Ta 14
‘Mebla Nu Kpli Mi hena Fiaɖuƒe’
1. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, mɔkpɔkpɔ kae wòna eƒe apostolowo?
ZÃ SI do ŋgɔ hafi wowu Yesu la mee wògblɔ na eƒe apostolo nuteƒewɔlawo bena: ‘Fofonye ƒe me la nɔƒe geɖewo li; meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.’ Egagblɔ na wo bena: “Nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” (Yoh. 14:2, 3; Luka 22:29) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si wòna wo!
2. Ame nenie anɔ dziƒofiaɖuƒea me kple Kristo?
2 Gake Yesu mefia be apostolo mawo ɖeɖe koe aɖu fia kple ye le yeƒe dziƒofiaɖuƒea me o. Emegbe la woɖee fia be mɔnukpɔkpɔ gã ma asu ame 144,000 siwo woɖe tso anyigba dzi la si. (Nyaɖ. 5:9, 10; 14:1, 4) Ðe ame aɖewo li egbea siwo le agbagba dzem be yewoƒe asi nasu edzia?
Fiaɖuƒe Ƒe Domenyilawo Nu Ƒoƒo Ƒu
3. Le Yesu ƒe gaglãgbe subɔsubɔdɔ me la, mɔnukpɔkpɔ ka dzie wòhe amewo ƒe susu yie?
3 Esi Herodes Antipa de Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela gaxɔ me megbe la, Yesu dze gaglãgbe gbeƒãɖeɖedɔ sesẽ aɖe gɔme esi me wòhe amewo ƒe susu yi “dziƒofiaɖuƒe la” dzie. (Mat. 4:12, 17) Ena amewo nya be mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na wo be woayi Fiaɖuƒe ma me, eye eƒe nusrɔ̃lawo dze agbagba vevie be yewoƒe asi nasu fetu ma dzi.—Mat. 5:3, 10, 20; 7:21; 11:12.
4. (a) Ɣekaɣie wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo? (b) Nukae fia be tso ɣemaɣi dzi la wonɔ susu trɔm ɖe Fiaɖuƒe domenyilawo nu ƒoƒo ƒu ŋuti?
4 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo dometɔ gbãtɔwo. (Dɔw. 2:1-4; Kor. II, 1:21, 22) Woɖe Mawu ƒe ɖoɖo si kplɔa ame yia makumaku ƒe dziƒogbenɔnɔ mee la ɖe go. Petro tsɔ “dziƒofiaɖuƒe ƒe safuiawo” ʋu sidzedze siae—gbã la, na Yudatɔwo, eyome la, na Samariatɔwo, eye emegbe la, na Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo. (Mat. 16:19) Wonɔ ŋku tɔxɛ lém ɖe dziɖuɖu si aɖu ameƒomea dzi hena ƒe 1,000 la ɖoɖo anyi ŋu, eye woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔwo ƒe lɛta siwo tso gbɔgbɔ me la katã kloe na Fiaɖuƒe ƒe domenyilawo ƒe ƒuƒoƒo sia koŋ—woawoe nye “ame kɔkɔewo,” “dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo.”a
5. Ðe woyɔ wo na dziƒogbenɔnɔ le esi wonye Mawu-subɔla nyuiwo wu amesiwo nɔ agbe do ŋgɔ la ta?
5 Menye esi wonyo wu Mawu-subɔla siwo katã ku do ŋgɔ na ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste la tae woyɔ wo hena dziƒogbenɔnɔ o. (Mat. 11:11) Ke boŋ la, fifiae Yehowa dze amesiwo anye hadziɖulawo kple Yesu Kristo la tiatia gɔme. Abe ƒe alafa 19 sɔŋ ene le esia megbe la, yɔyɔ ɖeka koe nɔ anyi, esi nye dziƒoyɔyɔ. Amenuveve si womedze na o lae Mawu tsɔ na ame ʋee aɖewo hena eya ŋutɔ ƒe nunya kple lɔlɔ̃ ƒe tameɖoɖowo ŋudɔ wɔwɔ.—Ef. 2:8-10.
6. (a) Nukatae wòle be ɣeyiɣi nade be woawu dziƒoyɔyɔ la nu? (b) Amekae akpɔ nyawo gbɔ be nyagblɔɖi si ku ɖe “ameha gã” ŋuti la hã nava eme, eye nuka tututue dzɔ?
6 Emegbe la ame ʋee 144,000 si woyɔ la ƒe xexlẽmea ade. Gbɔgbɔ me Israel-vi siawo siwo dzi woda asi ɖo la nu tetre mamlea atu aƒe. (Nyaɖ. 7:1-8) Emegbe Yehowa ato eƒe gbɔgbɔ kple eƒe Nya la ƒe gɔmesese si wòana to eƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi la dzi akpɔ nyawo gbɔ be eƒe tameɖoɖo ƒe akpa bubu nava eme abe alesi woƒo nu le eŋu le Nyaɖeɖefia 7:9-17 ene. Woaƒo “ameha gã” aɖe nu ƒu tso dukɔwo katã me kple mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname be woatsi agbe le xaxa gã la me ahanɔ agbe tegbee le blibodede me le Paradisonyigba dzi. Ne míebu nusi dzɔ vavã ŋuti la, edze ƒã be wowu dziƒoyɔyɔ bliboa nu anɔ abe le ƒe 1935 M.Ŋ. me ene esime “ameha gã” la ƒe anyigba dzi mɔkpɔkpɔ la ɖe dzesi keŋkeŋ. Tso ɣemaɣi la, wokplɔ Yehowa-subɔla miliɔn nane siwo le mɔ kpɔm vevie be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi afisia la va ɖekawɔwɔ mee kple dziƒoyila akpe ʋee siwo susɔ la.
7. Ðe wòate ŋu adzɔ be ame aɖewo axɔ dziƒoyɔyɔ la egbea gɔ̃ hã, eye nukatae neɖo eŋu nenema?
7 Ðe esia fia be Mawu mele ame aɖeke yɔm fifia hena dziƒogbenɔnɔ oa? Hafi woatre wo nu keŋkeŋ la, ate ŋu adzɔ be amesiwo si mɔkpɔkpɔ ma le la dometɔ ʋee aɖewo mawɔ nuteƒe o eye wòahiã be woatia ame bubuwo ɖe wo teƒe. Gake nunya le eme be esia mabɔ o.
Gbɔgbɔmeviwo—Aleke Wowɔ Nya?
8. Numeɖeɖe kae Paulo na si fia alesi amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe dzi la wɔna nyana?
8 Mawu ƒe gbɔgbɔ nana gbɔgbɔmevinyenye ƒe kakaɖedzi vavã Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ̃ siwo woyɔ hena dziƒoyiyi la. Apostolo Paulo ɖe esia fia esime wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe “ame kɔkɔe” siwo le Roma hegblɔ nɔnɔme si me Kristotɔ vavãwo katã nɔ ɣemaɣi la. Egblɔ be: “Elabena ame alesi nu Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔna la, woawo la Mawu-viwo wonye. Elabena miexɔ kluvigbɔgbɔ, bene miaganɔ vɔvɔ̃m o; ke vinyenye ƒe gbɔgbɔ la boŋ miexɔ, esi me míedo ɣli le be: Aba, Fofo! Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ la ŋu bena, Mawu-viwo míenye. Ke ne viwo míenye la, ekema domenyilawo hã míenye: Mawu ƒe domenyilawo kple Kristo ƒe hadomenyilawo, ne ele ale bena, míekpe fu kplii, bene mía ŋuti nakɔ hã kplii.”—Rom. 1:7; 8:14-17.
9. Aleke “gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase” kpena ɖe amesiwo nye Mawu ƒe viwo vavã la ƒe gbɔgbɔ ŋue?
9 Wohe míaƒe susu va nyagbe “gbɔgbɔ” ŋudɔ wɔwɔ le mɔ eve nu dzie le afisia: “gbɔgbɔ la ŋutɔ” kple “míaƒe gbɔgbɔ.” Gbãtɔ la nye Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ si womekpɔna o. Eƒãna kakaɖedzi ɖe eƒe gbɔgbɔmeviwo me be woxɔ yewo wɔ Mawu ƒe ablɔɖeviwoe. Gbɔgbɔ ma gaɖia ɖase to Mawu ƒe Nya Biblia si tso gbɔgbɔ me la dzi, esi le abe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe gbɔgbɔmeviwo tẽ ene. (Pet. I, 1:10-12) Ne amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe dzi woe la xlẽ nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔna na amesiwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo la, woxɔa edzi wòsɔna be: ‘Ema ku ɖe ŋunye.’ Eyata Mawu ŋutɔ ƒe ŋusẽ wɔdɔ toa mɔ vovovo dzi ɖia ɖase kpena ɖe woƒe gbɔgbɔ, si nye woa ŋutɔwo ƒe susu kple dzi ƒe ameʋãŋusẽ ŋuti be wonye Mawu ƒe viwo. Le ɖekawɔwɔ me kple nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ fia sia la, woƒe susuwo kple dziwo kuna ɖe Kristo ƒe hadomenyila siwo woava nye la ƒe mɔkpɔkpɔ ŋu, eye woxɔa Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo ƒe agbanɔamedziawo.—Fil. 3:13, 14.
10. (a) Nukawo ɖeɖee mate ŋu afia be ame aɖe nye Kristotɔ amesiamina o? (b) Aleke ‘alẽ bubuawo’ bua nɔƒe si le wo si le Mawu ƒe tameɖoɖo me lae?
10 Ðe ema nye nyateƒe le gowò mea? Ne nenemae la, ekema mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe su asiwò. Gake anye vodada ne ame aɖe ƒo nya ta be esi wònye ŋudzedzekpɔkpɔ deto le ame aɖe si ɖe gbɔgbɔmenu detowo ŋu alo edoa vevie nu le gbeadzisubɔsubɔdɔ me alo elɔ̃a nɔviawo vevie ta la, anye Kristotɔ si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Nu mawo kee dzena le ‘alẽ bubuawo’ dometɔ geɖe ŋu. Nusiwo woxlẽna le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe Kristo ƒe hadomenyilawo ŋuti la ʋãna woawo hã ƒe dzi, gake wometɔa asi akɔ ɖe nusi Mawu meɖo ɖi na wo o la ŋu o. (Tsɔe sɔ kple Mose IV, 16:1-40.) Wolɔ̃na ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo gbãtɔ na anyigba la dzi eye wowɔa dɔ ŋudzedzekpɔkpɔtɔe be yewoakpɔ gome le ema me.
Nua Ðuɖu Alesi Dze
11. Amekawoe yia Yesu ƒe kua ƒe ŋkuɖodzi ƒe sia ƒe, eye nukata?
11 Ƒe sia ƒe le Nisan 14 ƒe ɣeɖoto megbe la, Yesu Kristo yomedzela amesiamina siwo le xexeame ƒe akpa ɖesiaɖe la ɖoa ŋku eƒe kua dzi le ɖekawɔwɔ me kple nufiame si wòna eƒe apostolowo. (Luka 22:19, 20) ‘Alẽ bubuawo’ hã yina, menye abe amesiwo aɖu aboloa ahano wein la ene o, ke boŋ abe nukpɔla siwo dea bubu nu ŋu ene.
12. Aleke Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Korinto la dometɔ aɖewo menɔ ŋudzedzekpɔkpɔ nyuitɔ ɖem fia ɖe Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ŋu o?
12 Esia menye subɔsubɔ ƒe kɔnu dzro aɖe ko o ke boŋ gɔmesese sẽŋu aɖe le eŋu. Apostolo Paulo ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo sẽŋu ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Korinto, Hela la dometɔ siwo meɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si dze fia ɖe wɔna la ŋu o la be: “Amesi ke ɖua abolo sia, alo noa nu le Aƒetɔ la ƒe kplu sia nu madzemadzee la, aɖi fɔ le Aƒetɔ la ƒe ŋutilã kple ʋu la ŋuti.” Nukae na wozu eɖula ‘madzemadzewo’? Womenɔ wo ɖokui dzram ɖo nyuie le dzi kple susu me o. Mamãwo nɔ hamea me. Azɔ hã wo dometɔ aɖewo ɖu nutsu heno ahatsu do ŋgɔ na kpekpea. Wometsɔ ɖeke le me na Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la o. Womenɔ nɔnɔme si ana woase nu vevi si abolo kple wein la fia gɔme la me o.—Kor. I, 11:17-34.
13. Nukae abolo kple wein si wotsɔna tsanae le Ŋkuɖodzia la fia?
13 Nukae wofia? Menye eyae nye abolo kple wein si wobuna be wotrɔna nukutɔe la o. Womegatsɔa Kristo saa vɔe ake le gɔmesese aɖeke nu le Ŋkuɖodzi ɖesiaɖe dzi o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ‘Kristo tsɔ eɖokui na zi ɖeka, bena wòaɖe ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo ɖa.’ (Heb. 9:28; 10:10; Rom. 6:9) Abolo maʋãmaʋã kple wein dzi̇̃ la nye kpɔɖeŋunuwo ko siwo le tsitre ɖi na ŋutilã ŋutɔŋutɔ si Yesu tsɔ sa vɔe kple ʋu ŋutɔŋutɔ si wòkɔ ɖi. Gake nu ŋutɔŋutɔ siawo xɔ asi ale gbegbe! Wotsɔ Yesu ƒe ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o la na be agbe nɔnɔ tegbee ƒe mɔnukpɔkpɔ nasu ameƒomea ƒe xexeame si. (Yoh. 6:51) Azɔ eƒe ʋu si wòkɔ ɖi la wɔa tameɖoɖo eve ŋudɔ—eklɔa amegbetɔ siwo xɔa edzi sena la ŋu tso nuvɔ̃ me, eye eganana nubabla yeye si le Mawu kple gbɔgbɔ me Israel ƒe hame si nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na dome la wɔa dɔ. (Yoh. I, 1:7; Kor. I, 11:25; Gal. 6:14-16) Ðoɖo xɔasi siawoe wɔe be Mawu te ŋu tso dzɔdzɔenyenye ƒe afia na “ha sue” la me tɔwo eye wòbu amegbetɔ ƒe blibodede na wo ŋutɔŋutɔ. (Luka 12:32) Wowɔ esia be woate ŋu atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe adzi wo woanye Mawu ƒe viwo, kple mɔkpɔkpɔ be woakpɔ gome kple Kristo le eƒe dziƒofiaɖuƒea me. Zi alesi woɖuna Ŋkuɖodzi ƒe kpɔɖeŋunuawo ƒe sia ƒe hetsɔna esia ɖia ɖase le woƒe dziƒomɔkpɔkpɔa ŋu la, woƒe ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe “nubabla yeye” si me wole si ƒe avuléla Kristo nye ŋu la gazua yeye hedea to ɖe edzi.—Heb. 8:6-12.
“Míayi Kpli Mi”
14. (a) Nukatae ‘alẽ bubuawo’ meɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o, gake nukae wokpɔa mɔ na vevie? (b) Aleke wobua woƒe ha dede kple Fiaɖuƒe domenyilawo ƒe ame susɔeawoe?
14 ‘Alẽ bubuawo’ kpɔ alesi Yehowa le nu wɔm kple eƒe amesiaminawo dze sii, eye wowɔ ɖeka kpli wo le gbɔgblɔm be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zax. 8:20-23) Menye ɖeko wokpea ta ɖekae o ke wokpɔa gome le Fiaɖuƒeŋutinya nyuia gbɔgblɔ le anyigba katã dzi me hã ɖekae. Gake womede ‘alẽ bubuawo’ “nubabla yeye” la me kple gbɔgbɔ me Israel o eye womekpe wo ɖe ‘fiaɖuƒe ƒe nubabla’ si Yesu wɔ kple amesiwo wotia be woakpɔ gome le dziƒogbenɔnɔ me kplii la ŋu o, eyata esɔ ɖe edzi be womeɖua Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo o. (Luka 22:20, 29) Gake esi ‘nubabla yeyea’ le eƒe tameɖoɖo si nye “ha sue” la me tɔ mamleawo nu ƒoƒo ƒu ɖe dziƒofiaɖuƒea me ŋudɔ wɔm la, ‘alẽ bubuawo’ nyana be esia fia be yayra siwo Fiaɖuƒe ma ana yewo le anyigba dzi la le aƒe tum. Wobunɛ be enye mɔnukpɔkpɔ le “ŋkeke mamleawo” me be yewoasubɔ ɖekae kple Fiaɖuƒe domenyila susɔe nuteƒewɔlawo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Romatɔwo, Korintotɔwo I kple II, Efesotɔwo, Filipitɔwo, Kolosetɔwo, Tito, kple Petro I kple II, ƒe kpukpui gbãtɔwo; kple Galatiatɔwo 3:26-29, Tesalonikatɔwo I, 2:12, Tesalonikatɔwo II, 2:14, Timoteo II, 4:8, Hebritɔwo 3:1, Yakobo 1:18, Yohanes I, 3:1, 2 kpakple Yuda 1 hã.
Numetoto
● Nukatae Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa gãtɔ he susu yi dziƒomɔkpɔkpɔ la dzi?
● Aleke amesiwo wodzi wonye Mawu ƒe viwo la wɔna nyana? Nukae Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunu siwo woɖuna la fia?
● Aleke ‘alẽ bubuawo’ ɖenɛ fianae be yewowɔ ɖeka kple “ha sue” la vavã?