Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Aɖaŋuɖoɖo Siwo Me Nunya Le
“Mele esia gblɔm . . . be mana miawɔ nu si dze, eye miawɔ Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.”—1 KOR. 7:35.
1, 2. Nu ka tae wòle be míadzro aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la me?
NU SI nana míekpɔa dzidzɔ, tsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣi, eye míebua tame vevie le agbe me wue nye ne míele nu wɔm kple ame si ƒe vidzinu to vovo na mía tɔ. Esi wònye be míetoa nɔnɔme vovo siawo me ta la, ele be míadi Mawu ƒe mɔfiafia; gake susu bubuwo hã gali siwo tae wòhiã be míaɖe afɔ sia ɖo. Kristotɔ aɖe si trenɔnɔ doa dzidzɔ na la ase le eɖokui me be yeƒe ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo le eƒom ɖe ye nu be yeaɖe srɔ̃. Ame bubuwo ya adi be yewoaɖe srɔ̃ gake womeke ɖe ame si sɔ na wo la ŋu haɖe o. Ame bubuwo hã hiã aɖaŋuɖoɖo le ale si woawɔ adzra ɖo ɖe srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu la ŋu. Eye trewo kpakple srɔ̃tɔ Kristotɔwo siaa dzea ŋgɔ matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔwo.
2 Togbɔ be nɔnɔme siawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi hã la, nu si le vevie wue nye be wokpɔa ŋusẽ ɖe tenɔnɔ si le mía si le Yehowa Mawu ŋkume la dzi. Paulo ɖo aɖaŋu tso trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu le eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Korintotɔwo la ƒe ta 7 lia me. Eƒe taɖodzinue nye be yeaʋã nɔviawo ‘woawɔ nu si dze, eye woawɔ Aƒetɔ la ƒe subɔsubɔdɔ la ɣesiaɣi susuhenuwo manɔmee.’ (1 Kor. 7:35) Èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o, esi nèle aɖaŋu siawo siwo Paulo ɖo ku ɖe nya vevi siawo ŋu me dzrom la, dze agbagba nàkpɔ wò nɔnɔmea abe mɔ si dzi nàto asubɔ Yehowa geɖe wu ene.
Ame Ŋutɔ Ƒe Nyametsotso Vevi Aɖe
3, 4. (a) Nu kae ate ŋu adzɔ ne xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo ƒo nya ɖe ame aɖe nu be wòaɖe srɔ̃? (b) Aleke Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu?
3 Abe ale si wònɔ le Yudatɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me dome ene la, srɔ̃ɖeɖe ŋue amewo dea asixɔxɔ wu le dukɔ geɖe me egbea. Ne ɖekakpui alo ɖetugbui aɖe tsi va ɖo afi aɖe eye meɖe srɔ̃ o la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo tsɔ ɖe le eme nɛ la ate ŋu ase le wo ɖokui me be edze be yewoaɖo aɖaŋu nɛ. Ne wole dze ɖom la, woate ŋu aƒoe ɖe enu be wòadze agbagba vevie wu adi kpeɖeŋutɔ. Woate ŋu ahe eƒe susu ayi ame aɖe si wosusu be asɔ nɛ la dzi. Woate ŋu ato ayemɔ nu ana ɖekakpui aɖe kple ɖetugbui aɖe siwo mekpɔ ɖe srɔ̃ o la nado go. Nuwɔna siawo hea ŋukpe, dzigbagbã, kple xɔlɔ̃wo dome gbegblẽ vanɛ ɣeaɖewoɣi.
4 Paulo meƒo nya ɖe ame bubuwo nu kpɔ gbeɖe be woaɖe srɔ̃ loo, alo woanɔ tre o. (1 Kor. 7:7) Edze eŋu be yeasubɔ Yehowa srɔ̃maɖemaɖee, gake ede bubu gome si le ame bubuwo si be woaɖe srɔ̃ la ŋu. Nenema kee egbea hã, gome le Kristotɔ ɖekaɖekawo si be woatso nya me ne woaɖe srɔ̃ loo, alo woanɔ tre. Mele be ame bubuwo naƒo nya ɖe wo nu be woaɖe srɔ̃ loo, alo woanɔ tre o.
Na Wò Trenɔɣi Naɖe Vi Na Wò
5, 6. Nu ka tae Paulo de trenɔnɔ ƒe dzi ƒo?
5 Nya siwo Paulo ŋlɔ ɖe eƒe lɛta si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be nukpɔsusu nyuiwo le esi ku ɖe trenɔnɔ ŋu. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:8.) Togbɔ be Paulo meɖe srɔ̃ o hã la, mebui be yenyo wu ame siwo ɖe srɔ̃ la o, abe ale si Kristodukɔa ƒe nunɔla siwo meɖea srɔ̃ o la wɔnɛ ene o. Ke boŋ apostoloa he susu yi viɖe aɖe si nya nyuia ƒe gbeƒãɖela siwo meɖe srɔ̃ o la dometɔ geɖe kpɔna dzi. Viɖe mae nye eka?
6 Zi geɖe la, enɔa bɔbɔe na Kristotɔ trewo be woalɔ̃ awɔ dɔdeasi aɖewo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me, siwo ame siwo nye srɔ̃tɔwo mate ŋu awɔ o la. Wona mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe Paulo be wòanye ‘apostolo na dukɔwo.’ (Rom. 11:13) Ne èxlẽ Dɔwɔwɔwo ta 13 va se ɖe ta 20 la, àte ŋu akplɔ woa kple eƒe zɔhɛ dutanyanyuigblɔlawo ɖo le susu me akpɔ ale si wodze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le anyigbamama yeyewo me heɖo hamewo ɖe teƒe vovovowoe la. Esi Paulo nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm la, eto nɔnɔme sesẽ siwo me mía dometɔ geɖe mato egbea o la me. (2 Kor. 11:23-27, 32, 33) Gake dzidzɔ si gbegbe wòkpɔ le ale si wòkpe ɖe ame geɖe ŋu wova zu nusrɔ̃lawoe me la wɔe be mebu fukpekpe mawo ŋu kura o. (1 Tes. 1:2-7, 9; 2:19) Ðe wòate ŋu awɔ nu siawo katã ne ɖe wòɖe srɔ̃ alo ɖo ƒome anyia? Ðewohĩ mate ŋui o.
7. Gblɔ ale si Ðasefo tre aɖewo wɔ woƒe trenɔɣia ŋu dɔ tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe la ƒe kpɔɖeŋu.
7 Kristotɔ tre geɖewo le woƒe trenɔɣia ŋdɔ wɔm tsɔ le geɖe wɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Sara kple Limbania, siwo nye mɔɖela trewo le Bolivia la ʋu yi kɔƒe aɖe si me amewo megase nya nyuia le kpɔ o hena ƒe geɖe la me. Elektrikkaɖi menɔ kɔƒea me o, gake ɖe esia nye kuxi na woa? Woka nya ta be: “Radio kple television menɔ afi ma o, eya ta agbalẽ koe woxlẽna ne wole ɖiɖim ɖe eme.” Kɔƒea me tɔ aɖewo tsɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ aɖewo, siwo wokpɔtɔ nɔ xexlẽm, gake habɔbɔa ya dzudzɔ wo tata xoxoxo la, fia mɔɖelawo. Esi wònye be nɔvinyɔnuawo kena ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu le ʋɔtru ɖe sia ɖe nu ta la, esesẽ na wo be woayi aƒe ɖe sia ɖe me le anyigbamamaa me. Nyɔnu tsitsi aɖe gblɔ na wo be: “Xexea gogo eƒe nuwuwu azɔ, elabena Yehowa Ðasefowo va ɖo mía gbɔ mlɔeba.” Eteƒe medidi o, kɔƒe ma me tɔ aɖewo te hamea ƒe kpekpewo dede.
8, 9. (a) Nu kae nɔ susu me na Paulo esime wòde trenɔnɔ ƒe dzi ƒo? (b) Viɖe kawoe Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o la kpɔna?
8 Kristotɔ srɔ̃tɔwo hã kpɔa dzidzedze nyuie le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me le anyigbamama siwo me kuxiwo le me. Gake ate ŋu asesẽ na srɔ̃tɔwo alo dzilawo be woalɔ̃ axɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo siwo su mɔɖela siwo nye trewo la si. Esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na hameawo la, enyae be dɔ geɖe gali woawɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Edi be ame sia ame nakpɔ dzidzɔ le dɔa me abe ye ke ene. Susu ma tae Paulo gblɔ be viɖe le eme be ame nasubɔ Yehowa abe tre ene ɖo.
9 Nɔvinyɔnu tre aɖe si le United States (États-Unis) la ŋlɔ tso trenɔnɔ ŋu be: “Ame aɖewo susuna be, ne mèɖe srɔ̃ o ko la, màte ŋu akpɔ dzidzɔ o. Gake nye ya mekpɔe be xɔlɔ̃wɔwɔ si le ame aɖe kple Yehowa dome lae nana wòkpɔa dzidzɔ vavãtɔ. Togbɔ be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbenɔnɔe trenɔnɔ nye hã la, nunana wɔnuku aɖee wònye ne ame wɔ eŋu dɔ nyuie.” Eŋlɔ tso ale si trenɔnɔ nana wokpɔa dzidzɔ ŋu be: “Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee trenɔnɔ ʋu ɖi na ame be wòakpɔ dzidzɔ, ke menye mɔxenue wònye o. Menya be Yehowa lɔ̃ ame sia ame, eɖanye srɔ̃tɔ ale tre o, megblẽ ame aɖeke ɖi o.” Nɔvinyɔnu sia le subɔsubɔm fifia le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le la dzidzɔtɔe. Ne tre ye nènye la, ɖe nàte ŋu azã ablɔɖeɣi si me nèle fifia la atsɔ akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu be nàfia nyateƒea amewoa? Ne èwɔe alea la, wò hã àte ŋu akpɔe be trenɔnɔ nye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ.
Tre Siwo Di Be Yewoaɖe Srɔ̃
10, 11. Aleke Yehowa léa ame siwo di be yewoaɖe srɔ̃ gake womeke ɖe kpeɖeŋutɔ si sɔ na wo la ŋu haɖe o la ɖe tee?
10 Esi Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe subɔ abe trewo ene hena ƒe geɖe megbe la, woɖoe be yewoaɖe srɔ̃. Esi wonya be yewohiã na mɔfiafia ta la, wobiaa Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoake ɖe kpeɖeŋutɔ si asɔ na yewo la ŋu.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:36.
11 Ne èle mɔ kpɔm be yeaɖe ame aɖe si hã ƒe didie nye be yeasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me abe wò ke ene la, ke yi edzi nanɔ gbe dom ɖa tso eŋu na Yehowa. (Flp. 4:6, 7) Ne ahiã be nàkpɔ esinu ɣeyiɣi didi aɖe hã la, mègabu mɔkpɔkpɔ o. Ðo ŋu ɖe mía Mawu lɔ̃ame la ŋu be enye wò Kpeɖeŋutɔ, eye alé wò ɖe te nado dzi le nɔnɔme si me tom nèle la me.—Heb. 13:6.
12. Nu ka tae wòle be Kristotɔ nabu srɔ̃ɖenya si ame aɖe do ɖe egbɔ la ŋu nyuie?
12 Ate ŋu adzɔ be ame aɖe si meli ke le gbɔgbɔ me tututu o alo dzimaxɔsetɔ gɔ̃ hã nado srɔ̃ɖenya ɖe Kristotɔ tre aɖe si le didim be yeaɖe srɔ̃ la gbɔ. Ne edzɔ ɖe dziwò alea la, ele be nàɖo ŋku edzi be xaxa si me nàto ne èɖe ame aɖe si mesɔ na wò o la ate ŋu ana nàse veve geɖe wu srɔ̃ɖeɖe ƒe dzodzro sẽŋu si le mewò la. Eye ne ènya ka srɔ̃ɖetam be yealé ɖe ye srɔ̃ ŋu le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi sesẽwo me ko la, srɔ̃ɖetamkakaa abla wò ɖe srɔ̃wò ŋu le wò agbemeŋkekewo katã me. (1 Kor. 7:27) Mègana mɔkpɔkpɔbuɖeame nana nàwɔ nyametsotso si ava ve wò le etsɔme o.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:39.
Dzra Ðo Ðe Srɔ̃ɖegbenɔnɔ Ŋu
13-15. Kuxi siwo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me ka gbɔe wòle be woakpɔ le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me?
13 Togbɔ be Paulo kafui be enyo be ame nasubɔ Yehowa abe tre ene hã la, mebu eɖokui be yenyo wu ame siwo tso nya me be yewoaɖe srɔ̃ la o. Ke boŋ nya siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ ɖi la kpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu wonya nu siwo woakpɔ mɔ na le srɔ̃ɖeɖe me kpakple nu siwo ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ anyi ɖaa.
14 Ehiã be srɔ̃tɔ aɖewo naɖɔ nukpɔsusu si nɔ wo si tsã ku ɖe nu siwo wonɔ mɔ kpɔm na le srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖo. Ne ŋutsu kple nyɔnu le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be lɔlɔ̃ si le yewo me na yewo nɔewo la le etɔxɛ, ɖeke mesɔ kplii o, eye enye kpeɖodzi be yewoakpɔ dzidzɔ manyagblɔ le yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me. Wotsɔa seselelãme ma gena ɖe srɔ̃ɖeɖe me hesusuna be yewomado go kuxi aɖeke si agblẽ yewoƒe dzidzɔkpɔkpɔ me o. Nuŋububu ma tɔgbi meda sɔ o. Enye nyateƒe be vivisese si nɔa srɔ̃ɖeɖe me la doa dzidzɔ na ame, gake ema ɖeɖe ŋu bubu mana ŋutsu kple nyɔnu siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la nanɔ dzadzraɖoɖi anɔ te ɖe xaxa ɖe sia ɖe si me woato le srɔ̃ɖeɖe me la nu o.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:28.a
15 Ewɔa nuku na srɔ̃tɔ yeye geɖewo eye etena ɖe wo dzi gɔ̃ hã ne wova kpɔe be yewo kple yewoƒe kpeɖeŋutɔa ƒe susu mesɔ le nanewo me o. Wo ame evea ate ŋu ase le wo ɖokuiwo be yewoƒe susu mewɔ ɖeka le ale si yewoazã gae, modzakaɖenyawo, afi si yewoanɔ, kple zi gbɔ zi ale si yewoayi aɖasrã yewo dzilawo kpɔ ƒe nyawo gome o. Eye blibomademade ƒe nɔnɔme aɖe le wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu si ate ŋu ado dziku na nɔvia. Le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me la, ele bɔbɔe be woatsɔ kuxi mawo nu tsɛ, gake ate ŋu ava kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe wo dzi le woƒe srɔ̃ɖeɖea me. Anyo be ame siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la nakpɔ nu siwo medoa dzidzɔ na wo o la gbɔ hafi aɖe srɔ̃.
16. Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ nu ɖekae le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me?
16 Hafi srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nakpɔ dzidzɔ la, ele be woawɔ nu ɖekae le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Ele be woawɔ ɖeka le wo viwo nyinyi kpakple ale si woalé be na wo dzila tsitsiwoe me. Mele be nuteɖeamedzi si vana ne ƒomea le nɔnɔme sesẽwo me tom la nama wo ame evea dome o. Ne wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la, ana woakpɔ kuxi geɖe gbɔ, eye woado dzi atsɔ susɔeawo ahayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ɖekae.—1 Kor. 7:10, 11.
17. Nu ka tae srɔ̃tɔwo “tsia dzi ɖe xexea me nuwo” ŋu?
17 Paulo gagblɔ nyateƒenya bubu aɖe tso srɔ̃ɖeɖe ŋu le 1 Korintotɔwo 7:32-34. (Mixlẽe.) Egblɔ be, ame siwo ɖe srɔ̃ la “tsia dzi ɖe xexea me nuwo,” abe nuɖuɖu, awudodo, mlɔƒe, kple nu bubu siwo menye gbɔgbɔmenuwo o la ŋu. Nu ka tae wòle alea? Nɔviŋutsu tre aɖe ate ŋu anɔ geɖe wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me. Gake ne eva ɖe srɔ̃ la, ele be wòazã ɣeyiɣi mawo kpakple eƒe ŋusẽ ƒe akpa aɖe ɖe srɔ̃a ŋu ale be wòadze eŋu. Nenema kee wòle le srɔ̃nyɔnu hã gome. Yehowa, nunyala gãtɔ la, nya hiahiã sia nyuie. Enyae hã be ne srɔ̃ɖeɖe aɖe akpɔ dzidzedze la, ebiana zi geɖe be srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua nazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ si wozãna ɖe yeƒe subɔsubɔdɔa ŋu tsã esime wonye trewo la ƒe akpa aɖe ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu.
18. Tɔtrɔ kawoe wòva hiã be ame aɖewo nawɔ le woƒe hadedewo ŋu le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe?
18 Gake nufiame bubuwo gale mawunyakpukpui sia me. Ne ele na srɔ̃tɔwo be woazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ si wozãna tsã le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la ƒe ɖe ɖe wo nɔewo ŋu la, ɖe mele be woazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ si wozãna tsã ɖe xɔlɔ̃wo ŋu esime wonye trewo la hã ƒe ɖe ɖe wo nɔewo ŋu nenema ke oa? Ne srɔ̃ŋutsu gakpɔtɔ le gome kpɔm le kamedede me kple xɔlɔ̃awo abe ale si wòwɔnɛ tsã ene la, ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe srɔ̃nyɔnua dzi? Alo aleke srɔ̃ŋutsu ase le eɖokui me ne srɔ̃anyɔnu zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ ɖea modzaka kple xɔlɔ̃awo? Eteƒe madidi o, srɔ̃tɔ kemɛa ate ŋu atsi akogo, manɔ dzidzɔ kpɔm o, eye wòase le eɖokui me be womelɔ̃ ye o. Ne srɔ̃tɔwo wɔ nu sia nu si woate ŋui hedo ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa la, woate ŋu aƒo asa na esia.—Ef. 5:31.
Yehowa Di Be Míanɔ Agbe Dzadzɛ
19, 20. (a) Nu ka tae srɔ̃tɔwo mevo tso ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ me o? (b) Ne srɔ̃tɔwo gblẽ wo nɔewo ɖi ɣeyiɣi didi la, afɔku kae ate ŋu ado tso eme?
19 Yehowa subɔlawo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ agbe dzadzɛ. Wo dometɔ aɖewo tso nya me be yewoaɖe srɔ̃ ale be yewoaƒo asa na kuxiwo le go sia me. Gake srɔ̃ɖeɖe ɖeɖe dzaa mekpɔa ame ta tso matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ me o. Le blema la, du aɖe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la kpɔa emenɔlawo ta nenye be wokpɔtɔ le dua me. Ne ame aɖe do yi dua godo esime gbevuwo kple nu vlo wɔlawo le tsatsam la, woate ŋu ada adzoe alo awui. Nenema kee ne srɔ̃tɔwo megbɔ liƒo si srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la ɖo na srɔ̃tɔwo la ŋu o ko hafi woakpɔ wo ɖokuiwo ta tso ahasiwɔwɔ me.
20 Paulo ƒo nu tso liƒo ma ŋu le 1 Korintotɔwo 7:2-5. Srɔ̃nyɔnua ɖeka ko sie gome le be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple srɔ̃aŋutsu; eye nenema kee srɔ̃ŋutsua hã ɖeɖe ko sie gome le be wòakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kple srɔ̃anyɔnu. Wokpɔ mɔ be wo dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ srɔ̃nu si “srɔ̃a dze na” la anae. Gake srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖewo gblẽa wo srɔ̃wo ɖi ɣeyiɣi didi aɖe—wo dometɔ ɖe sia ɖe yia mɔkeke le eɖokui si alo wodzona le wo nɔewo gbɔ le dɔwɔɖui ta, eye wotoa esia dzi doa kpo nu si wo srɔ̃ “dze na” la nana eyama. Bu afɔku si gbegbe wòanye ne, le “ɖokuidzimaɖumaɖu ta,” wo dometɔ aɖe na ta le Satana ƒe nyaƒoɖeamenu me hewɔ ahasi la ŋu kpɔ. Yehowa yraa ƒome ƒe ta siwo kpɔa woƒe ƒomea dzi evɔ womedea woƒe srɔ̃ɖeɖea afɔku me o la.—Ps. 37:25.
Viɖe Siwo Le Biblia Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Dzi Wɔwɔ Me
21. (a) Nu ka tae trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋuti nyametsotsowo nye nyametsotso sesẽwo? (b) Nu ka tae aɖaŋuɖoɖo siwo le 1 Korintotɔwo ta 7 lia me la ɖea vi?
21 Trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋuti nyametsotsowo hã le nyametsotso sesẽtɔ siwo ame awɔ le agbe me la dome. Blibomademade si gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxi akpa gãtɔ tsona la le ame sia ame ŋu. Eya ta ame siwo ŋu Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖo heyra wo la gɔ̃ hã mate ŋu aƒo asa na kuxiwo keŋkeŋ o, woɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o. Ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le, siwo dze le 1 Korintotɔwo ta 7 lia me dzi la, esia ate ŋu aɖe kuxiawo dzi kpɔtɔ. Ne èwɔe alea la, le Yehowa ŋkume la, ‘èwɔe nyuie,’ èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:37, 38.) Taɖodzinu gãtɔ si gbɔ nàte ŋu aɖo le agbe mee nye be nàna Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Míate ŋu ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu fifia kple etsɔme siaa le xexe yeye si ŋugbe wòdo la me. Le afi ma la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo magado go kuxi gbogbo siwo wodoa goe egbea le woƒe kadodo kple wo nɔewo me la o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, ta 2, memama 16-19.
Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?
• Nu ka tae mele be ame aɖeke nazi ame aɖe dzi be wòaɖe srɔ̃ o?
• Aleke nàte ŋu azã wò ɣeyiɣiwo nyuie abe Yehowa subɔla tre ene?
• Aleke ŋutsu kple nyɔnu siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la awɔ adzra ɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ŋu?
• Nu ka tae srɔ̃ɖeɖe ɖeɖe dzaa mekpɔa ame ta tso matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ me o?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]
Kristotɔ tre siwo zãa woƒe ɣeyiɣi tsɔ wɔa geɖe le subɔsubɔdɔa me la kpɔa dzidzɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Tɔtrɔ kawoe wòate ŋu ahiã be ame aɖewo nawɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe?