Ta 24
Yehowa ƒe Tameɖoɖo Kpɔ Dzidzedze le Ŋutikɔkɔe Me
1, 2. (a) Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo na eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la? (b) Amekawoe nɔ Yehowa ƒe tadeagulawo ƒe ƒome si wɔ ɖeka la me? (d) Ame ŋutɔ ƒe nyabiabia ka ŋue wòle be míabu le esia me?
NUWƆWƆ siwo katã si nunya le siwo wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me eye wo katã wole vivi sem le Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe me—emae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo si me nunya kple lɔlɔ̃ le. Emae nye dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo katã hã ƒe didi vevie.
2 Yehowa na tameɖoɖo wɔnuku sia dze emevava gɔme esime wòdze nuwo wɔwɔ gɔme. Eƒe nuwɔwɔ gbãtɔe nye Via, si ɖo kpe edzi le nyateƒe me be yenye “eƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme.” (Heb. 1:1-3) Amesia nye ame tɔxɛ, esi wònye Mawu ɖeɖe koe wɔe ta. To eyama dzi la wowɔ vi bubuwo—gbã la, mawudɔla siwo le dziƒo eye emegbe amegbetɔ si le anyigba dzi. (Hiob 38:7; Luka 3:38) Vi siawo katã va zu xexeame katã ƒe ƒome ɖeka. Yehowae nye Mawu na wo katã, amesi ɖeɖe ko woade ta agu na. Enye xexeame katã ƒe Fiagã. Enye wo Fofo si si lɔlɔ̃ le hã. Ðe wònye wò hã Fofowò nenema, eye ɖe nènye viawo dometɔ ɖeka? Ƒomedodo xɔasi ka gbegbee nye si ema ate ŋu anye?
3. (a) Nukatae mía dometɔ aɖeke menye Mawu ƒe vi esime wodzi mí o? (b) Gake lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo kae Mawu wɔ na Adam ƒe dzidzimeviwo?
3 Gake ele be míadze ŋgɔ nyateƒea be esime wotso kufia na mía dzila gbãtɔ siwo nye amegbetɔwo abe amesiwo lɔ̃ faa wɔ nuvɔ̃ ene la, wonyã wo tso Eden eye Mawu gbe wo. Womeganye Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea ƒe akpa aɖeke o. (Mose I, 3:22-24; tsɔe sɔ kple Mose V, 32:4, 5.) Esi mí katã míenye nuvɔ̃wɔla Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, wodzi mí kple nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo. Esi míenye dzila siwo wonyã le Mawu ƒe ƒomea me ƒe dzidzimeviwo ta la, míate ŋu agblɔ be míenye Mawu ƒe viwo le esi wodzi mí amegbetɔwoe ta ko o. Gake Yehowa nya be Adam ƒe dzidzimevi aɖewo alɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eyata le lɔlɔ̃ me la Ewɔ ɖoɖo si dzi amesiawo ato be woate ŋu aɖo Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe gbɔ.—Rom. 8:20, 21.
Amenuveve Ƒe Nɔƒe Si Nɔ Israel Si
4. (a) Nuka dzie Israel-viwo nɔ te ɖo nye Mawu ƒe “viwo”? (b) Nukae esia mefia o?
4 Abe ƒe 2,500 ene le Adam wɔwɔ megbe la, Yehowa gana mɔnukpɔkpɔ ame aɖewo be woado ƒome kpli ye abe yeƒe viwo ene. Le wɔwɔ ɖe eƒe nubabla kple Abraham dzi me la, Yehowa tia Israel be wòanye yeƒe dukɔ. Eyata eƒo nu tso Israel ŋu na Egipte ƒe Farao be “vinye.” (Mose II, 4:22, 23; Mose I, 12:1, 2) Emegbe la etsɔ eƒe Sea na Israel le Sinai-to dzi, eye wòwɔ ame mawo wonye dukɔ eye wòzã wo le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo. Le esi wobu wo abe dukɔ ene elabena wonye Yehowa “tɔ koŋ” ta la, woyɔ wo be Mawu ƒe “viwo.” (Mose V, 14:1, 2; Yes. 43:1) Esi wòwɔ nu le mɔ tɔxɛwo nu kple dukɔ ma me tɔ aɖewo hã ta la, Yehowa yɔ wo be viwo. (Kron. I, 22:9, 10) Nɔƒe sia nɔ te ɖe nubabla ƒe ƒomedodo si le woa kple Mawu dome dzi. Gake mefia be wose vivi le ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe si nɔ Adam si abe Mawu ƒe vi ene la me o. Wogakpɔtɔ nɔ nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me.
5. Aleke Israel bú eƒe tenɔnɔ tɔxɛ kple Mawue?
5 Gake abe viwo ene la, amenuveve ƒe nɔƒe nɔ wo si le Mawu gbɔ. Enye woƒe agbanɔamedzi hã be woade bubu wo Fofo la ŋu eye woawɔ nu wòasɔ kple eƒe tameɖoɖo. Yesu te gbe ɖe woƒe dɔdasi ma wɔwɔ ƒe vevienyenye dzi—menye be woanɔ gbɔgblɔm be Mawue nye yewo Fofo ko evɔ o, ke boŋ woaɖo kpe edzi be yewonye viawo. (Mat. 5:43-48; Mal. 1:6) Gake abe dukɔ ene la, Israel do kpo esia wɔwɔ. Eyata le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ ƒe ƒe mamlea me esime Yudatɔ siwo nɔ didim be yewoawu eyama la gblɔ be, “Fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu” la, Yesu gblɔe na wo eme kɔ ƒã be woƒe nuwɔnawo kple gbɔgbɔ si woɖe fia la wɔe be nya si gblɔm wole la nye aʋatso. (Yoh. 8:41, 44, 47) Le ƒe 33 M.Ŋ. la, Mawu he Se ƒe nubabla la va nuwuwue, eye nusi dzi Israel nɔ te ɖo se vivi le ƒomedodo tɔxɛ me la va eƒe nuwuwu. Gake Yehowa medzudzɔ amewo xɔxɔ le ameƒomea me abe viawo ene o.
Yehowa Le Eƒe Amewo Nu Ƒom Ƒu Ðekae
6. “Dukplɔɖoɖo” ka ŋue Paulo ƒo nu le le Efesotɔwo 1:9, 10, eye nukae nye eƒe taɖodzinu?
6 Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Efeso tso Yehowa ƒe amewo nu ƒoƒo ƒu ɖekae ƒe ɖoɖo—ɖoɖo si dzi amesiwo ɖea xɔse fiana ato be woate ŋu azu Eƒe ƒomea me nɔla lɔlɔ̃tɔwo—ŋuti, eye wògblɔ be: “[Mawu] na míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la le eƒe ŋudzedze, si wòɖo ɖi le eɖokui me la nu hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe dukplɔɖoɖo [aƒedzikpɔkpɔ], bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade Kristo te ake, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la.” (Ef. 1:9, 10, NW) “Dukplɔɖoɖo” sia ku ɖe Kristo ŋu. To eyama dzie amegbetɔwo te ŋu ɖo Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ gbɔ—wo dometɔ aɖewo ƒe mɔkpɔkpɔ nye dziƒo nɔnɔ, eye bubuwo tɔ nye anyigba dzi nɔnɔ—be woasubɔ ɖekae kple Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔlawo, amesiwo wɔ nuteƒe na Yehowa.
7. Nukawoe nye “nusiwo le dziƒo” la, eye nukae wo nu ƒoƒo ƒu fia na wo?
7 Gbã la, tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wotrɔ susu ɖe “nusiwo le dziƒo,” amesiwo nye Kristo ƒe hadomenyilawo le Dziƒofiaɖuƒea me ŋu. Le woƒe xɔse ɖeɖefia ɖe Yesu ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ ŋu ta la, Mawu tso afia na wo be wonye ame dzɔdzɔewo. (Rom. 5:1, 2) Emegbe “wogbugbɔ dzi” wo alo wodzi wo abe Mawu ƒe vi siwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye agbe nɔnɔ le dziƒo ene. (Yoh. 3:3; 1:12, 13) Mawu bla nu yeye kple amesiawo abe gbɔgbɔmedukɔ ene. Emegbe la, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo siaa anɔ eme eye wo katã ƒe ƒuƒoƒo anye ame 144,000.—Gal. 3:26-29; Nyaɖ. 14:1.
8. Vovototo kae le ƒomedodo si le Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo kple Fofo la dome la kpakple Yudatɔ siwo nɔ Sea te la tɔ dome?
8 Togbɔ be wokpɔtɔ nye ame madeblibowo le ŋutilã me hã la, Dziƒofiaɖuƒea ƒe domenyilawo ƒe ame susɔeawo sea vivi le xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe ƒomedodo xɔasi me kple Fofo la. Paulo ŋlɔ tso esia ŋu be: “Ke esi míenye viwo ŋuti la, Mawu dɔ Via ƒe gbɔgbɔ, si le ɣli dom be: Aba, Fofo la, ɖo ɖe míaƒe dziwo me. Eyata mèganye kluvi o, ke boŋ vi nènye, ekema Mawu ƒe domenyila hã nènye.” (Gal. 4:6, 7) Aram-nyagbe “Aba” ma gɔmee nye “fofo,” gake enye amelɔlɔ̃ ƒe ameyɔyɔ—esi tɔgbe ɖevi sue yɔna na Fofoa. Le Yesu ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ si de ŋgɔ wu kple le Mawu ŋutɔ ƒe amenuveve ta la, Kristotɔ siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la sea vivi le ƒomedodo kple Mawu si le kplikplikpli wu bubu ɖesiaɖe si me ame madeblibowo te ŋu kpɔ gome le le Sea te la me. Gake nusi le ŋgɔ gbɔna na wo la gawɔ nuku gɔ̃ hã wu.
9. Nukae woƒe vinyenye ƒe emevava bliboe fia?
9 Ne wowɔ nuteƒe yi ɖase ku me la, woxɔa woƒe vinyenye la ŋutɔŋutɔ bliboe ne wofɔ wo ɖe tsitre hena makumakunyenye ƒe agbenɔnɔ le dziƒo. Mɔnukpɔkpɔ asu wo si le afima be woasubɔ le ɖekawɔwɔ me le Yehowa Mawu ŋutɔ ŋku me. Mawu ƒe vi siawo ƒe xexlẽme sue aɖe koe gale anyigba dzi.—Rom. 8:14, 23; Yoh. I, 3:1, 2.
“Nusiwo Le Anyigba Dzi” La Nu Ƒoƒo Ƒu
10. (a) Nukawoe nye “nusiwo le anyigba dzi” la, eye tso ɣekaɣie woƒo wo nu ƒu le tadedeagu ƒe ɖekawɔwɔ me? (b) Ƒomedodo kae le wo kple Yehowa dome?
10 “Dukplɔɖoɖo” ma si na wote ŋu ƒo amewo nu ƒu ɖe Mawu ƒe aƒeme eye dziƒogbenɔnɔ nye woƒe mɔkpɔkpɔ la kee gatrɔ ɖe “nusiwo le anyigba dzi” la ŋu. Tso ƒe 1935 M.Ŋ. me koŋ ye wodze amesiwo xɔ Kristo ƒe vɔsa dzi se la nu ƒoƒo ƒu kple agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ. Wowɔa dɔ aduadu kple amesiamina susɔeawo ƒe ha la hekafua Yehowa ƒe ŋkɔ eye wodoa eƒe tadedeagu ɖe dzi. (Zef. 3:9; Yes. 2:2, 3) Amesiawo hã yɔa Yehowa be “Fofo” le bubu deto me eye wodze sie be eyae nye Agbedzɔtsoƒe eye wokua kutri be yewoaɖe eƒe nɔnɔmewo afia abe alesi wòdina tso viawo si ene. Wosea vivi le tenɔnɔ si ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la me le eŋku me, le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzi si woxɔ se ta. (Mat. 6:9; Nyaɖ. 7:9, 14) Gake wonyae be dzidzɔ si yewoakpɔ be Mawu xɔ yewo keŋkeŋ be yewonye viawo la le ɣeyiɣi si gbɔna me na yewo.
11. (a) Ŋugbedodo kae le Romatɔwo 8:19-21 na ameƒomea? (b) Nukae nye ‘Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖefia’ si lalam wole vevie la?
11 Abe alesi Romatɔwo 8:19-21 fia ene la, wole mɔ kpɔm vevie na “mawuviwo ƒe ɖeɖefia” elabena ɣemaɣi la, ɣeyiɣi aɖo na nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be ‘woaɖe wo . . . tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.’ “Ðeɖefia” ma ava eme esime amegbetɔ siwo le anyigba dzi afisia la akpɔ kpeɖodzi be Mawu ƒe vi siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na siwo xɔ woƒe fetu le dziƒo la dze dɔwɔwɔ gɔme abe Yesu Kristo woƒe Aƒetɔ si ŋuti wokɔ la ƒe hadziɖulawo ene. Nusia adze le nuɖoanyi vɔ̃ɖia katã tsɔtsrɔ̃ me, esi megbe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si me ‘Mawu ƒe vi’ siawo akpɔ gome le kplii abe fiawo kple nunɔlawo ene ƒe yayrawo ava le.—Nyaɖ. 2:26, 27; 20:6.
12. Le xaxa gã la megbe la, kafukafuha kae Mawu ƒe vi aʋadziɖula siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la adzi, eye nukae wòfia?
12 Dzidzɔ gã ka gbegbe wòanye ne xaxa gã la va yi eye Mawu ƒe vi mawo siwo wɔ ɖeka kple Kristo la dzi kafukafuha ɖekae na Mawu eye wole ɣli dom dzidzɔtɔe be: “Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nukunu nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.” (Nyaɖ. 15:3, 4) Ẽ, ameƒomea katã siwo tso dukɔ siwo katã nɔ anyi tsã me la awɔ ɖeka le ta dede agu na Mawu vavã la me. Woafɔ amesiwo le ŋkuɖodziyɔdɔwo me kura gɔ̃ hã ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woakɔ woƒe gbe dzi akafu Yehowa.
13. Ablɔɖe wɔnuku ka mee xaxa gã la ƒe agbetsilawo ase vivi le enumake?
13 Satana Abosam maganye ‘nuɖoanyi sia ƒe mawu’ azɔ o. Yehowa ƒe tadeagula siwo le anyigba dzi afisia magawɔ aʋa kple Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi la azɔ o. (Kor. II, 4:4; Nyaɖ. 20:1-3) Alakpasubɔsubɔha magaka aʋatso ɖe míaƒe lɔlɔ̃ ƒe Mawu la si alo anye ŋusẽkpɔɖeamedzi si mãa ameƒomea me o. Mawu vavã la subɔlawo magakpe fu madzɔmadzɔ siwo nye amebaba la le dziɖuɖumegãwo si me o. Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye si ema anye na xaxa gã la ƒe agbetsilawo.
14. Mɔ ka nue woato be woavo tso nuvɔ̃ kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo katã si me?
14 Abe ‘Mawu ƒe Alẽvi si tsɔ xexeame ƒe nuvɔ̃ yinae’ ene la, Yesu Kristo azã eƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ be wòatutu ameƒomea ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi la ɖa. (Yoh. 1:29) Esime Yesu nɔ anyigba dzi eye wòtsɔ ame aɖe ƒe nuvɔ̃ kee la, eda gbe le amesi wòtsɔe ke la ŋu abe kpeɖodzi ene. (Mat. 9:1-7) Nenema ke wòada gbe le nukumɔ nu tso dziƒo le ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, aɖetututɔwo, amesiwo ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe wolã ɖa, tagbɔdɔlélawo kple amesiame si ŋu dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe le la ŋu. Ʋeʋeʋe la, ne toɖola siwo katã lɔ̃ faa la trɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe mɔ dzɔdzɔewo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe la, woakpɔ be “nuvɔ̃ ƒe se” la nu yi keŋkeŋ le yewo me ale be yewoƒe nuwɔnawo, yewoƒe tamesusuwo kple yewoƒe dzimedidiwo katã adze yewo ŋutɔwo kple Mawu ŋu. (Rom. 7:21-23; tsɔe sɔ kple Yesaya 25:7, 8 kple Nyaɖeɖefia 21:3, 4.) Hafi Ƒe Akpe Ðeka la nawu enu la, woakpe ɖe wo ŋu be woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede keŋkeŋ gbɔ. Woavo keŋkeŋ tso nuvɔ̃ kple eƒe kutsetse vɔ̃ɖiawo me. Woaɖe ‘Mawu ƒe nɔnɔme si ɖii’ la afia bliboe le anyigba dzi Paradiso si axɔ anyigba bliboa dzi la me.—Mose I, 1:26.
15. Le Ƒe Akpe Ðeka la ƒe nuwuwu la, nukae Kristo awɔ, eye kple taɖodzinu ka?
15 Ne Kristo na ameƒomea ɖo blibodede gbɔ vɔ la, ekema atrɔ dziɖuŋusẽ si wotsɔ nɛ hena dɔ sia wɔwɔ la na Fofoa. Abe alesi wogblɔe ɖi ɖe Korintotɔwo I, 15:28 ene la: “Ne wotsɔ nuwo katã de Vi la te la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.”
16. Nuka mee woana ame deblibowo katã nato, eye nukatae?
16 Woana mɔnukpɔkpɔ ameƒome deblibo la azɔ be woaɖee afia be yewoƒe tiatia matrɔmatrɔe nye be yewoasubɔ nyateƒe Mawu gbagbe ɖeka kolia la tegbee. Eyata hafi wòaxɔ wo abe viawo ene to Yesu Kristo dzi la, Mawu ana ame deblibo mawo katã nato dodokpɔ blibo si nye mamletɔ la me. Woaɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso aʋlia me. Esia magblẽ nu le amesiwo lɔ̃a Yehowa vavã la ŋu wòaxɔ ɣeyiɣi didi o. Gake amesiwo katã ɖe mɔ nuteƒemawɔmawɔtɔe be wokplɔ wo yi tomaɖomaɖo Yehowa mee la, woatsrɔ̃ wo tegbee, akpe ɖe aglãdzela gbãtɔa kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu.—Nyaɖ. 20:7-10.
17. Le Yehowa ƒe tameɖoɖo ƒe emevava me la, nɔnɔme kae aganɔ anyi le eƒe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la dome?
17 Azɔ Yehowa axɔ ame deblibo siwo katã nɔ te ɖe nyametsotso ƒe dodokpɔ mamle ma nu dzidzedzetɔe la lɔlɔ̃tɔe abe viawo ene to Kristo dzi. Ekema woakpɔ gome bliboe le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Rom. 8:21) Woaxɔ wo mlɔeba be woava zu Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒome si wɔ ɖeka la ƒe akpa aɖe, amesiwo katã Yehowa anye Mawu ɖeka kolia, Xexeame katã ƒe Fiagã kple Fofo lɔlɔ̃tɔ na tegbee. Ekema Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le, le dziƒo kple anyigba dzi la agawɔ ɖeka le Mawu vavã ɖeka kolia la ƒe tadedeagu me.
Numetoto
● Ƒomedodo kae nɔ Yehowa kple eƒe tadeagulawo katã dome do ŋgɔ na aglãdzedze le Eden?
● Agbanɔamedzi kae le amesiwo nye Mawu ƒe viwo la dzi?
● Amekawoe nye Mawu ƒe viwo egbea? Amekawo hãe ava zu Mawu ƒe viwo, eye aleke esia do ƒome kple Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe ɖekawɔwɔ le tadedeagu me ŋue?