-
Mègama Nu Si Mawu Bla La Me OGbetakpɔxɔ—2007 | May 1
-
-
13. Gɔmeɖose kawoe le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnuwo ŋu?
13 Gɔmeɖosewo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnuwo hã ŋu. Efesotɔwo 5:22-24, 33 gblɔ be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene; elabena ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla. Gake la alesi hame la bɔbɔa eɖokui na Kristo la, nenema ke nyɔnuwo hã nawɔ na woawo ŋutɔ wo srɔ̃wo le nuwo katã me. . . . Ke nyɔnu la nasi srɔ̃a ɖa.”
-
-
Mègama Nu Si Mawu Bla La Me OGbetakpɔxɔ—2007 | May 1
-
-
15. Aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me na srɔ̃nyɔnuwo la dometɔ aɖewo ɖe?
15 Paulo gblɔ hã be ele be srɔ̃nyɔnu “nasi srɔ̃a ɖa.” Ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nanye ame si wɔa nu le “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” me, ke menye be wòanɔ nya hem ɖe srɔ̃a ŋu dadatɔe, alo anɔ nuwo wɔm le eɖokui si o. (Petro I, 3:4) Srɔ̃nyɔnu mawuvɔ̃la kua kutri geɖe le eƒe ƒomea ƒe nyonyo ta hewɔa nu siwo hea kafukafu vɛ na eƒe ta. (Tito 2:4, 5) Adze agbagba aƒo nu nyui tso srɔ̃a ŋu ɣesiaɣi ale be wòagawɔ naneke si ana ame bubuwo made bubu srɔ̃a ŋu o. Adze agbagba hã be yeawɔ nu siwo ana yesrɔ̃ ƒe nyametsotsowo nakpɔ dzidzedze.—Lododowo 14:1.
16. Nu kae srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Sara kple Rebeka ɖo la me?
16 Be gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo nanɔ nyɔnu Kristotɔ aɖe si la, mefia be mate ŋu ado susu ɖa o, alo be eƒe nukpɔsusuwo mele vevie o. Nyɔnu mawuvɔ̃la siwo nɔ anyi le blema, abe Sara kple Rebeka ene la, ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ le nya aɖewo gbɔkpɔkpɔ me, eye Biblia me nuŋlɔɖia ɖee fia be Yehowa da asi ɖe woƒe nuwɔna sia dzi. (Mose I, 21:8-12; 27:46–28:4) Srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo hã ate ŋu aɖe woƒe seselelãmewo agblɔ. Ke hã, ele be woawɔe ameŋububutɔe, ke menye amedaɖeanyitɔe o. Ne wowɔe alea la, woakpɔe be yewoƒe nyagbɔgblɔwo aɖɔ ʋu ahadze yewo srɔ̃wo ŋu geɖe wu.
-