INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?
    Gbetakpɔxɔ—1998 | November 1
    • 4. (a) Akpa kae Paulo wɔ le Kristotɔwo ƒe xɔtudɔa me? (b) Nukatae míate ŋu agblɔ be Yesu kple eƒe nyaselawo siaa nya gɔmeɖoanyi nyui ƒe vevienyenye?

      4 Ehiã be woaɖo xɔ gɔme anyi nyuie hafi wòate ŋu ali ke ahanɔ anyi eteƒe nadidi. Eyata Paulo ŋlɔ be: “Mawu ƒe amenuveve, si wonam la, nu meɖo gɔme anyi [ɖo] abe xɔtula dzeaɖaŋu ene.” (Korintotɔwo I, 3:10) Yesu Kristo hã wɔ kpɔɖeŋu ma tɔgbe esime wòƒo nu tso xɔ aɖe si nɔ te ɖe yatsi sesẽ nu le esi xɔa tula tui ɖe gɔmeɖoanyi sesẽ dzi ta ŋu. (Luka 6:47-49) Yesu nya alesi gbegbe gɔmeɖoanyi le vevii. Enɔ eteƒe esime Yehowa ɖo anyigba gɔme anyi.a (Lododowo 8:29-31) Yesu ƒe nyaselawo hã nya viɖe si le gɔmeɖoanyi nyui ŋu. Xɔ siwo gɔme woɖo anyi nyuie koe ate ŋu anɔ te ɖe tsiɖɔɖɔ gãwo kple anyigbaʋuʋu siwo dzɔna le Palestina ɣeaɖewoɣi la nu. Gake gɔmeɖoanyi kae nɔ susu me na Paulo?

  • Ðe Wò Dɔwɔwɔ Ato Dzo Me Adoa?
    Gbetakpɔxɔ—1998 | November 1
    • 7. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo ƒe nya si wògblɔ le eɖokui ŋu be yenye “xɔtula dzeaɖaŋu” me?

      7 Paulo gblɔ be yefia nu “abe xɔtula dzeaɖaŋu ene.” Menɔ nya sia gblɔm dadatɔe o. Nunana wɔnuku si Yehowa nae ƒe nya ko gblɔm wònɔ—si nye ɖoɖowɔwɔ ɖe dɔ ŋu alo mɔfiame nana. (Korintotɔwo I, 12:28) Ele eme be nukununana siwo wona ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo mele mía si egbea o. Eye míate ŋu agblɔ be míenye nufialawo tso dzɔdzɔme o. Gake míenyee le gɔmesese vevi aɖe nu. Bu eŋu kpɔ: Yehowa na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (Tsɔe sɔ kple Luka 12:11, 12.) Eye lɔlɔ̃ le mía si na Yehowa eye míenya eƒe Nya la me nufiafia veviwo. Nunana wɔnukuwoe nusiawo nye vavã siwo míatsɔ afia nu amewoe. Mina míaɖoe kplikpaa be míazã wo atsɔ aɖo gɔmeɖoanyi nyui.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe