Agbenɔnɔ Ðe Kristo Ƒe Se La Nu
“Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale miawu Kristo ƒe se la nu keŋ.”—GALATIATƆWO 6:2.
1. Nukatae míate ŋu agblɔ be Kristo ƒe se la nye nyuiwɔwɔ ƒe ŋusẽ vevi aɖe egbea?
YEHOWA ÐASEFO siwo nye Hututɔwo kple Tutsitɔwo tsɔ woƒe agbe de afɔku me le Rwanda be yewoakpɔ yewo nɔviwo ta le gbevovovodolawo dome ʋa si me wotsrɔ̃ ame geɖe le le dukɔ ma me la me. Enye dzigbagbã gã aɖe na Yehowa Ðasefo siwo le Kobe, Japan, amesiwo ƒe ƒometɔwo ku le anyigbaʋuʋu gã si gblẽ nu le afima la me. Ke hã woʋã ɖe kpekpe ɖe ame bubu siwo dzi nya la dzɔ ɖo la ŋu. Nyateƒee, kpɔɖeŋu ʋãdziname siwo tso xexeame ƒe akpa vovovowo ɖee fia be Kristo ƒe se la le dɔ wɔm egbea. Enye ŋusẽ triakɔ aɖe si ʋãa ame na nyuiwɔwɔ.
2. Aleke Kristodukɔa mese Kristo ƒe sea gɔmee o, eye aleke míawɔ ɖe se ma dzi?
2 Le ɣeyiɣi ma ke me la, nya aɖe si Biblia gblɔ ɖi le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo ŋu la le eme vam. “Mawusosroɖa ƒe nɔnɔme” le ame geɖe si gake “wogbe eƒe ŋusẽ la.” (Timoteo II, 3:1, 5) Le Kristodukɔa me koŋ la, mawusubɔsubɔ meganye nusi tsoa ame ƒe dzime o, ezu kɔnu ko. Esi agbenɔnɔ ɖe Kristo ƒe sea nu sesẽ akpa taea? Ao. Yesu made se si dzi womate ŋu awɔ ɖo o la na mí o. Kristodukɔa ƒe se ma gɔmemasemase ta koe. Egbe wɔwɔ ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi, be: “Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale miawu Kristo ƒe se la nu keŋ.” (Galatiatɔwo 6:2) ‘Míewua Kristo ƒe sea nu’ alo míewɔa edzi ne míexɔa agba kpekpewo na mía nɔewo, ke menye le Farisitɔwo sɔsrɔ̃ me aganɔ agba dim kpee na mía nɔviwo madzemadzee o.
3. (a) Se siwo le Kristo ƒe sea me ƒe ɖewo ɖe? (b) Nukatae wòanye vodada be míagblɔ be mele be se aɖeke nanɔ Kristo-hamea si wu Kristo ŋutɔ ƒe se siwo wòde tẽ o?
3 Kristo ƒe sea fia nusiwo katã ƒe se Kristo Yesu de—eɖanye gbeƒãɖeɖe alo nufiafia, nana be míaƒe ŋku dzi nadza eye wòakpɔ nu tẽ, agbagbadzedze be míanɔ ŋutifafa me kple mía nɔewo, alo makɔmakɔnyenye ɖeɖeɖa le hamea me o. (Mateo 5:27-30; 18:15-17; 28:19, 20; Nyaɖeɖefia 2:14-16) Le nyateƒe me la, enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woawɔ ɖe se siwo katã le Biblia me siwo wode na Kristo yomedzelawo la dzi. Eye mese ɖe afima ko o. Ehiã be Yehowa ƒe habɔbɔa, kpakple hame ɖekaɖekawo, nade se eye woawɔ ɖoɖo siwo ahiã bene woakpɔ egbɔ be nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nyui nu nanɔ anyi. (Korintotɔwo I, 14:33, 40) Bu eŋu kpɔ, Kristotɔwo mate ŋu awɔ kpekpewo gɔ̃ hã o ne ɖoɖo aɖeke mele wo si le game, teƒe, kple alesi woawɔ kpekpe siawoe ŋu o! (Hebritɔwo 10:24, 25) Asikpekpe ɖe mɔfiame siwo me susu le siwo amesiwo wona ŋusẽe le habɔbɔa me wɔ ŋu hã nye wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi ƒe akpa aɖe.—Hebritɔwo 13:17.
4. Ŋusẽ kae ʋãa ame le tadedeagu vavãtɔ tsɔtsɔna me?
4 Gake hã Kristotɔ vavãtɔwo meɖea mɔ woƒe subɔsubɔ zua se gbogbo aɖewo siwo ŋu gɔmesese mele o la dede o. Menye esi ame aɖe alo habɔbɔa aɖe gblɔ na wo be woasubɔ Yehowa ta koe wosubɔnɛ o. Ke boŋ ŋusẽ si ʋãa woƒe tadedeague nye lɔlɔ̃. Paulo ŋlɔe be: “Kristo la ƒe lɔlɔ̃ la zia mía dzi.” (Korintotɔwo II, 5:14, NW, etenuŋɔŋlɔ) Yesu de se na eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo. (Yohanes 15:12, 13) Ðokuitsɔtsɔsavɔlɔlɔ̃e nye nusi dzi wotu Kristo ƒe sea ɖo, eye ezia nyateƒe Kristotɔwo dzi le afisiafi alo ʋãa wo, le ƒomea me kple hamea me. Mina míakpɔ alesi wòle ɖa.
Le Ƒomea Me
5. (a) Aleke dzilawo awɔ bene woawɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi le ƒomea me? (b) Nukae ɖeviwo hiã tso wo dzilawo gbɔ, eye kuxi kawo dzie wòle be dzila aɖewo naɖu hafi akpɔ egbɔ?
5 Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” (Efesotɔwo 5:25) Ne srɔ̃ŋutsu srɔ̃ Kristo eye wòwɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ kple nugɔmesese me la, ke ele Kristo ƒe sea ƒe akpa vevi aɖe dzi wɔm. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu ɖee fia le gaglãgbe be yelɔ̃ ɖevi suewo, elé wo ɖe akɔnu, eda asi ɖe wo dzi, eye wòyra wo. (Marko 10:16) Dzila siwo wɔna ɖe Kristo ƒe sea dzi hã lɔ̃a wo viwo. Nyateƒee, esesẽna na dzila aɖewo be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le esia gome. Ðewo melɔ̃a woƒe seselelãmewo ɖeɖefia le gaglãgbe o. Dzilawo, migana nukpɔsusu siawo naxe mɔ na mi be miagaɖe alesi mielɔ̃ mia viwoe afia wo o! Enyanya le ɖokuiwò me be yelɔ̃ ye viwo ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be woawo hã nanya. Eye womanyae o ne mèdia mɔnu siwo nàɖe wò lɔlɔ̃ afia wo le o.—Tsɔe sɔ kple Marko 1:11.
6. (a) Ðe ɖeviwo hiã wo dzilawo ƒe sewoa, eye nukatae nèɖo eŋu nenema? (b) Nu vevi si dzi wotu se siwo woade le ƒomea me ɖo ka gɔmee wòhiã be ɖeviwo nase? (d) Afɔku kawo nue woxea mɔ ɖo ne Kristo ƒe sea le dɔ wɔm le ƒomea me?
6 Le ɣeyiɣi ma ke me la, ɖeviwo hiã mɔfiamewo, esi fia be ele be wo dzilawo nade se na wo eye ɣeaɖewoɣi woahe to na wo bene woawɔ ɖe se siawo dzi. (Hebritɔwo 12:7, 9, 11) Togbɔ be ele nenema hã la, ele be woanɔ kpekpem ɖe ɖeviwo ŋu vivivi be woase nusita wode se mawo ɖo la gɔme: be wo dzilawo ƒe lɔlɔ̃ na wo tae. Eye ele be woasrɔ̃e hã be lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ si ta wòle be woabu wo dzilawo ɖo. (Efesotɔwo 6:1; Kolosetɔwo 3:20; Yohanes I, 5:3) Dzila si dea dzesi nu ƒe taɖodzinue nye be yeafia ye viwo be woazã woƒe ‘tamebubuŋutete’ ale be woate ŋu ava anɔ nyametsotso nyuiwo wɔm le wo ɖokui si. (Romatɔwo 12:1; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 13:11.) Gake mele be seawo nasɔ gbɔ fũ akpa alo tohehe nasesẽ fũ akpa o. Paulo gblɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.” (Kolosetɔwo 3:21; Efesotɔwo 6:4) Ne wowɔa Kristo ƒe sea ŋudɔ le aƒea me la, ke womahe to kple dziku helĩhelĩ alo anɔ nya vevewo gblɔm ɖe ame ŋu o. Ðeviwo sena le wo ɖokui me be yewole dedie eye yewole tutuɖo xɔm le aƒe siawo me, menye be wodo agba na yewo alo wodo ŋukpe yewo o.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 36:8.
7. Mɔ kawo nue Betel-ƒewo nye kpɔɖeŋu le le sedede le ƒomea me gome?
7 Ame aɖewo siwo de Betel-ƒewo me kpɔ le xexeame godoo gblɔna be teƒe siawo nye kpɔɖeŋu nyuiwo le dadasɔ le sedede na ƒome ƒe nyawo me. Togbɔ be ame tsitsiwoe le teƒe mawo hã la, wowɔa nu abe ƒomewo ene.a Dɔ hamehamee wowɔna le Betel eye esia bia se agbɔsɔsɔ me aɖe—le nyateƒe me la, woasɔ gbɔ wu esiwo ƒome suewo hiã. Ke hã hamemegã siwo xɔa ŋgɔ le Betel-ƒewo me, ɔfiswo, kple agbalẽtaƒewo dzea agbagba be yewoatsɔ Kristo ƒe sea awɔ dɔe. Menye ɖoɖowɔwɔ ɖe dɔa ŋu koe wobuna be enye yewoƒe dɔ o ke boŋ alesi woana gbɔgbɔmeŋgɔyiyi kple “Yehowa ƒe dzidzɔ” nanɔ woƒe hadɔwɔlawo dome hãe. (Nexemya 8:10) Eyata wodzea agbagba be yewoawɔ nu le mɔ si atu ame ɖo eye wòade dzi ƒo na ame nu eye wowɔa nusianu si woate ŋui be yewoabu ame ŋu. (Efesotɔwo 4:31, 32) Eyata mewɔ nuku o be wonya Betel-ƒomewo be dzidzɔgbɔgbɔ le wo me!
Le Hamea Me
8. (a) Nukae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le hamea me ɣesiaɣi? (b) Nɔnɔme kawo mee ame aɖewo bia be woawɔ nyametsotso na yewo alo woawo ŋutɔ dze agbagba be yewoawɔ se le?
8 Enye míaƒe taɖodzinu nenema ke be míatu mía nɔewo ɖo le gbɔgbɔ si me lɔlɔ̃ le me le hamea me. (Tesalonikatɔwo I, 5:11) Eyata ele be Kristotɔwo katã nakpɔ nyuie be le nya siwo ku ɖe ame ŋutɔ ƒe tiatiawɔwɔ ŋu me la, yewomagatsɔe aɖo yewo ɖokui dzi be yewoazi yewoƒe nukpɔsusu ɖe amewo dzi atsɔ adzi agba ɖe edzi na wo o. Ɣeaɖewoɣi ame aɖewo ŋlɔa agbalẽ na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tsɔ nɔa nyametsotso biam le nyawo abe nukpɔsusu si le be wòanɔ wo si le sinima, agbalẽ, kple fefenu aɖewo gɔ̃ hã ŋu. Gake womena ŋusẽ Habɔbɔa be wòake ŋku ɖe nu mawo me tsitotsito adrɔ̃ ʋɔnu le wo ŋu o. Le akpa gãtɔ me la, nya siawo nye nusiwo ŋu amesiame alo ƒome ƒe ta ɖesiaɖe natso nya me le, wòanɔ te ɖe amea ƒe lɔlɔ̃ na Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Ame aɖewo lɔ̃a Habɔbɔa ƒe aɖaŋuɖoɖowo kple mɔfiamewo tsɔtsɔ wɔ see. Le kpɔɖeŋu, nyati nyui aɖe nɔ March 15, 1996, Gbetakpɔxɔ me si de dzi ƒo na hamemegãwo be woanɔ hameviwo srãm kpɔ le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔwo wɔwɔ me edziedzi. See wònye wodi be woadea? Ao. Togbɔ be eɖe vi geɖe na amesiwo te ŋu wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi hã la, hamemegã aɖewo kpɔe be yewomate ŋui o. Nenema ke “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” si le April 1, 1995, Gbetakpɔxɔ me xlɔ̃ nu le alesi kplɔ̃ɖoɖo gãwo alo wɔna kpeɖiwo wɔwɔ ɖea susu ɖa le bubu si le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋui ŋuti. Ame aɖewo se aɖaŋuɖoɖo sia si ŋu wobu nyuie gɔme bubui sã, kura gɔ̃ hã wotsɔe wɔ se sesẽe be mesɔ be woaɖo dzideƒonamegbalẽviwo kura ɖe ame o!
9. Nukatae wòle vevie be míatsri vodada didi le mía nɔewo ŋu alo ʋɔnudɔdrɔ̃ mía nɔewo?
9 Gabu eŋu hã be ne “se blibo, si nye ablɔɖese” la le dɔ wɔm le mía dome la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be menye Kristotɔwo katã ƒe dzitsinyae nye ɖeka o. (Yakobo 1:25) Ðe wòle be míatsɔe awɔ nyae ne amewo wɔ woawo ŋutɔ ƒe tiatia siwo menye dada le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi oa? Ao. Ne míewɔe nenema la, míahe mamã vɛ. (Korintotɔwo I, 1:10) Esi Paulo nɔ nu xlɔ̃m mí le ʋɔnudɔdrɔ̃ hati Kristotɔ ŋu la, egblɔ be: “Ye ŋutɔ ƒe aƒetɔ wòle tsitre na, alo wòdze anyi na; gake anɔ tsitre, elabena Mawu ate ŋu alée ɖe tsitre.” (Romatɔwo 14:4) Ne míenya wɔwɔ o la, ne míeƒo nu vɔ̃ ɖe ame bubuwo ƒe nya siwo wòle be woagblẽ ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzitsinya si me ŋu la, míaƒe nu mava dze Yehowa ŋu o.—Yakobo 4:10-12.
10. Amekawoe wode dɔ asi na be woakpɔ hamea dzi, eye aleke wòle be míakpe asi ɖe wo ŋui?
10 Mina míaɖo ŋku edzi hã be wode dɔ asi na hamemegãwo be woakpɔ Mawu ƒe alẽha la dzi. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Kpekpeɖeŋunana tae woli ɖo. Ele be míavo le mía ɖokui me be míate ɖe wo ŋu na aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ faa, elabena wonye Biblia srɔ̃lawo eye wonya nusiwo wogblɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me nyuie. Ne hamemegãwo de dzesi agbenɔnɔ si akplɔ ame ade dada le Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzi me la, wonaa nuxlɔ̃ame si hiã la vɔvɔ̃manɔmee. (Galatiatɔwo 6:1) Ne hamea me tɔwo kpe asi ɖe alẽkplɔla lɔlɔ̃ siawo, amesiwo le ŋgɔ xɔm le wo dome, ŋu la, enye wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi.—Hebritɔwo 13:7.
Hamemegãwo Tsɔa Kristo ƒe Sea Wɔa Dɔe
11. Aleke hamemegãwo tsɔa Kristo ƒe sea wɔa dɔe le hamea me?
11 Enye hamemegãwo ƒe didi vevie be yewoatsɔ Kristo ƒe sea awɔ dɔe le hamea me. Woxɔa ŋgɔgbe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me, wofiaa nu le mɔ si ana nya la naɖo amewo ƒe dzi gbɔ nu tso Biblia me eye, esi wonye alẽkplɔla lɔ̃ame fatuwo ta la, woƒoa nu na ‘luʋɔ siwo dzi nu te ɖo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Wotsria nɔnɔme siwo medze Kristotɔ o siwo bɔ ɖe Kristodukɔa ƒe ha gbogbo aɖewo me. Nyateƒee, xexeame ƒe agbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi kabakaba, eye abe Paulo ene la, hamemegãwo tsia dzi ɖe alẽha la nu; gake wodana sɔna ne wole dɔ wɔm le nusia siwo ŋu wotsi dzi ɖo la ŋu.—Korintotɔwo II, 11:28.
12. Ne Kristotɔ aɖe yi hamemegã aɖe gbɔ be yeabia kpekpeɖeŋu la, aleke hamemegã la ate ŋu akpe ɖe eŋui?
12 Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ aɖe adi be yeabia aɖaŋuɖoɖo le nya vevi aɖe si ŋu ŋɔŋlɔ aɖeke meƒo nu le tẽ o alo esi bia be woada asɔ le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose vovovowo ŋudɔwɔwɔ me ŋu. Ðewohĩ ate ŋu anye be wodoe ɖe ŋgɔ le dɔ me si ana eƒe fetu nakɔ mo dzi gake wòadzi eƒe agbanɔamedziwo ɖe edzi. Alo Kristotɔ sɔhɛ aɖe fofo dzimaxɔsetɔ abia nane siwo ate ŋu agblẽ nu le eƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋu. Le nɔnɔme mawo me la, hamemegã la magblɔ eya ŋutɔ ƒe susu o. Ke boŋ aʋu Biblia eye wòakpe ɖe amea ŋu wòade ŋugble tso gɔmeɖose siwo ku ɖe nya la ŋu ŋuti. Ne Watch Tower Publications Index li la, ɖewohĩ azãe atsɔ adi nya si “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ta ɖe Gbetakpɔxɔ alo agbalẽ bubuwo me le nya la ŋu. (Mateo 24:45) Ne emegbe Kristotɔ ma wɔ nyametsotso aɖe si hamemegã la bu be mesɔ tututu o ɖe? Ne nyametsotsoa meda Biblia ƒe gɔmeɖosewo alo sewo dzi tẽ o la, Kristotɔ ma akpɔe be hamemegã la ɖe mɔ ɖe gome si le ye si be yeatso nya me nenema la ŋu, elabena enyae be “amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” Gake ele be Kristotɔ ma naɖo ŋku edzi be “nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”—Galatiatɔwo 6:5, 7.
13. Le esi hamemegãwo naɖo nyabiabiawo ŋu tẽ alo woagblɔ woawo ŋutɔ ƒe susu la, nukatae wokpena ɖe amewo ŋu be woade ŋugble le nyawo ŋu?
13 Nukatae hamemegã si si nuteƒekpɔkpɔ su la awɔe alea? Le susu eve teti tae. Gbã la, Paulo gblɔ na hame aɖe be yemenye ‘aƒetɔ ɖe woƒe xɔse dzi’ o. (Korintotɔwo II, 1:24) Le kpekpe ɖe nɔvia ŋu be wòade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu eye wòatso nya me le sidzedze si su esi nu la, hamemegã la le nɔnɔme si Paulo ɖe fia srɔ̃m. Enya be seɖoƒe li na ŋusẽ si wona ye, abe alesi Yesu hã lɔ̃ ɖe edzi be seɖoƒe li na ŋusẽ si wona ye la ene. (Luka 12:13, 14; Yuda 9) Le ɣeyiɣi ma ke me la, hamemegãwo lɔ̃na faa naa Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame siwo ɖea vi ne ehiã, ne nuxlɔ̃ameawo asẽ ŋu gɔ̃ hã. Evelia, ele hehe nam ehati Kristotɔ la. Apostolo Paulo gblɔ be: “Nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu mã wo, be woabu nyui kple vɔ̃ me kpɔ la.” (Hebritɔwo 5:14) Eyata bene míayi ŋgɔ aɖo tsitsi gbɔ la, ele be míawo ŋutɔ míazã míaƒe sidzenuwo, menye ɣesiaɣi koe míanɔ ŋu ɖom ɖe ame bubuwo ŋu be woatso nya me na mí o. Esi hamemegã la fia ehati Kristotɔ be wòade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu alea la, eto mɔ sia dzi le kpekpem ɖe eŋu be wòayi ŋgɔ.
14. Aleke gbɔgbɔmemetsitsiwo awɔ aɖee fia be yewoɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu?
14 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi aʋã subɔla nyateƒetɔwo ƒe dzi. Eyata Kristotɔ tsitsiwo ʋãa wo nɔviwo ƒe dzi, eye woxlɔ̃a nu wo, abe alesi apostolo Paulo wɔe ene. (Korintotɔwo II, 8:8; 10:1; Filemon 8, 9) Paulo nya be ame madzɔmadzɔwo koŋ ye wòhiã be woade se ɖe nusianu nu na hafi woawɔ nu wòasɔ. (Timoteo I, 1:9) Mebu nazã ɖe nɔviawo ŋu alo gblɔ alo wɔ nusi fia be meka ɖe wo dzi o. Eŋlɔ na hame aɖe be: “Míeɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me.” (Tesalonikatɔwo II, 3:4) Paulo ƒe xɔse, kakaɖeamedzi, kple ŋuɖoɖoɖeameŋu ʋã Kristotɔ mawo geɖe ŋutɔ. Taɖodzinu ma tɔgbe ke le hamemegãwo kple dzikpɔla mɔzɔlawo si. Aleke gbegbe Kristotɔ nuteƒewɔla siawo faa akɔ na ame, esime wole alẽha la kplɔm lɔlɔ̃tɔe nye si!—Yesaya 32:1, 2.
Ðe Nèle Agbe Nɔm ɖe Kristo ƒe Sea Nua?
15. Nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui ase kpɔ ɖa be ɖe míetsɔ Kristo ƒe sea le dɔ wɔmee le mía kple mía nɔviwo dome hã?
15 Ehiã be mí katã míanɔ mía ɖokui dom kpɔ edziedzi akpɔ be ɖe míele agbe nɔm ɖe Kristo ƒe sea nu eye míenaa wòwɔa dɔ hã. (Korintotɔwo II, 13:5) Le nyateƒe me, aɖe vi na mí katã ne míebiaa mía ɖokui se be: ‘Ðe metua ame ɖoa alo ɖe media vodada le ame ŋu? Ðe meda sɔa alo mewɔa nusi gbɔ eme? Ðe mebua ame bubuwo ŋua alo ɖe metea tɔ ɖe nye gomenɔamesiwo dzi?’ Kristotɔ medzea agbagba be yeazi nu ɖe ye nɔvi dzi le afɔ siwo wòle be wòaɖe alo maɖe o ŋu le nya siwo ŋu womeƒo nu le tẽ le Biblia me o la gome o.—Romatɔwo 12:1; Korintotɔwo I, 4:6.
16. Aleke míate ŋu akpe ɖe amesiwo bua wo ɖokui be viɖe mele yewo ŋu o ŋui, si anye wɔwɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi?
16 Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, ehiã vevie na mí be míadi mɔ siwo nu míato ade dzi ƒo na mía nɔewo. (Hebritɔwo 10:24, 25; tsɔe sɔ kple Mateo 7:1-5.) Ne míelé ŋku ɖe mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu la, ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo mexɔ asi na mí wu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo oa? Wo dometɔ ɖesiaɖe xɔ asi na Yehowa. Nublanuitɔe la, menye amesiamee bunɛ nenema le wo ɖokui ŋu gɔ̃ hã o. Le ame geɖe gome la, woawo ŋutɔ ƒe vodadawo kple blibomademadewo ko wokpɔna. Be míade dzi ƒo na amesiawo—kple ame bubuwo—la, ɖe míate ŋu adze agbagba aƒo nu na ame ɖeka alo eve le kpekpe ɖesiaɖe me, ana woanya nusita woƒe vava kple akpa vevi si wowɔna tsɔ kpena ɖe hamea ŋu le vevie na mía? Dzidzɔ kae nye si wònye be míaɖe woƒe agbawo dzi akpɔtɔ le mɔ sia nu eye míawɔ Kristo ƒe sea dzi!—Galatiatɔwo 6:2.
Kristo ƒe Se la Wɔa Dɔ!
17. Mɔ vovovo kawo nue nèkpɔnɛ le be Kristo ƒe sea le dɔ wɔm le miaƒe hamea me?
17 Kristo ƒe sea le dɔ dzi le Kristo-hamea me. Míekpɔnɛ gbesiagbe—ne mía nɔvi Ðasefowo tsɔ dzonɔameme le nyanyuia gblɔmee, ne wole akɔ fam na wo nɔewo hele dzi dem ƒo na wo, ne wole ʋiʋlim sesĩe be yewoasubɔ Yehowa kuxi sesẽ ka ke mee wole o hã, ne dzilawo le agbagba dzem be yewoahe yewo viwo woatsɔ dzi kpɔdzidzɔ alɔ̃ Yehowae, ne dzikpɔlawo tsɔa lɔlɔ̃ kple vividodoɖeameŋu fiaa Mawu ƒe Nya lae eye woʋãa alẽha la be woatsɔ dzonɔameme gã asubɔ Yehowae tegbee. (Mateo 28:19, 20; Tesalonikatɔwo I, 5:11, 14) Ne mía dome amesiame tsɔa Kristo ƒe sea wɔa dɔe le mía ŋutɔ míaƒe agbenɔnɔ me la, aleke gbegbe wònaa Yehowa ƒe dzi kpɔa dzidzɔe nye si! (Lododowo 23:15) Edi be amesiame si lɔ̃ yeƒe se debliboa la nanɔ agbe mavɔmavɔe. Le Paradiso si gbɔna me la, míakpɔ ɣeyiɣi si me ameƒomea ade blibo, ɣeyiɣi si me sedzimawɔla aɖeke maganɔ anyi o, kple ɣeyiɣi si me míaƒe dzi ƒe didi ɖesiaɖe awɔ nusi sɔ. Ŋutikɔkɔefetu ka gbegbee nye si agbenɔnɔ ɖe Kristo ƒe sea nu nye!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Aƒe siawo mele abe Kristodukɔa ƒe saɖagakpɔwo me ene o. “Abbot,” alo “fofowo” meli le gɔmesese si nu wozãa ŋkɔ mawo ɖo nu o. (Mateo 23:9) Wodea bubu nɔvi siwo wode dɔ asi na ŋu, gake gɔmeɖose siwo fiaa mɔ hamemegãwo katã koe kplɔa woawo hã.
Nukae Nye Wò Susu?
◻ Nukatae Kristodukɔa mese Kristo ƒe sea gɔme o?
◻ Aleke míate ŋu atsɔ Kristo ƒe sea awɔ dɔe le ƒomea me?
◻ Be míatsɔ Kristo ƒe sea awɔ dɔe le hamea me la, nukawoe mele be míawɔ o, eye nukawoe wòle be míawɔ?
◻ Aleke hamemegãwo ate ŋu awɔ ɖe Kristo ƒe sea dzii le woƒe nuwɔwɔ ɖe hamea ŋu me?
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Viwò hiã na lɔlɔ̃ vevie
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Aleke gbegbe míaƒe alẽkplɔla lɔlɔ̃awo naa ame ƒe dzi dzea emee nye si!