Tito—‘Hadɔwɔla le Miaƒe Nyonyo Ta’
KUXIWO do mo ɖa ɣeaɖewoɣi le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me. Ele be woakpɔ wo gbɔ, eye ebia dzinɔameƒo kple toɖoɖo. Tito nye ŋutsu aɖe si kuxi siawo ƒomevi dze ŋgɔe enuenu eye wòkpɔ wo gbɔ nyuie. Esi wònye amesi wɔ dɔ kple apostolo Paulo ta la, edze agbagba ɖesiaɖe be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu woawɔ nuwo alesi Yehowa dii. Eyata Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto be Tito nye ‘hadɔwɔla le woƒe nyonyo ta.’—Korintotɔwo II, 8:23.
Amekae nye Tito? Akpa kae wòwɔ le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me? Eye vi kae wòaɖe na mí ne míedzro eƒe nuwɔnawo me?
Aʋatsotso ƒe Nya La
Tito nye Helatɔ aʋamatsomatsotɔ. (Galatiatɔwo 2:3)a Zi alesi Paulo yɔe be “vinye vavã le mí ame eve ƒe xɔse la nu” ta la, ɖewohĩ Tito nye apostoloa ƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka. (Tito 1:4; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 1:2.) Tito nɔ Paulo, Barnaba, kple ame bubu siwo tso Antioxia, Siria, dome esime woyi Yerusalem le ƒe 49 M.Ŋ. lɔƒo be woadzro aʋatsotso ƒe nyaa me.—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2; Galatiatɔwo 2:1.
Wogblɔ susu aɖe be esi wònye wonɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu nya me dzrom le Yerusalem ta la, wokplɔ Tito ɖe asi be woaɖee afia be Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o la tso aʋa alo wometsoe o, Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Yerusalem hamea me tɔ aɖewo siwo nye Farisitɔwo tsã hafi va xɔ Kristotɔnyenye nɔ nya hem be ele na Trɔ̃subɔdukɔmetɔ trɔdzimewo be woatso aʋa eye woawɔ Sea dzi, gake wotsi tre ɖe nya ma ŋu. Eƒoƒo ɖe Tito kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ bubuwo nu be woatso aʋa afia be enye aʋatso be Yehowa ƒe amenuveve kple Yesu Kristo dzixɔxɔse dzie agbekpɔkpɔ nɔ te ɖo ke menye Sea dzi wɔwɔ o. Afia hã be womelɔ̃ ɖe dzi be wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo, alo dutadukɔwo me tɔwo dzi o.—Dɔwɔwɔwo 15:5-12.
Wodɔe Ðo Ðe Korinto
Esi wokpɔ ta na aʋatsotsonyaa vɔ la, wona ŋusẽ blibo Paulo kple Barnaba be woaɖe gbeƒã na trɔ̃subɔdukɔwo. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wodze agbagba hã be yewoƒe ŋku nanɔ ame dahewo ŋu. (Galatiatɔwo 2:9, 10) Le nyateƒe me esi wogayɔ Tito ŋkɔ le nuŋlɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me me anye ƒe ade megbe la, enye Paulo ƒe amedɔdɔ nɔ Korinto be wòawɔ ɖoɖo axɔ nudzɔdzɔ na ame kɔkɔewo. Gake esi Tito nɔ dɔ sia wɔwɔ dzi la, eva do go nɔnɔme aɖe si na wòxaxa le eɖokui me ale gbegbe.
Nusiwo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo fia be eŋlɔ na wo do ŋgɔ be ‘woagade ha kple ahasiwɔlawo o.’ Ehiã be wòagblɔ na wo be woaɖe ahasiwɔla matrɔdzime aɖe ɖa le woƒe hame. Ẽ, Paulo “tsɔ aɖatsi geɖe” ŋlɔ agbalẽ sẽŋu aɖe na wo. (Korintotɔwo I, 5:9-13; Korintotɔwo II, 2:4) Le ɣeyiɣi mawo katã me la, wodɔ Tito ɖo ɖe Korinto be wòana kpekpeɖeŋu le nudzɔdzɔ si wɔm wonɔ le afima na Yudea Kristotɔ siwo hiã tu la me. Anɔ eme kokoko be, wodɔe hã be wòakpɔ alesi Korintotɔwo le nu wɔm ɖe Paulo ƒe agbalẽa nui.—Korintotɔwo II, 8:1-6.
Aleke Korintotɔawo awɔ nu ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋui? Le dzimaɖi si Paulo tsi be yeanya ta la, ɖewohĩ edɔ Tito tso Efeso wòtso Aegea Ƒua yi Korinto, eye wògblɔ nɛ be wòatsɔ nyatakaka agbɔe kaba. Nenye be ede dɔagbe hafi wodzudzɔ tɔdzimɔzɔzɔwo na vuvɔŋɔli (le November domedome) la, ekema Tito aɖo tɔdziʋu ayi Troa alo ato mɔ si didi wu ato Hellespont. Ðewohĩ Paulo anya ɖo afisi woɖo ɖi be yewoado go le le Troa kaba, elabena zitɔtɔ si klosalonutulawo de amewo dome la na wòdzo le Efeso kaba wu alesi wosusui. Esi Paulo tsɔ dzimaɖitsitsi lalae le Troa megbe la, eva kpɔe be Tito mato ƒudzimɔ agbɔ o. Esia ta Paulo tsɔ du dze mɔ kple susu be yeado goe le mɔa dzi. Esi wònye Europa-nyigba dzi zɔm Paulo nɔ ta la, ato Egnatia Mɔ la, eye eva ke ɖe Tito ŋu mlɔeba le Makedonia. Nyatakaka si tso Korinto la nyo eye Paulo kpɔ dzidzeme kple dzidzɔ gã aɖe. Hamea wɔ ɖe apostoloa ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi nyuie.—Korintotɔwo II, 2:12, 13; 7:5-7.
Togbɔ be Paulo tsi dzi ɖe alesi woaxɔ eƒe amedɔdɔa ŋu hã la, Mawu kpe ɖe Tito ŋu be wòwu eƒe dɔdasia nu. Wotsɔ “vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya” xɔ Tito. (Korintotɔwo II, 7:8-15) Nya siwo numeɖela W. D. Thomas gblɔ enye be: “Míate ŋu agblɔe be [Tito] tsɔ ayedzedze kple ŋuɖɔɖɔɖo gblɔ Paulo ƒe mokanamenyawo na Korintotɔawo tsimatɔmatɔe; eye eka ɖe edzi na wo be, woƒe gbɔgbɔmenyonyo koŋue nɔ susu me na Paulo tae wòƒo nu nenema.” Le nuƒoƒo na wo me la, Tito va lɔ̃ Korinto Kristotɔawo le toɖoɖo ƒe gbɔgbɔ si woɖe fia kple tɔtrɔ nyui siwo wowɔ ta. Woƒe nuwɔna si dze na kafukafu la de dzi ƒo nɛ.
Ke dɔ si wodɔ Tito be wòawɔ le Korinto—be wòawɔ ɖoɖo axɔ nudzɔdzɔwo na ame kɔkɔewo le Yudea—ya ɖe? Tito nɔ dɔ wɔm tso esia hã ŋu, abe alesi míakpɔe le nyatakaka si le Korintotɔwo II mee ene. Anye Makedonia ye woŋlɔ agbalẽ sia le le ƒe 55 M.Ŋ. ƒe keleme, esime Tito kple Paulo do go wo nɔewo megbe teti. Paulo ŋlɔe bena azɔ wole Tito, amesi wɔ ɖoɖo ɖe nudzɔdzɔa xɔxɔ ŋu, kple ame eve bubu siwo ƒe ŋkɔwo womeyɔ o la dɔm ake be woakpe ɖe eŋu woawu enu. Esi Tito tsɔ ɖe le Korintotɔwo me vevie ta la, elɔ̃ faa be yeagbugbɔ ayi. Anɔ eme be esi Tito gbugbɔ dze mɔ yina Korinto la, etsɔ Paulo ƒe agbalẽ evelia si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ na Korintotɔwo la ɖe asi.—Korintotɔwo II, 8:6, 17, 18, 22.
Tito menye ɖoɖowɔla nyui ko o, ke boŋ enye ame aɖe si woate ŋu ade dɔ veviwo asi na le nɔnɔme sesẽwo me. Enye amesi ƒo dzi le, etsi le susume, eye enye ame like. Edze ƒã be Paulo bu Tito be ate ŋu akpɔ kuxi siwo Korinto ƒe “apostolo, siwo kɔ akpa” nɔ hehem vɛ gbɔ. (Korintotɔwo II, 11:5) Woɖo kpe Tito ƒe nɔnɔme sia dzi le afisi wogayɔ eƒe ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me eye wogade dɔ kpekpe bubu esi le.
Le Kreta Ƒukpo Dzi
Anɔ eme be le ƒe 61 kple 64 M.Ŋ. dome esime Tito nɔ subɔsubɔm le Mediterranea-ƒukpo si woyɔna be Kreta dzi la, Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖee. Paulo gblẽe ɖe afima be ‘wòaɖɔ nusiwo mesɔ o la ɖo’ eye ‘wòaɖo hamemegãwo le du sia du me.’ Míagblɔe gbadzaa be wonya Kretatɔwo be wonye ‘aʋatsokalawo, lã vɔ̃ɖiwo, nutsuɖula wɔkuviawo.’ Eyata esi Tito le Kreta la, woagadi tso esi be wòatsɔ dzinɔameƒo kple afɔteteɖeto awɔ nui. (Tito 1:5, 10-12) Agbanɔamedzi gã aɖee wònye, elabena esiae afia ne Kristotɔnyenye ava nɔ ƒukpoa dzi le etsɔme. Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòkpe ɖe Tito ŋu ale be etɔ asi nusiwo ŋu wòle be wòalé ŋku ɖo le amesiwo ava nye dzikpɔlawo ŋu la dzi nɛ. Wogakpɔtɔ léa ŋku ɖe nudidi siawo ŋu ne wole Kristotɔ hamemegãwo tiam egbea.
Ŋɔŋlɔawo megblɔ ɣeyiɣi si me Tito dzo le Kreta o. Enɔ afima ɣeyiɣi aɖe ale be Paulo bia tso esi be ne Zena kple Apolo va dze afima ɣeyiɣi aɖe si womeyɔ o le woƒe mɔzɔzɔ me la, wòakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake Tito manɔ ƒukpoa dzi wòadidi fũ o. Paulo nɔ ɖoɖo wɔm be yeadɔ Artema alo Tixiko ɖe afima, ekema Tito akpe kple apostoloa le Nikopoli, si anye du xɔŋkɔ aɖe si wonya ŋkɔ ma na le Hela ƒe dzieheɣetoɖoƒe gome.—Tito 3:12, 13.
Le Biblia ƒe nya mamlɛ kpui si wògblɔ tso Tito ŋu me la, míede dzesii be ɖewohĩ le ƒe 65 M.Ŋ. lɔƒo la, Paulo gadɔe ɖe dɔ bubu gbe. Dɔa kplɔe yi ɖe Dalmatia, si nye nuto si le Adratic Ƒua ƒe ɣedzeƒe gome le egbegbe Croatia. (Timoteo II, 4:10) Womegblɔ nusi Tito yi wɔwɔ ge le afima na mí o, gake wosusui be ɖe wonɔ edɔm ɖa be wòayi aɖakpɔ hamea me nyawo gbɔ eye wòawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ. Nenye nenemae la, ke Tito awɔ dɔ si ƒomevi wòwɔ le Kreta la.
Aleke gbegbe míeda akpee nye si be Kristotɔ dzikpɔla bibiwo abe Tito ene le mía si! Ŋɔŋlɔawo ƒe gomeɖose siwo gɔme wose nyuie kple alesi wowɔa wo ŋudɔ dzinɔameƒotɔe wɔnɛ be wokpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenyonyo ta. Mina míasrɔ̃ woƒe xɔse ahanɔ abe Tito ene to haxɔsetɔwo ƒe gbɔgbɔmenyonyo taʋiʋli me.—Hebritɔwo 13:7.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Galatiatɔwo 2:3 yɔ Tito be enye Helatɔ (Helʹlen). Esia ate ŋu anye be Hela-vidzidzie wònye. Ke hã wogblɔ be Hela-nuŋlɔla aɖewo zãa nuŋɔŋlɔ ƒomevi si fiaa nu sɔgbɔ (Helʹle·nes) tsɔ fiaa asi amesiwo menye Helatɔ o gake wozu Helatɔwo le gbea gbɔgblɔ kple kɔa nyinyi ta. Anɔ eme be Tito nye Helatɔ le susu ma nu.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Tito nye hadɔwɔla dzinɔameƒotɔ si wɔ dɔ le Kristotɔ siwo nɔ Korinto kple teƒe bubuwo ƒe nyonyo ta