Biblia ƒe Nukpɔsusu
Nuwɔna Manɔdzɔdzɔmenuwo—Ðe Mawu Da Asi Ðe Wo Dzia?
“ƔEKAƔIE manya gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna si anyo nam?” Nya siae nyɔnuvi ƒe 13 vi aɖe ŋlɔ tsɔ bia aɖaŋuɖoɖo nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me nyati aɖe si wotsɔ ɖoa aɖaŋu na ƒewuiviwoe la ŋlɔlawo. Eƒe biabiaa ɖe ame geɖe siwo susu be mɔɖeɖe li be amewo nanɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbe ƒomevi ɖesiaɖe si wodi la ƒe nɔnɔme fia.
Enye nyateƒe be gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme totro si hona ɖe ame aɖewo me nana wotɔtɔna le nusi woawɔ ŋu. Ame bubuwo ƒoa wo ɖokui ɖe agbenɔnɔ si mele dzɔdzɔme nu o abe ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ ene me gaglã. Ame aɖewo hã ɖonɛ koŋ wɔa nu alo doa awu abe amesiwo ƒe vidzinu to vovo na wo tɔ ene. Ame aɖewo naa wokoa wo hetrɔa woƒe vidzinuwo be woƒe dzedzeme natrɔ bubui aɖi ŋutsu alo nyɔnu. Ame aɖewo gɔ̃ hã ʋlia nya be ele be woaɖe mɔ ɖe ame tsitsiwo ƒe ɖeviwo gbɔ dɔdɔ ŋu.
Ðe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpakple ŋutsu alo nyɔnu nyenye nye nu ame ŋutɔ tiana nyateƒea? Nya kae Mawu ƒe Nya gblɔ le nya siawo ŋu?
“Ŋutsu Kple Nyɔnu Wòwɔ”
Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be Mawu ŋutɔe wɔ ŋutsuwo woto vovo na nyɔnuwo. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, . . . ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi!”—Mose I, 1:27, 28.
Mawu wɔ amegbetɔwo hena tiatiawɔblɔɖe wo eye wòna mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ woƒe ablɔɖea ŋudɔ. (Psalmo 115:16) Ede dɔ asi na amegbetɔ be wòakpɔ nu gbagbe bubu siwo katã le anyigba dzi la dzi, heɖe mɔ nɛ gɔ̃ hã be wòana ŋkɔ si sɔ wo. (Mose I, 2:19) Gake Mawu na mɔfiame gobiwo le nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ya ŋu.—Mose I, 2:24.
Le Adam ƒe tomaɖomaɖo ta la, mí katã míeva nyi blibomademade ƒe dome. Eyata ele be míatsi tre ɖe ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ kple seselelãme sesẽ siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoa o la ŋu. Eyata le se siwo Mawu de to Mose dzi me la, eyɔ gbɔdɔdɔnuwɔna siwo wònyɔ ŋui la tẽ—siwo nye ahasiwɔwɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ, kple lãgbɔdɔdɔ. (Mose III, 18:6-23) Mawu de se hã be ŋutsu aɖeke nagawɔ eɖokui abe nyɔnu ene o eye nyɔnu aɖeke hã nagawɔ eɖokui abe ŋutsu ene le agbegbegblẽnɔnɔ ta o. (Mose V, 22:5) Biblia ƒe nufiafia si metrɔna o enye be gbɔdɔdɔnuwɔna si ko dzi Mawu da asi ɖo enye esi yia edzi le ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo dome. (Mose I, 20:1-5, 14; 39:7-9; Lododowo 5:15-19; Hebritɔwo 13:4) Ðe nunya le dzidzenu siawo mea?
Ame Ŋutɔ ƒe Tiatiae Wònyea?
Biblia tsɔ ɖoƒe si le amegbetɔ si le Ewɔla ŋkume sɔ kple tsu le zemela ƒe asime. Egblɔ be: “Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ðe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?” (Romatɔwo 9:20) Edze ƒã le alesi Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnue ŋu be ele dzɔdzɔme nu be woadzro wo nɔewo. Eyata gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si aɖo ame aɖe me ɖe amesi woa kplii ƒe vidzinu le ɖeka ŋu, ɖe lã ŋu, alo ɖe ɖevi ŋu mele dzɔdzɔme nu o.—Romatɔwo 1:26, 27, 32.
Le susu sia ta la, amesiwo wɔa nu ɖe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro manɔdzɔdzɔme nu mawo nu le tsitre tsim ɖe Mawu ma ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Baba na amesi le dzre hem kple emèla, sonu gaglɛ wònye le anyisonu gaglɛwo dome! Ðe tsu agblɔ na emèla be: Nuka wɔm nèle?” (Yesaya 45:9) Le nyateƒe me la, susu le eme be amegbetɔ Wɔla nana gbɔdɔdɔ ŋuti mɔfiame wo. Ðe susu mele eme hã be amegbetɔwo nawɔ ɖe mɔfiame ma dzi oa?
Ame Ŋutɔ ƒe Goe Dzi Ðuɖu
Biblia-ŋlɔla Paulo zã kpɔɖeŋu ma tɔgbe esime wònɔ mɔfiame nam Kristotɔwo le gbɔdɔdɔnuwɔna ŋuti. Egblɔ be: “Mia dome amesiame nanya alesi wòaɖu eƒe goe dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le nudzodzro ƒe fiẽŋufiẽŋui vevie me . . . o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:4, 5, NW) Paulo tsɔ ame ƒe ŋutilã sɔ kple goe. Goe ma dzi ɖuɖu fia be woana ame ƒe susu kple dzodzro nasɔ ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔsewo nu.
Enye nyateƒe be esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe o. Gɔmesese le eŋu be asesẽ na amesi gbɔ wodɔ sesẽe le ɖevime, amesi dzilawo alo dzikpɔla bubuwo ɖo kpɔɖeŋu totro na tso ŋutsu alo nyɔnu nyenye ŋu, alo amesi kpɔ gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo tso keke eƒe ɖevime. Nusiwo ku ɖe domenyiŋusẽfianu, lãmetsiŋusẽ, kple nusiwo kpɔa ŋusẽ ɖe susu dzi hã ate ŋu ana ame aɖe ƒe gbɔdɔdɔ ƒe seselelãmewo natro. Gake efaa akɔ na ame be míanya be mía Wɔla ate ŋu ana kpekpeɖeŋu amesiwo hiãe.—Psalmo 33:20; Hebritɔwo 4:16.
Na Zemela Gã la Natrɔ Asi le Ŋuwò
Le zemela si zãa zememɔ̃ gome la, ehiã be wòaka tsu ada ɖe agba si trona le mɔ̃a dzi la titina hafi ate asitɔtrɔ le eŋu. Ne agbaa le totrom la, zemelaa tsɔa aɖaŋu nɔa asi trɔm le anyia ŋu vaseɖe esime wòɖoa nɔnɔme si wòdi me. Hafi woate ŋu atrɔ asi le mía ŋu míanye ame nyui le Mawu ŋkume la, ehiã be míana míaƒe agbe nanɔ te ɖe Mawu ƒe gɔmeɖose matrɔmatrɔwo dzi. Ne míenya te afɔɖeɖea wɔwɔ ko la, Mawu tsɔa lɔlɔ̃ trɔa asi le mía ŋu dzigbɔɖitɔe to Biblia, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, kple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa dzi. Ekema amea tea esese le eɖokui me be Mawu tsɔ ɖe le eme na ye le agbe me.
Gake ele be míaka ɖe Wɔla la ƒe nunya dzi, ahaxɔe ase be enya nusi nyo na mí. Gbedodoɖa kple Biblia sɔsrɔ̃ kutrikukutɔe mee wotona kakaɖedzi sia sua ame si. Amesi tsona ɖe gbɔdɔdɔ ƒe seselelãme manyomanyo ŋu kple kakaɖedzi ma va zua amesi ŋu Wɔla la trɔa asi le bɔbɔe. Petro I, 5:6, 7 gblɔ be: “Azɔ la mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòakɔ mi ɖe dzi le ɣeyiɣi, si wòɖo ɖi la dzi. Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe eyama dzi; elabena eyama léa be na mi.”
Biblia xexlẽ edziedzi ana míanya nu tso Mawu subɔla geɖe siwo wɔ avu kple ŋutilãmedzodzrowo gake womena ta o la ŋu. Aleke gbegbee amesiawo ƒe kpɔɖeŋu ade dzi ƒo na míi nye si! Míate ŋu akpɔ alesi dzi ɖe le apostolo Paulo ƒo ɣeaɖewoɣii la adze sii, esime wòfa konyi be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?” Gake ena míenya afisi míakpɔ kpekpeɖeŋu tsoe esime wòɖo biabiaa ŋu na eɖokui be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!”—Romatɔwo 7:24, 25.
Ŋusẽ Hena Tɔtrɔwɔwɔ
Míate ŋu aʋu mɔ le mía ɖokui ŋu na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã. Enye gbɔgbɔ sẽŋu aɖe si kpena ɖe ame ŋu wòwɔa tɔtrɔ. Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu be ‘míaɖe amenyenye xoxoa’ ɖi ‘ahado amenyenye yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu, le nyateƒe ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye me la.’ (Efesotɔwo 4:22-24) Ne wobia míaƒe Dziƒofofo lɔ̃amea le nyateƒe me be wòana gbɔgbɔ kɔkɔe bena wòakpe ɖe ame ŋu le tɔtrɔ sia wɔwɔ me la, magbe enana gbeɖe o. Yesu na kakaɖedzi mí be Fofo la ‘ana gbɔgbɔ kɔkɔe amesiwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Gake ehiã gbedodoɖa madzudzɔmadzudzɔe, abe alesi eƒe nyawo fiae ene be: ‘Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi.’ (Mateo 7:7) Aleae wòanɔ vevietɔ le agbagbadzedze be woaɖu gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sesẽwo dzi me.
Mawu toa nyateƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa, si me ameƒomeviwo katã le hã dzi kpena ɖe mía ŋu. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Korinto-hamea me nye “hadzelawo” kple “ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo” tsã. Ke hã, wowɔ tɔtrɔ. Kristo ƒe ʋu klɔ wo ŋu, eye wova zu amesiwo dze le Mawu ŋkume. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Ehiã be ame aɖewo nawɔ tɔtrɔ sia tɔgbe egbea hã. Eye ame siawo ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea gbɔ le tsitretsitsi ɖe dzodzro vɔ̃wo ŋu me.
Ðe esia fia be le Kristotɔ zuzu megbe ko la, ame avo tso dzodzro gbegblẽ ɖesiaɖe alo ŋutsu kple nyɔnu nyenye ŋuti seselelãme totrowo me nukutɔea? Ao. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ madzudzɔmadzudzɔe kpe ɖe ame aɖewo ŋu wonɔ agbe ɖɔʋu. Ke hã, eva hiãna zi geɖe be Kristotɔ siawo nawɔ avu kple dzodzro gbegblẽwo gbesiagbe. Amesiawo subɔa Mawu togbɔ be ‘kpɔɖeŋuŋu le woƒe ŋutilã me’ hã. (Korintotɔwo II, 12:7) Zi alesi woyi edzi wɔ aʋa tsi tre ɖe dzodzro gbegblẽwo ŋu helé agbe dzɔdzɔe nɔnɔ me ɖe asi la, Mawu bua wo be wonye ye subɔla wɔnuteƒe siwo le kɔkɔe le eŋkume. Woate ŋu akpɔ mɔ na etsɔmeɣeyiɣi si me ‘woaɖe ameƒomea katã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye me ayi ɖe Mawu-viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe me.’—Romatɔwo 8:21.
Hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be amesiwo katã di be yewoadze Mawu ŋu nalé eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi. Nyateƒe Kristotɔwo tiae be yewoasubɔ Mawu—ke menye be woanɔ woa ŋutɔwo ƒe ɖokuitɔdidi ƒe dzodzrowo yome o. Amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nusianu me le agbe me axɔ dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ ƒe teƒeɖoɖo.—Psalmo 128:1; Yohanes 17:3.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 30]
Gake Mawu na mɔfiame gobiwo le nya siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ya ŋu
[Nya si ɖe dzesi si le axa 31]
Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Korinto-hamea me nye “hadzelawo” kple “ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo” tsã. Ke hã, wowɔ tɔtrɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Biblia sɔsrɔ̃ kpena ɖe ame ŋu wòtua agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ ɖo