-
Wonyi Ame Geɖewo To Ame Ʋɛwo DziGbetakpɔxɔ—2013 | July 15
-
-
8. Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, aleke xɔsetɔ yeyeawo ɖee fia be yewokpɔ ame siwo zãm Kristo nɔ la dze sii kɔtɛ?
8 Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, apostoloawo dzie Kristo si wofɔ ɖe tsitre la to na gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe nusrɔ̃la amesiamina bubuawo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:41, 42.) Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo va zu Kristotɔ amesiaminawo gbe ma gbe la, kpɔ ame siwo zãm Kristo nɔ la dze sii kɔtɛ. Womehe ɖe megbe kura o, “woyi edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie.” Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “woyi edzi lé fɔ ɖe . . . ŋu” la fia “nuwɔna aɖe me léle ɖe asi sesĩe nuteƒewɔwɔtɔe kple susu katã tsɔtsɔ ɖo eŋu.” Xɔsetɔ yeyeawo di vevie be yewoasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea, eye wonya ame siwo tututu gbɔ woakpɔe le. Wokpɔ apostoloawo si nu nuteƒewɔwɔtɔe be woaɖe Yesu ƒe nyawo kple nuwɔnawo kpakple ŋɔŋlɔ siwo ku ɖe eŋuti la me na yewo.c—Dɔw. 2:22-36.
-
-
Wonyi Ame Geɖewo To Ame Ʋɛwo DziGbetakpɔxɔ—2013 | July 15
-
-
c Memama 8: Esi wogblɔ be xɔsetɔ yeyeawo “[yi] edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie” la, esia ɖee fia be apostoloawo nɔ nu fiam wo edziedzi. Woŋlɔ apostoloawo ƒe nufiafia siawo dometɔ aɖewo ɖe agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me egbea la me.
-