Tixiko Hadɔwɔla Nuteƒewɔla
TIXIKO zɔ mɔ kple apostolo Paulo zi geɖe eye wònye eƒe dɔtsɔla. Enye amedɔdɔ si dzi woka ɖo le ga kple dzikpɔkpɔdɔwo me. Esi Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eƒe nuteƒewɔwɔ—si nye nɔnɔme vevi aɖe na Kristotɔwo katã ŋu—ta la, ɖewohĩ àdi be yeanya nu geɖe tso eŋu.
Paulo yɔ Tixiko be ye ‘nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ la me.’ (Kolosetɔwo 4:7) Nukatae apostoloa bui nenema?
Kpekpeɖeŋunuwo Tsɔtsɔ Yi Yerusalem
Hiã va tu Kristotɔ siwo nɔ Yudea le ƒe 55 M.Ŋ. me lɔƒo. Paulo to Europa kple Asia Sue hamewo ƒe kpekpeɖeŋu me wɔ ɖoɖo be woadzɔ nu atsɔ akpe ɖe wo ŋui. Tixiko si tso Asia nuto me wɔ akpa aɖe le kpekpeɖeŋunuawo tsɔtsɔ yii me.
Esi Paulo na alesi woawɔ nudzɔdzɔ sia ŋuti mɔfiame vɔ la, eɖo aɖaŋu be woaɖo ŋutsu siwo dzi woka ɖo la ɖe Yerusalem alo woakpe ɖe ye ŋu ne yewoatsɔ nunanaawo ayii. (Korintotɔwo I, 16:1-4) Esi wòdze Hela yi Yerusalem mɔ didia zɔzɔ gɔme la, ŋutsu geɖewo kpe ɖe eŋu, eye edze ƒã be amesiawo dometɔ ɖeka nye Tixiko. (Dɔwɔwɔwo 20:4) Ahiã be ame gbogbo mawo nakplɔe ayii, elabena wotsɔ ga si hame geɖe tsɔ de wo si la ɖe asi. Esi adzodalawo na vɔvɔ̃ nɔ mɔzɔzɔ ŋu ta la, dedienɔnɔ hiã vevie.—Korintotɔwo II, 11:26.
Esi Aristarxo kple Trofimo kpe ɖe Paulo ŋu yi Yerusalem ta la, ame aɖewo susui be anɔ eme be Tixiko kple ame bubuawo hã yi kpli wo. (Dɔwɔwɔwo 21:29; 24:17; 27:1, 2) Esi Tixiko nɔ amesiwo wɔ dɔ le kpekpeɖeŋunanaɖoɖo sia me dome ta la, enye “nɔvi” geɖe siwo wɔ dɔ kple Tito le Hela be woaƒo nudzɔdzɔwo nu ƒu la dometɔ ɖeka, eye wònye amesi ‘hameawo tia hã, bene wòanye Paulo ƒe hamɔzɔla le amenuvevenunana sia ŋuti.’ (Korintotɔwo II, 8:18, 19; 12:18) Alesi dɔ gbãtɔ si wode Tixiko si wòwɔ la nye agbanɔamedzi kpekpee la, nenema ke evelia hã nɔ.
Tso Roma Yi Kolose
Le ƒe atɔ̃ alo ade megbe la (60-61 M.Ŋ.), Paulo nɔ mɔ kpɔm be woaɖe asi le ye ŋu le yeƒe gamenɔnɔ gbãtɔ me le Roma. Tixiko tso wo de kilometa alafa nanewo va nɔ egbɔ. Azɔ Tixiko trɔ yina Asia. Esia na Paulo te ŋu ɖo lɛta ɖe Kristo-hame siwo le nuto mawo me, eye wògbugbɔ Filemon ƒe subɔvi Onesimo si si le egbɔ ɖo ɖe Kolose. Tixiko kple Onesimo xɔ lɛta etɔ̃ ya teti siwo fifia wokpe ɖe Biblia ƒe agbalẽwo ŋu la ɖe asi—ɖeka na Efesotɔwo, ɖeka na Kolosetɔwo, eye ɖeka na Filemon. Ðewohĩ womã lɛta na hame siwo le Laodikea, du si ƒe didime tso Kolose anye kilometa 18 la hã.—Efesotɔwo 6:21; Kolosetɔwo 4:7-9, 16; Filemon 10-12.
Menye lɛtamãla dzro koe Tixiko nye o. Amesi dzi woka ɖo si wodɔna lae wònye, elabena Paulo ŋlɔ bena: “Nusiwo katã va dzɔ ɖe dzinye la, Tixiko, nɔvi lɔlɔ̃tɔ kple subɔla nuteƒewɔla kpakple hadɔwɔla le Aƒetɔ me la, ana mianyae, amesi medɔ ɖo ɖe mia gbɔ le esia ta, bene mianya alesi míele, eye wòafa akɔ na miaƒe dziwo.”—Kolosetɔwo 4:7, 8.
Agbalẽnyala E. Randolph Richards ɖee fia be amesi nye lɛtamãla la “nye amesi nɔa agbalẽŋlɔla la kple exɔlawo dome hekpe ɖe nya si woŋlɔ de esi la ŋu. . . . [Susu ɖeka] si ta wohiã amedɔdɔ si dzi woka ɖo lae nye [be] zi geɖe la, exɔa nyatakaka bubuwo yinɛ. Lɛta aƒo nu le nɔnɔme aɖe ŋu kpuie ko, zi geɖe la, enyena alesi agbalẽŋlɔla bu tso eŋui, gake ele be etsɔla naɖe eme tsitotsito na exɔla.” Togbɔ be lɛta me nya aku ɖe nufiafia kple nya siwo hiã kpata ŋu hã la, amedɔdɔ si dzi woka ɖo agblɔ nya bubuwo kple nu.
Lɛta siwo woɖo ɖe Efesotɔwo, Kolosetɔwo, kple Filemon megblɔ nya boo tso alesi nuwo nɔ na Paulo ŋu o. Eyata eva hiã be Tixiko ŋutɔ nagblɔ eƒe nyatakaka, aƒo nu tso nɔnɔme si me Paulo nɔ le Roma ŋu, eye wòanya nu geɖe tso hameawo ŋu nyuie be wòate ŋu ade dzi ƒo na wo. Amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo be wòanɔ amedɔla la teƒe awɔ nusianu pɛpɛpɛ la ko sie wotsɔa nyatakakawo kple agbanɔamedzi siawo tɔgbe denɛ. Amesia ƒomevie Tixiko nye.
Dzikpɔkpɔdɔwo Wɔwɔ le Duta
Esi woɖe asi le Paulo ŋu le gaxɔ si me wodee le eya ŋutɔ ƒeme le Roma la, eɖoe be yeadɔ Tixiko alo Artema ɖe Tito gbɔ le Kreta-ƒukpo dzi. (Tito 1:5; 3:12) Le Paulo ƒe gamenɔnɔ evelia le Roma (anye ƒe 65 M.Ŋ. lɔƒo) me la, apostoloa gaɖo Tixiko ɖe Efeso ake, ɖewohĩ be wòava nɔ Timoteo teƒe ne Timoteo nava Paulo gbɔ.—Timoteo II, 4:9, 12.
Míenya ne Tixiko yi Kreta kple Efeso siaa le ɣeyiɣi sia me o. Gake numeɖeɖe siawo tɔgbe fia be ekpɔtɔ ganye Paulo ƒe zɔhɛ kplikplikpliwo dometɔ ɖeka vaseɖe apostoloa ƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe mamlɛawo me. Ne Paulo nɔ esusum be yeaɖoe ɖe dɔ veviwo wɔƒe, ɖewohĩ dɔ siwo wɔwɔ sesẽ gbe ɖe Timoteo kple Tito teƒe la, ke efia be Tixiko va zu Kristotɔ dzikpɔla tsitsi. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 1:3; Tito 1:10-13.) Eɖokuitsɔtsɔna faa be yeazɔ mɔ eye be woazã ye le duta la na wòva nye ame vevi na Paulo kple Kristo-hame bliboa.
Egbea Kristotɔwo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoasubɔ Mawu le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le wo gbɔ me alo wotsɔ wo ɖokui na hena Fiaɖuƒea ƒe nudidiwo dodo ɖe ŋgɔ le teƒe bubuwo. Ame akpe geɖe xɔ dutanyanyuigbɔgblɔ, dzikpɔla mɔzɔlawo, dukɔwo dome xɔtudɔwo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã, alo le eƒe alɔdzewo dometɔ ɖeka me ƒe dɔdasiwo kple dzidzɔ. Abe Tixiko ene la, womedoa wo ɖokui ɖe dzi o, gake wonye dɔ sesẽ wɔlawo, ‘subɔla nuteƒewɔlawo,’ ‘hadɔwɔlawo siwo dzi woka ɖo le Aƒetɔ la me’ siwo xɔ asi na Mawu, amesiwo Kristotɔ bubuwo lɔ̃na.