-
Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe SeaGbetakpɔxɔ—2003 | March 15
-
-
Ke Yudatɔ Kristotɔwo Ya Ðe?
12. Biabia ka ŋue womeɖo o?
12 Dziɖuha la gblɔe eme kɔ ƒã be mehiã be Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo natso aʋa o. Ke Yudatɔ Kristotɔwo ya ɖe? Dziɖuhaa ƒe nyametsotsoa metɔ asi biabiaa ƒe akpa ma dzi tẽ o.
13. Nukatae mesɔ be woate tɔ ɖe edzi be ehiã be woalé Mose ƒe Sea me ɖe asi hafi woakpɔ ɖeɖe o?
13 Yudatɔ Kristotɔ aɖewo siwo ‘ʋãa ŋu ɖe Sea ŋu’ yi edzi tsoa aʋa na wo viwo heléa Sea ƒe akpa aɖewo me ɖe asi. (Dɔwɔwɔwo 21:20) Bubuwo wɔ esi wu ema eye wotea tɔ ɖe edzi gɔ̃ hã be ele vevie be Yudatɔ Kristotɔwo nalé Sea me ɖe asi ale be woate ŋu akpɔ ɖeɖe. Le esia me la, wonɔ vodada gã aɖe wɔm. Le kpɔɖeŋu me, aleke Kristotɔ aɖe atsɔ lã asa vɔe hena nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke? Kristo ƒe vɔsaa na vɔsasa siawo nu va yi. Ke Sea ƒe nudidi si nye be Yudatɔwo naƒo asa na hadede kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo kplikplikpli ya ɖe? Anye ne asesẽ na Kristotɔ nyanyuigblɔla dovevienuwo ŋutɔ be woawɔ ɖe mɔxeɖenu mawo dzi eye le ɣeyiɣi ma ke me la, awɔ ɖe dɔ si wode wo si be woafia nusiwo katã Yesu fia la Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo la dzi. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8; 10:28)a Kpeɖodzi aɖeke meli be wokɔ nya sia me le dziɖuhaa ƒe kpekpea me o. Ke hã, hamea metsi anyi kpekpeɖeŋu manamanae o.
-
-
Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe SeaGbetakpɔxɔ—2003 | March 15
-
-
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]
Paulo Tsɔ Ðokuibɔbɔ Nɔ Te Ðe Dodokpɔ aɖe Nui
Le dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ kpɔdzidzedze aɖe megbe la, Paulo yi Yerusalem le ƒe 56 M.Ŋ. me. Dodokpɔ aɖe nɔ elalam le afima. Nyatakaka ɖo hamea gbɔ be ele nu fiam be woɖe Sea ɖa. Ame tsitsiawo nɔ vɔvɔ̃m be nusi fiam Paulo nɔ ku ɖe Sea ŋu la aɖia Yudatɔ Kristotɔ yeyewo nu eye be woaƒo nya ta be Kristotɔwo medea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu o. Yudatɔ Kristotɔ ene aɖewo siwo ɖe adzɔgbe, si anya nye Nasiretɔwo ƒe adzɔgbe, la nɔ hamea me. Ele be woayi gbedoxɔa me aɖawɔ nusi woƒe adzɔgbeɖeɖea bia.
Ame tsitsiawo bia tso Paulo si be wòakplɔ ame eneawo ayi ɖe gbedoxɔa me ne woaɖawɔ woƒe dɔwo. Paulo ŋlɔ lɛta eve ya teti siwo tso gbɔgbɔ me siwo me wòɖe nu me le be mehiã be woalé Sea me ɖe asi hafi akpɔ ɖeɖe o. Ke hã, ebu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu. Do ŋgɔ la, eŋlɔ bena: “Mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, . . . bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi.” (Korintotɔwo I, 9:20-23) Togbɔ be Paulo mena ta le afisiwo Ŋɔŋlɔa ƒe gɔmeɖose veviwo hiã le o hã la, ese le eɖokui me be yeate ŋu awɔ ɖe hamemegãwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Dɔwɔwɔwo 21:15-26) Menye nu gbegblẽ be wòawɔ esia o. Naneke megblẽ le adzɔgbeɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wozã gbedoxɔa hena tadedeagu dzadzɛ, menye na trɔ̃subɔsubɔ o. Ekema esi Paulo medi be yeanye nuɖianu o ta la, ewɔ ɖe woƒe biabiaa dzi. (Korintotɔwo I, 8:13) Ðikeke mele eme o be esia bia be Paulo nabɔbɔ eɖokui ŋutɔ, si nye nyateƒenya si naa míedea bubu eŋu ɖe edzi.
-