Ta Blaeve Vɔ Ðekɛlia
Yehowa ƒe Tameɖoɖo Kpɔ Dzidzedze le Ŋutikɔkɔe Me
1, 2. (a) Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo na eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le? (b) Amekawoe nɔ Mawu ƒe tadeagulawo ƒe ƒome si wɔ ɖeka la me?
NUWƆWƆ siwo katã si nunya le wɔ ɖeka le tadedeagu na Mawu vavã ɖeka kolia me eye wo katã wole vivi sem le Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe me—emae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le. Eye emae nye dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo katã hã ƒe didi vevie.
2 Yehowa na tameɖoɖo wɔnuku sia dze emevava gɔme esime wòdze nuwo wɔwɔ gɔme. Eƒe nuwɔwɔ gbãtɔe nye Via, si tso eƒe tsitretsitsi megbe ke la nye “[Mawu ƒe] ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme.” (Hebritɔwo 1:1-3) Vi sia nye amesi to vovo kura na nuwɔwɔ bubuwo katã, elabena Mawu ɖeka koe wɔ eya. Le ewɔwɔ megbe la, Vi sia dzie woto wɔ vi bubuwo katã: gbã, mawudɔlawo le dziƒo, eye emegbe amegbetɔwo le anyigba dzi. (Hiob 38:7; Luka 3:38) Amesiawo katã va zu xexeame katã ƒe ƒome gã ɖeka. Yehowae nye Mawu na wo katã, Xexeame Katã Dziɖulagã, kple wo Fofo si lɔ̃a wo.
3. (a) Nuka ƒe domee mí katã míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ? (b) Ðoɖo si me lɔlɔ̃ le kae Yehowa wɔ na Adam ƒe dzidzimeviwo?
3 Esime wotso kufia na mía dzila gbãtɔ siwo nye amegbetɔwo le esi wobua wɔ nuvɔ̃ ta la, wonya wo ɖa le Eden eye Mawu gbe wo. Womeganye eƒe xexeame katã ƒe ƒomea me tɔwo o. (Mose I, 3:22-24; Mose V, 32:4, 5) Esi mí katã míenye woƒe dzidzimeviwo ta la, wodzi mí kple nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo. Gake Yehowa nya be Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi aɖewo alɔ̃ dzɔdzɔenyenye. Eyata le lɔlɔ̃ me, Ewɔ ɖoɖo si dzi amesiawo ato be woate ŋu aɖo ‘Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe gbɔ.’—Romatɔwo 8:20, 21.
Israel Bu Amenuvevenɔƒe si Nɔ Esi
4. Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa na blema Israel?
4 Anye abe ƒe 2,500 ene le Adam wɔwɔ megbe la, Yehowa gana mɔnukpɔkpɔ ame aɖewo be woanɔ ƒomedodo tɔxɛ me kple Ye. Etia blema Israel be woanye yeƒe dukɔ eye wòtsɔ eƒe Sea na wo. (Mose I, 12:1, 2) Eɖo wo wonye dukɔ eye wòzã wo le eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ me. (Mose V, 14:1, 2; Yesaya 43:1) Gake woganɔ nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me, eyata womenɔ ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe si me Adam kple Xawa nɔ la me o.
5. Aleke wɔ Israel-viwo bu tenɔnɔ tɔxɛ si nɔ wo si le Mawu gbɔ la?
5 Ke hã amenuvevenɔƒe nɔ Israel-viwo si le Mawu gbɔ. Enye woƒe agbanɔamedzi hã be woade bubu Yehowa ŋu abe wo Fofo ene eye woawɔ nu wòasɔ kple eƒe tameɖoɖo. Yesu te gbe ɖe woƒe agbanɔamedzi ma tsɔtsɔ ƒe vevienyenye dzi. (Mateo 5:43-48) Gake Israel-dukɔa do kpo esia wɔwɔ. Togbɔ be Yudatɔ mawo gblɔ be “Fofo ɖekae li na mí, eyae nye Mawu” hã la, Yesu gblɔ na wo be woƒe nuwɔnawo kple gbɔgbɔ si woɖena fiana la tsi tre ɖe nya si gblɔm wole ŋu. (Yohanes 8:41, 44, 47) Le ƒe 33 M.Ŋ. la, Mawu he Se ƒe nubabla la va nuwuwui, eye ƒomedodo tɔxɛ si nɔ wo kple Israel dome la hã va eƒe nuwuwu. Gake ɖe esia fia be ƒomedodo nyui magate ŋu anɔ Mawu kple amewo dome akpɔ gbeɖe oa?
“Nusiwo Le Dziƒo” la Nuƒoƒoƒu
6. Taɖodzinu kae le “dukplɔɖoɖo” si ƒe nya Paulo gblɔ le Efesotɔwo 1:9, 10 la ŋu?
6 Apostolo Paulo ɖee fia be amegbetɔƒomea me tɔ aɖewo ate ŋu anɔ ƒomedodo tɔxɛ me kple Mawu. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ le ɖoɖo si Yehowa wɔ be amesiwo tsɔa xɔse wɔa dɔe la nagazu Eƒe aƒemetɔwo ŋu be: “[Mawu] na míenya eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la. Enye eƒe ŋudzedze nyui si wòɖo ɖi le eɖokui me hena azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe dukplɔɖoɖo, bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade Kristo te ake, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi.” (Efesotɔwo 1:9, 10, NW) Yesu Kristo koŋ ye nye ame vevitɔ si dzi “dukplɔɖoɖo” sia nɔ te ɖo. Eyama dzie wòto be Mawu ate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe amegbetɔwo ŋu. Dziƒo nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le wo dometɔ ʋɛ aɖewo si. Wo dometɔ akpa gãtɔ anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.
7. Amekawoe nye “nusiwo le dziƒo” la?
7 Gbã la, tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, wotrɔ susu ɖe “nusiwo le dziƒo,” amesiwo anye Kristo ƒe hadomenyilawo le dziƒo Fiaɖuƒea me, la ŋu. Le woƒe Yesu ƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ dzixɔxɔse ta la, Mawu tso afia na wo be wonye ame dzɔdzɔewo. (Romatɔwo 5:1, 2) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woxɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo siaa va kpee eye “nusiwo le dziƒo” la ƒe xexlẽme va nye ame 144,000. (Galatiatɔwo 3:26-29; Nyaɖeɖefia 14:1) Amesiawo ƒe ame susɔe ʋɛ aɖewo koe gale anyigba dzi fifia.
“Nusiwo Le Anyigba Dzi” Nuƒoƒoƒu
8. Amekawoe nye “nusiwo le anyigba dzi” la, eye ƒomedodo kae le wo kple Yehowa dome?
8 Dukplɔɖoɖo ma ke le “nusiwo le anyigba dzi” la nu ƒom ƒu. Wole ame miliɔn geɖe siwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ le la nu ƒom ƒu fifia. Wowɔa dɔ aduadu kple Fiaɖuƒea ƒe domenyila susɔeawo le Yehowa kafukafu kple eƒe tadedeagu dodo ɖe dzi me. (Yesaya 2:2, 3; Zefanya 3:9) Amesiawo hã yɔa Yehowa be “Fofo” elabena wodze sii be eyae nye agbedzɔtsoƒe. Eye wole tenɔnɔ si ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la me le eŋkume, le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la dzixɔxɔse ta. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake esi wogakpɔtɔ nye ame madeblibowo ta la, ɣeyiɣi si gbɔna me ko hafi woate ŋu axɔ wo woazu Mawu ƒe viwo bliboe.
9. Ŋugbedodo kae le Romatɔwo 8:21 na ameƒomea?
9 Amesiawo siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me ‘woaɖe’ nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo ‘tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.’ (Romatɔwo 8:21) Ablɔɖekpɔkpɔ ma adze egɔme ne Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔwo he xaxa gã la va nuwuwui le eƒe taƒoƒo si nye Harmagedon me. Nusia afia Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia katã tsɔtsrɔ̃, eye le esia megbe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe yayrawo akplɔe ɖo.—Nyaɖeɖefia 19:17-21; 20:6.
10. Kafukafuha kae Yehowa subɔlawo adzi?
10 Dzidzɔ gã ka gbegbee nye si wòanye ne Yehowa subɔlawo le anyigba dzi wɔ ɖeka gblɔ esubɔla siwo le dziƒo ƒe seselelãme dzidzɔtɔe be: “[Yehowa], Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nukunu nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.” (Nyaɖeɖefia 15:3, 4) Ẽ, Yehowa subɔlawo katã awɔ ɖeka le tadedeagu na Mawu vavã ɖeka kolia la me. Woafɔ ame kukuwo kura gɔ̃ hã ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔ wo be woakɔ woƒe gbe dzi akafu Yehowa.—Dɔwɔwɔwo 24:15.
Ablɔɖe Wɔnuku si Le Ŋgɔgbe Gbɔna
11. Ablɔɖe wɔnuku ka mee amesiwo tsi agbe le xaxa gã la me ase vivi le?
11 Ne xaxa gã la wu enu ɖe etaƒoƒo si nye Harmagedon me eye wòɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi la, Satana Abosam maganye ‘nuɖoanyi sia ƒe mawu’ azɔ o. Yehowa ƒe tadeagulawo magawɔ aʋa kple Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia azɔ o. (Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 20:1, 2) Alakpasubɔsubɔ magaka aʋatso ɖe Yehowa si ahanye ŋusẽkpɔɖeamedzi si maa ameƒomea me azɔ o. Mawu vavã la subɔlawo magakpe fu madzemadzee le dziɖuɖumegãwo si me o eye womagaba wo hã azɔ o. Ablɔɖe wɔnuku ka gbegbee nye si wòanye!
12. Aleke amesiame avo tso nuvɔ̃ kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo si mee?
12 Abe ‘Mawu ƒe Alẽvi si tsɔ xexeame ƒe nuvɔ̃ yinae’ ene la, Yesu azã eƒe vɔsa ƒe asixɔxɔ be wòatutu ameƒomea ƒe nuvɔ̃wo ɖa. (Yohanes 1:29) Esime Yesu nɔ anyigba dzi eye wòtsɔ ame aɖe ƒe nuvɔ̃wo kee la, eda gbe le amesi ƒe nuvɔ̃ wòtsɔ kee ŋu tsɔ ɖo kpe edzii. (Mateo 9:1-7; 15:30, 31) Nenema ke Kristo Yesu, amesi nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Dziƒofia, ada gbe le nukumɔ nui le ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, tokunɔwo, amesiwo ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe wolã ɖa, tagbɔdɔlélawo, kple amesiame si ŋu dɔléle ƒomevi ɖesiaɖe le la ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Woatutu “nuvɔ̃ ƒe se” la ɖa keŋkeŋ na toɖolawo katã ale be woƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo nadze woawo ŋutɔ siaa kple Mawu ŋu. (Romatɔwo 7:21-23) Va ɖo Ƒe Akpe Ðekaa ƒe nuwuwu la, woakpe ɖe wo ŋu be woaɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ, ale be woanɔ Mawu vavã la ƒe ‘nɔnɔme si ɖii’ me.—Mose I, 1:26.
13. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, nukae Kristo awɔ, eye nukae ado tso eme?
13 Ne Kristo kpe ɖe ameƒomea ŋu woɖo blibodede gbɔ vɔ la, ekema atrɔ dziɖuŋusẽ si wotsɔ nɛ hena dɔ sia wɔwɔ la na Fofoa: “Woatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã ɖa la. Elabena ele nɛ be, wòaɖu fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te.” (Korintotɔwo I, 15:24, 25) Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua aɖo eƒe taɖodzinu gbɔ bliboe ɣemaɣi; eyata magahiã be dziɖuɖu bubu sia si woɖo la nagakpɔtɔ anɔ Yehowa kple ameƒomea dome o. Eye esi wònye be woaɖe nuvɔ̃ ɖa keŋkeŋ eye woaxɔ ameƒomea bliboe ta la, Yesu ƒe wɔƒe si nye ameƒomea Ðela la ava nuwuwu. Biblia ɖe esia me be: “Ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade amesi tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye wo katã le wo katã me.”—Korintotɔwo I, 15:28.
14. Nuka mee woana amegbetɔ deblibowo katã nato, eye nukatae?
14 Le esia megbe la, woana mɔnukpɔkpɔ ameƒome deblibo la be woaɖee afia be yewoƒe tiatiae nye be yewoasubɔ Mawu vavã ɖeka kolia la tegbee. Eyata hafi Yehowa naxɔ wo woanye viawo bliboe la, ana ame deblibo mawo katã nato dodokpɔ mamlɛa me. Woaɖe ga Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso aʋli me. Esia magblẽ nu le amesiwo lɔ̃a Yehowa nyateƒe la ŋu wòaxɔ ɣeyiɣi didi o. Gake amesiwo katã ɖe mɔ nuteƒemawɔmawɔtɔe be wokplɔ wo yi tomaɖomaɖo Yehowa mee la, woatsrɔ̃ wo tegbee, akpe ɖe aglãdzela gbãtɔa kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu.—Nyaɖeɖefia 20:7-10.
15. Nukae aganɔ anyi ake le Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la dome?
15 Ekema Yehowa axɔ ame deblibo siwo katã nɔ eƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi le dodokpɔ mamlɛ ma me woanye viawo azɔ. Tso ɣemaɣi dzi la, woase vivi bliboe le Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me anye Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me tɔwo. Nuwɔwɔ siwo katã si nunya le le dziƒo kple anyigba dzi agawɔ ɖeka ake le tadedeagu na eya Mawu vavã ɖeka kolia la me. Ekema Yehowa ƒe tameɖoɖo akpɔ dzidzedze le ŋutikɔkɔe me! Enye wò didi be yeanye xexeame katã ƒe ƒome kpɔdzidzɔ mavɔ ma me tɔa? Ne enyee la, ke míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖe nusi Biblia gblɔ le Yohanes I, 2:17 dzi, be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”
Numetoto
• Ƒomedodo kae nɔ Yehowa kple eƒe tadeagulawo katã dome do ŋgɔ na aglãdzedze le Eden?
• Agbanɔamedzi kae le amesiwo nye Mawu subɔlawo dzi?
• Amekawo hãe ava zu Mawu viwo, eye aleke esia do ƒome kple Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe ɖekawɔwɔ le tadedeagu me ŋui?
[Nɔnɔmetata si le axa 190]
Amegbetɔ siwo nye toɖolawo ase vivi le agbenɔnɔ me le paradiso si axɔ anyigba katã dzi me