-
Yehowa ƒe Alɔ Meto Ðe Eme OYesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
17. Amekae nye Zion ƒe Xɔnametɔ, eye ɣekaɣie wògbugbɔ Zion ƒle?
17 Le Mose ƒe Sea te la, xɔnametɔ alo ameɖeleawɔbamela ate ŋu agbugbɔ Israel-vi si dzra eɖokui zu kluvi la aƒle tso kluvinyenye me. Wogblɔe do ŋgɔ le Yesaya ƒe nyagblɔɖigbalẽa me be Yehowa nye Xɔnametɔ na amesiwo trɔ dzime. (Yesaya 48:17) Wogagblɔe ake le afisia hã be enye Xɔnametɔ na dzimetrɔlawo. Yesaya ŋlɔ Yehowa ƒe ŋugbedodoa ɖi be: “Anye ɖela ava na Zion, eye na amesiwo trɔ tso woƒe dzidadawo me le Yakob; Yehowa ye gblɔe.” (Yesaya 59:20) Ŋugbedodo sia si ŋu kakaɖedzi le la va eme le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Gake egava eme ake. Apostolo Paulo yɔ nya siawo tso Septuagint Biblia gɔmeɖeɖea me ku ɖe Kristotɔwo ŋu. Eŋlɔ bena: “Nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Ðela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ; eye esiae nye nubabla, si le mía kpli wo dome, ne maɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa.’” (Romatɔwo 11:26, 27) Le nyateƒe me la, Yesaya ƒe nyagblɔɖia gava me le mɔ si keke ta wu nu—eye eɖo míaƒe ɣeyiɣia me kple emegbe. Le mɔ ka nu?
-
-
Yehowa ƒe Alɔ Meto Ðe Eme OYesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
-
-
19. Nubabla kae Yehowa wɔ kple Mawu ƒe Israel la?
19 Azɔ Yehowa bla nu kple Mawu ƒe Israel. Míexlẽ be: “Yehowa be: Nusi mebla kpli wò la, enye si: Nye gbɔgbɔ, si le dziwò, kple nye nya, si metsɔ de nuwò la, mate ɖa le nuwò me alo le viwòwo kple viwòwo ƒe viwo nu me o, tso fifia ɖaseɖe mavɔ me, Yehowa ye gblɔe!” (Yesaya 59:21) Nya siawo ɖava eme ɖe Yesaya ŋutɔ dzi loo alo meɖava eme o, wova eme ɖe Yesu, amesi woka ɖe edzi na be ‘akpɔ eƒe dzidzimeviwo’ la ya dzi. (Yesaya 53:10) Yesu gblɔ nya siwo wòse tso Yehowa gbɔ, eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ nɔ edzi. (Yohanes 1:18; 7:16) Esɔ be nɔvia kple hatidziɖula siwo nye Mawu ƒe Israel la me tɔwo hã xɔa Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea eye woɖea gbeƒã gbedasi si wose tso wo Fofo si le dziƒo la gbɔ. Wo katã wonye “Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:13; Luka 12:12; Dɔwɔwɔwo 2:38) Eɖanye to Yesaya dzi alo to Yesu, amesi Yesaya tsi tre ɖi na le nyagblɔɖi me dzi o, Yehowa bla nu azɔ be yemaɖɔ li wo akpɔ o ke boŋ yeazã wo woanye yeƒe ɖasefowo yi ɖe mavɔ me. (Yesaya 43:10) Gake amekawoe nye wo ‘vi’ siwo hã nubabla sia aɖe vi na?
-