Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Nukata Wòle Be Nàɖu Dzikudodo Dzi?
AFƆKU aɖe ƒe gɔmedzedzee nye ema. John blu ɖe eƒe ŋugbetɔ yeye Gingera ta be: “Fifia si mezu aƒe sia ƒe ta la, màdo ŋukpem to megbetsitsi dzi kura o.” Enɔ bublum ɖe edzi wu aɖabaƒoƒo 45, evɔ meɖe mɔ nɛ be wòatso o. Amedzudzu va zu nusi wòwɔna ɖaa le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Nublanuitɔe la, dzikudodo ƒe nɔnɔme si le John si la va do gã ɖe edzi. Eyata etua ʋɔwo sesĩe, ƒoa dzodoƒe kplɔ̃ dzi sesĩe, hekua ʋu sesĩe eye wòƒoa kuɖɔɖotia dzi ŋusẽtɔe tsɔa ame bubuwo ƒe agbe dea afɔku me.
Nublanuitɔe la, abe alesi nènya kɔte ene la, amewo wɔa nu mawo zi geɖe. Ðe ŋutsu sia ƒe dzikudodoa sɔa, alo ɖe mete ŋu le edzi ɖum o? Ðe dzikudodo ɖesiaɖe gblẽa? Ɣekaɣie woagblɔ be ame mete ŋu ɖu eƒe dziku dzi o? Ɣekaɣie wòagbɔ eme?
Dzikudodo si dzi wote ŋu ɖuna ate ŋu asɔ. Le kpɔɖeŋu me, Mawu do dziku ɖe blemadu siwo nye Sodom kple Gomora siwo nɔ agbe gbegblẽ ŋu. (Mose I 19:24) Nukatae? Nusitae nye be wonya nyuie le nuto ma me be du mawo me nɔlawo wɔ ŋutasẽnuwo eye woƒo wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔna nyɔŋuwo me. Le kpɔɖeŋu me, esime mawudɔlawo yi ɖasrã ame dzɔdzɔe Lot kpɔ la, nuvlowɔha si me ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo nɔ te kpɔ be yewoadɔ Lot ƒe amedzroawo gbɔ sesẽe. Yehowa Mawu tɔ dzɔ be wòdo dziku ɖe wo ŋu ɖe woƒe agbegbegblẽnɔnɔ nyɔŋu la ta.—Mose I 18:20; 19:4, 5, 9.
Ame dzɔdzɔe Yesu Kristo hã do dziku ɣeaɖewoɣi abe Fofoa ene. Ðe wòle be gbedoxɔ si nɔ Yerusalem nanye afisi Mawu ƒe ame tiatiawo nasubɔ le hafi. ‘Gbedoxɔe’ wòle be wòanye, afisi amewo atsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo ana Mawu le kple afisi woafia eƒe mɔwo wo le be woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. Gbedoxɔa mee woate ŋu aƒo nu kple Yehowa le. Ðe ema teƒe la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli la trɔ gbedoxɔ wòzu ‘nudzraƒe’ kple ‘adzodalawo ƒe do.’ (Mateo 21:12, 13; Yohanes 2:14-17) Wokpɔ viɖe tso vɔsalãwo dzadzra me. Le nyateƒe me la, wonɔ amewo tafam. Eyata Mawu ƒe Via tɔ dzɔ keŋkeŋ be wònyã adzodala mawo ɖa le Fofoa ƒeme. Eme kɔ be Yesu do dziku!
Ne Ame Madeblibowo Do Dziku
Esɔ be ame madeblibo hã ate ŋu ado dziku ɣeaɖewoɣi. Bu nusi dzɔ ɖe Mose dzi ŋu kpɔ. Ðeko woɖe Israel-dukɔa nukutɔe tso Egipte koe nye ma. Yehowa ɖu Egipte-mawuwo dzi kple eƒe ŋusẽ to fukpekpe ewo hehe va Egiptetɔwo dzi me. Eʋu mɔ na Israel-viwo emegbe wosi to Ƒudzĩa me, esi wòmã ƒu la me. Ema megbe wokplɔ wo yi Sinai-toa te afisi woɖo wo wozu dukɔ le. Mose si nye domenɔla la lia toa be yeaxɔ Mawu ƒe seawo. Yehowa tsɔ Se Ewoawo kple bubu siwo “Mawu ŋutɔ ƒe asibide” ŋlɔ ɖe kpe siwo dzi Mawu ŋutɔ kpa le toa dzi la na Mose. Gake esi Mose ɖi tso toa dzi la, nukae wòkpɔ? Dukɔ la nɔ sikanyivi aɖe ƒe legba subɔm! Aleke woheŋlɔ nu be kaba nenema! Kwasiɖa ʋee aɖewo koe nye ma va yi. Esɔ be “dɔme ve Mose.” Exlã kpeawo ɖe anyi eye wògbã nyivia ƒe legba la.—Mose II, 31:18; 32:16, 19, 20.
Le ɣebubuɣi la, Mose do dziku esime dukɔa to nyatoƒoe le tsi ƒe anyimanɔmanɔ ta. Dzikudodo wɔe be ame fafa alo ɖokuibɔbɔla si wònye wonya la bu vie. Esia na wòwɔ vodada gã aɖe. Le esi teƒe be Mose nakafu Yehowa be eyae nye Israel ƒe Nunala la, eƒo nu na ameawo adãtɔe eye wòhe susu yi nɔvia Aron kple eya ŋutɔ dzii. Eyata Mawu kpɔe be edze be yeahe to na Mose. Makpɔ mɔ ayi ŋugbedodonyigba la dzi o. Le nusia si dzɔ le Meriba megbe la, womegagblɔ Mose ƒe dzikudodo bubu aɖeke ŋu nya o. Edze ƒã be esrɔ̃ nu tso eƒe vodada me.—Mose IV, 20:1-12; Mose V, 34:4; Psalmo 106:32, 33.
Eyata vovototo le Mawu kple amegbetɔ dome. Yehowa ate ŋu ‘alé eƒe dziku nu’ eye woɖɔe wòsɔ be enye amesi “gbɔa dzi blewu” elabena lɔlɔ̃, ke menye dziku o, ye nye eƒe nɔnɔme vevitɔ. Nusi mesɔ o ye doa dziku nɛ eye esɔ nenema hã eye ete ŋu ɖua edzi. (Mose II, 34:6; Yesaya 48:9; Yohanes I, 4:8) Ame deblibo Yesu Kristo te ŋu ɖu eƒe dziku dzi ɣesiaɣi; woɖɔe be enye amesi ƒe “dɔme fa.” (Mateo 11:29) Gake esesẽ na ame madeblibowo, abe xɔsetɔ Mose gɔ̃ hã ene, be wòate ŋu aɖu eƒe dziku dzi.
Ame akpa gãtɔ mete ŋu dea dzesi nusiwo dona tso dzikudodo me o. Afɔku ate ŋu adzɔ ne womeɖu dziku dzi o. Le kpɔɖeŋu me, nukawoe ado tso eme na srɔ̃ŋutsu aɖe si do dziku ɖe srɔ̃ ŋu ale gbegbe be wòtu kɔ gli heŋɔ do ɖe eme? Nunɔamesi aɖe dome agblẽ. Nu vevi ate ŋu awɔ asi nɛ. Gake tsɔ wu ema la, nukae eƒe dzikudodoa agblẽ le srɔ̃a ƒe lɔlɔ̃ kple bubu si le esi nɛ ŋu? Woate ŋu adzra glia ɖo le ŋkeke ʋee aɖewo megbe, eye nu vevi si wɔ asi nɛ la ate ŋu aɖɔ ɖo le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe ya; gake ɣeyiɣi didi kae wòaxɔ hafi srɔ̃a nagaka ɖe edzi ahabui?
Le nyateƒe me la, amesiwo mete ŋu ɖu woƒe dziku dzi o eye wokpe emetsonuwo ƒe fu la ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me fũ. Bu wo dometɔ ʋee aɖewo ŋu kpɔ. Wonyã Kain le nɔvia Habel wuwu megbe. Simeon kple Lewi fofo ƒo fi de wo le esi wowu Sixem-ŋutsuwo ta. Yehowa na Uziya dze anyi le esi Uziya do dɔmedzoe ɖe nunɔla siwo dze agbagba be yewoaɖɔe ɖo la ŋu. Esime “dzi ku” Yona “vevie” la, Yehowa ka mo nɛ. Wobia akɔnta tso wo dometɔ ɖesiaɖe si le woƒe dzikudodo ta.—Mose I, 4:5, 8-16; 34:25-30; 49:5-7; Kronika II, 26:19; Yona 4:1-11.
Kristotɔwo Bua Akɔnta
Nenema ke wòle be Kristotɔwo nabu akɔnta le woƒe nuwɔnawo ŋu na Mawu kple woƒe haxɔsetɔwo siaa vaseɖe afi aɖe. Esia dze gaglã le Helagbe me nya siwo Biblia zãna tsɔ fia dzikudodo me. Nyagbe eve siwo wozãna vevie dometɔ ɖekae nye or·geʹ. Woɖea egɔme zi geɖe be “dziku” eye susu si nye be nua le nyanya na ame eye wòɖoe kplikpaa be yele hlɔ̃ bia ge gɔ̃ hã dzena le eme zi geɖe. Eyata Paulo ƒoe ɖe Roma Kristotɔwo nu be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku [or·geʹ]; la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ lae gblɔe.’” Le esi teƒe be wo nɔviwo ƒe nu nanɔ dɔme vem na wo la, wode dzi ƒo na wo be ‘woatsɔ nu nyui aɖu vɔ̃ dzi boŋ.’—Romatɔwo 12:19, 21.
Nyagbe bubu si wogazãna zi geɖe hãe nye thy·mosʹ. Gbe si me woɖe nya sia tsoe gɔme koŋ “fia alesi ya ƒona sesĩe, tsi sina sesĩe, anyigba ʋuʋuna sesĩe, lãwo alo amewo zɔna sesĩe.” Eyata woɖɔa nyagbe sia le mɔ vovovowo nu be enye “dzikudodo heliheli” “dzikudodo kabakaba” alo “seselelãme sesẽ si nana ame ƒe susu medzea akɔ anyi o, si wɔnɛ be wotsia dzodzodzoe henɔ toli ɖem amewo le aƒeme kple le dutoƒo.” Ŋutsu alo nyɔnu si mete ŋu ɖua eƒe dziku dzi o la le abe dzoto si tua dzofi xɔdzo, kpe kple tsu siwo ate ŋu ade abi ame ŋu, awɔ ame nuwɔmetɔ, ahawu ame nyanya manamanae ene. Thy·mosʹ ƒe xexlẽme agbɔsɔsɔtɔ ye wozã le Galatiatɔwo 5:20, afisi Paulo yɔ “dɔmedzoedodowo” kpe ɖe ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ bubuwo (kpukpui 19) abe matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye kple ahamumuwo ŋu ene le. Kakaɖedzitɔe la, John ƒe nɔnɔme—si míeɖɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedzea—fia “dɔmedzoedodowo” ƒe kpɔɖeŋu aɖe.
Eyata aleke Kristo-hamea abu emenɔla siwo wɔa ŋutasẽnuwo edziedzi ɖe ame ŋu alo gblẽa ame bubuwo ƒe nunɔamesiwo dome? Dziku si dzi womete ŋu ɖuna o gblẽa nu eye wòkplɔa ame dea ŋutasẽnuwɔwɔ me bɔbɔe. Eyata esɔ be Yesu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Mateo 5:21, 22) Woxlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.” Amesi nye “dɔmedzoetɔ” la medze wòanye dzikpɔla le hamea me o. Eyata womate ŋu atsɔ amesiwo mete ŋu ɖua woƒe dziku dzi o aɖo kpɔɖeŋu na hamea o. (Kolosetɔwo 3:19; Tito 1:7; Timoteo I, 2:8) Le nyateƒe me la, ne wosusu amesi mete ŋu ɖua eƒe dɔmedzoedodowo dzi o ƒe nuwɔna, nɔnɔme, kple alesi gbegbe wògblẽ ame bubuwo ƒe agbe dome ŋu vɔ la, woate ŋu anyãe le hamea me—nu wɔnublanui kae nye si ado tso eme.
Ðe John si ŋu nya míegblɔ do ŋgɔ te ŋu ɖu eƒe seselelãmewo dzia? Ðe wòte ŋu wɔ nane tso eƒe nɔnɔme si kplɔe ɖo ta afɔku me la ŋua? Nublanuitɔe la, eƒe ɣlidodoa keke ta va zu asiɖoɖo kple asitutu ame. Asidodo ɖe ame ƒe ŋkume nyaheheɖeameŋutɔe na eƒe asibidɛ wɔ abi hevenɛ. John kpɔ egbɔ be yemede abi yesrɔ̃a ƒe afisiwo dzena bɔbɔe ŋu o eye wòdze agbagba ɣla eƒe nɔnɔmea. Gake mlɔeba la, eva te afɔkpotutui, kɔtutui, ɖahehe kple fu wɔwɔe. Ginger kple John dome klã fifia.
Mele be esia nadzɔ hafi o. Ame geɖe siwo le nɔnɔme sia tɔgbe me te ŋu ɖu woƒe dziku dzi. Eyata aleke gbegbe wòle vevie enye si be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu deblibo si Yesu Kristo ɖo ɖi la. Womebu fɔe zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã kpɔ ɖe dɔmedzoedodo si dzi mete ŋu ɖu ta o. Eƒe dziku sɔna ɣesiaɣi; megbea edziɖuɖu o. Paulo xlɔ̃ nu mí katã nunyatɔe be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o.” (Efesotɔwo 4:26) Ne míebɔbɔ mía ɖokui de dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo abe amegbetɔwo ene, eye míenya be míaŋe nusi míeƒã la, asɔ na mí be míaɖu dzikudodo dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 22]
Saul Di be Yeawu Dawid/The Doré Bible Illustrations/Dover Publications, Inc.