Amekawoe ‘Akpɔ Ðeɖe’?
“Amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.”—DƆWƆWƆWO 2:21.
1. Nukatae ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea nye ŋkeke ɖedzesi le xexeame ƒe ŋutinya me?
ƑE 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea nye ŋkeke ɖedzesi aɖe le xexeame ƒe ŋutinya me. Nukatae? Elabena ŋkeke ma dzie wodzi dukɔ yeye aɖe. Menye dukɔ gã aɖekee wònye gbã o—Yesu ƒe nusrɔ̃la 120 ko wonye ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. Gake togbɔ be womegaɖoa ŋku dukɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ƒe akpa gãtɔ dzi egbea o hã la, dukɔ si wodzi le dziƒoxɔ ma dzi gakpɔtɔ li egbea. Nyateƒenya sia nye nya vevitɔ kekeake na mí katã elabena dukɔ siae Mawu tia be wòanye yeƒe ɖasefo na ameƒomea.
2. Nukunu kawoe dzɔ le dukɔ yeyea dziɣi?
2 Tso esime woɖo dukɔ yeye ma anyi la, nya vevi aɖewo dzɔ siwo nye Yoel ƒe nyagblɔɖinyawo me vava. Míexlẽ nu tso nyadzɔdzɔ siawo ŋu le Dɔwɔwɔwo 2:2-4 be: “Kasia gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo do ɖe wo gbɔ le abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me, abe alesi Gbɔgbɔ la na wo, be woaƒo nui ene.” Alea wòdzɔe be ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla 120 siawo va zu gbɔgbɔmedukɔ, amesiawo va zu nusi apostolo Paulo yɔ emegbe be “Mawu ƒe Israel” la me tɔ gbãtɔwo.—Galatiatɔwo 6:16.
3. Yoel ƒe nyagblɔɖi kae va eme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?
3 Amewo ƒo zi va be yewoanya nusi gbɔ “yaƒoƒo sesẽ” la tso, eye apostolo Petro ɖe eme na wo be Yoel ƒe nyagblɔɖi aɖee le eme vam. Nyagblɔɖi kae? Wò ya se nya si wògblɔ ɖa: “‘Ava me le ŋkeke mlɔeawo me, Mawue gblɔe, bena matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilã katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo, eye miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo. Eye le ŋkeke mawo me la matrɔ nye Gbɔgbɔ la akɔ ɖe nye dɔlaŋutsuwo kple nye dɔlanyɔnuwo hã dzi, eye woagblɔ nya ɖi. Eye mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu, eye dzesiwo nado ɖe anyigba dzi, ʋu kple dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ɣe latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo. Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.’” (Dɔwɔwɔwo 2:17-21) Nya siwo Petro yɔ la le Yoel 3:1-5, eye wo me vava fia be Yuda-dukɔa ƒe ɣeyiɣi nɔ vɔvɔm. “Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke,” si dzi woabia akɔnta Israel-vi nuteƒemawɔlawo la tu aƒe. Gake amekae woaxɔ na, alo woaɖe? Eye nuka ƒe vɔvɔlie nusia nye?
Nyagblɔɖia Me Vava Eve
4, 5. Aɖaŋu kae Petro ɖo le nusiwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu, eye nukatae aɖaŋuɖoɖoa agawɔ dɔ le eŋɔli megbe?
4 Le ƒe siwo kplɔ ƒe 33 M.Ŋ. ɖo me la, eme nyo na Mawu ƒe gbɔgbɔ me Israel, gake eme menyo na ŋutilã me Israel ya o. Ŋutilã me Israel kpe aʋa kple Roma le ƒe 66 M.Ŋ. me. Le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Israel-dukɔa katã tsrɔ̃ kloe, eye Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ bi dzo keŋ. Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Petro ɖo aɖaŋu nyui tso dzɔgbevɔ̃e ma si gbɔna ŋu. Egayɔ Yoel ƒe nyawo gblɔ be: “Amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.” Ekpo ɖe Yudatɔ ɖesiaɖe gbɔ be wòayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ. Nusiwo woawɔ dometɔ aɖee nye be woawɔ ɖe Petro ƒe mɔfiame bubuwo dzi, be: “Mitrɔ dzime, eye mia dome amesiame naxɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke.” (Dɔwɔwɔwo 2:38, NW) Ele be Petro ƒe nyaselawo naxɔ Yesu be eyae nye Mesia la, amesi Israel-dukɔ bliboa gbe.
5 Yoel ƒe nyagblɔɖinya mawo wɔ dɔ gã aɖe ɖe ame fafawo dzi le ƒe alafa gbãtɔa me. Gake wole dɔ wɔm ɖe ame dzi egbea geɖe wu tsã elabena, ƒe alafa 20 lia sia me nudzɔdzɔwo fia be Yoel ƒe nyagblɔɖia gava eme zi evelia. Mina míakpɔe ɖa.
6. Esi ƒe 1914 nɔ aƒe tum la, aleke wova nɔ si dzem Mawu ƒe Israel lae?
6 Le apostoloawo ƒe ku megbe la, alakpa Kristotɔnyenye ƒe gbe wuwluiwo vu tsyɔ Mawu ƒe Israel dzi. Gake le nuwuɣi si dze egɔme tso ƒe 1914 me la, wogava de dzesi amesiwo gbɔgbɔmedukɔ sia nye nyuie ake. Nusiawo katã nye lo si Yesu do le lu kple gbe wuwluiawo ŋu ƒe emevava. (Mateo 13:24-30, 36-43) Esi ƒe 1914 nɔ gogom la, Kristotɔ amesiaminawo va nɔ dodom tso Kristodukɔ mawɔnuteƒea me, wogbe eƒe alakpanufiafiawo dzideƒotɔe eye woɖe gbeƒã be “trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi” la ƒe nuwuwu gogo. (Luka 21:24) Gake nya aɖewo do mo ɖa le xexemeʋa gbãtɔ si fe ati le ƒe 1914 me la me siwo womenɔ dzadzraɖoɖi na kura o. Esi woƒo nya ɖe wo nu vevie la, kuvia ɖo wo dometɔ geɖe, eye wo dometɔ aɖewo na ta. Kaka ƒe 1918 naɖo la, wodzudzɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ kloe.
7. (a) Nukae dzɔ le ƒe 1919 me si ɖi ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea tɔ? (b) Ŋusẽ kae Mawu ƒe gbɔgbɔa kɔkɔɖi kpɔ ɖe Yehowa subɔlawo dzi tso ƒe 1919 me?
7 Gake nɔnɔme sia menɔ anyi eteƒe didi o. Tso ƒe 1919 me la, Yehowa dze eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe eƒe amewo dzi gɔme le mɔ aɖe nu si na míeɖo ŋku ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi. Ele eme be womegblɔ gbe vovovowo o eye ya sesẽ aɖeke meƒo le ƒe 1919 me ya o. Paulo ƒe nya siwo le Korintotɔwo I, 13:8 na míese egɔme be nukunuwo wɔɣi va yi xoxoxo. Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ dze ƒã le ƒe 1919 me, esime wogade dzo Kristotɔ nuteƒewɔlawo me le takpekpe aɖe me le Cedar Point, Ohio, U.S.A., eye wogadze dɔ si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe nyanyuia gɔme. Wogakpe ta le Cedar Point le ƒe 1922 me eye wogado ŋusẽ wo kple nya sia be “Miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe.” Wozi xexeame dzi wodze si Mawu ƒe gbɔgbɔa kɔkɔɖi ƒe emetsonuwo abe alesi wòdzɔ le ƒe alafa gbãtɔ mee ene. Kristotɔ adzɔgbeɖela ɖesiaɖe—ŋutsu kple nyɔnu, ame tsitsi kple ɖevi—dze ‘nyagbɔgblɔɖi’ gɔme, si nye gbeƒãɖeɖe “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo.” (Dɔwɔwɔwo 2:11) Woxlɔ̃ nu ame fafawo abe alesi Petro wɔ ene be: “Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me!” (Dɔwɔwɔwo 2:40) Aleke toɖolawo awɔ nu mae? Ne wowɔ ɖe Yoel ƒe nya siwo le Yoel 3:5 dzi: “Woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la.”
8. Aleke nuwo va yi na Mawu ƒe Israel tso ƒe 1919 me?
8 Tso ƒe gbãtɔ mawo me la, nuwo le afɔ tsɔm na Mawu ƒe Israel la. Wokpɔe be amesiaminawo nu tetre ɖo eƒe yɔyrɔe nu, eye tso ƒe 1930 ƒeawo me la, ameha gã siwo nye ame fafa siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã va do. (Nyaɖeɖefia 7:3, 9) Wo katã wokpɔe be ehiã nuwɔwɔ kpata, elabena Yoel 3:1, 2 ƒe emevava evelia fia be míete tu Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ si nu sẽ wu gɔ̃ hã, esime woatsrɔ̃ xexeame katã ƒe subɔsubɔhawo, dunyahehawo, kple asitsahawo ƒe nuɖoanyiawo. Ehiã kokoko be ‘miayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ’ le xɔse blibo me be wòaɖe mí!
Aleke Míayɔ Yehowa ƒe Ŋkɔae?
9. Nusiwo Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ bia dometɔ aɖewo ɖe?
9 Nukae wòbia be míayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ? Nya siwo ƒo xlã Yoel 3:1, 2 akpe ɖe mía ŋu be míaɖo biabia ma ŋu. Le kpɔɖeŋu me, menye amesiame si yɔa Yehowa ƒe ŋkɔe wòɖoa toe o. Yehowa gblɔ na Israel-dukɔa to nyagblɔɖila bubu si nye Yesaya dzi be: “Ne mieke miaƒe abɔwo la, matsyɔ nu ŋku me ɖe mi, eye ne mieli kɔ gbedodoɖa gleglegle hã la, nyemasee o.” Nukata Yehowa gbe be yemase ye ŋutɔ yeƒe dukɔ ƒe nya o? Eya ŋutɔ ɖe eme be: “Elabena ʋu yɔ asi me na mi!” (Yesaya 1:15) Yehowa maɖo to ame aɖeke si ɖi ʋufɔ alo tsɔ nuvɔ̃wɔwɔ ɖo dɔe o. Susu ma tae Petro gblɔ na Yudatɔwo le Pentekoste-ŋkekea dzi be woatrɔ dzime. Míkpɔe be Yoel hã te gbe ɖe dzimetɔtrɔ dzi le nya siwo le Yoel 3:1, 2 me. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ le Yoel 2:12, 13 be: “Yehowa be: Azɔ hã la, mitsɔ miaƒe dzi blibo kple nutsitsidɔ, avifafa kple konyifafa trɔ ɖe ŋunye! Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o, eye migatrɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu! Elabena amenuvela kple nublanuikpɔla wònye, egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi.” Kristotɔ amesiaminawo wɔ nu wòsɔ ɖe nya siawo nu tso ƒe 1919 me. Wotrɔ dzime tso nusiwo wodo kpo wɔwɔ tsã la me eye woɖoe kplikpaa be yewomagana ta gbeɖe alo awɔ kuvia azɔ o. Esia na Mawu kɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe wo dzi. Amesiame si di be yeayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ bene wòaɖo to ye la, nawɔ nu nenema ke.
10. (a) Nukae nye dzimetɔtrɔ vavãtɔ? (b) Aleke Yehowa wɔa nu ɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ ŋui?
10 Ðo ŋku edzi be dzimetɔtrɔ vavã bia nu geɖe wu gbɔgblɔ dzro ko be, “Tɔnye medzɔ o.” Tsã la, ɖe Israel-viwo dzea woƒe awuwo tsɔ fiaa alesi gbegbe wose vevee. Gake Yehowa gblɔ be: “Midze miaƒe dziwo, menye miaƒe awuwo o.” Dzimee dzimetɔtrɔ vavãtɔ tsona, tso míaƒe dzi ƒe gogloeƒe ke. Ebia hã be míatsri nuvɔ̃wɔwɔ gbidii, abe alesi míexlẽe le Yesaya 55:7 ene be: “Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu.” Ebia be míalé fu vɔ̃, abe alesi Yesu wɔe ene. (Hebritɔwo 1:9) Ekema míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be axa ɖe tafevɔsa la ta atsɔ nuvɔ̃ ake mí elabena Yehowa nye “amenuvela kple nublanuikpɔla . . . egbɔa dzi ɖi blewu, amenuveve bɔ ɖe esi.” Míaƒe tadedeagu, si nye míaƒe gbɔgbɔ me nuɖuvɔsa kple nunovɔsa adze eŋu. Aɖo to ne míeyɔ eƒe ŋkɔ.—Yoel 2:14.
11. Akpa kae wòle be tadedeagu vavãtɔ nanɔ le míaƒe agbe me?
11 Yesu gblɔ nya bubu na mí le Todzimawunya la me si wòle be míalé ɖe susu me, ebe: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.” (Mateo 6:33) Mele be míabu míaƒe tadedeagu nu tsɛ si míawɔ le gotagome ko kple susu be dzitsinya nagaɖe fu na mí o. Ele be Mawu subɔsubɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Eyatae Yehowa gagblɔ to Yoel dzi be: “Miku kpẽ le Zion . . . Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ nedo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.” (Yoel 2:15, 16) Esɔ be srɔ̃tɔ yeyewo ɖea susu ɖa le nu bubuwo ŋu ale be woƒe ŋku va nɔa wo nɔewo ɖeɖeko ŋuti. Le woawo kura gome la, ele be Yehowa subɔsubɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ. Mele be naneke nava xɔ ɖe míaƒe ƒuƒoƒo be míayɔ mía Mawu ƒe ŋkɔ teƒe o.
12. Aleke wòdze le ƒe si va yi me ƒe Ŋkuɖodzia ŋuti kɔntabubu me be dzidziɖedzi ate ŋu ava?
12 Esi nya sia le susu me na mí la, enyo be míade ŋugble le akɔnta si le Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1997 Subɔsubɔƒe ƒe Akɔntabubu me ŋu. Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si míekpɔ le ƒe si va yi mee nye 5,599,931—wonye Mawu kafulawo ƒe ameha gã aɖe vavã! Ŋkuɖodzia valawo nye ame 14,322,226—wosɔ gbɔ miliɔn enyi kple afã wu gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme. Xexlẽmea fia be dzidziɖedzi wɔnuku aɖe ate ŋu ava. Ame miliɔn enyi kple afã siawo dometɔ geɖe nye ɖetsɔlemetɔwo alo dzila xɔnyɔnyrɔwo ƒe vi siwo le Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo xoxo. Zi gbãtɔe nye ma si wo dometɔ geɖe de kpekpe kpɔ. Woƒe vava nye mɔnukpɔkpɔ na Yehowa Ðasefowo be wote ŋu nya wo eye wogblɔ be yewoakpe ɖe wo ŋu woagawɔ ŋgɔyiyi geɖe. Wo dometɔ aɖewo hã vaa Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe eye ɖewohĩ wodea kpekpe bubuwo ɣeaɖewoɣi, gake womewɔa ŋgɔyiyi aɖeke wu ema o. Míegale dzaa dom na amesiawo kokoko be woava kpekpewo. Gake míele dzi dem ƒo na wo be woade ŋugble le Yoel ƒe nyagblɔɖinyawo ŋu nyuie eye woabu tame le afɔ bubu siwo wòle be woagaɖe ŋu bene kakaɖedzi nasu wo si be ne woyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la, asee.
13. Ne míele Yehowa ƒe ŋkɔa yɔm xoxo la, ame bubuwo ƒe agba kae le mía dzi?
13 Apostolo Paulo te gbe ɖe Mawu ƒe ŋkɔyɔyɔ ƒe akpa bubu dzi. Le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me la, eyɔ nya tso Yoel ƒe nyagblɔɖinyawo me be: “Amesiame, si ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee.” Eye ebia be: “Aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?” (Romatɔwo 10:13, 14) Ẽ, ehiã be ame bubu geɖe siwo menya Yehowa vaseɖe fifia o la nayɔ eƒe ŋkɔ. Agba le amesiwo nya Yehowa xoxo dzi, menye be woaɖe gbeƒã ko o, ke be woadze agbagba akpe ɖe wo ŋu hã.
Gbɔgbɔmeparadiso
14, 15. Le esi Yehowa ƒe amewo yɔa eƒe ŋkɔ le mɔ si dzea eŋu nu ta la, paradiso ƒe yayra kawoe wokpɔna?
14 Nenemae amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa bua nya la ŋui, eye ewɔe be Yehowa le wo yram. ‘Yehowa aʋã ŋu ɖe eƒe anyigba la nu, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dukɔ la.’ (Yoel 2:18) Le ƒe 1919 me la, Yehowa ʋã ŋu ɖe eƒe amewo ŋu hekpɔ nublanui na wo ale be wògbugbɔ ɖo wo te eye wòkplɔ wo va eƒe gbɔgbɔmedɔ si woawɔ la me. Gbɔgbɔmeparadiso ŋutɔŋutɔe wònye, eye Yoel ɖɔe nyuie be: “Anyigba, megavɔ̃ o, tso aseye, eye nakpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wɔ ge. Mi gbemelãwo, migavɔ̃ o, elabena lãnyiƒe ƒe gbewo ade ama; elabena atiwo atse, eye kutsetsewo ado agba ɖe gboti kple weinka dzi. Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atsɔ tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsã ene. Lu ayɔ lugbɔƒe fũ, eye aha yeye kple ami ado agbogbo ɖe ahafiãƒe.”—Yoel 2:21-24.
15 Nuɖɔɖɔ dzroame ka gbegbee nye si! Woana agbemenu vevi etɔ̃ siwo bɔ ɖe Israel—lu, ami, kple wein—nado agbogbo hekpe ɖe lãha gbogbo aɖewo ŋu. Nyagblɔɖinya mawo va eme nyateƒe le gbɔgbɔ me le míaƒe ŋkekea me. Yehowa naa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo katã míehiã la mí. Ðe nu gbogbo siwo Mawu nana la medzɔa dzi na mí katã oa? Le nyateƒe me abe alesi Maleaxi gblɔe ɖi ene la, Mawu ‘ʋu dziƒo nu, eye wòdudu yayra ƒo ɖe mía dzi wògbɔ eme.’—Maleaxi 3:10.
Nuɖoanyi aɖe ƒe Nuwuwu
16. (a) Nukae Yehowa ƒe gbɔgbɔa kɔkɔɖi fia na míaƒe ɣeyiɣia? (b) Nukae adzɔ le etsɔme?
16 Yoel gblɔ paradiso ƒe nɔnɔme si me Mawu ƒe amewo anɔ la ŋu nya ɖi hafi gblɔ ɖi be Yehowa akɔ eƒe gbɔgbɔa ɖi. Esime Petro yɔ nya tso nyagblɔɖi sia me le Pentekoste-ŋkekea dzi la, egblɔ be ‘ŋkeke mlɔeawo mee’ wònɔ eme vam le. (Dɔwɔwɔwo 2:17) Mawu ƒe gbɔgbɔ si wokɔ ɖi ɣemaɣi fia be Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe ŋkeke mlɔeawo dze egɔme. Mawu ƒe gbɔgbɔ si wokɔ ɖe Mawu ƒe Israel dzi le ƒe alafa 20 lia sia me fia be míele xexeame katã ƒe nuɖoanyiawo ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Le susu sia ta la, nukae adzɔ le etsɔme? Yoel ƒe nyagblɔɖia yi edzi gblɔ na mí be: “Mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.”—Yoel 3:3, 4.
17, 18. (a) Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ kae va Yerusalem dzi? (b) Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ si gbɔna godoo la ʋãa mí be míawɔ nuka?
17 Nyagblɔɖi siawo dze emevava gɔme le Yudea le ƒe 66 M.Ŋ. me esime nuwo de asi dzɔdzɔ me ŋusẽtɔe ɖo ta Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la ƒe taƒoƒo me le ƒe 70 M.Ŋ. me. Aleke gbegbe wònye ŋɔdzinue nye si be woanɔ amesiwo meyɔa Yehowa ƒe ŋkɔ o dome ɣemaɣi! Egbea hã nu dziŋɔ mawo tɔgbe le ŋgɔ gbɔna, esime Yehowa atsrɔ̃ xexe blibo sia ƒe nuɖoanyia katã. Gake woate ŋu ado le eme. Nyagblɔɖia gblɔ yi edzi be: “[Ava] me be, woaɖe amesiame, si ayɔ Yehowa ŋkɔ la; elabena xɔname anɔ Zion-to la dzi kple Yerusalem kpakple ame [mamlɛ], siwo Yehowa ayɔ la dome, abe alesi Yehowa do eŋugbee ene.” (Yoel 3:5) Yehowa Ðasefowo daa akpe vavã be wonya Yehowa ƒe ŋkɔ, eye woka ɖe edzi bliboe be axɔ na yewo ne yewoyɔe.
18 Gake nukae adzɔ ne Yehowa ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke va dze xexe sia dzi kple dɔmedzoe katã? Míadzro nya sia me le nusɔsrɔ̃nyati mamlɛa me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Ɣekaɣie Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe eƒe amewo dzi zi gbãtɔ?
◻ Nusiwo Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ bia dometɔ aɖewo ɖe?
◻ Ɣekaɣie Yehowa ƒe ŋkeke gã si nye atsyɔ̃ŋkeke la va ŋutilã me Israel dzi?
◻ Aleke Yehowa yraa amesiwo yɔa eƒe ŋkɔa egbeae?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Wodzi dukɔ yeye aɖe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]
Le ƒe alafa sia ƒe gɔmedzedze la, Yehowa gakɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe eƒe amewo dzi wònye Yoel 3:1, 2 ƒe emevava
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ele be míakpe ɖe amewo ŋu bene woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ