-
Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” ŊuGbetakpɔxɔ—1999 | June 1
-
-
‘Mibu Wo Geɖe Ŋutɔ’
14, 15. (a) Le Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13 ƒe nya nu la, nukatae hamemegãwo dze be míade bubu wo ŋu? (b) Nukatae woate ŋu agblɔ be hamemegãwo ‘wɔa dɔ vevie le mía dome’?
14 Míagate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ‘amesiwo wotsɔ na mí’ to wo bubu me. Paulo ŋlɔ agbalẽ tsɔ xlɔ̃ nu Tesalonika hamea me tɔwo be, ‘Mibu amesiwo wɔa dɔ vevie le mia dome eye wole ŋgɔ xɔm le mia dome le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu; eye miabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13) ‘Dɔwɔwɔ vevie’—ɖe ema mele nu ƒom tso hamemegã siwo tsɔ wo ɖokui ke ɖokuitɔmadimaditɔe ɖe mía ta ŋu oa? Tɔ vie, nàde ŋugble le agbanɔamedzi kpekpe si le nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ siawo dzi ŋu kpɔ.
-
-
Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe “Nunana Siwo Nye Amewo” ŊuGbetakpɔxɔ—1999 | June 1
-
-
16. Ƒo nu tso mɔ siwo nu míate ŋu aɖe ameŋububu afia hamemegãwo le ŋu.
16 Aleke míade bubu wo ŋui? Biblia ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?” (Lododowo 15:23; 25:11) Eyata ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzideƒoname nya siwo tso dzi me ate ŋu ana woakpɔe be míebua woƒe dɔ sesẽa nu tsɛe o. Ele na mí hã be míaɖe nugɔmesese afia le nusiwo míekpɔ mɔ be woawɔ me. Gake ele be míaɖe dzi ɖi ate ɖe wo ŋu faa abia kpekpeɖeŋu. Anɔ eme be ɣeaɖewoɣi ‘míaƒe dzi anɔ veve sem vevie’ eye míahiã Ŋɔŋlɔawo me dzideƒoname, mɔfiame, alo aɖaŋuɖoɖo tso amesiwo ‘nya Mawu ƒe Nya fiafia’ gbɔ. (Psalmo 55:5; Timoteo I, 3:2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ehiã be míaɖo ŋku edzi be ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme aɖe koe hamemegã ate ŋu azã ɖe mía ŋu, elabena mate ŋu agblẽ ye ŋutɔ ƒe ƒomea alo ame bubu siwo le hamea me ƒe nuhiahiãwo ɖi o. Ne ‘míaƒe dɔme trɔ’ ɖe nɔviŋutsu siawo siwo wɔa dɔ vevie ŋu la, míadi be míabia nusi awu tsɔtsɔ na wo tso wo si o. (Petro I, 3:8) Ke boŋ mina míakpɔ ŋudzedze ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kple kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si woate ŋu ana mí ŋu.—Filipitɔwo 4:5.
17, 18. Nukawoe srɔ̃nyɔnu geɖe siwo srɔ̃ŋutsuwo nye hamemegãwo tsɔ saa vɔe, eye aleke míaɖee afia be míebua nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siawo ame tsɛwoe o?
17 Ke hamemegãwo srɔ̃wo ya ɖe? Ðe woawo hã medze na míaƒe bubu oa? Ne èbu eŋu kpɔ la, wole wo srɔ̃ŋutsuwo zãm kple hamea. Zi geɖe la, esia biaa nuwo tsɔtsɔ sa vɔe le wo gome. Enuenu la, hamemegãwo zãa fiẽ ƒe ɣeyiɣiwo tsɔ kpɔa hamea me nyawo gbɔ le esi woate ŋu azã ɣeyiɣi mawo kple woƒe ƒomewo hafi. Le hame geɖe me la, Kristotɔ nyɔnu nuteƒewɔlawo lɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe alea be wo srɔ̃ŋutsuwo nate ŋu alé be na Yehowa ƒe alẽwo.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 12:15.
18 Aleke míaɖee afia be míebu nɔvinyɔnu Kristotɔ nuteƒewɔla siawo ame tsɛwoe o? Eya koe nye be míagatsɔ nuwo anɔ fu ɖem na wo srɔ̃wo akpa o. Gake migana míaŋlɔ ŋusẽ si gbegbe le ŋudzedzekpɔkpɔnya ʋee siwo míagblɔ la ŋu be o. Lododowo 16:24 gblɔ be: “Nya dzeto la anyitsi wònye, evivina na luʋɔ, eye wòyɔa dɔ ƒuwo.” Se kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Le Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe megbe la, srɔ̃tɔ aɖewo te ɖe hamemegã aɖe ŋu eye wobia be yewodi be yewoaka nya aɖe ta nɛ tso yewo viŋutsu ƒewuivi ŋu. Esi hamemegãa nɔ nu ƒom kple srɔ̃tɔawo la, srɔ̃anyɔnua lala dzigbɔɖitɔe. Emegbe ƒewuivia dada te ɖe hamemegãa srɔ̃ ŋu gblɔ be: “Medi be mada akpe na wò ɖe ɣeyiɣi si atsuwò zã tsɔ kpe ɖe nye ƒomea ŋu ta.” Ŋudzedzekpɔkpɔnya dzeto ʋee mawo de dzi gbɔ na hamemegãa srɔ̃ ale gbegbe.
-