-
Kpɔ Nyuie Be Wò Dzi Nagable Wò OMawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
-
-
7 Kristotɔ ate ŋu asusui vodadatɔe be yeƒe dzi mate ŋu able ye abe ale si wòdzɔ ɖe Yeremiya ŋɔlimetɔwo dzi ene gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, esɔ be ame nasusu be, ‘Ele be makpɔ egbɔ be nye dɔwɔɖui nagage le asinye o ale be mate ŋu akpɔ nye ƒomea dzi nyuie.’ Ke ne esia na wògblɔ be, ‘Ele be made suku akpee bene ɖoƒe si mele le dɔme nagage le asinye o alo be makpɔ dɔ gã aɖe awɔ’ ya ɖe? Adze abe nunya le nuŋububu alea hã me ene, si ana wòaƒo nya ta be, ‘Nuwo megale abe tsã ene o, fifia ele be ame nade yunivɛsiti hafi dɔ mage le esi o, eye agbea nanya nɔ nɛ.’ Kpɔ ale si wòle bɔbɔe be ame nabu aɖaŋuɖoɖo nyui si tso kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa gbɔ ku ɖe suku geɖe dede ŋu nu tsɛe, eye wòava nɔ kpekpewo dam ƒu la ɖa! Le sukudede ƒe nya sia me la, ame aɖewo va le xexea ƒe nukpɔsusu xɔm de eme vivivi. (Ef. 2:2, 3) Esɔ be Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migaɖe mɔ xexea nazi mia dzi miatrɔ ɖe eƒe nɔnɔme nu o.”—Rom. 12:2, Phillips.a
Ðe wò dzi ble wò ale be mègadea kpekpeawo edziedzi oa?
-
-
Kpɔ Nyuie Be Wò Dzi Nagable Wò OMawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
-
-
a Biblia gɔmeɖeɖe si nye NET Bible (2005) gblɔ be: “Migatrɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖe fifi xexea ƒe nuwɔnawo nu o.” Eƒe etenuŋɔŋlɔ gblɔ be: “Edze ƒãa be ɣeaɖewoɣi la, ‘tɔtrɔ’ ɖe fifi xexea ƒe nuwɔnawo nu yia edzi le amea ŋutɔ ƒe manyamanya me. Gake . . . amea nyana va se ɖe afi aɖe be yele tɔtrɔm.”
-