖe mɔ dziɖuɖuwo li, eye ekpɔa mɔ be woawɔ nyui na amesiwo le woƒe dzikpɔkpɔ te. Ne wowɔe nenema la, ke wonye “Mawu ƒe subɔla.” Ele be Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokui na dukɔ si me wole ƒe dziɖuɖu le “[woƒe] dzitsinya ŋuti.” (Romatɔwo 13:1-7) Gake ne dziɖuɖua bia nusi tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu la, Kristotɔwo ‘aɖo to Mawu awu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 5:29.
12. Ne dziɖuɖumegãwo ti Kristotɔwo yome la, ameka ƒe kpɔɖeŋue wosrɔ̃na?
12 Ke ne dziɖuɖumegãwo le Kristotɔ vavãwo yome tim ya ɖe? Ekema wosrɔ̃a Kristotɔ gbãtɔ siwo to yometiti sesẽwo me. (Dɔwɔwɔwo 8:1; 13:50) Menye ɖe womenɔ mɔ kpɔm na xɔse ƒe dodokpɔ siawo o, elabena Yesu gblɔ na wo be woava. (Mateo 5:10-12; Marko 4:17) Ke hã Kristotɔ gbãtɔ mawo mewɔ wɔɖenui ɖe wo yometilawo ŋu o; eye woƒe xɔse megbɔdzɔ le nyaƒoɖeamenu ta hã o. Ke boŋ wosrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu: “Esime wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wòkpe fu la, medo ŋɔdzi na ame o; ke etsɔe de asi na amesi drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la boŋ.” (Petro I, 2:21-23) Ẽ, Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo kpe Satana ƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi.—Romatɔwo 12:21.
13. Aleke Yehowa Ðasefowo wɔ nu ɖe yometiti kple ameŋugblẽnya siwo wogblɔ ɖe wo ŋu la ŋutii?
13 Nenemae wòle egbea hã. Le ƒe alafa sia me la, Yehowa Ðasefowo kpe fu le ŋutasẽdziɖulawo si me ale gbegbe—abe alesi tututu Yesu gblɔe ɖii ene. (Mateo 24:9, 13) Le dukɔ aɖewo me la, amesiwo di be yewoayɔ ʋu ɖe dziɖuɖumegãwo nu be woatso ɖe Kristotɔ anukwareɖila siawo ŋu la kakaa alakpanyawo kple ameŋugblẽnyawo le wo ŋu. Ke togbɔ be wogblɔa ‘ɖaseɖinya vɔ̃’ mawo le Ðasefoawo ŋu hã la, wotoa woƒe agbe nyui nɔnɔ me ɖenɛ fia be yewonye Mawu ƒe dɔtsɔlawo. (Korintotɔwo II, 6:4, 8) Le esime wòanya wɔ la, wotsɔa woƒe nyawo ɖoa dumegãwo kple dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo ŋkume ɖenɛ fiana be yewomeɖi nuvɔ̃ aɖeke ƒe fɔ o. Wozãa mɔnu ɖesiaɖe si ʋu ɖi na wo tsɔ ʋlia nyanyuia ta le dutoƒo. (Filipitɔwo 1:7) Ke ne wowɔ nusianu si se ɖe mɔ vɔ la, wogblẽa nya la ɖe Yehowa si me. (Psalmo 5:9-13; Lododowo 20:22) Ne wòva hiã gɔ̃ hã la, metsoa dzika ƒo na wo be woakpe fu ɖe dzɔdzɔenyenye ta o, abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Petro I, 3:14-17; 4:12-14, 16.
Na Mawu Ŋutikɔkɔ Nanye Nu Gbãtɔ
14, 15. (a) Nukae nye nu vevitɔ kekeake na amesiwo de teokrasigɔmeɖosea dzi? (b) Esime Salomo nɔ dzikpɔkpɔnɔƒe la, wɔna ka mee wòɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui le?
14 Esime Yesu fia gbedodoɖa eyomedzelawo la, nya gbãtɔ si wògblɔe nye be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti. (Mateo 6:9) Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ye amesiwo le teokrasiɖoɖo te dina gbã, ke menye woawo ŋutɔ tɔ o. (Psalmo 29:1, 2) Biblia ka nya ta be le ƒe alafa gbãtɔ me la, nusia va zu nuɖianu na amesiwo gbe Yesu yomedzedze elabena “wolɔ̃a amewo ƒe bubu,” wodina be amewo nade bubu yewo ŋu. (Yohanes 12:42, 43) Le nyateƒe me ebia ɖokuibɔbɔ hafi woate ŋu atsɔ bubu ana Yehowa do ŋgɔ na ame ŋutɔ ƒe bubu.
15 Salomo ɖe nɔnɔme nyui aɖe fia le go sia me. Tsɔ nya siwo wògblɔ le gbedoxɔ dzeani si wòtu ŋutikɔƒe sɔ kple esiwo Nebukadnezar gblɔ le xɔtudɔ siwo wòwɔ ŋu kpɔ. Nebukadnezar tsɔ ɖokuidodoɖedzi glodzo ƒo adegbe be: “Ðe menye esia nye Babel gã, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?” (Daniel 4:27) Gake Salomo gblɔ nya siwo medo eƒe agbagbadzedzewo ɖe dzi o be: “Nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o!” (Kronika II, 6:14, 15, 18; Psalmo 127:1) Salomo medo eɖokui ɖe dzi o. Enya be Yehowa teƒenɔla koe yenye eye wòŋlɔ be: “Afisi dada le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.”—Lododowo 11:2.
16. Aleke hamemegãwo media bubu na wo ɖokui o tsɔ ɖenɛ fiana be yewonye yayra nyateƒe?
16 Nenema ke Kristotɔ hamemegãwo doa Yehowa ɖe dzi ke menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo o. Wowɔna ɖe Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi be: “Ne ame aɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi.” (Petro I, 4:11) Apostolo Paulo ƒo nu tso “dzikpɔladɔ” ŋu be enye “dɔwɔwɔ nyui,” ke megblɔ be enye gãnyenye ƒe nɔƒe vevi aɖe o. (Timoteo I, 3:1) Ðe woɖo hamemegãwo be woasubɔ, menye be woaɖu ame dzi o. Nufialawo kple Mawu ƒe alẽwo kplɔlawoe wonye. (Dɔwɔwɔwo 20:28; Yakobo 3:1) Hamemegã ɖokuibɔbɔla siwo tsɔa wo ɖokui saa vɔ la nye yayra ŋutɔŋutɔ na hamea. (Petro I, 5:2, 3) “Mibu amesiawo tɔgbe,” eye mida akpe na Yehowa be ena hamemegã siwo dze geɖe alea gbegbe be woawɔ nu ɖe teokrasiɖoɖo nu le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la mí.—Filipitɔwo 2:29; Timoteo II, 3:1.
“Mizu Mawusrɔ̃lawo”
17. Mɔ kawo nue amesiwo le teokrasiɖoɖo te la srɔ̃a Mawu le?
17 Apostolo Paulo de dzi ƒo be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” (Efesotɔwo 5:1) Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasiɖoɖo te la dzea agbagba alesi amegbetɔ madeblibowo ate ŋui be yewoasrɔ̃ Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ le Yehowa ŋu be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:3, 4) Be Kristotɔ nasrɔ̃ Mawu le go sia me la, wodia nuteƒewɔwɔ, dzɔdzɔenyenye, eye wodina be yewoada asɔ le nudzɔdzɔewɔwɔ me. (Mixa 6:8; Tesalonikatɔwo I, 3:6; Yohanes I, 3:7) Wotsria nu geɖe siwo dzi amewo da asi ɖo le xexeame abe agbegbegblẽnɔnɔ, ŋubiabiã, kple ŋukeklẽ ene. (Efesotɔwo 5:5) Esi Yehowa subɔlawo wɔna ɖe mawumedzidzenuwo dzi ke menye amegbetɔwo tɔwo dzi o ta la, eƒe habɔbɔ nye teokrasihabɔbɔ dzadzɛ si ɖɔ ʋu.
18. Mawu ƒe nɔnɔme kae ɖe dzesi wu, eye aleke Kristotɔwo ɖea nɔnɔme sia fianae?
18 Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme si ɖe dzesi wue nye lɔlɔ̃. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” Esi teokrasi gɔmee nye Mawu ƒe dziɖuɖu ta la, efia be enye lɔlɔ̃ ƒe dziɖuɖu. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Teokrasihabɔbɔa ɖe lɔlɔ̃ ɖedzesi fia le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me. Le ameƒomevitsɔtsrɔ̃ʋa siwo wowɔ le Afrika me la, Yehowa Ðasefowo ɖe lɔlɔ̃ fia amesiame, eɖanye gbe ka dola ame aɖe nye o. Esi wowɔ aʋa le tsã Yugoslavia la, Yehowa Ðasefo siwo tso teƒe ɖesiaɖe kpe ɖe wo nɔewo ŋu, evɔ subɔsubɔha bubu me tɔwo nɔ gome kpɔm le nusi woyɔ be gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ me. Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi le wo ame ɖekaɖekawo dome: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome. Ke mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.”—Efesotɔwo 4:31, 32.
19. Yayra kawoe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasiɖoɖo te la kpɔna fifia eye woagakpɔ le etsɔme?
19 Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasiɖoɖo te kpɔa yayra gbogbo aɖewo. Ŋutifafa nɔa wo kple Mawu kpakple wo hati Kristotɔwo dome. (Hebritɔwo 12:14; Yakobo 3:17) Tameɖoɖo le wo si le agbe me. (Nyagblɔla 12:13) Wole dedie le gbɔgbɔ me eye etsɔmemɔkpɔkpɔ like le wo si. (Psalmo 59:10) Le nyateƒe me la, wole alesi nuwo anɔ ne ameƒomea katã va le teokrasidziɖuɖu te la ɖɔm kpɔ. Biblia gblɔ be ɣemaɣi la, “womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Ŋutikɔkɔeɣeyiɣi ka gbegbee nye esi wòanye! Mina mí katã míanɔ teokrasidziɖuɖua ŋu kplikplikpli fifia bene kakaɖedzi nanɔ mía si be míanɔ Paradiso ma me le etsɔme.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nukae nye teokrasi vavãtɔ eye afikae woakpɔe le egbea?
◻ Aleke amegbetɔwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe teokrasidziɖuɖu te le woƒe agbe mee?
◻ Mɔ kawo nue amesiwo katã le teokrasi te dia Mawu ƒe ŋutikɔkɔe do ŋgɔ na wo tɔ le?
◻ Mawumenɔnɔme kawoe amesiwo de teokrasiɖoɖo dzi srɔ̃na?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Salomo tsɔ Mawu ŋutikɔkɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ ke menye etɔ o