INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðɔɖɔɖoŋusẽ—Yehowa Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
    • 3. Mɔkpɔkpɔ fakɔname kae wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 3:21, eye nu ka dzie Yehowa ato ana wòava eme?

      3 Aleke wòfaa akɔ na amee nye esi be míanya nu tso nuwo ɖɔɖɔɖoŋusẽ si le Yehowa si ŋu! Abe ale si míava kpɔe ene la, nu wɔnuku geɖe li siwo Mawu ate ŋu aɖɔ ɖo na via siwo le anyigba dzi eye aɖɔ wo ɖo hã. Le nyateƒe me la, Biblia ɖee fia be Yehowa ɖoe be ‘yeaɖɔ nuwo katã ɖo.’ (Dɔwɔwɔwo 3:21) Yehowa ato Mesia Fiaɖuƒe si ƒe fiae nye Via, Yesu Kristo, dzi awɔ esia. Kpeɖodziwo fia be Fiaɖuƒe sia dze dziɖuɖu gɔme le dziƒo le ƒe 1914 me.a (Mateo 24:3-14) Nu kawoe wòaɖɔ ɖo? Mina míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖodɔ gã aɖewo ŋu kpɔ. Míele wo dometɔ ɖeka kpɔm eye míele eme tom xoxo. Bubuawo adzɔ le mɔ si lolo wu nu le etsɔme.

  • Ðɔɖɔɖoŋusẽ—Yehowa Le “Nuwo Katã Wɔm Yeyee”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
    • a “Ɣeyiɣi si me woaɖɔ nuwo katã ɖo” la dze egɔme esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi eye wotsɔ nuteƒewɔla Fia David ƒe domenyila ɖo fiazikpuia dzi. Yehowa do ŋugbe na David be eƒe domenyila aɖe aɖu fia tegbetegbe. (Psalmo 89:35-37) Gake esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me vɔ la, amegbetɔ si nye David ƒe dzidzimevi meganɔ Mawu ƒe fiazikpuia dzi o. Yesu, ame si wodzi le anyigba dzi wònye David ƒe domenyila, ye va zu Fia si ŋugbe wodo tso gbe aɖe gbe ke esime woɖoe zi dzi le dziƒo.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe