-
Nu Kae Ana Míayi Edzi ‘Anɔ Mawu Sinu Kpɔm’?Gbetakpɔxɔ—2013 | November 15
-
-
9-11. Ðe nyagblɔɖi si le 1 Tesalonikatɔwo 5:3 va eme xoxoa? Ðe eme.
9 Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:1-3. Eteƒe madidi o, dukɔwo anɔ gbɔgblɔm be “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” li. Be woƒe nya mawo nagaflu mí o la, ele be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (1 Tes. 5:6) Be míate ŋu anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la, mina míadzro nudzɔdzɔ aɖewo siwo le mɔ dzi dzram ɖo na dukɔwo be woagblɔ nya siawo la me kpuie.
10 Le xexemeʋa eveawo ƒe nuwuwu la, dukɔwo nɔ ŋutifafa dim vevie. Woɖo Dukɔwo ƒe Nubabla la anyi le xexemeʋa gbãtɔ megbe kple susu be wòahe ŋutifafa vɛ. Emegbe le xexemeʋa evelia yome la, Dukɔ Ƒoƒuawo dzie dukɔwo katã da woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo be wòahe ŋutifafa ava xexea me. Dziɖuɖuwo kple subɔsubɔhakplɔlawo siaa le habɔbɔ sia sinu kpɔm be wòahe ŋutifafa vɛ na ameƒomea. Le kpɔɖeŋu me, Dukɔ Ƒoƒuawo ɖe gbeƒã be ƒe 1986 nye Dukɔwo Dome Ŋutifafaƒe. Le ƒe ma me la, Katoliko-ha la ƒe ŋgɔnɔla ƒo dukplɔla kple subɔsubɔhakplɔla siwo tso dukɔ vovovowo me nu ƒu ɖe Assisi, Italia, eye wodo gbe ɖa bia ŋutifafa.
11 Gake ŋutifafa ƒe gbeƒã si woɖe ɣemaɣi kple ɣebubuɣiwo la menye nyagblɔɖi si le 1 Tesalonikatɔwo 5:3 me vava o. Nu ka tae? Elabena “tsɔtsrɔ̃ kpata” si wogblɔ ɖi la meva haɖe o.
12. Nu kae míenya tso “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe gbeƒã si woaɖe ŋu?
12 Ame kae ado “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ɣli tɔxɛ sia le etsɔme? Akpa kae Kristodukɔa ƒe ŋgɔnɔlawo kple subɔsubɔhakplɔla bubuawo awɔ le esia me? Eye akpa kae dukplɔla vovovoawo awɔ le esia me? Ŋɔŋlɔawo megblɔe na mí o. Nu si míenyae nye be, mɔ ka ke dzie woɖato ɖe gbeƒã ma alo aleke gbegbe wòadze nu ŋutɔŋutɔe o, amefuflu koe wòanye. Nuɖoanyi xoxo sia ayi edzi anɔ Satana ƒe ŋusẽ te. Eƒaƒã keŋkeŋ, eye alea koe wòanɔ. Awɔ nublanui ŋutɔ be mía dometɔ aɖe naxɔ Satana ƒe ameflunya mawo dzi ase ahaɖe asi le míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademadea ŋu!
-
-
Nu Kae Ana Míayi Edzi ‘Anɔ Mawu Sinu Kpɔm’?Gbetakpɔxɔ—2013 | November 15
-
-
14. Nu kae ɖee fia be Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖo vɔ?
14 Woatsrɔ̃ Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la. Tohehe mae wòdze na. “Amewo kple amehawo kple dukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo” mate ŋu ana kpekpeɖeŋu vavã aɖekee o. Fifia kura gɔ̃ hã la, míele dzesi siwo fia be eƒe nuwuwu ɖo vɔ la kpɔm. (Nyaɖ. 16:12; 17:15-18; 18:7, 8, 21) Le nyateƒe me la, ele dzedzem le nyadzɔdzɔwo me fifia be amewo le nu ƒom tsi tre ɖe subɔsubɔhawo kple subɔsubɔhakplɔlawo ŋu, eye woƒe nu megale wo ŋu dzem o. Togbɔ be ele alea hã, Babilon Gã la ƒe ŋgɔnɔlawo susunɛ be yewole dedie. Woda ƒu ŋutɔ! Ne wodo “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ɣlia megbe la, Satana ƒe nuɖoanyia ƒe dunyahedziɖuɖuwo atrɔ ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu le vo me ahatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ. Womagakpɔ Babilon Gã la akpɔakpɔ o! Kakaɖedzitɔe la, anyo be míayi edzi alala nudzɔdzɔ ɖedzesi mawo dzigbɔɖitɔe.—Nyaɖ. 18:8, 10.
-