-
Ðe Nàyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsime Si Gbɔ Kristo Ðo La Gbɔa?Gbetakpɔxɔ—2015 | September 15
-
-
2 Nenema kee ne ame aɖe srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu hexɔ nyɔnyrɔ la, ƒomedodo si le eya kple Mawu dome yia edzi nɔa tsitsim. Eƒe taɖodzinue nye be yeava zu Kristotɔ tsitsi. Esia mefia tsitsi le ƒe me o. Ke boŋ tsitsi le gbɔgbɔ me, si fia be, ƒomedodo kplikplikpli nava nɔ amea kple Yehowa dome. Apostolo Paulo di be Kristotɔ siwo nɔ Efeso la natsi le gbɔgbɔ me. Ede dzi ƒo na wo be woawɔ ɖeka le xɔse la me, eye woayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yesu ŋu ale be woazu “ame siwo tsi blibo ahaɖo tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.”—Efesotɔwo 4:13.
3. Aleke Yehowa ƒe ame siwo li egbea le abe Efeso hamea me tɔwo ene?
3 Woɖo hame si nɔ Efeso la ƒe geɖe hafi Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa ɖo ɖe wo. Hamea me tɔ geɖe nye Kristotɔ tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Ke hã egahiã be hamea me tɔ aɖewo nado ŋusẽ ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome. Nenema kee egbea, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le Yehowa subɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eye wova zu Kristotɔ tsitsiwo. Gake hamea me tɔ aɖewo hã meyi ŋgɔ ɖo afi ma o. Le kpɔɖeŋu me, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe, eya ta ele be woawo hã woayi edzi anɔ tsitsim. Ke wò ya ɖe?—Kolosetɔwo 2:6, 7.
-
-
Ðe Nàyi Ŋgɔ Aɖo Tsitsime Si Gbɔ Kristo Ðo La Gbɔa?Gbetakpɔxɔ—2015 | September 15
-
-
5 Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me la srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu eye wòdzea eƒe “afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (1 Petro 2:21) Yesu gblɔ be, ele vevie be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo kple tamesusu blibo, eye míalɔ̃ mía havi abe mía ɖokuiwo ene. (Mateo 22:37-39) Kristotɔ tsitsi dzea agbagba ɖe sia ɖe be yeawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Ale si wònɔa agbee la ɖenɛ fiana be ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome kpakple lɔlɔ̃ si le esi na amewoe nye nu vevitɔ nɛ.
-