-
Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018 | February
-
-
AME KAE NYE GBƆGBƆMEME?
3. Aleke Biblia de vovo gbɔgbɔmeme kple ŋutilãmeme dome?
3 Apostolo Paulo kpe ɖe mía ŋu míese nu si wòfia be ame nanye gbɔgbɔmeme la gɔme esi wògblɔ vovototo si le “gbɔgbɔmeme” kple “ŋutilãmeme” dome. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 2:14-16.) Vovototo kae le wo dome? Egblɔ tso “ŋutilãmeme” ŋu be mexɔa “Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe nuwo o, elabena wonye bometsitsi le egbɔ; eye mate ŋu anya wo o.” Ke gbɔgbɔmeme ya “dzroa nuwo katã me kpɔ,” eye “Kristo ƒe tamesusu” le esi. Paulo de dzi ƒo na mí be míanye gbɔgbɔmemewo. Vovototo bubu kawoe le ŋutilãmeme kple gbɔgbɔmeme dome?
-
-
Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Gbɔgbɔmeme?Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018 | February
-
-
6. Nu kawoe ɖea dzesi le gbɔgbɔmeme ŋu?
6 Ke nu kae wòfia be ame nanye “gbɔgbɔmeme”? Ame si nye gbɔgbɔmeme la mele abe ŋutilãmeme ene o, elabena edina vevie be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Mawu dome. Gbɔgbɔmeme nye ame aɖe si dzea agbagba be ‘yeazu Mawu srɔ̃la.’ (Ef. 5:1) Esia fia be edzea agbagba be yeanya Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu eye yeabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. Mawu nyea ame ŋutɔŋutɔ nɛ. To vovo na ŋutilãmeme la, gbɔgbɔmeme dzea agbagba be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. (Ps. 119:33; 143:10) Gbɔgbɔmeme ƒoa asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo eye wòdzea agbagba be yeaɖe “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” afia. (Gal. 5:22, 23) Be míase nu si wòfia be ame nanye “gbɔgbɔmeme” gɔme nyuie la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne ame aɖe bi ɖe asitsatsa me la, wogblɔna be eléa fɔ ɖe asitsatsa ŋu. Nenema kee, ne ame aɖe dea asixɔxɔ gbɔgbɔmenuwo alo mawusubɔsubɔnyawo ŋu la, wogblɔna be enye gbɔgbɔmeme.
7. Nya kae Biblia gblɔ tso ame siwo nye gbɔgbɔmemewo ŋu?
7 Biblia ƒo nu nyui tso ame siwo nye gbɔgbɔmemewo la ŋu. Mateo 5:3 gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.” Romatɔwo 8:6 gblɔ viɖe si wònyena ne ame aɖe nye gbɔgbɔmeme la ale: “Susu ɖoɖo ŋutilã la ŋu hea ku vanɛ, ke susu ɖoɖo gbɔgbɔ la ŋu hea agbe kple ŋutifafa vanɛ.” Ne míeléa fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu la, míenɔa ŋutifafa me kple Mawu eye míekpɔa ŋutifafa le ememe fifia. Azɔ hã, míekpɔa mɔ be míava nɔ agbe tegbee.
-