TA ATƆ̃
Mlã Viwò tso Vidzĩme
1, 2. Ameka gbɔe wòle be dzilawo nadi kpekpeɖeŋu le le wo viwo hehe me?
ANYE ƒe 3,000 enye esia la, dzila aɖe si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu gblɔ dzidzɔtɔe be: “Ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Psalmo 127:3) Nyateƒee, dzidzɔ si le vidzidzi me nye teƒeɖoɖo xɔasi aɖe tso Mawu gbɔ na srɔ̃tɔ akpa gãtɔ. Gake mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi amesiwo si vi le kpɔnɛ be agbanɔamedziwo kpe ɖe vidzidzi ƒe dzidzɔa ŋu o.
2 Vihehe nye dɔ si ɖi vɔvɔ̃, vevietɔ egbea koŋ. Gake ame geɖe kpɔ dzidzedze le eme, eye hakpala si gbɔgbɔ ʋã la fia nusi gbɔ wòtsona, esi wògblɔ be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.” (Psalmo 127:1) Zi geɖe alesi nèwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzii pɛpɛpɛ la, zi geɖe nenema ke nàzu dzila ɖɔʋui wu. Biblia gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” (Lododowo 3:5) Ðe nèlɔ̃ be yease Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo esi nèle vinyinyi si nye ƒe 20 dɔ si le dziwò la gɔme dzema?
BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU XƆXƆ
3. Agba kae le vifofowo dzi le wo viwo nyinyi me?
3 Le aƒe geɖe me le xexeame godoo la, ŋutsuwo bua vihehe nyɔnu ƒe dɔe. Nyateƒee, Mawu ƒe Nya gblɔ be vifofo ƒe dɔ koŋ ye nye be wòakpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake egagblɔ hã be dɔ gale edzi le aƒea me. Biblia gblɔ be: “Wɔ wò dɔwo le xexe, eye nade wò agble, emegbe hafi natu xɔ.” (Lododowo 24:27) Le Mawu gbɔ la, ebua vifofowo kple vidadawo be wo ame evea dzie vihehe ƒe agba le.—Lododowo 1:8, 9.
4. Nukatae mele be míabu ŋutsuviwo be wole ŋgɔ na nyɔnuviwo o?
4 Aleke nèbua viwòwoe? Nyatakakawo gblɔ be “zi geɖe la, dzilawo mekpɔa dzidzɔ ɖe nyɔnuvi dzidzi ŋu” le Asia o. Wogblɔ be wogabua susu vɔ̃ bubu ɖe nyɔnuviwo ŋu le Latin Amerika dukɔwo me kokoko, le “ƒome siwo ƒe ŋkume kɔ wu” gɔ̃ hã me. Gake nyateƒe lae nye be menye ɖevi siwo le tsɛ wue nyɔnuviwo nye o. Yakob si nye vifofo aɖe si wonya nyuie le blema yɔ viawo katã, siwo dome nyɔnuvi siwo wòdzi ɣemaɣi hã nɔ, be “vi, siwo Mawu [nam].” (Mose I, 33:1-5; 37:35) Nenema ke Yesu yra ‘ɖevi sue’ (ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo) siwo wokplɔ va egbɔe. (Mateo 19:13-15) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe nukpɔsusue wòɖe fia.—Mose V, 16:14.
5. Nukawo ŋue wòle be srɔ̃tɔwo nabu ne wodi be yewoatso nya me le woƒe ƒome ƒe lolome ŋu?
5 Ðe wòbɔ le afisi nèle be woadi be nyɔnu nadzi vi sɔgbɔ alesinu ko wòate ŋuia? Esɔ be vi xexlẽme sinu srɔ̃tɔwo adzi la nye woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ke ne ŋutete mele dzilawo ŋu be woanyi vi gbogbowo, atɔ awu na wo, eye woade wo suku o ɖe? Ðikekemanɔmee la, ele be atsu kple asia nabu nya sia ŋu ne wole nya me tsom le woƒe ƒomea ƒe lolome ŋu. Atsu kple asi aɖewo siwo mate ŋu akpɔ wo viwo katã dzi o la kplɔa wo dometɔ aɖewo dana ɖe ƒometɔwo gbɔ be woakpɔ wo dzi. Ðe wɔna sia nyoa? Ne míagblɔe tututu la, menyo o. Eye meɖe ɖeviawo ƒe agba le wo dzilawo dzi o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.” (Timoteo I, 5:8) Srɔ̃tɔ siwo bua woƒe agbanɔamedzi ŋu la dzea agbagba wɔa ɖoɖo ɖe woƒe ‘aƒe’ ŋu ale be woate ŋu ‘akpɔ woawo ŋutɔ tɔwo dzi.’ Ðe woate ŋu awɔ esia to ɖoɖowɔwɔ ɖe woƒe vidzidzi ŋu mea? Eya hã woawo ŋutɔ ƒe nyametsotsoe, eye ne esia ƒe nya mee srɔ̃tɔwo tso la, mɔxexenafufɔfɔ mɔnu ɖesiaɖe si woazã hã nye woawo ɖeɖe dome nya. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Gake ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ɖesiaɖe si me fuɖeɖe ƒe nɔnɔme aɖe anɔ la tsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Yehowa Mawu ye nye “agbedzɔƒe.” (Psalmo 36:10) Eyata be woagblẽ ɖevi aɖe ƒe agbe dome le esi wofɔ eƒe fu vɔ megbe la afia bubumademade gã aɖe Yehowa ŋu eye wòsɔ kple amewuwu.—Mose II, 21:22, 23; Psalmo 139:16; Yeremya 1:5.
ALESI NÀKPƆ VIWÒ ƑE NUHIAHIÃWO GBƆE
6. Ɣekaɣie wòle be vimamlã nadze egɔme?
6 Lododowo 22:6 gblɔ be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu.” Ðeviwo mamlã nye dzilawo ƒe dɔdasi vevi bubu. Gake ɣekaɣie wòle be wo mamlã ma nadze egɔme? Ele be woatso ɖe eŋu kaba ŋutɔ. Apostolo Paulo de dzesii be wona hehe Timoteo “tso vidzĩme ke.” (Timoteo II, 3:15, NW) Helagbe me nya si wozã le afisia ate ŋu afia vi fẽ alo vi nɔdɔme gɔ̃ hã. (Luka 1:41, 44; Dɔwɔwɔwo 7:18-20) Eyata Timoteo xɔ hehe tso eƒe vi fẽ me ke—eye esɔ be wonae ɣemaɣi. Vidzĩmee nye ɣeyiɣi nyuitɔ si woadze vimamlã gɔme. Vidzĩ kokoe gɔ̃ hã dina be yeanya nu.
7. (a) Nukatae wòle vevie be dzila eveawo nana ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wo kple wo vi vidzĩ dome? (b) Ƒomedodo kae nɔ Yehowa kple eƒe Tenuvi la dome?
7 Vidada aɖe gblɔ be: “Zi gbãtɔ si mekpɔ vinye la, lɔlɔ̃ aɖe ƒomevi ɖo menye nɛ zi ɖeka.” Nenema wònɔna na vidada akpa gãtɔ. Kukuɖeameŋu dodzidzɔname ma si le vidadaa kple via dome la tsina ɖe edzi ne wo ame evea wole anyi ɖekae le edzidzi vɔ megbe. Nonana wɔnɛ be ƒomedodo ma me gasẽna ɖe edzi. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 2:7.) Vidada ƒe asikaka via ŋu kple nuƒoƒo nɛ le vevie ale gbegbe bene woakpɔ vidzĩa ƒe seselelãmenuhiahiãwo gbɔ. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 66:12.) Ke vifofoa hã ɖe? Ele be eya hã nana kadodo kplikplikpli nanɔ wo kple via yeyea dome. Yehowa ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu. Le Lododowo ƒe agbalẽa me la, woƒo nu tso ƒomedodo si le Yehowa kple eƒe Tenuvi la dome ŋu na mí, esi Yesu nye amesi ŋu wogblɔ le be: “Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto . . . Mezu amesi gbɔ melɔ̃a nu le kura o gbesiagbe.” (Lododowo 8:22, 30, NW; Yohanes 1:14) Nenema ke fofo nyui naa ƒomedodo si me vividodoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le nɔa wo kple via dome tso ɖevia ƒe agbe ƒe gɔmedzedze ke. Dzila aɖe gblɔ be: “Ðe lɔlɔ̃ geɖe fia. Asikpakplakɔname kple nugbugbɔgbugbɔ mewua vi o.”
8. Nusi doa ŋusẽ tamebubu kae wòle be dzilawo nana vidzĩwo kaba alesi woate ŋui?
8 Gake vidzĩwo hiã nu geɖe wu ema. Tso wo dziɣi ke la, woƒe ahɔhɔ̃ nɔa klalo na nyatakakawo xɔxɔ kple wo dzadzraɖo, eye dzilawo gbɔ koŋ ye woakpɔ esia le. Mina míatsɔ gbegbɔgblɔ awɔ eƒe kpɔɖeŋui. Numekulawo gblɔ be “wosusui be ƒomedodo kplikplikpli aɖe le” ɖevi ƒe nuƒoƒo kple nuxexlẽ sɔsrɔ̃ nyuie “kple alesi wo kple edzilawo dome nɔ le ɖevia ƒe vidzĩme dome.” Ƒo nu na viwò eye nàxlẽ nu nɛ tso eƒe vidzĩme ke. Madidi hafi wòadi be yeasrɔ̃ wò o, eye kaka nànya la, èle nuxexlẽ fiamee xoxo. Anɔ eme be ate ŋu axlẽ nu hafi adze suku gɔme. Esia aɖe vi ŋutɔ vevietɔ ne dukɔ si me nufialawo mesɔ gbɔ le o eye sukuxɔwo me yɔna gbagbana mee nèle.
9. Taɖodzinu kae nye vevitɔ wu si dzi wòle be dzilawo naɖo ŋkui?
9 Nusi ŋu dzila Kristotɔwo tsia dzi ɖo vevie wue nye be woakpɔ wo vi ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Kpɔ Mose V, 8:3.) Kple taɖodzinu ka? Bene woakpe ɖe wo via ŋu be wòatu amenyenye si ɖi Kristo tɔ ɖo, le nyateƒe me la, wòado “amenyenye yeye” la. (Efesotɔwo 4:24, NW) Bene woawɔ esia la, ehiã be woabu tame le xɔtunu nyuiwo kple xɔtumɔnu nyuiwo ŋu.
KU NYATEƑEA ÐE TOME NA VIWÒ
10. Nɔnɔme kawoe wòhiã be ɖeviwo nasrɔ̃ wòatsi wo si?
10 Zi geɖe la, xɔtunu siwo wozã le xɔtutu me dzie xɔa ƒe nyonyome nɔa te ɖo. Apostolo Paulo gblɔ be xɔtunu siwo woatsɔ atu Kristotɔwo ƒe amenyenye ƒomevi vovovowo ɖo ƒe nyuitɔwoe nye “sika, klosalo, kpe xɔasiwo.” (Korintotɔwo I, 3:10-12) Nusiawo nye kpɔɖeŋu na nɔnɔme siawo abe xɔse, nunya, gɔmesese, nuteƒewɔwɔ, bubu, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe sewo ŋu lɔlɔ̃tɔe ene. (Psalmo 19:8-12; Lododowo 2:1-6; 3:13, 14) Aleke dzilawo awɔ akpe ɖe wo viwo ŋu tso woƒe vi fẽ me ke be woatu nɔnɔme siawo ɖo? To wɔwɔ ɖe mɔnu aɖe si wogblɔ tso gbaɖegbe ke dzi mee.
11. Aleke dzila siwo nye Israel-viwo kpe ɖe wo viwo ŋui be wotu mawumenɔnɔmewo ɖo?
11 Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Israel-dukɔa naɖo Ŋugbedodonyigba la dzi la, Yehowa gblɔ na Israel-vi siwo nye dzilawo be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Ẽ, ele be dzilawo nanye kpɔɖeŋuɖolawo, zɔhɛwo, dzeɖolawo, kple nufialawo na wo viwo.
12. Nukatae wòhiã vevie ŋutɔ be dzilawo nanye kpɔɖeŋu nyuiwo?
12 Nye kpɔɖeŋu. Gbã Yehowa gblɔ be: “Nya [siawo] . . . natsi dzi me na wò.” Emegbe egblɔ kpee be: “Ku wo ɖe to me na viwòwo.” Eyata ele be mawumenɔnɔmewo nanɔ dzila la ƒe dzime gbã. Ele be dzila la nalɔ̃ nyateƒea eye wòanɔ agbe ɖe enu. Eya ko hafi wòate ŋu aɖo ɖevia ƒe dzi gbɔ. (Lododowo 20:7) Nukatae? Elabena nusiwo ɖeviwo kpɔ la wɔa dɔ ɖe wo dzi wu nusi wose.—Luka 6:40; Korintotɔwo I, 11:1.
13. Aleke Kristotɔ siwo nye dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le beléle na wo viwo mee?
13 Nye zɔhɛ na wo. Yehowa gblɔ na dzilawo le Israel be: ‘Miƒo nu na mia viwo ne miebɔbɔ nɔ aƒeme kple ne miele mɔ dzi.’ Esia bia be dzilawo nadi ɣeyiɣi anɔ anyi kple ɖeviawo eɖanye aleke gbegbe woxaxae o. Edze ƒã be Yesu kpɔe be ɖeviwo dze be yeazã yeƒe ɣeyiɣi ɖe wo ŋu. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ŋkeke mlɔeawo me la, “wotsɔ ɖevi suewo va egbɔ be, wòada asi ɖe wo dzi.” Aleke Yesu wɔ nui? ‘Elé ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu eye wòyra wo.’ (Marko 10:13, 16) Kpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me, Yesu ƒe agbemegaƒoƒo mamleawo le vɔvɔm. Gake egato egbɔ zã eƒe ɣeyiɣi kple susu ɖe ɖevi siawo ŋu. Nufiame nyui kae nye esi!
14. Nukatae viɖe le eme na dzilawo be woazã ɣeyiɣi ɖe wo vi ŋu?
14 Nye dzeɖola. Vovokpɔkpɔ ɖe viwò ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖo dze kplii. Zi alesi nèɖo dze kplii la, zi nenemae nànya amenyenye si le esi sum la nyuie wu. Gake ɖo ŋku edzi be menye nuƒoƒo koe nye dzeɖoɖo o. Vidada aɖe si le Brazil gblɔ be: “Ehiã be masrɔ̃ alesi woɖoa toe, alesi matsɔ nye dzi aɖo toe.” Eƒe dzigbɔɖia ɖe vi esi viaŋutsu va dze eƒe seselelãmewo gbɔgblɔ nɛ gɔme.
15. Nukae le be wòanɔ susu me na ame le modzakaɖeɖe ŋu?
15 Ðeviwo hiã ‘ɣeyiɣi si woatsɔ ako nui kple ɣeyiɣi si woatsɔ ati kpoe,’ ɣeyiɣi si woatsɔ aɖe modzakae. (Nyagblɔla 3:1, 4; Zaxarya 8:5) Modzakaɖeɖe ɖea vi ŋutɔ ne dzilawo kple ɖeviwo kpɔ gome le eme ɖekae. Ewɔ nublanui be le aƒe geɖe me la, television kpɔkpɔ koe nye woƒe modzakaɖeɖe. Togbɔ be television dzi wɔna aɖewo aɖe modzaka na ame hã la, geɖe gblẽa agbenɔnɔ ƒe dzidzenu nyuiwo me, eye zi geɖe la, television kpɔkpɔ tsia dzeɖoɖo nu le ƒomea me. Eyata nukata màwɔ nane si me nuwɔwɔ ŋutɔŋutɔ le kple viwòwo o? Midzi ha, miwɔ modzakaɖefefewo, mide ha kple xɔlɔ̃wo, miɖi tsa de dzidzɔdonameƒewo. Nuwɔna siawo dea dzeɖoɖo ƒe dzi ƒo.
16. Nukae wòle be dzilawo nafia wo viwo le Yehowa ŋu, eye aleke wòle be woawɔe?
16 Nye Nufiala. Yehowa gblɔ be: “Ku [nya siawo] ɖe to me na viwòwo.” Nya siwo ƒo xlãe la gblɔ nusiwo wòle be nàfia kple alesi wòle be nàfia woe. Gbã la, “tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 6:5) Emegbe, ‘nàku nya siawo ɖe to me na wo.’ Fia nu wo kple taɖodzinu be yeatu lɔlɔ̃ si tso dzi blibo me na Yehowa kple eƒe sewo ɖo ɖe wo me. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 8:10.) Nya “ku ɖe to me” fia be woatsɔ nyagbugbɔgagblɔ afia nui. Eyata esɔ ko kple alesi Yehowa nagblɔ na wò be mɔ vevitɔ si dzi nàto akpe ɖe viwòwo ŋu be woatu amenyenye si ɖi Mawu tɔ ɖo lae nye be nànɔ nu ƒom tso ye ŋu na wo ɖaa. Esia ƒe akpa aɖee nye Biblia sɔsrɔ̃ kple wo edziedzi.
17. Nukae wòahiã be dzilawo natu ɖo ɖe wo vi me? Nukatae?
17 Dzila akpa gãtɔ nya be mele bɔbɔe be woana nufiame naɖo ɖevi ƒe dzi gbɔ o. Apostolo Petro de dzi ƒo na hati Kristotɔwo be: “Abe vidzĩwo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie.” (Petro I, 2:2) Nyagbɔgblɔ si wozã si gɔme woɖe be “nadzro mi vevie” la fia be le dzɔdzɔme nu la, gbɔgbɔmenuɖuɖu medzroa ame geɖe o. Ahiã be dzilawo nadi mɔ siwo dzi woato ana dzodzro ma naɖo wo vi me.
18. Yesu ƒe nufiafiamɔnu aɖewo siwo wode dzi ƒo na dzilawo be woasrɔ̃ dometɔ aɖewo ɖe?
18 Yesu to kpɔɖeŋuwo zazã me ɖo amewo ƒe dzi gbɔ. (Marko 13:34; Luka 10:29-37) Nufiafiamɔnu sia ɖea vi ŋutɔ vevietɔ le ɖeviwo gome. Zã ŋutinya vivi siwo me nɔnɔmetata siwo le amadede dzeani me le, abe esiwo le agbalẽ si nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo me ene, nàtsɔ afia Biblia ƒe gɔmeɖosewo woe.a Na ɖeviawo hã nakpɔ gome le eme. Na woazã woƒe nuwɔwɔŋutete atsɔ ata Biblia me nudzɔdzɔwo eye woawɔ woƒe wɔwɔfiawoe. Yesu zã nyabiabiawo hã. (Mateo 17:24-27) Zã eƒe mɔnu sia le miaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me. Le esi nàgblɔ nusi Mawu ƒe se nye ko teƒe la, bia nya siawo tɔgbe abe, Nukatae Yehowa de se sia na mí? Nukae adzɔ ne míewɔ edzi? Nukae adzɔ ne míewɔ edzi o? Nyabiabia siawo tɔgbe kpena ɖe ɖevi ŋu wòbua tame hekpɔnɛ be Mawu ƒe sewo sɔ henyo.—Mose V, 10:13.
19. Ne dzilawo wɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le nuwɔwɔ ɖe wo viwo ŋu me la, aleke gbegbe wòade ɖeviawo dzii?
19 Ne ènye kpɔɖeŋu, zɔhɛ, dzeɖola, kple nufiala la, àte ŋu akpe ɖe viwò ŋu tso eƒe ɖevimeƒe gbãtɔwo me ke be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ wo kple Yehowa Mawu dome. Ƒomedodo sia ade dzi ƒo na viwò be wòazu Kristotɔ kpɔdzidzɔ. Adze agbagba anɔ agbe ɖe eƒe xɔse nu ne ehatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo kple tetekpɔwo dze ŋgɔe hã. Kpe ɖe eŋu ɣesiaɣi be wòakpɔ ƒomedodo xɔasi sia ƒe vevienyenye adze sii.—Lododowo 27:11.
AMEHEHE HIÃ VEVIE
20. Nukae nye amehehe, eye aleke wòle be woanae?
20 Amehehee nye mamlã si ɖɔa ame ƒe dzi kple susu ɖo. Ðeviwo hiã nɛ ɣesiaɣi. Paulo xlɔ̃ nu vifofowo be ‘woayi edzi ahe wo viwo le Yehowa ƒe amehehe kple asitɔtrɔ le tamesusu ŋu me.’ (Efesotɔwo 6:4) Ele be dzilawo nahe wo viwo le lɔlɔ̃ me, abe alesi Yehowa wɔnɛ ene. (Hebritɔwo 12:4-11) Woate ŋu ato nuŋububu kple ame dzi ana hehe si me lɔlɔ̃ le. Eyatae wogblɔ na mí be “miɖo to amehehe” ɖo. (Lododowo 8:33) Aleke wòle be woana amehehee?
21. Gɔmeɖose kawoe wòle be wòanɔ susu me na dzilawo ne wole to hem na wo viwo?
21 Dzila aɖewo bunɛ be yewo viwo hehe fia ko be yewoablu ɖe wo dzi, anyra ɖe wo, alo kura gɔ̃ hã adzu wo. Gake Paulo xlɔ̃ nu le nya sia ke ŋu be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o.” (Efesotɔwo 6:4) Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be ‘woanyo dɔme na amewo katã, eye woafia nu amesiwo tsia tre ɖe nya la ŋu le dzigbɔɖeanyi me.’ (Timoteo II, 2:24, 25) Togbɔ be Kristotɔ siwo nye dzilawo nya be ehiã be yewoatɔ afɔ to sesĩe hã la, wodzea agbagba be yewoalé nya siawo ɖe susu me ne wole to hem na wo viwo. Gake ɣeaɖewoɣi la, numeɖeɖe ɖeɖe mesɔa gbɔ o, eye tohehe ƒomevi aɖe ahiã.—Lododowo 22:15.
22. Ne ehiã be woahe to na ɖevi la, nuka gɔmee wòle be woakpe ɖe eŋu wòase?
22 Ðevi vovovowo hiã hehe ƒomevi vovovo. ‘Nyagbɔgblɔ na ame ɖeɖe’ meɖɔa ɖewo ɖo o. Le woawo gome la, tohehe ɣeaɖewoɣi ɖe tomaɖomaɖo ta ate ŋu axɔ wo ɖe agbe. (Lododowo 17:10; 23:13, 14; 29:19) Gake ele be ɖevia nase nusita wole to hem nɛ ɖo la gɔme. “Ati kple mokaname dzea nunya ame.” (Lododowo 29:15; Hiob 6:24) Gakpe ɖe eŋu la, tohehe ƒe seɖoƒe li. Yehowa gblɔ na eƒe amewo be: “Mahe to na wò ɖe ɖoɖo . . . nu.” (Yeremya 46:28b) Biblia meda asi ɖe ati ɖeɖe ɖe ame dzi dɔmedzoetɔe alo ameƒoƒo kutɔkutɔe si ana ɖevia ŋuti nadro alo wòade abi eŋu dzi o.—Lododowo 16:32.
23. Nukae wòle be ɖevi nate ŋu akpɔ adze sii ne edzilawo he to nɛ?
23 Esime Yehowa xlɔ̃ nu eƒe dukɔ la be yeahe to na wo la, gbã, egblɔ na wo be: “Megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò.” (Yeremya 46:28a) Nenema ke nɔnɔme si sɔ ka mee dzilawo he to le o, mele be wòana ɖevia nase le eɖokui me gbeɖe be yeƒe nyae womelɔ̃na o tae o. (Kolosetɔwo 3:21) Ke boŋ ele be ɖevia nasee le eɖokui me be esi ye dzila ‘li kpli ye,’ alo le yeƒe akpa dzi, tae wòhe toa na ye ɖo.
KPƆ VIWÒ TA TSO AFƆKU ME
24, 25. Ŋɔdzinu nyɔŋu siwo me ɖeviwo hiã takpɔkpɔ le le ŋkeke siawo me ƒe ɖee nye ka?
24 Ne ame tsitsi geɖe trɔ kpɔ megbe la, wokpɔnɛ be yewoƒe ɖevime nye dzidzɔɣeyiɣi. Woɖoa ŋku alesi wosena le wo ɖokui me dzidzɔtɔe be yewole dedie eye wokana ɖe edzi be yewo dzilawo akpɔ yewo ta le nɔnɔme ɖesiaɖe me la dzi. Dzilawo dina be yewo viwo nase le wo ɖokui me nenema, gake le egbe xexe gblẽku sia me la, ɖeviwo takpɔkpɔ sesẽ fifia wu tsã.
25 Ŋɔdzinu nyɔŋu aɖe si va bɔ le ƒe siawo mee nye ɖeviwo gbɔ dɔdɔ. Ðeviwo gbɔ dɔdɔ ƒe nutsotsowo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene le Malaysia le ƒe ewo me. Wodɔa ɖevi siwo ade 300,000 gbɔ ƒe sia ƒe le Germania, eye le Dziehe Amerika dukɔ aɖe me la, numekuku aɖe gblɔ be amesiwo gbɔ wosusu be wodɔna ƒe sia ƒe la nye xexlẽme dziŋɔ aɖe si nye 9,000,000 sɔŋ! Nublanuitɔe la, le ɖevi siawo ƒe akpa gãtɔ gome la, woawo ŋutɔ ƒe aƒemetɔ siwo wonya eye wokana ɖe wo dzi lae dɔa wo gbɔ. Gake ele be dzilawo nanye takpɔnu sesẽ aɖe na ɖeviwo. Aleke dzilawo ate ŋu anye wo takpɔlawoe?
26. Mɔ siwo nu woate ŋu akpɔ ɖeviwo ta le be woanɔ dedie ƒe ɖewo ɖe, eye aleke sidzedze ate ŋu akpɔ ɖeviwo tae?
26 Esi nuteƒekpɔkpɔ fia be ɖevi siwo menya nu boo aɖeke le gbɔdɔdɔ ŋu o koŋ ye dzea ɖevigbɔdɔlawo si me ta la, mɔxexeɖenufɔ vevi aɖe si woaɖee nye be woafia nu ɖevia, ne eganye ɖevi sue hã. Sidzedze ate ŋu anye takpɔkpɔ na ame tso “mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la ŋu.” (Lododowo 2:10-12) Sidzedze ka? Sidzedze Biblia ƒe gɔmeɖosewo, le nusi le dzɔdzɔe kple nusi gblẽ le agbenyuinɔnɔ gome ŋu. Sidzedzee be ame tsitsi aɖewo wɔa nu gbegblẽ eye be mele be ɖevi nalɔ̃ ɖe edzi ne wodo nu gbegblẽwo wɔwɔ ɖe egbɔ o. (Tsɔe sɔ kple Daniel 1:4, 8; 3:16-18.) Mègana nufiafia sia nase ɖe egbɔgblɔ na wo zi ɖeka ko dzi o. Ehiã be woagbugbɔ nu afia ɖevi sue akpa gãtɔ zi gbɔ zi geɖe hafi woaɖo ŋku edzi nyuie. Ne ɖeviawo tsi vie la, wo fofo atsɔ lɔlɔ̃ ade bubu vianyɔnu ƒe gomenɔamesi be wòaɖe vo ŋu, eye wo dada adee viaŋutsu tɔ ŋu—esia wɔwɔ ado ŋusẽ ɖevia ƒe gɔmesese le nusi sɔ ŋu. Eye eme kɔ kɔte be ametakpɔkpɔ nyuitɔwo tso ɖeviwo gbɔ dɔdɔ me ƒe ɖee nye mi dzilawo ƒe ŋkuléle ɖe wo ŋu nyuie.
DI MAWU ƑE MƆFIAFIA
27, 28. Amekae nye dzilawo ƒe Kpekpeɖeŋutsoƒe gãtɔ ne wodze ŋgɔ vinyinyidɔ sesẽ la?
27 Le nyateƒe me, vimamlã tso eƒe vidzĩme mele bɔbɔe o, gake mele be dzila xɔsetɔwo nakpe akɔ kple dɔ sia le woawo ɖeɖeko ƒe ŋusẽ me o. Le Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli ke la, esi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Manoax se be yegbɔna vi dzi ge la, ebia mɔfiafia Yehowa le via hehe ŋu. Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖawo ŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:8, 12, 24.
28 Nenema ke egbea ne dzila xɔsetɔwo le wo viwo nyim la, woawo hã woate ŋu aƒo nu na Yehowa le gbedodoɖa me. Dɔ sesẽe wònye be woanye dzila, gake fetu siwo le eme la lolo. Atsu kple asi Kristotɔ aɖe siwo le Hawaii gblɔ be: “Ƒe 12 le asiwò nàtsɔ awu wò dɔa nu hafi ƒewui sesẽ mawo nadze egɔme. Gake ne èdo vevie nu tsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe la, ke ɣeyiɣia de be nàŋe dzidzɔ kple ŋutifafa ƒe kutsetsewo ne wotso nya me be yewodi be yewoasubɔ Yehowa tso dzime.” (Lododowo 23:15, 16) Ne viwò wɔ nyametsotso ma la, aʋã wò hã nàgblɔ kple dzidzɔ be: “Ŋutsuviwo [kple nyɔnuviwo] nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.”
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.