INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
    Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo—2019 | January
    • 11 Eya ta togbɔ be wobewobe siwo nɔ ɖiɖim la menye nyateƒe o hã, egaɖe fu na Yudatɔwo kokoko. Le susu ma ta, ame tsitsiawo na mɔfiame sia Paulo be: “Ŋutsu ene le mía dome, siwo ɖe adzɔgbe aɖe. Kplɔ ame siawo ne wò kpli wo miayi aɖakɔ mia ɖokuiwo ŋu le kɔa nu, eye nàxe woƒe nugblẽfewo, ne woalũ ta na wo. Ekema ame sia ame anyae be nya siwo wogblɔ na wo tso ŋuwò la dometɔ aɖeke mele eme o, ke boŋ be èle zɔzɔm ɖe ɖoɖo la nu, eye be èléa Se la hã me ɖe asi.”—Dɔw. 21:23, 24.

      12 Paulo ate ŋu agblɔ be menye wobewobe siwo le ɖiɖim lae nye kuxia o, ke boŋ dzo si le Yudatɔ mawo me ɖe Mose ƒe Sea ŋue nye kuxia. Gake elɔ̃ faa be yeawɔ ɖe woƒe nyaa dzi, elabe enya be esia mana yeada le Mawu ƒe mɔfiame aɖeke dzi o. Do ŋgɔ la, Paulo ŋlɔ bena: “Mezu abe ame si le se te ene na ame siwo le se te, evɔ nye ŋutɔ nyemele se te hafi o, ale be asinye nasu ame siwo le se te la dzi.” (1 Kor. 9:20) Le nya sia me la, Paulo bɔbɔ ɖe hamemetsitsi siwo le Yerusalem la te, eye wòva zu “abe ame si le se te ene.” Eto esia dzi ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí egbea be míabɔbɔ ɖe hamemetsitsiwo te eye míagate tɔ ɖe míaƒe susuwo dzi o.—Heb. 13:17.

  • “Miɖo To Ne Maɖe Ðokuinye Nu Miase”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
    • c Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Naziritɔnyenye ƒe adzɔgbee ŋutsuawo ɖe. (4 Mose 6:1-21) Mose ƒe Se si nana woɖea adzɔgbe sia megale dɔ wɔm o. Ðewohĩ Paulo susui be megblẽ be ŋutsu siawo nawɔ ɖe adzɔgbe aɖe si woɖe na Yehowa dzi o. Eya ta ekpɔe be megblẽ be yeakplɔ wo ayi eye yeaxe woƒe nugblẽfewo o. Míenya adzɔgbe si tututu ŋutsuawo ɖe ya o. Gake zi geɖea, Naziritɔwo tsɔa lãwo saa vɔe be wòaklɔ yewoƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ne nenemaea, míeka ɖe edzi be Paulo malɔ̃ be yeatsɔ lãwo asa vɔe o, elabe Yesu ƒe vɔsa debliboa wɔe be asixɔxɔ aɖeke megale lãwo ƒe vɔsawo ŋu o. Nu ka kee Paulo ɖawɔ o, míeka ɖe edzi be malɔ̃ awɔ naneke si aɖe fu na eƒe dzitsinya o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe