-
“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O”Gbetakpɔxɔ—2007 | July 1
-
-
“Migabia Hlɔ̃ Na Mia Ðokui O”
15. Susu vevi si tae mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o kae dze le Romatɔwo 12:19?
15 Paulo yi edzi gblɔ susu vevi bubu si ta mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o; si nye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia. Egblɔ be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’” (Romatɔwo 12:19) Kristotɔ si biaa hlɔ̃ na eɖokui la nye dadala. Eɖonɛ eɖokui dzi wɔa nu si wòle be Mawu nawɔ hafi la. (Mateo 7:1) Gakpe ɖe eŋu la, le hlɔ̃biabia na eɖokui me la, eɖenɛ fiana be yemexɔ Yehowa ƒe kakaɖedzinya si nye, “Nye la maɖo eteƒe” la dzi se o. To vovo na esia la, Kristotɔ vavãwo ka ɖe edzi be Yehowa ‘ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe ame tiatiawo.’ (Luka 18:7, 8; Tesalonikatɔwo II, 1:6-8) Woɖea asi le hlɔ̃biabiaa ŋu na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe.—Yeremya 30:23, 24; Romatɔwo 1:18.
-
-
“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe Na Ame Aɖeke O”Gbetakpɔxɔ—2007 | July 1
-
-
18. Nu ka tae wɔɖenuimawɔmawɔ nye nu si sɔ, nu si me lɔlɔ̃ le, eye wònye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia?
18 Romatɔwo ta 12 lia me dzodzro kpuie alea kpe ɖe mía ŋu míekpɔ susu vevi vovovo siwo tae mele be ‘míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.’ Gbã la, míekpɔe be asiɖoɖo mía ɖokui dzi be míagawɔ wɔɖenui o ye nye nuwɔna si sɔ. Le dɔmetɔtrɔ si Mawu ɖe fia mí ta la, esɔ eye susu le eme be míatsɔ mía ɖokui ana Yehowa eye míawɔ ɖe eƒe sewo—siwo dome sedede si nye be míalɔ̃ míaƒe ketɔwo hã le—dzi tso dzi me faa. Evelia, gbegbe be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o nye nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me. Ne míeƒoa asa na wɔɖenuiwɔwɔ hetia ŋutifafa yome la, efia be míekpɔa mɔ lɔlɔ̃tɔe be míate ŋu akpe ɖe tsitretsiɖeŋula sẽŋuta aɖewo gɔ̃ hã ŋu woava zu Yehowa subɔlawo. Etɔ̃lia, ne míeɖoe be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o la, enye ɖokuibɔbɔ ɖeɖe fia. Hlɔ̃biabia na mía ɖokui anye nuwɔwɔ dadatɔe, elabena Yehowa gblɔ be: “Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.” Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu hã be: “Afisi dada le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Nu vɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu ŋuti hlɔ̃biabia gbegblẽ ɖe Mawu si me nunyatɔe ɖenɛ fiana be míenye ɖokuibɔbɔlawo.
-