INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 6/15 axa 28-31
  • Trenɔnɔ le Ganya ƒe Sesẽɣiwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Trenɔnɔ le Ganya ƒe Sesẽɣiwo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Wò Nɔnɔmea Ŋudɔ Nyuie
  • Tsɔ Susu Nyui Bu Nuwo Ŋui
  • Àte Ŋu Akeke Wò Subɔsubɔ Ðe Enua?
  • Etsɔme Dedienɔnɔ
  • Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Aɖaŋuɖoɖo Siwo Me Nunya Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Trenɔnɔ—Dɔwɔwɔ Susuhenuwo Manɔmee Ƒe Mɔnue Wònye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Wonye Trewo ke Woƒe Dzi Dze Eme le Yehowa Subɔsubɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Srɔ̃ɖeɖe—Nunanae Wònye Tso Mía Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 6/15 axa 28-31

Trenɔnɔ le Ganya ƒe Sesẽɣiwo Me

CHUKS si le Ɣetoɖoƒe Afrika gblɔ be: “Medi be maɖe srɔ̃ esime mexɔ ƒe 25. Nyɔnuvi aɖe nɔ susu me nam, eye eya hã lɔ̃m. Gake ga menɔ asinye o. Fofonye kple nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ menɔ dɔ wɔm o, eye tsɛnyewo kple ƒenyewo nɔ suku. Amesiame kpɔa nye ŋkume hena ƒomea dzi kpɔkpɔ. Emegbe nusi gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be dzinyelawo va dze dɔ, eye ena wòhiã be magadi ga bubu matsɔ aƒle atikee.”

Chuks si nye Yehowa ƒe Ðasefo la medi be yeaɖe srɔ̃ esi yemate ŋu akpɔ edzi o. Paulo ƒe nya siwo le Timoteo I, 5:8 nɔ eƒe susu me: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”

Chuks yi edzi be: “Mewɔ dɔ sesĩe, gake ga la medena gbeɖe o. Ena míehe míaƒe srɔ̃ɖeɖea yi megbee zi geɖe. Mlɔeba la, mexɔ lɛta tso nyɔnuvia gbɔ be ame bubu va bia ye ta le ye fofo gbɔ be yeaɖe ye. Fofoa lɔ̃. Esi lɛtaa va ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, wova na aha ɖe eta.”

Abe Chuks ene la, Kristotɔ geɖe ƒe srɔ̃ɖeɖoɖowo me gblẽ alo he ɖe megbe le gakuxi sesẽwo ta. Nuwo ƒe asi yi dzi bobobo le dukɔ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me le titina Afrika dukɔ aɖe me la, nuwo ƒe asi yi dzi zi gbɔ zi 8,319 le alafa me le ƒe ɖeka me! Dɔkpɔkpɔ sesẽ le dukɔ aɖewo me. Zi geɖe hã la, fetuwo nɔa sue ale gbegbe be esesẽna na ŋutsu be wòakpɔ eɖokui dzi, ʋuu wòahayi srɔ̃ kple viwo dzi kpɔ ge. Ðekakpui aɖe si le Nigeria fa konyi be dɔlar 17 ko yekpɔna ɣleti sia ɣleti le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔ si yewɔna le dɔwɔƒe aɖe me—mede ɣleti ɖeka ƒe dɔmeyiyi kple gbɔgbɔ ƒe ʋuɖofe nu hã o!

Nyɔnu Kristotɔ siwo nye trewo hã kpɔnɛ be gakuxiwo gblẽa yewoƒe srɔ̃ɖeɖoɖowo me. Zi geɖe la, ele be woawɔ dɔ atsɔ akpɔ woƒe ƒometɔwo dzi. Ne ŋutsu trewo kpɔ alesi nɔnɔmea le la, womedina be yewoagogo wo o, elabena wokpɔe be menye nyɔnua dzi koe wòle be ŋutsu si le ame ma tɔgbe ɖem nawɔ dɔ akpɔ o, ke ele be wòakpɔ nyɔnua ƒe ƒometɔwo hã dzi. Ayo si do le yunivɛsiti la dzea agbagba be yeakpɔ ye ɖokui, ye dada, kple ye tsɛ kple ye ƒewo dzi. Efaa konyi be: “Medi be maɖe srɔ̃, gake ne amewo va kpɔ ame gbogbo [siwo dzi kpɔm mele] la, wosina.”

Togbɔ be gakuxiwo le fu ɖem na Kristotɔ tre geɖe hã la, woƒe ƒometɔwo kple ame bubuwo ƒonɛ ɖe wo nu be woaɖe srɔ̃ adzi vi. Nyaƒoɖeamenu sia nyea fewuɖuɖu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me le Afrika ƒe akpa aɖewo la, ebɔ be ne wole gbe dom na ame tsitsi la, woabia srɔ̃a kple viawo ta. Wotsɔa gbedoname siawo ɖua fewu le trewo ŋu ɣeaɖewoɣi. John si le eƒe ƒe 40-awo ƒe nuwuwu me la gblɔ be: “Ne amewo ɖu fewu le ŋunye gblɔ be, ‘Srɔ̃wò fɔ̃a?’ la, meɖoa eŋu be, ‘Egbɔna.’ Nya lae nye be, aleke maɖe srɔ̃e ne nyemate ŋu akpɔ edzi o?”

Le John kple ame bubu geɖe siwo le abe eya ene gome la, nɔnɔmea le abe alesi Yorubatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ ene be: “Menye srɔ̃ɖeɖe kabae wotsɔna ƒoa adegbee o; ƒomedzikpɔkpɔe nye nya la.”

Wɔ Wò Nɔnɔmea Ŋudɔ Nyuie

Aleke gbegbe wòle bɔbɔe be míaxa nui enye si ne míele mɔ kpɔm na nane si meva eme o. Lododowo 13:12 gblɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” Ðewohĩ aleae nèsena le ɖokuiwò me ne èdi be yeaɖe srɔ̃ gake ga mele asiwò o. Esia ate ŋu anɔ alea vevietɔ ne amesiwo Paulo gblɔ be “fieŋufieŋu” hona na la dometɔ ɖekae nènye.—Korintotɔwo I, 7:9.

Kuxiawo nu nɔnɔ mabɔbɔ ya o, gake nanewo li nàte ŋu awɔ be nàdo dzi eye woana nàkpɔ dzidzɔ le wò nɔnɔmea me gɔ̃ hã. Yesu Kristo si nye tre la ɖo Biblia me gɔmeɖose nyui aɖe anyi si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖu dziɖeleameƒo si tsoa mɔkpɔkpɔ si meva eme o me la dzi. Egblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Àte ŋu awɔ esia ŋudɔ to nu nyuiwo wɔwɔ na wò ƒomea kple ame bubuwo le hamea me me. Ðewohĩ àte ŋu adzi wò dɔwɔwɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me ɖe edzi. Ne èwɔa nu na ame bubuwo ɖokuitɔmadimaditɔe bliboe la, àkpɔe be yele ‘te sesĩe le yeƒe dzi me, eye yekpɔ ŋusẽ ɖe ye ŋutɔ yeƒe lɔlɔ̃nu dzi.’—Korintotɔwo I, 7:37.

Apostolo Paulo si hã nye tre la ŋlɔ aɖaŋuɖoɖo nyui sia bena: “Mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, amesiwo wɔa ɣeyiɣi la ŋuti dɔ blibo; elabena ŋkekeawo nye vɔ̃.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Kristotɔ tre geɖe kpɔ ‘dzudzɔ na woƒe luʋɔwo’ le woƒe ɣeyiɣi zazã atsɔ ate ɖe Yehowa ŋu me to gbedodoɖa, Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃, kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me me. (Mateo 11:28-30) Ne èwɔ esia la, àte ŋu akpe akɔ kple gakuxi sesẽ la wòadze edzi na wò wu. Akpe ɖe ŋuwò hã be wò gbɔgbɔmemenyenye nayi ŋgɔ ɖe edzi, eye wòana nàzu srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu ɖɔʋu ne èva ɖe srɔ̃ emegbe.

Mègaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa tsɔa ɖe le amesiwo katã subɔnɛ me. Enya kuxi kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle. Míaƒe Dziƒofofo la nya nusi anyo na wò le etsɔme, le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome siaa hã. Ne ègbɔ dzi ɖi tsɔ gɔmeɖose siwo le eƒe Nya la me wɔ dɔe le wò gbesiagbegbenɔnɔ me la, àte ŋu aka ɖe edzi be ahe gbɔdzɔe vɛ le eƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi ahakpɔ wò nuhiahiã kple didiwo gbɔ le mɔ si anyo na wò ɖaa nu. Biblia ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa . . . metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.”—Psalmo 84:12.

Tsɔ Susu Nyui Bu Nuwo Ŋui

Nenɔ susu me na wò hã be trenɔnɔ dea ame dzi godoo. Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Amesi tsɔ eƒe ɖetugbi na woɖe la, wɔe nyuie; ke amesi metsɔe na woɖe o la, awɔe nyuie awu.”—Korintotɔwo I, 7:38.

Nukata trenɔnɔ ‘nyo wu’ srɔ̃ɖeɖe? Paulo ɖe eme be: “Amesi meɖe srɔ̃ o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, alesi wòawɔ adze Aƒetɔ la ŋu. Ke ŋutsu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexemenuwo, alesi wòawɔ adze nyɔnu la ŋu, eye wòle evedomesi. Nenema ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, kple ɖetugbi hã wole; nyɔnu, si si srɔ̃ mele o la, léa be na nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ la, bena wòanɔ kɔkɔe le ŋutilã kple gbɔgbɔ la me; ke nyɔnu, si ɖe srɔ̃ la, léa be na xexe sia me nuwo, alesi wòawɔ adze ŋutsu la ŋu.”—Korintotɔwo I, 7:32-34.

Ne míagblɔe bubui la, esɔ be srɔ̃tɔ Kristotɔwo tsia dzi ɖe wo srɔ̃wo ƒe nuhiahiãwo, nusiwo dzɔa dzi na wo, kple nusiwo medzɔa dzi na wo o ŋu. Gake Kristotɔ trewo ate ŋu ada woƒe susu katã ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa dzi wu. Kristotɔ trewo ‘ate ŋu nɔ Aƒetɔ la ŋu tututu eye naneke mahe wo o’ wu srɔ̃tɔwo.—Korintotɔwo I, 7:35.

Paulo mele gbɔgblɔm be naneke mehea Kristotɔ trewo ƒe susu o. Ne gakuxiwo do agba na wò la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be nu geɖe di be yewoahe wò susu ɖa le wò subɔsubɔdɔa me. Gake ame ŋutɔ ƒe ablɔɖe tsɔtsɔ subɔ Mawu nɔa ŋutsu alo nyɔnu tre si zi geɖe wu srɔ̃tɔwo.

Togbɔ be apostolo Paulo kafu trenɔnɔ be enyo wu hã la, megblɔ be menyo be woaɖe srɔ̃ o. Eŋlɔe bena: “Ne èɖe srɔ̃ hã la, mèwɔ nuvɔ̃ o.” Gake exlɔ̃ nu mí be: “Ke [amesiwo ɖe srɔ̃] akpɔ xaxa le ŋutilã me.”—Korintotɔwo I, 7:28.

Nukae eƒe nya mawo fia? Srɔ̃ɖeɖe hea dzimaɖitsitsi aɖewo vɛ. Le gakuxi sesẽwo me la, vifofo ƒe dzitsitsi ɖe srɔ̃a kple viawo dzikpɔkpɔ ŋu anɔ xaxa sia me. Dɔléle hã ate ŋu ahe ganya kple seselelãme me nuteɖeamedzi siwo nu sẽ wu vɛ na ƒomea.

Eyata togbɔ be menye nɔnɔme si me nèle ye nèdi o hã la, ade dziwò wu alesi wòanɔ na wò ne ɖe nèɖe srɔ̃ hele ɖeviwo dzi kpɔm. Ɣeyiɣi kpui aɖe ko nɔnɔme sesẽ siwo dze ŋgɔwò la anɔ anyi ase ɖo; woaɖe wo ɖa le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me—eye ɖewohĩ woaɖe wo dometɔ aɖewo ɖa kaba wu gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 145:16.

Àte Ŋu Akeke Wò Subɔsubɔ Ðe Enua?

Togbɔ be menye amesiamee ate ŋu age ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me o hã la, ame aɖewo te ŋu wɔe togbɔ be gakuxiwo li hã. Chuks si míeyɔ le gɔmedzedzea me la ƒle agbalẽŋɔŋlɔŋudɔwɔnuwo nɔ dzadzram be yeatsɔ akpɔ yeƒe ƒomea dzii. Le ɣeyiɣi si me eƒe srɔ̃ɖeɖoɖowo me gblẽ ke la, exɔ lɛta si wotsɔ kpee be wòava wɔ xɔtudɔ ɣeyiɣi kpui aɖe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le wo gbɔ. Esi foa tsi dzi ɖe ga ŋu ta la, eɖe dzi le eƒo be megayi o. Gake Chuks bu eŋu be Yehowa kpe ɖe ye ŋu yete ŋu ɖo yeƒe agbalẽŋɔŋlɔŋudɔwɔnuwo dzraƒe, eyata ele be yeatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ ahaɖo ŋu ɖe Mawu ƒe nunana ame ƒe ŋutete ŋu. (Mateo 6:25-34) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ebu be ɣleti etɔ̃ aɖewo koe wòanye.

Chuks wɔ ɖe yɔyɔa dzi hetsɔ eƒe dɔwɔƒea de nɔvia si. Ƒe ade megbe la, Chuks kpɔtɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, enye hamemegã le Kristotɔwo ƒe hamea me, eye ga le esi wòate ŋu aɖe srɔ̃e. Ðe alesi nuwo yi edzii le eƒe agbe me la veea? Chuks gblɔ be: “Dzi ɖe le ƒonye esi nyemete ŋu ɖe srɔ̃ le ɣeyiɣi si medii me o, gake alesi nuwo va yii la de dzinye ŋutɔ. Mekpɔ dzidzɔ kple mɔnukpɔkpɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me si ɖewohĩ nyemate ŋu akpɔ o ne ɖe meɖe srɔ̃ hedzi vi ɣemaɣi.”

Etsɔme Dedienɔnɔ

Le ɣeyiɣi sesẽwo me la, ame geɖe dia dedienɔnɔ si srɔ̃ɖeɖe hena vɛ be woatsɔ akpɔ wo ɖokui ta tso etsɔme gakuxiwo me. Le dukɔ aɖewo siwo nyi fe geɖe me la, kpekpeɖeŋu sue aɖe koe wonaa ame tsitsiwo alo womekpena ɖe wo ŋu kura o. Eyata dzilawo ɖoa ŋu ɖe woƒe ƒometɔwo, kple vevietɔ wo viwo, ŋu edziedzi be woakpɔ yewo dzi le yewoƒe tsitsime. Eyata woƒonɛ ɖe ŋutsu kple nyɔnu trewo nu zi geɖe be woaɖe srɔ̃ adzi viwo, ne woƒe ganyawo mede wo dzi o hã.

Gake srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi mehea dedienɔnɔ vɛ kokoko o. Ðevi siwo nye xexemetɔ aɖewo melɔ̃na be yewoakpɔ yewo dzila tsitsiwo dzi o, ɖewo mete ŋu kpɔa wo dzi o, eye ɖewo hã kuna doa ŋgɔ na wo dzilawo. Kristotɔwo dia dedienɔnɔ tsoa teƒe bubu kura, esi Mawu ƒe ŋugbedodo sia le susu me na wo be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5.

Womegblẽ amesiwo he srɔ̃ɖeɖe ɖe megbe be yewoatsɔ ɣeyiɣiawo katã asubɔ Yehowae la ɖi o. Christiana nye tre si xɔ ƒe 32. Ewɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa le Nigeria ƒe asieke enye sia. Egblɔ be: “Meɖoa ŋu ɖe Yehowa, amesi ka ɖe edzi na mí be yemagblẽ ye subɔlawo ɖi o la ŋu. Eƒe ŋugbedodowo dzie mekana ɖo. Yehowa léa be nam le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa. Vifofo dɔmenyotɔe wònye. Le kpɔɖeŋu me, meʋu yi nuto si me wohiã Ðasefowo le wu va wɔ mɔɖeɖedɔa le afima. Togbɔ be dugãmenuwo mebɔ ɖe afima o hã la, mesrɔ̃ alesi matrɔ asi le nɔnɔmea ŋui. Esi asrã sesẽ aɖe lém eye woxɔm ɖe kɔdzi la, nɔvi siwo le hame si me menɔ tsã me la va kpe ɖe ŋunye.

“Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na dzidzeme gã aɖem. Mebunɛ mɔnukpɔkpɔ gã aɖee be mawɔ dɔ kple xexeame Wɔla kple nɔviŋutsu kpakple nɔvinyɔnu gbogbo siwo le xexeame katã. Mekpɔa sɔhɛ geɖe siwo ƒo dzi ɖe le eye mɔkpɔkpɔ mele wo si o le nusiwo le dzɔdzɔm ƒo xlã wo ta. Le nye gome ya la, gɔmesese le nye agbe ŋu; metsɔa kakaɖedzi kpɔa mɔ na etsɔme. Menya be Yehowa ŋu nɔnɔ kplikplikplie akpɔ kuxi siwo míedoa goe egbea la gbɔ nyuie wu.”

Ne èdi be yeaɖe srɔ̃ gake màte ŋui o le gakuxiwo ta la, ke kpɔ dzi! Menye wò ɖeka ye o. Ame geɖe le dodokpɔ mawo tɔgbe me tom le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Wɔ wò nɔnɔmea ŋudɔ nyuie alesi nàte ŋui to nu nyui wɔwɔ na ame bubuwo kple wò gbɔgbɔmemenyenye tutuɖo me. Te ɖe Mawu ŋu; akpe ɖe ŋuwò elabena etsɔa ɖe le eme na wò.—Petro I, 5:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe