Biblia Gbalẽ 51 Lia—Kolosetɔwo
Eŋlɔla: Paulo
Afi Si Wòŋlɔe Le: Roma
Ƒe Si Me Wòwu Eŋɔŋlɔ Nu: Ƒe 60–61 M.Ŋ. lɔƒo
ŊUTSU eve aɖewo ɖe Efeso ɖe megbe, eye woɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo to Asia Sue le Maeader (Menderes) Tɔsisia ŋu. Esi woɖo tɔsisia ƒe alɔdze si woyɔna be Lycus gbɔ le Frigia nutoa me la, wotrɔ ɖo ta anyieheɣedzeƒe heto tɔsisia to le bali si le toawo dome la me. Nukpɔkpɔ dzeani kae nye esi: anyigba wɔnu si dzi gbe damawo bɔ ɖo, afi si alẽwo ƒe ha gã aɖewo le gbe ɖum le. (Awu siwo wotsɔ lãfu wɔna ye nye nuto ma me tɔwo ƒe gakpɔmɔnu vevitɔ.a) Esi mɔzɔlawo zɔ to balia me yina la, woɖe Laodikea, si nye afi si Roma dziɖuɖu dɔwɔlawo dzikpɔla nɔna, si me kesinɔnuwo bɔ ɖo la, ɖe ɖusi me. Le woƒe mia me, le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi la, wonɔ Hierapoli, si xɔ ŋkɔ le eƒe gbedoxɔwo kple tsi dzidzi xɔdzowo ta la, kpɔm ɖaa. Kristotɔwo ƒe hamewo nɔ du eve siawo me, eye wonɔ Kolose du sue, si didi abe kilometa 16 ene tso balia ƒe dziehe gbɔ la, hã me.
2 Kolose ye mɔzɔla mawo yina. Kristotɔwoe woa kple evea wonye. Wo dometɔ ɖeka ya teti nya nutoa me nyuie, elabena Kolosetɔe wònye. Eŋkɔe nye Onesimo, eye wònye kluvi si trɔ yina eƒe aƒetɔ, si nye hame si le afi ma la me tɔ, gbɔ. Ame si nɔ mɔa zɔm kple Onesimo ye nye Tixiko, gake menye kluvie eya nye o, eye woa kple evea wonye Paulo ƒe ame dɔdɔwo, siwo xɔ agbalẽ tso egbɔ yina na “nɔvi nyateƒetɔ siwo le ƒomedodo me kple Kristo le Kolose.” Míenya naneke tso Paulo ƒe Kolose yiyi ŋu o. Epafra ku kutri wɔ dɔ vevie le wo dome, eye wòdze abe eyae ɖo hame ma, si me tɔwo ƒe akpa gãtɔ menye Yudatɔwo o la ene, gake fifia la, ele Paulo gbɔ le Roma.—Kol. 1:2, 7; 4: 12.
3 Apostolo Paulo ye ŋlɔ agbalẽ sia, abe ale si eƒe ŋgɔdonyawo kple nyataƒonyawo ɖo kpe edzii ene. (1:1; 4:18) Eƒe nyataƒonyawo ɖee fia hã be, gaxɔ mee wònɔ hafi ŋlɔe. Anye eƒe gaxɔmenɔɣi zi gbãtɔ le Roma le ƒe 59-61 M.Ŋ. me ye, eye ɣemaɣi la eŋlɔ agbalẽ dedziƒoname geɖe, eye wòtsɔ agbalẽ si wòŋlɔ na Kolosetɔwo la kpe ɖe esi wòŋlɔ na Filemon ŋu ɖo ɖa. (Kol. 4:7-9; Filem. 10, 23) Edze abe eŋlɔe le ɣeyiɣi si me wòŋlɔ agbalẽ na Efesotɔwo la ke ene, elabena nya geɖe ɖi wo nɔewo le agbalẽ eveawo me.
4 Naneke meli si dzi ame anɔ te ɖo agblɔ be kakaɖedzi mele Kolosetɔwo ƒe agbalẽa ŋu o. Agbalẽa dze le Paulo ƒe agbalẽ bubuwo dome le Chester Beatty Papyrus No. 2 (P46), si woŋlɔ le ƒe 200 M.Ŋ. lɔƒo me la me, eye esia fia be Kristotɔ gbãtɔwo da asi ɖe edzi be enye Paulo ƒe agbalẽwo dometɔ ɖeka. Blema nuŋlɔla siwo ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Paulo ƒe agbalẽ bubuawo ŋu la kee ɖo kpe eƒe nyateƒenyenye dzi.
5 Nu kae ʋã Paulo wòŋlɔ agbalẽ na Kolosetɔwo? Susuawo dometɔ ɖeka ye nye be, Onesimo trɔ yina Kolose. Epafra va Paulo gbɔ eteƒe medidi o, eye ɖikeke mele eme o be, nyatakaka siwo wòna tso ale si nɔnɔmeawo le le Kolose ŋu nye susu bubu si ta wòhiã be wòaŋlɔ agbalẽa. (1:7, 8; 4:12) Afɔku aɖe di be yeagblẽ nu le Kristotɔwo ƒe hamea ŋu le afi ma. Subɔsubɔha siwo nɔ anyi ɣemaɣi la nɔ gbagbãm, eye wonɔ yeyewo ɖom to xoxoawo ƒe nufiafia aɖewo tsakatsaka me. Trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyalawo nɔ nuteameɖokuigbenɔnɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, kple trɔ̃subɔsubɔ me alakpadzixɔsewo dom ɖe ŋgɔ, eye ɖewohĩ nɔnɔme siawo, kple Yuda subɔsubɔ si bia tso wo si be woatsri nuɖuɖu aɖewo kpakple ŋkekenyui aɖewo ɖuɖu la, anya nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe hamea me tɔ aɖewo dzi. Aleke kee nɔnɔmeawo ɖanɔ o, edze abe wonye nu siwo ta wòhiã be Epafra nazɔ mɔ legbe ma ayi Roma aɖakpɔ Paulo ene. Ke hã, Epafra ƒe nyatakaka dedziƒoname tso hamea me tɔwo ƒe lɔlɔ̃ kple tenɔnɔ sesĩ ŋu ɖee fia be, naneke menye afɔku na hame bliboa ya haɖe o. Esi Paulo se nyatakakaa la, eŋlɔ agbalẽ sia na Kolose hamea tsɔ ʋli sidzedze vavãtɔ kple tadedeagu dzadzɛa ta vevie. Ete gbe ɖe edzi be, asixɔxɔ si Mawu na wòle Kristo ŋu la de ŋgɔ sãsãsã wu trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunya, mawudɔlawo subɔsubɔ, kple Yudatɔwo ƒe kɔnuwo.
NU SI TAE VIÐE LE EŊU
12 Míate ŋu akpɔ ale si nɔvi eve siawo, siwo tso Roma la, ƒe Kolose ɖoɖo ŋu nya akaka ɖe nɔviawo dome kabakaba la le susu me. Woanya tsɔ dzidzɔ ƒo ƒu enumake, ɖewohĩ ɖe Filemon ƒe me, be woaxlẽ Paulo ƒe agbalẽa me nyawo yewoase. (Filem. 2) Nyateƒenya siwo wose ku ɖe ɖoƒe si Kristo le, kple sidzedze vavãtɔ ƒe vevienyenye ŋu, anya fa akɔ na wo ŋutɔ! Wokpɔe dze sii be viɖe aɖeke mele amegbetɔ ƒe xexemenunya kple Yudatɔwo ƒe kɔnuwo ŋu o, eye be ŋutifafa kple Kristo ŋuti sidzedze xɔ asi sãsãsã wu! Esiae nye nu siwo ŋu wòle be hamea me tɔwo katã—dzikpɔlawo, srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, vifofowo, ɖeviwo, aƒetɔwo, kple kluviwo siaa—nanɔ ŋugble dem le ahadee woƒe dzi me. Le nyateƒe me la, aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe nɔ eme na Filemon kple Onesimo, elabena wogava zu aƒetɔ kple kluvi ake. Mɔfiafia nyui kae nye esi na dzikpɔlawo, ame siwo wòle na be woakpe ɖe alẽawo ŋu woatrɔ ɖe nufiafia nyuitɔ la ŋu! Paulo ƒe nyawo kpe ɖe Kolose nɔviawo ŋu wokpɔe dze sii be mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na yewo be yewoasubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me! Eye aɖaŋuɖoɖo tuameɖo si wona Kolose hamea, be woaɖe asi le xexea me tamesusu kple nuwɔna siwo wɔa ame kluvii ŋu la gakpɔtɔ nye aɖaŋuɖoɖo sẽŋu aɖe na Kristo hame si li egbea.—Kol. 1:9-11, 17, 18; 2:8; 3:15, 16, 18-25; 4:1.
13 Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe le Kolosetɔwo 4:6 na Kristotɔ subɔla ɖe sia ɖe, be: “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” Nyateƒenya siwo dze to la adzro dzianukwaretɔwo, eye ana woakpɔ viɖe siwo anɔ anyi tegbee. Azɔ hã, Kristotɔ akpedala ƒe gbedodoɖa si tso dzi me la ana Yehowa nayrae geɖe: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye minɔ ŋudzɔ le eme kple akpedada.” Eye dzidzɔ kple tutuɖo ka gbegbee nye si míekpɔna le Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒowo me! Paulo gblɔ be: “Miyi edzi mianɔ nu fiam mia nɔewo, eye mianɔ nu xlɔ̃m mia nɔewo . . . , eye miadzi ha le miaƒe dziwo me na Yehowa.” (4:2; 3:16) Ne èyi edzi wɔ numekuku le Kolosetɔwo ƒe agbalẽa me la, àva ke ɖe mɔfiame nyui tuameɖo bubu geɖe ŋu.
14 Agbalẽa gblɔ ku ɖe Mose ƒe Se la dzi wɔwɔ ŋu be: “Nu mawo nye nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli, ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.” (2:17) Nu ŋutɔŋutɔ si le Kristo me la dzie Kolosetɔwo ƒe agbalẽa te gbe ɖo. Agbalẽa ƒo nu tso ŋutikɔkɔe mɔkpɔkpɔ si wodzra ɖo ɖe dziƒo na ame siwo le ƒomedodo me kple Kristo la ŋu zi geɖe. (1:5, 27; 3:4) Ele be ame siawo nada akpe na Fofo la be, eɖe yewo tso viviti la ƒe ŋusẽ la me xoxo, eye wòtsɔ yewo “yi eƒe Vi lɔlɔ̃a ƒe fiaɖuƒe la me.” Eya ta wova le Ame si nye “Mawu makpɔmakpɔ la ƒe nɔnɔme, nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la” te, “elabena eya dzie woto wɔ nu bubu siwo katã le dziƒowo kple anyigba dzi, nu siwo wokpɔna kple nu siwo womekpɔna o, woɖanye fiazikpuiwo, alo aƒetɔnyenyewo, alo dziɖuɖuwo, alo ŋusẽwo o.” Ame sia dze nyuie aɖu fia le dzɔdzɔenyenye me le Mawu Fiaɖuƒea me. Esia tae Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ amesiaminawo be: “Gake ne wofɔ mi ɖe tsitre kple Kristo la, ekema miyi edzi mianɔ nu siwo le dziƒo, afi si Kristo la nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le, la dim.”—1:12-16; 3:1.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a The New Westminster Dictionary of the Bible, 1970, axa 181.