-
Biblia Me Nyawo Nye Gbedeasi Tso Mawu Gbɔ Na MíKpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
6. Agbalẽ si nyo na ame sia ame
Biblia gɔmee woɖe ɖe gbe bubuwo me wu, eye eya kee nye agbalẽ si wona wòka amewo si wu bubu ɖe sia ɖe. Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35, eye miadzro nyabiase siawo me:
Nu ka tae Mawu di be woaɖe yeƒe Nyaa gɔme ɖe gbe geɖe me eye wòaka ame geɖe si?
Nu kae dzɔa dzi na wò le Biblia ŋu?
Anyigbadzinɔlawo
katã kloe
ate ŋu axlẽ Biblia alo ase
emenyawo le gbe aɖe si wose me
Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo
le gbe siwo wu
3,000
sɔŋ me
Wobu akɔnta be Biblia siwo wota la le
miliɔn akpe atɔ̃
esia sɔ gbɔ sãsãsã wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe si wota
-
-
Wɔ Tɔwò Sinua Be Ðekawɔwɔ Nanɔ Hamea MeKpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
-
-
4. Mègabu nazã ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋu o
Míedina be míalɔ̃ mía nɔviwo katã. Gake ɖewohĩ esesẽna na mí be míalɔ̃ ame ƒomevi aɖewo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35, eye miadzro biabia siawo me:
Yehowa xɔa ame ƒomeviwo katã be woanye yeƒe Ðasefowo. Ne míedi be míasrɔ̃ Yehowa la, ke nɔnɔme kae wòle be wòanɔ míawo hã si ɖe ame ƒomevi bubuwo ŋu?
Aleke miaƒe nutoa me tɔwo bua nazã ɖe ame ƒomevi aɖewo ŋui? Nu ka tae wòle be nàƒo asa na nazãbubu mawo tɔgbi?
Mixlẽ 2 Korintotɔwo 6:11-13, eye miadzro biabia sia me:
Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàlɔ̃ mía nɔviwo katã geɖe wu?
-