INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Romatɔwo ƒe Ŋutinya me Nusɔsrɔ̃ Aɖe
    Gbetakpɔxɔ—2002 | June 15
    • Romatɔwo ƒe Ŋutinya me Nusɔsrɔ̃ Aɖe

      “NENYE ame ƒe susu nue mewɔ aʋa kple lã wɔadãwo le Efeso la.” Ame aɖewo susu be nya mawo, siwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo I, 15:32, la fia be wokplɔ apostolo Paulo yi Romatɔwo ƒe fefewɔƒe be woawɔ avu. Eɖawɔ avu le afima alo mewɔe o, amewo kpɔkplɔ yi fefewɔƒewo be woaɖawɔ avu atsi eme aku bɔ le ɣeyiɣi mawo me. Nya kae blemaŋutinyawo gblɔ tso fefewɔƒe mawo kple wɔna siwo yia edzi le afima ŋu na mí?

  • Romatɔwo ƒe Ŋutinya me Nusɔsrɔ̃ Aɖe
    Gbetakpɔxɔ—2002 | June 15
    • Àbia be, ‘Amekawoe wɔa yivua?’ Woate ŋu anye kluviwo, nuvɔ̃ɖiwɔla siwo wotso kufia na, aboyomewo, alo ablɔɖeme siwo dzidzɔdonuwo alo ŋkɔxɔxɔdidi kple kesinɔnuwo ble de eme la. Sukuxɔ siwo wotu abe gaxɔwo ene mee wonaa hehe wo katã le. Agbalẽ si nye Giochi e spettacoli (Fefewo Kple Nukpɔlawo) ka nya ta be “dzɔlawo ƒe ŋku nɔa yivuwɔla siwo le hehe xɔm la ŋu ɣesiaɣi eye wotsɔa hehexɔɖoɖo sesẽwo, se sesẽwo, kple vevietɔ tohehe sesẽwo kplɔa woe . . . Zi geɖe la, ɖoɖo siawo tsɔtsɔ kplɔ woe naa wo dometɔ aɖewo wua wo ɖokui alo dzea aglã.” Xɔ suesuesuewo le Roma-dukɔa ƒe yivusrɔ̃suku lolotɔ kekeake me si me ame akpe ɖeka ya teti nɔna. Amesiame kple avuwɔwɔ si wòsrɔ̃na. Wo dometɔ aɖewo kplaa aʋawɔnuwo, akpoxɔnuwo, kple yi tsɔ wɔna avuae, eye bubuwo tsɔa ɖɔ kple akplɔ yinae. Woganaa hehe ame bubuwo hã be woawɔ avu kple lã wɔadãwo le fefe xɔŋkɔ bubu, si woyɔna be lãvuwɔwɔ me. Ðe wòanye wɔna sia tututu ŋue Paulo nɔ nu ƒom lea?

  • Romatɔwo ƒe Ŋutinya me Nusɔsrɔ̃ Aɖe
    Gbetakpɔxɔ—2002 | June 15
    • Wozãa ŋdimewo na lãvuwɔwɔ le fefewɔƒea. Wote ŋu hea lã wɔadã vovovowo yina fefewɔƒea. Nukpɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖe nyitsu kple sisiblisi ƒe avuwɔwɔ ŋu ŋutɔ. Zi geɖe la, woblaa lã evea ɖe wo nɔewo ŋu be woawɔ avu vaseɖe esime ɖeka naku, emegbe adela wua evelia. Fefe bubu siwo dzɔa dzi na amewo enye dzatawo kple kpɔ̃wo, alo atiglinyiwo kple sisiblisiwo ƒe avuwɔwɔ. Adelawo ɖea woƒe adedaɖaŋuwo fiana le lã manyamanya siwo wolɔ tso dukɔ bubu siwo le Roma-fiaɖuƒea te me vɛ la wuwu me, aleke kee lã mawo ɖaxɔ asii o—lãklẽwo, gbenyiwo, tɔmenyiwo, sɔvedawo, agbotoewo, kposɔwo, amegãxiwo, gbehawo, kple avugbɔewo.

      Nukpɔkpɔ si lãvuwɔƒea nyena la naa wòtsia susu me na amewo. Wozãa agakpewo, tsitawo, kple atiwo tsɔ trɔa asi le teƒea ŋu wòɖia aveme. Le fefewɔƒe aɖewo la, nukɔmɔ̃ siwo woɖi ɖe to me kɔa lãwo toa ʋɔtruwo nu va dona ɖe teƒea le vome abe ɖe wohe wo vɛ to akunyawɔwɔ me ene. Lãwo ƒe nɔnɔme aɖewo siwo woɖena fiana vlavo amewo kpɔna hã naa dzi dzɔa wo ɖe lãvuwɔwɔ kpɔkpɔ ŋu, gake edze abe nusi koŋ na ekpɔkpɔ vivia amewo nu enye ŋutasẽnuwɔwɔ siwo le eme ene.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe