-
Yesu Ƒe Tsitretsitsia Ana Amewo Nakpɔ Agbe Mavɔ!Gbetakpɔxɔ—2013 | March 1
-
-
MENYE blemanudzɔdzɔ dzro aɖe si ŋu viɖe boo aɖeke mele na mí egbea o lae Yesu ƒe tsitretsitsia nye o. Apostolo Paulo he susu yi eƒe vevienyenye dzi esi wòŋlɔ bena: ‘Wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wònye ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me la ƒe kutsetse gbãtɔ. Elabena esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va. Elabena ale si ko amewo katã kuna le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.’—1 Korintotɔwo 15:20-22.
-
-
Yesu Ƒe Tsitretsitsia Ana Amewo Nakpɔ Agbe Mavɔ!Gbetakpɔxɔ—2013 | March 1
-
-
Nya si Paulo gagblɔ kpee la na viɖe si do tso Yesu ƒe tsitretsitsia me la dze ƒãa. Paulo gblɔ be: “Esi wònye ame dzie ku to va ta la, ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la hã to ame dzi va.” Mí katã míekuna le esi míenyi nu vɔ̃ kple blibomademade ƒe dome tso Adam gbɔ ta. Ke hã esi Yesu tsɔ eƒe agbe deblibo la xe fe ɖe ameƒomea ta ta la, eʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo be woafɔ wo ɖe tsitre eye woavo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Paulo ƒo nya sia ta nyuie le eƒe nya si dze le Romatɔwo 6:23, afi si wògblɔ le be: “Fetu si nu vɔ̃ xena lae nye ku, gake nunana si Mawu nana lae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.”
-