INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 3/8 axa 4-7
  • Nusita Wòle Be Woaɖo Dze Tso Eŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Wòle Be Woaɖo Dze Tso Eŋu
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsri Nugɔmemasemase
  • Nyateƒea​—Ame Akpa Gãtɔ Xɔnɛ loo alo Womexɔnɛ O?
  • Alesi Woawɔ Akpɔ Mɔ Nyuitɔa
  • Ðe Nufialawo Hiãa?
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Kristotɔwo Dea Ta Agu Le Gbɔgbɔ Kple Nyateƒe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 3/8 axa 4-7

Nusita Wòle Be Woaɖo Dze Tso Eŋu

“Alesi wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.”​—Lododowo 27:​17, Biblia.

WOMETSƆA lãnuwo xlãna ɖe wo nɔewo ne wole wo nyrem o. Ðe wonyrenɛ bɔkɔɔ. Nenema ke mɔ nyuitɔ kple gbegblẽa li si dzi woato anyre susua le dzeɖoɖo me, vevietɔ le nyati veviwo abe mawusubɔsubɔ ene ŋu.

Gbã la, ele be míade bubu amea ŋu eye míaɖe bubu ma afia le míaƒe nyagbewo kple nuwɔna me. Biblia gblɔ be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi.” (Kolosetɔwo 4:⁠6) Wometea tɔ ɖe nya dzi le nuƒo si me amenuveve le me o, ne kakaɖedzi le nuƒola la si be nya si gblɔm yele le eteƒe eye be ame kemɛa tɔ mesɔ o gɔ̃ hã.

Míeɖea amenuveve fiana le alesi míeɖoa toe hã me. Míate ŋu anɔ to ɖom amenuvevetɔe o ne míetsoa nya le amea nu alo ne míaƒe susu mele eƒe nya ŋu o le esi míele tame bum le nya si míagagblɔ ŋu ta. Amesi le nua ƒom ade dzesii godoo be míetsɔ ɖeke le yeƒe nukpɔsusu me o eye ɖewohĩ wòagbe dzeɖoɖoa dzi yiyi. Azɔ̃ mele be míazi ame bubu dzi alo ablu ɖe edzi be wòatrɔ eƒe nukpɔsusuwo o. Ne míebu eŋu kpɔ la, ‘Mawue naa nukua tsina’ le amesi le to ɖom la ƒe dzime.​—Korintotɔwo I, 3:⁠6.

Apostolo Paulo, amesi zã ‘numedzodzro’ kple ‘numeɖeɖe’ ƒe mɔnu la ƒe kpɔɖeŋu nyui si wòɖo ɖi la le mía si. (Dɔwɔwɔwo 17:​17; 28:​23, 24) Paulo ɖo dze kple amewo le mawusubɔsubɔ ŋu le afisiafi si wòdo go wo le, abe le asi me kple le woƒe aƒewo me ene. (Dɔwɔwɔwo 17:​2, 3; 20:​20) Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ kpɔɖeŋu ma to amewo gbɔ yiyi le afisiafi si woakpɔ wo le ahadzro Ŋɔŋlɔawo me kpli wo.

Tsri Nugɔmemasemase

Ðeko Israel-dukɔa va ɖo Ŋugbedodonyigba dzi enye ema esime nugɔmemasemase aɖe do mo ɖa ku ɖe vɔsamlekpui aɖe ŋu si he aʋa de dukɔmeviawo dome kloe. Amesiwo va nɔ Yordan Tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome la ɖi vɔsamlekpui, ale be to bubuawo bui vodadatɔe be ɖe woɖi vɔsamlekpuia hena alakpasubɔsubɔ. Eyata wodzra ɖo be yewoakpe aʋa kple yewo nɔviawo ahe to na wo. Gake woɖɔ ŋu ɖo. Amesiwo di be yewoaho aʋaa dɔ ame ɖa be woabia nusita woɖi vɔsamlekpuia ɖo gbã. Edze wo ŋu ŋutɔ esi wose be enye ŋkuɖodzikpe​—“ɖase”​—si aɖo ŋku woƒe ɖekawɔwɔ dzi na toawo katã le Yehowa ŋkume. Numeɖeɖe na aʋaa megadzɔ o​—eye ekpɔ ame gbogbo aɖewo ƒe agbe ta!​—Yosua 22:​9-⁠34.

Nenema ke nugɔmemasemase hea masɔmasɔ kple nazãbubu gɔ̃ hã vɛ egbea. Le kpɔɖeŋu me, ame ʋee aɖewo bua Yehowa Ðasefowo be wonye mawusubɔsubɔ me zazɛ̃nyahelawo le nya siwo wose le wo ŋu be womelɔ̃na be woado ʋu na yewo o ta. Gake edzɔa dzi na amesiwo ŋutɔ bia nu tso nya sia ŋu le Ðasefoawo gbɔ eye ewɔa nuku na wo ne wokpɔe be woƒe nukpɔsusua nɔ te ɖe Biblia dzi, eye be dɔdamɔnu bubuwo li siwo nyo si me afɔku mele o. (Mose III, 17:​13, 14; Dɔwɔwɔwo 15:​28, 29) Le nyateƒe me, le kuxi siwo le dodom tso ʋudodoname me ta la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Akpe na Mawu be Yehowa Ðasefowo le numekukuwɔwɔ tso atike siwo woazã ɖe ʋu teƒe ŋu tom vɛ.”

Nenema ke ame aɖewo gbe be yewomaɖo dze kple Ðasefoawo o elabena wogblɔ na wo be Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu Kristo dzi se o. Alakpanya gã kae nye si! Le nyateƒe me la, Ðasefoawo tea gbe ɖe Yesu ƒe wɔƒe le míaƒe xɔxɔ me dzi, eye woɖea nu me be Mawu ƒe Vi si wòdɔ ɖe anyigba dzi be wòaɖe amegbetɔwo tso nuvɔ̃ kple ku me lae wònye. Esi amewo ɖo dze kple Ðasefowo tso nya sia ŋu la, nusiwo gɔme womese o la me va kɔ na wo.​—Mateo 16:​16; 20:​28; Yohanes 3:​16; 14:​28; Yohanes I, 4:⁠15.

Nyateƒea​—Ame Akpa Gãtɔ Xɔnɛ loo alo Womexɔnɛ O?

Ðewohĩ nusi wɔa nuku na ame geɖe enye be le mawusubɔsubɔ gome la, nusi dzi ame akpa gãtɔ lɔ̃na ɖoe nyea gbegblẽtɔ zi geɖe. Yesu Kristo ŋutɔ fia nu be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋeewo nye amesiwo kpɔnɛ.”​—Mateo 7:​13, 14.

Le Noa ŋɔli la, ame enyi koe gblɔ nyateƒe si tso gbɔgbɔ me​—woawoe nye Noa, srɔ̃a, viaŋutsu etɔ̃awo, kple viaŋutsuawo srɔ̃wo. Ðikeke manɔmee la, woƒe nuxlɔ̃ame gbedasia kple woƒe aɖakakpakpadɔa na amewo ɖu fewu le wo ŋu hewɔ nu vlo ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Gake vɔvɔ̃ meɖo Noa kple eƒe ƒomea o; woyi edzi ɖe gbeƒã hekpa aɖaka la. (Mose I, 6:​13, 14; 7:​21-24; Petro II, 2:⁠5) Nenema ke ame etɔ̃ koe xɔ Mawu ƒe mɔfiame eye wotsi agbe esi wotsrɔ̃ Sodom kple Gomora.​—Mose I, 19:​12-29; Luka 17:​28-⁠30.

Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Aƒemenɔla aɖe gblɔ na Yehowa Ðasefo aɖe be: “Ne Kristo agava egbea le ŋutilã me la, ɖewohĩ amewo agawui ake.” Amesia susui be Yesu ƒe nufiafiawo kple agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔawo madze ame geɖe ŋu egbea o abe alesi wònɔ ƒe 2,000 siwo va yi ene. Èwɔ ɖeka kplia?

Ne nenemae la, ke nyateƒee nèto, elabena Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.”​—enye nyagblɔɖi si le eme vam. (Mateo 24:⁠9) Yuda-subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ Roma gblɔ tso Kristotɔnyenye ŋu na apostolo Paulo bena: “Wogblɔ nya ɖe kɔmamã sia ŋuti le afisiafi.” (Dɔwɔwɔwo 28:​22) Gake ame geɖe ƒe Kristotɔnyenye malɔ̃malɔ̃ mena Kristo yomedzelawo dzudzɔ nuƒoƒo tso woƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo o. Eye mena dzianukwaretɔwo hã dzudzɔ nuƒoƒo kple Kristotɔawo o.​—Dɔwɔwɔwo 13:​43-⁠49.

Yesu ƒe gbedasia le vevie egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nukatae? Elabena nɔnɔme siwo le edzi yim le xexeame ɖee fia be fifia míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me eye be ŋkeke siawo ava wu enu ɖe anyigba la ŋu kɔkɔ tso nuvlowɔwɔ me. Yesu tsɔ míaƒe ɣeyiɣia sɔ kple Noa ƒe ŋkekeawo. (Timoteo II, 3:​1-⁠5; Mateo 24:​37-39) Eyata menye fifiae míabu míaƒe dzixɔsewo fefenui o, elabena amesiwo akpɔ agbe mavɔ koe nye amesiwo nya Mawu eye ‘wosubɔnɛ le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.’​—Yohanes 4:​24; Tesalonikatɔwo II, 1:​6-⁠9.

Alesi Woawɔ Akpɔ Mɔ Nyuitɔa

Francis Bacon si nye ƒe alafa 17 lia me Englandtɔ xexemenunyala, nuŋlɔla, senyala, kple dziɖuɖumegã aɖe xlɔ̃ nu nyateƒedilawo be “woabu nuwo ŋu nyuie, ahade ŋugble le wo ŋu.” Eye Thomas Jefferson si nye U.S. ƒe dukplɔla tsã gblɔ be: “Numedzodzro kple lɔlɔ̃ faa abia nya ta ase koe nye mɔ nyuitɔ siwo dzi woato aɖu vodadawɔwɔ dzi. . . . Le dzɔdzɔme nu la, mɔ siawoe nye vodada ƒe futɔwo.” Eyata ne míele nyateƒea dim vavã la, ekema ‘míabu nuwo ŋu ade ŋugble le wo ŋu’ eye míadi be ‘míadzro nu me abia nya ta ase faa.’

Esi Britaintɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala Aƒetɔ Hermann Bondi nɔ nusita ewɔwɔ alea le vevie me ɖem fia la, egblɔ be: “Esi wònye xɔse ɖeka koe ate ŋu anye nyateƒea ta la, ewɔe be ele bɔbɔe ŋutɔ be amegbetɔwo naxɔ nane si menye nyateƒe o dzi ase vevie alé ɖe eŋu goŋgoŋ le subɔsubɔnyawo gome. Ame aɖe asusu be nya sia si me kɔ nyuie alea ana woabɔbɔ ame ɖokui, woakpɔe be togbɔ be xɔse deto anɔ ame aɖe si hã la, ate ŋu atra vevie tso nyateƒea gbɔ.”

Eyata aleke ame aɖe awɔ anya ne ele ‘mɔ xaxɛ si kplɔa ame yia agbe me’ la dzi zɔm ŋutɔŋutɔ? Yesu fia nu be ele be woasubɔ Mawu le ‘nyateƒe me.’ Eyata nuŋububu ana ame nakpɔe be ne nufiafia eve tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, evea katã mate ŋu anye nyateƒe o. Le kpɔɖeŋu me, ne menye nyateƒe be luʋɔ makumaku le amegbetɔwo si o la, ke aʋatsoe. Ne menye nyateƒe be Mawu ava de nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o la, ke aʋatsoe. Ne menye nyateƒe be Mawuɖekaetɔ̃e Mawu nye o la, ke aʋatsoe. Nyateƒedilawo dina be yewoanya nya vevi siawo ŋuti ŋuɖoɖo vavãwo. Yehowa Ðasefowo xɔe se be Mawu na ŋuɖoɖoawo mí le eƒe Nya, Biblia me.a

Esi ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me’ ta la, mɔ vevitɔ si dzi woato ado nufiafia vovovowo kpɔe nye be woatsɔ wo asɔ kple Biblia. (Timoteo II, 3:​16) Ne èwɔe alea la, ke ‘èle nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòde blibo la me dzrom kpɔ.’ (Romatɔwo 12:⁠2) Àte ŋu ‘aka ɖe edzi le ɖokuiwò me’ be nusiwo dzi nèxɔ se la tso Biblia me ŋutɔŋutɔa? Ele vevie be nàdze agbagba awɔe alea elabena Mawu medi be woable wò akpe ɖe “xexeame katã” ŋu o.​—Nyaɖeɖefia 12:⁠9.

Ðe Nufialawo Hiãa?

Yesu metsɔ agbalẽ babla ʋee aɖewo de asi na eƒe nusrɔ̃lawo ko gblɔ be: “Miaƒe nyabiabiawo katã ƒe ŋuɖoɖowo le eme. Miyi mia ŋutɔ miadi wo le aƒeme o.” Ke boŋ egbɔ dzi ɖi kɔ dɔme fia Mawu ƒe Nya la wo. Emegbe amesiwo xɔ eƒe nufiafiawo srɔ̃ eƒe kpɔɖeŋuwo eye woawo hã fia nu ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, bu nusrɔ̃la Filipo ŋu kpɔ. Eƒo nu na Etiopia-megã dzianukwaretɔ aɖe si to Yudatɔwo dzi nya Ŋɔŋlɔawo xoxo. Gake ŋutsua hiã kpekpeɖeŋu. Eyata wodɔ Filipo​—si nye Kristo-hamea teƒenɔla​—be wòaɖana kpekpeɖeŋui. Ne ɖe amegã sia gbe be yemadzro mawusubɔsubɔ me o la, anye ne masrɔ̃ nu tso akpa si wɔm Yesu le le Mawu ƒe tameɖoɖo me ŋu o. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbe enye si Etiopiatɔ sia nye na amesiwo katã le nyateƒea dim!​—Dɔwɔwɔwo 8:​26-⁠39.

Àlɔ̃ adzro nusiwo nèxɔ se la me ahabia nyawo abe alesi Etiopiatɔ sia wɔe enea? Aɖe vi geɖe na wò godoo ne èwɔe alea. Edzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro Biblia la me kple amesiwo di vavã be yewoanya nusi wògblɔ. Ðasefoawo megblɔa woa ŋutɔwo ƒe nukpɔsusuwo o. Ke boŋ wodzea agbagba be yewoafia amewo nusi Biblia ŋutɔ gblɔ.

Etiopia-megã la srɔ̃ nu vevi aɖewo tso Yesu Kristo ŋu, si ƒe ɖewoe nye alesi Mawu ato edzi axɔ míi. Egbea Mawu ƒe tameɖoɖo me vava gogo ale gbegbe. Madidi o nu dziŋɔ wɔnukuwo adzɔ le anyigba dzi le afisia. Nyati si kplɔe ɖo aɖee afia be aka amesiame le anyigba dzi. Gake alesi wòaka míi anɔ te ɖe míaƒe nɔnɔme kple afɔ si míaɖe dzi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èdi be yeakpɔ kpeɖodzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya la, ke taflatse kpɔ agbalẽ si nye The Bible​—God’s Word or Man’s?, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Etiopia-megã aɖe lɔ̃ wodzro Biblia me kplii

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe