TA 19
“Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”
1, 2. “Nya ɣaɣla kɔkɔe” kae wòle be wòaka mí, eye nu ka tae?
NYA ƔAƔLAWO! Esi amewo doa vivi ɖe wo ŋu, wo sese dzɔa dzi na ame, eye wowɔa nuku na ame ta la, zi geɖe esesẽna na amegbetɔwo be woana nya ɣaɣlawo nanɔ ɣaɣla. Gake Biblia gblɔ be: “Enye bubu na Mawu be wòaɣla nya.” (Lododowo 25:2) Ɛ̃, esɔ be Yehowa, Dziɖulagã kple Wɔla Gã la, tsɔa nanewo ɣlana ɖe amegbetɔƒomea va se ɖe esime eƒe ɣeyiɣia de be wòaɖe wo ɖe go.
2 Gake nya ɣaɣla dodzidzɔname wɔnuku aɖe li si Yehowa ʋu goe le eƒe Nyaa me. Woyɔe be “[Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu le nya ɣaɣla kɔkɔe la ŋu.” (Efesotɔwo 1:9) Nusɔsrɔ̃ tso nya sia ŋu ana nànya nu si wònye eye wòate ŋu ahe viɖe geɖe vɛ na wò. Nya ɣaɣla sia nyanya ate ŋu ana nàkpɔ xɔxɔ eye wòagate ŋu ana nàkpɔ Yehowa ƒe nunya si seɖoƒe meli na o la ƒe akpa sue aɖe hã.
Woɖee Ðe Go Vivivi
3, 4. Aleke nyagblɔɖi si le 1 Mose 3:15 naa mɔkpɔkpɔ amee, eye “nya ɣaɣla kɔkɔe” kae le eme?
3 Esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, adze abe ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo be anyigba la nanye paradiso si me amegbetɔƒome deblibo nanɔ la me gblẽ ene. Gake Mawu kpɔ kuxia gbɔ enumake. Egblɔ be: “Mana fuléle nanɔ wò [da la] kple nyɔnu la dome, wò dzidzimevi kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome. Eya agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—1 Mose 3:15.
4 Nya siawo nye nya ɣaɣla siwo tɔtɔa ame. Ame kae nye nyɔnu sia? Ame kae nye da la? Ame kae nye “dzidzimevi” si agbã ta na da la? Ne Adam kple Xawa bu eŋu hã la, womekpɔ ŋuɖoɖoawo o. Gake Mawu ƒe nya sia na mɔkpɔkpɔ srɔ̃tɔ mawɔnuteƒe mawo ƒe dzidzimevi ɖe sia ɖe si awɔ nuteƒe. Dzɔdzɔenyenye aɖu dzi godoo. Yehowa ƒe tameɖoɖo ava eme. Gake aleke wòava emee? Aa, enye nya ɣaɣla vavã! Biblia yɔe be “Mawu ƒe nunya si woɖe fia le nya ɣaɣla kɔkɔe me.”—1 Korintotɔwo 2:7.
5. Wɔ nu si ta Yehowa ɖe eƒe nya ɣaɣla ɖe go vivivi la ƒe kpɔɖeŋu.
5 Yehowa, “Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana,” ava ɖe ale si nya ɣaɣla sia ƒe akpa vovovoawo ava emee la ɖe go mlɔeba. (Daniel 2:28) Gake aɖee afia vivivi ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atsɔ susu ayi ale si vifofo lɔ̃ame aɖo nya ŋu na viaŋutsu sue si biae be, “Papa, aleke mewɔ va dzɔ?” la dzi. Nya ʋɛ siwo gɔme ɖevi sue ma ate ŋu ase la koe vifofo nyanu agblɔ nɛ. Ne ɖevia le tsitsim la, fofoa anɔ nya bubuwo gblɔm kpee nɛ. Nenema kee Yehowa nya ɣeyiɣi si sɔ na eƒe amewo be wòaʋu go eƒe lɔlɔ̃nu kple tameɖoɖo na wo.—Lododowo 4:18; Daniel 12:4.
6. (a) Taɖodzinu kae le nubabla, alo ɖoɖo si woŋlɔ ɖi ŋu? (b) Nu ka tae wònye nu si ɖe dzesi be Yehowa nawɔ nubabla kple amegbetɔwo?
6 Aleke Yehowa ɖe nya mawo ɖe goe? Ewɔ nubabla, alo ɖoɖo vovovowo tsɔ ɖe nya geɖe ɖe goe. Anɔ eme be nèwɔ ɖoɖo kple ame aɖe kpɔ si mieŋlɔ ɖi—ɖewohĩ be nàƒle aƒe alo nàdo ga le ame aɖe gbɔ loo alo wò nàdo ga na amea. Ðoɖo ma si mieŋlɔ ɖi va zu kpeɖodzi le se nu be miawɔ ɖe nu siwo dzi mielɔ̃ ɖo le eme la dzi. Gake nu ka tae wòhiã be Yehowa nawɔ nubabla, alo ɖoɖo si woŋlɔ ɖi kple amegbetɔwo? Godoo la, eƒe nya si wògblɔ la nye kpeɖodzi deblibo le eƒe ŋugbedodowo ŋu xoxo. Ema le eme baa, gake le ɣeyiɣi aɖewo dzi la, Mawu wɔ ɖoɖo si sɔ le se nu dɔmenyotɔe tsɔ da megbe na eƒe nyawoe. Ðoɖo matrɔmatrɔ siawo na kpeɖodzi siwo sẽŋu wu la mí amegbetɔ madeblibowo be míaka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi.—Hebritɔwo 6:16-18.
Eƒe Nubabla Kple Abraham
7, 8. (a) Nu kae Yehowa bla kple Abraham, eye aleke wòna nya ɣaɣla kɔkɔe la me gakɔ ɖe edzii? (b) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, aleke Yehowa na ƒome si me dzidzimevi si ŋugbe wòdo adzɔ tso la me kɔe?
7 Ƒe akpe eve kple edzivɔ tso esime wonya amegbetɔ tso Paradiso me megbe la, Yehowa gblɔ na esubɔla wɔnuteƒe Abraham be: “Mana wò dzidzimevi nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene . . . Eye anyigbadziƒomewo katã axɔ yayra to wò dzidzimevi la dzi, elabena èɖo to nye gbe.” (1 Mose 22:17, 18) Nya siawo de ŋgɔ wu ŋugbedodo dzaa ko; Yehowa gblɔe abe ale si wowɔa nubabla le se nu ene eye wòtsɔ eƒe atamkaka si metrɔna o la da megbe nɛ. (1 Mose 17:1, 2; Hebritɔwo 6:13-15) Aleke gbegbe wòwɔ nukue nye esi be Aƒetɔ Dziɖulagã la nawɔ ɖoɖo si woŋlɔ ɖi ŋutɔŋutɔ be yeayra ameƒomea!
“Mana wò dzidzimevi nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo . . . ene”
8 Abraham ƒe nubabla la ɖee fia be dzidzimevi si ŋugbe wodo la ava abe amegbetɔ ene, elabena ado tso Abraham ƒe ƒomea me. Gake ame kae wòanye? Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ɖee fia be le Abraham ƒe viŋutsuawo dome la, Isak ye anye dzidzimevia ƒe tɔgbui. Le Isak viŋutsu eveawo dome la, Yakob ye wotia. (1 Mose 21:12; 28:13, 14) Emegbe Yakob gblɔ nyagblɔɖinya siawo na viaŋutsu 12-awo dometɔ ɖeka be: “Fiatikplɔ la mate ɖa le Yuda gbɔ o, eye gbeɖela ƒe atikplɔ hã mate ɖa le ekɔme o, va se ɖe esime Silo [alo, “Ame Si Tɔ Wònye,” etenuŋɔŋlɔ] nava, eyae dukɔwo aɖo toe.” (1 Mose 49:10) Azɔ wova nya be dzidzimevia anye fia, ame si adzɔ tso Yuda-toa me!
Nubabla Kple Israel
9, 10. (a) Nu kae Yehowa bla kple Israel dukɔa, eye takpɔkpɔ kae nubabla la nye? (b) Aleke Sea ɖe ale si ameƒomea hiã tafee la fiae?
9 Le ƒe 1513 D.Y. me la, Yehowa wɔ ɖoɖo aɖe si ʋu mɔ na nya geɖe ɖeɖe ɖe go ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu. Ebla nu kple Abraham ƒe dzidzimevi siwo nye Israel dukɔa. Togbɔ be Mose ƒe Sea megale dɔ wɔm egbea o hã la, Se ƒe nubabla la wɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖo ku ɖe dzidzimevia ƒe vava ŋu me. Le mɔ ka nu? Bu mɔ etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ. Gbã, Sea nɔ abe gli si tɔ kpɔ ɖe wo ŋu ene. (Efesotɔwo 2:14) Eme ɖoɖo dzɔdzɔeawo nɔ abe mɔxenu si ma Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo dome ene. Eya ta Sea kpɔ dzidzime si me dzidzimevia adzɔ tso la ta. Enyo ŋutɔ be takpɔkpɔ sia na dukɔa kpɔtɔ nɔ anyi esime Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de be woadzi Mesia la ɖe Yuda-toa me.
10 Evelia, Sea ɖee fia kɔtɛ be ameƒomea hiã tafe. Esi wònye Se deblibo ta la, eɖe ale si amegbetɔ nu vɔ̃ mewo mete ŋu wɔ ɖe edzi bliboe o la fia. Eya ta ‘ena vodadawo dze, va se ɖe esime dzidzimevi si ŋu ŋugbedodoa ku ɖo la nava ɖo.’ (Galatiatɔwo 3:19) To lãwo ƒe vɔsawo dzi la, Sea lé avu ɖe nu vɔ̃wo ta va se ɖe ɣeyiɣi aɖe. Gake abe ale si Paulo ŋlɔe ene la, esi wònye be “nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nu vɔ̃wo ɖa o” ta la, ɖeko vɔsa mawo nye vɔvɔli na Kristo ƒe tafevɔsa la ŋutɔ. (Hebritɔwo 10:1-4) Eya ta le Yudatɔ wɔnuteƒewo gome la, nubabla ma va zu “mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ.”—Galatiatɔwo 3:24.
11. Mɔkpɔkpɔ gã wɔnuku kae Se ƒe nubabla la tsɔ ɖo Israel-viwo ŋkume, gake nu ka tae mɔnukpɔkpɔa to dukɔa ŋu?
11 Etɔ̃lia, nubabla ma na mɔkpɔkpɔ gã wɔnuku aɖe Israel dukɔa. Yehowa gblɔ na wo be ne wowɔ nuteƒe le nubabla la me léle ɖe asi me la, woava zu “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe.” (2 Mose 19:5, 6) Mlɔeba la, dzɔdzɔme Israel-viwo te ŋu va zu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe si anɔ dziƒo la me tɔ gbãtɔwo ya. Gake abe dukɔ ene la, Israel-viwo dze aglã ɖe Se ƒe nubabla la ŋu, wogbe dzidzimevi si nye Mesia la, eye mɔnukpɔkpɔ ma to wo ŋu. Ekema ame kawo mee woakpɔ nunɔlawo ƒe fiaɖuƒea me tɔwo ƒe xexlẽmea tsoe hafi wòade? Eye ƒomedodo kae anɔ dukɔ yayra ma kple dzidzimevia dome? Woava ɖe nya ɣaɣla kɔkɔe la ƒe akpa siawo ɖe go le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.
David Ƒe Fiaɖuƒe Nubabla La
12. Nu kae Yehowa bla kple David, eye aleke wòna kekeli klẽ ɖe Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea dzii?
12 Le ƒe alafa 11 lia D.Y. me la, Yehowa gana kekeli klẽ ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea dzi esime wògawɔ nubabla bubu. Edo ŋugbe na nuteƒewɔla Fia David be: “Maɖo wò dzidzimevi si ava ɖe yowòme, . . . eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke. . . . Mali ke eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui tegbee.” (2 Samuel 7:12, 13; Psalmo 89:3) Fifia wova tɔ asi David ƒe aƒea dzi tẽe be eya mee dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la adzɔ tso. Gake ɖe amegbetɔ gbɔlo ate ŋu aɖu dzi ɖaa tegbeea? (Psalmo 89:20, 29, 34-36) Eye ɖe fia si nye amegbetɔ ate ŋu aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku mea?
13, 14. (a) Abe ale si wòdze le Psalmo 110 ene la, ŋugbe kae Yehowa do na Fia si wòsi ami na la? (b) Nya bubu kawoe wogato Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzi ɖe ɖe go le dzidzimevia ŋu?
13 Gbɔgbɔ ʋã David wòŋlɔ be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: ‘Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinu.’ Yehowa ka atam, eye matrɔ eƒe susu o, be: ‘Nunɔlae nènye abe Melkizedek ene tegbee!’” (Psalmo 110:1, 4) Dzidzimevi si ŋugbe wodo, si nye Mesia la, ŋue David ƒe nyawo ku ɖo tẽe. (Dɔwɔwɔwo 2:35, 36) Menye Yerusalem ye Fia sia aɖu dzi atsoe o, ke boŋ tso dziƒo, le Yehowa ƒe “ɖusime.” Ema fia be menye Israel-nyigba dzi koe wòakpɔ dziɖuŋusẽ ɖo o, ke boŋ ɖe xexe bliboa katã dzi. (Psalmo 2:6-8) Wogaɖe nya bubu aɖe ɖe go le afi sia. De dzesii be Yehowa ka atam kɔkɔe be Mesia la anye ‘nunɔla abe Melkizedek ene.’ Abe Melkizedek si nye fia kple nunɔla le Abraham ƒe ŋkekea me ene la, dzidzimevi si gbɔna anye ame si Mawu ŋutɔ tia tẽe be wòanye Fia kple Nunɔla!—1 Mose 14:17-20.
14 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, Yehowa to eƒe nyagblɔɖilawo dzi ɖe nya geɖe ɖe go tso eƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya ɖee fia be dzidzimevia aku vɔsaku. (Yesaya 53:3-12) Mika gblɔ afi si woadzi Mesia la le ɖi. (Mika 5:2) Daniel gblɔ ɣeyiɣi si tututu dzidzimevia ado kple ɣeyiɣi si wòaku gɔ̃ hã ɖi.—Daniel 9:24-27.
Woʋu Go Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La!
15, 16. (a) Aleke wòva emee be “nyɔnu aɖe dzi” Yehowa ƒe Vi la? (b) Gome kae su Yesu si tso edzila siwo nye amegbetɔwo gbɔ, eye ɣekaɣie eya si nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la va do?
15 Ale si tututu nyagblɔɖi siawo ava emee la menɔ nyanya o va se ɖe esime dzidzimevia va do ŋutɔŋutɔ. Galatiatɔwo 4:4 gblɔ be: “Esi ɣeyiɣi la de keŋkeŋ la, Mawu dɔ Via ɖo ɖa, ame si nyɔnu aɖe dzi.” Le ƒe 2 D.Y. me la, mawudɔla aɖe gblɔ na Yuda ɖetugbui leaƒe Maria be: “Kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be Yesu. Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ. . . . Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Eya ta woayɔ vi si dzi ge nàla la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.”—Luka 1:31, 32, 35.
16 Emegbe Yehowa trɔ Via ƒe agbe tso dziƒo va de Maria ƒe vidzidɔ me, eye wòva eme be nyɔnu dzii. Maria nye nyɔnu si mede blibo o. Ke hã Yesu menyi blibomademade ƒe dome tso egbɔ o, elabena ‘Mawu ƒe Vie’ wònye. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu dzila siwo nye amegbetɔwo, ame siwo nye David ƒe dzidzimeviwo, na gome su esi le dzɔdzɔme nu kpakple le se nu be wòanye David ƒe fiazikpuia domenyila. (Dɔwɔwɔwo 13:22, 23) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ le ƒe 29 K.Ŋ. me la, Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ hegblɔ be: “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o.” (Mateo 3:16, 17) Dzidzimevia va do mlɔeba! (Galatiatɔwo 3:16) Fifia ɣeyiɣia de be woaɖe nya geɖe ɖe go ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu.—2 Timoteo 1:10.
17. Aleke kekelia klẽ ɖe gɔmesese si le 1 Mose 3:15 ŋu la dzii?
17 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, eɖe ame si da si woyɔ le 1 Mose 3:15 nye la fia be eyae nye Satana, eye da la ƒe dzidzimevie nye ame siwo le Satana yome. (Mateo 23:33; Yohanes 8:44) Emegbe wova ʋu go ale si woagba ta na ame siawo tegbee. (Nyaɖeɖefia 20:1-3, 10, 15) Eye woɖe ame si nyɔnua nye la fia be eyae nye “Yerusalem si le dzi,” alo Mawu srɔ̃—si fia Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, si me gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo le.a—Galatiatɔwo 4:26; Nyaɖeɖefia 12:1-6.
Nubabla Yeye La
18. Nu kae nye “nubabla yeye” la ƒe taɖodzinu?
18 Ðewohĩ nya si wɔ dɔ ɖe ame dzi wu ɖe sia ɖe si woʋu goe lae nye esi Yesu gblɔ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me, esime wòƒo nu tso “nubabla yeye” ŋu na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo. (Luka 22:20) Abe Mose ƒe Se ƒe nubabla si do ŋgɔ nɛ ene la, “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” adzɔ tso nubabla yeye sia me. (2 Mose 19:6; 1 Petro 2:9) Gake menye ŋutilã me dukɔ ye nubabla sia adzi o ke boŋ gbɔgbɔ me tɔe, “Mawu ƒe Israel,” si me tɔwo anye Kristo yomedzela wɔnuteƒe siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na. (Galatiatɔwo 6:16) Nubabla yeye sia me nɔlawo akpe ɖe Yesu ŋu le yayrawo hehe vɛ na amegbetɔƒomea me!
19. (a) Nu ka tae nubabla yeyea kpɔ dzidzedze le “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” ɖoɖo anyi me? (b) Nu ka ta woyɔa Kristotɔ amesiaminawo be “nuwɔwɔ yeye,” eye ame nenie asubɔ kple Kristo le dziƒo?
19 Gake nu ka tae nubabla yeye la kpɔ dzidzedze le “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” ɖoɖo anyi me be woayra ameƒomea? Ekpɔ dzidzedze elabena le esi wòabu fɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be wonye nu vɔ̃ wɔlawo teƒe la, eʋu mɔ na woƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke to Kristo ƒe vɔsa dzi boŋ. (Yeremiya 31:31-34) Zi ale si tenɔnɔ dzadzɛ su wo si le Yehowa ŋkume ko la, exɔa wo wozua eƒe dziƒoƒomea me tɔwo eye wòtsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe sia ami na wo. (Romatɔwo 8:15-17; 2 Korintotɔwo 1:21) Eya ta mɔnukpɔkpɔ su wo si be ‘wodzi wo yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe, si wodzra ɖo ɖe dziƒo na wo.’ (1 Petro 1:3, 4) Esi ɖoƒe kɔkɔ sia si su wo si la nye nu yeye kura na amegbetɔwo ta la, woyɔa Kristotɔ amesiamina siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la be wonye “nuwɔwɔ yeye.” (2 Korintotɔwo 5:17) Biblia ɖee fia be ame 144,000 ye akpɔ gome le eme mlɔeba aɖu ameƒomea me tɔ siwo kpɔ ɖeɖe la dzi tso dziƒo.—Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-4.
20. (a) Nya kae woʋu goe ku ɖe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu le ƒe 36 K.Ŋ. me? (b) Ame kawoe ase vivi le yayra si ƒe ŋugbe wodo na Abraham me?
20 Amesiamina siawo kpakple Yesu, va zu ‘Abraham ƒe dzidzimevi’ la.b (Galatiatɔwo 3:29) Ame gbãtɔ siwo wotia la nye ŋutilã me Yudatɔwo. Gake le ƒe 36 K.Ŋ. me la, wogaʋu go nya ɣaɣla kɔkɔea ƒe akpa bubu: Dukɔwo me tɔwo alo ame siwo menye Yudatɔwo o, hã akpɔ gome le dziƒomɔkpɔkpɔa me. (Romatɔwo 9:6-8; 11:25, 26; Efesotɔwo 3:5, 6) Kristotɔ amesiaminawo koe ase vivi le yayra siwo ƒe ŋugbe wodo na Abraham mea? Ao, elabena Yesu ƒe vɔsa ɖea vi na xexe blibo la. (1 Yohanes 2:2) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ʋu goe be “ameha gã” siwo xexlẽme meli na o la atsi agbe le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Woafɔ ame gbogbo aɖewo hã ɖe tsitre eye mɔkpɔkpɔ asu wo si be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me!—Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 20:11-15; 21:3, 4.
Mawu Ƒe Nunya Kple Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La
21, 22. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ɖe eƒe nunya fia le?
21 Nya ɣaɣla kɔkɔe la nye “Mawu ƒe nunya si dze le mɔ vovovoawo nu la” ɖeɖe fia si wɔ nuku ŋutɔ. (Efesotɔwo 3:8-10) Nunya ka gbegbee nye esi Yehowa ɖe fia le nya sia ɣaɣla me, kple le eɖeɖe ɖe go vivivii me! Le nunya me, ebu amegbetɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, eye wòɖe mɔ na wo be woaɖe ale si woƒe dzi ƒe nɔnɔme le ŋutɔŋutɔ afia.—Psalmo 103:14.
22 Yehowa gaɖe eƒe nunya si nu bubu aɖeke mede o fia le Yesu tiatia be wòanye Fia me. Yehowa ƒe Vi lae nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo wu nuwɔwɔ bubu ɖe sia ɖe le xexea me godoo. Yesu to fukpekpe ƒomevi vovovowo me esime wònye amegbetɔ ŋutilã kple ʋu. Ese amegbetɔwo ƒe kuxiwo gɔme bliboe. (Hebritɔwo 5:7-9) Ke Yesu ƒe hati dziɖulawo hã ɖe? Le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, wosi ami na ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa—wotia wo tso ameƒomeviwo katã, gbegbɔgblɔwo, kple nɔnɔme vovovowo me. Kuxi aɖeke meli si me ame siawo dometɔ ɖekaɖekawo meto kpɔ eye wònɔ te ɖe enu o. (Efesotɔwo 4:22-24) Fia nunɔla nublanuikpɔla siawo ƒe dziɖuɖu te nɔnɔ anye dzidzɔ ale gbegbe!
23. Mɔnukpɔkpɔ gã kae su Kristotɔwo si ku ɖe Yehowa ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ŋu?
23 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Nya ɣaɣla kɔkɔe si woɣla tso nuɖoanyi siwo va yi kple dzidzime siwo va yi la me ke [la,] woɖee fia eƒe ame kɔkɔewo.” (Kolosetɔwo 1:26) Ɛ̃, Yehowa ƒe ame kɔkɔe siwo wòsi ami na la va se nu geɖe gɔme tso nya ɣaɣla kɔkɔe la ŋu, eye woawo hã na sidzedze sia su ame miliɔn geɖe si. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mí katã si! Yehowa na “míenya eƒe lɔlɔ̃nu le nya ɣaɣla kɔkɔe la ŋu.” (Efesotɔwo 1:9) Mina míagblɔ nya ɣaɣla wɔnuku sia na amewo eye míakpe ɖe woawo hã ŋu be woadzro Yehowa Mawu ƒe nunya si seɖoƒe meli na o me, ale si woate ŋui!
a Woɖe “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe” la ɖe go le Yesu hã me. (1 Timoteo 3:16) Be ame aɖe nate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa bliboe la nye nya si nɔ ɣaɣla ɣeyiɣi didi aɖe. Yesu ɖe ŋuɖoɖoa ɖe go. Elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔ ɖe sia ɖe si Satana he va edzii me.—Mateo 4:1-11; 27:26-50.
b Yesu hã wɔ ‘fiaɖuƒe ƒe nubabla’ kple ƒuƒoƒo ma ke. (Luka 22:29, 30) Le nyateƒe me, Yesu bla nu kple ‘“alẽha sue” sia me tɔwo be woaɖu dzi kpli ye le dziƒo ahanye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia.—Luka 12:32.