Nusiwo Nye Kaisaro Tɔ Tsɔtsɔ Na Kaisaro
“Mitu fe na amesiame, alesi dze.”—ROMATƆWO 13:7.
1, 2. (a) Le Yesu ƒe nya nu la, aleke wòle be Kristotɔwo nada asɔ le dɔ siwo woawɔ na Mawu kple Kaisaro me? (b) Nukae nye nu vevitɔ si ŋu Yehowa Ðasefowo tsia dzi ɖo?
LE YESU ƒe nya nu la, nanewo li siwo wòle be míatsɔ na Mawu eye nanewo hã li míatsɔ na Kaisaro, alo Dziɖuɖua. Yesu gblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” Eto nya ʋee siawo gbɔgblɔ me tɔtɔ eƒe futɔwo eye wòna nɔnɔme si wòle be wòanɔ mía si le míaƒe ƒomedodo kple Mawu kple míaƒe nuwɔna ɖe Dziɖuɖua ŋu me dze nyuie. Mewɔ nuku o be eƒe nyaselawo ƒe “mo wɔ yaa ŋutɔ le eŋuti.”—Marko 12:17.
2 Le nyateƒe me la, nu vevitɔ si ŋu Yehowa subɔlawo tsia dzi ɖoe nye be woatsɔ nusiwo nye Mawu tɔ ana Mawu. (Psalmo 116:12-14) Gake ne wole esia wɔm la, womeŋlɔnɛ be o be Yesu gblɔ be ele be yewoatsɔ nanewo ana Kaisaro. Woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee bia be woabu afisi woate ŋu atsɔ nusiwo Kaisaro bia la anae se ɖo ŋu le gbedodoɖa me. (Romatɔwo 13:7) Le egbeɣeyiɣiwo me la, senyala geɖe de dzesii be seɖoƒe le dziɖuɖu ƒe ŋusẽ ŋu eye be dzɔdzɔmese bla amewo kple dziɖuɖuwo le afisiafi.
3, 4. Nya dodzidzɔname kawoe wogblɔ le dzɔdzɔmese, se si woɖe fia, kple amegbetɔ ƒe se ŋu?
3 Apostolo Paulo he susu yi dzɔdzɔmese sia dzi esime wòŋlɔ nu tso amesiwo le xexeame ŋu be: “Woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me . . . elabena Mawu ɖee fia wo. Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo si o.” Dzɔdzɔmese aʋã dzimaxɔsetɔ siawo ƒe dzitsinya gɔ̃ hã nenye be woawɔ nu ɖe enu. Eyata Paulo yi edzi gblɔ be: “Ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu.”—Romatɔwo 1:19, 20; 2:14, 15.
4 Le ƒe alafa 18 lia me la, Eŋlisitɔ senyala xɔŋkɔ William Blackstone ŋlɔ bena: “Le nyateƒe me la, se sia si nye dzɔdzɔmetɔ [dzɔdzɔmese], si dzɔ kple ameƒomea [le ɣeyiɣi ɖeka me] si Mawu ŋutɔ de la, kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi wu bubu ɖesiaɖe. Ebla nusianu le anyigba dzi katã, le dukɔwo katã me, eye le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me: ŋusẽ menɔa amegbetɔwo ƒe se aɖeke ŋu o, ne wotsi tre ɖe esia ŋu.” Blackstone yi edzi ƒo nu tso “se si woɖe fia,” si le Biblia me ŋu, eye wògblɔ be: “Wotu amegbetɔ ƒe sewo katã ɖe gɔmeɖokpe eve siawo siwo nye dzɔdzɔmese kple se si woɖe fia la dzi; ema fia be, mele be woana [woaɖe mɔ] amegbetɔ ƒe se aɖeke natsi tre ɖe esiawo ŋu o.” Esia wɔ ɖeka kple nya si Yesu gblɔ le Mawu kple Kaisaro ŋu si woŋlɔ ɖe Marko 12:17. Edze ƒã be Mawu ɖo seƒe na nusiwo Kaisaro ate ŋu abia tso Kristotɔ si le go aɖewo me. Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la gbɔ esia ŋu esime wode se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe le Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. Eyata apostoloawo ɖo eŋu nyuie be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:28, 29, NW.
“Nusi Nye Mawu Tɔ”
5, 6. Esi woɖo Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me ta la, nukae wòle be wòanɔ susu me na Kristotɔwo vevie wu? (b) Aleke Kristotɔ ɖenɛ fianae be subɔlae yenye?
5 Vevietɔ tso ƒe 1914 me, esime Yehowa Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, dze fiaɖuɖu gɔme to Kristo ƒe Mesia Fiaɖuƒea dzi la, enɔ na Kristotɔwo be woakpɔ egbɔ be yewomatsɔ nusiwo nye Mawu tɔ ana Kaisaro o. (Nyaɖeɖefia 11:15, 17) Mawu ƒe se bia be Kristotɔwo ‘naganye xexeame ƒe akpa aɖeke o’ fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. (Yohanes 17:16) Esi woɖe adzɔgbe na Mawu, woƒe Agbenala ta la, ele be woaɖee fia wòadze ƒã be yewomeganye yewo ɖokui tɔ o. (Psalmo 100:2, 3) Paulo ŋlɔe bena, “[Yehowa, NW] tɔ míenye.” (Romatɔwo 14:8) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne Kristotɔ xɔ nyɔnyrɔ̃ la, woɖonɛ wònyea Mawu subɔla, ale be wòate ŋu agblɔ abe alesi Paulo gblɔ ene be: “Mawu . . . wɔ mí míedze be, míanye . . . subɔlawo.”—Korintotɔwo II, 3:5, 6.
6 Apostolo Paulo gaŋlɔe bena: “Mado nye subɔsubɔ ɖe dzi.” (Romatɔwo 11:13) Le nyateƒe me la, ele be míawɔ nenema ke. Eɖanye ɣeyiɣiawo katã alo ɣeyiɣi aɖe ƒe subɔsubɔdɔa wɔm míele o, míeɖoa ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe tsɔ míaƒe subɔsubɔdɔ de asi na mí. (Korintotɔwo II, 2:17) Esi ame aɖewo atɔ gbe akpa si míele ta la, ele be Kristotɔ adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ̃ ɖesiaɖe nanɔ klalo be yeaɖo kpe edzi eme nakɔ be nyanyuia ƒe subɔlae yenye vavã. (Petro I, 3:15) Ele be eƒe subɔsubɔdɔ nadze le eƒe agbenɔnɔ hã me. Esi Kristotɔ nye Mawu subɔla ta la, ele be wòado agbe dzadzɛ nɔnɔ ɖe ŋgɔ ahanɔ agbe ɖe enu, wòadi ƒome ƒe ɖekawɔwɔ, wòaɖi anukware, eye wòawɔ ɖe se kple ɖoɖo dzi. (Romatɔwo 12:17, 18; Tesalonikatɔwo I, 5:15) Kristotɔ ƒe ƒomedodo kple Mawu kpakple subɔsubɔdɔ si Mawu tsɔ de asi nɛ ye nye nu vevitɔwo kekeake le eƒe agbe me. Mate ŋu aɖe asi le nusiawo ŋu le Kaisaro ƒe sedede ta o. Edze ƒã be ele be woabu wo de “nusi nye Mawu tɔ” me.
“Nusi Nye Kaisaro Tɔ”
7. Ŋkɔ nyui kae le Yehowa Ðasefowo ŋu le adzɔxexe gome?
7 Yehowa Ðasefowo nya be ele be ‘yewoabɔbɔ yewo ɖokui na dziɖuɖu siwo ŋusẽ li na,’ si nye dziɖulawo. (Romatɔwo 13:1) Eyata ne Kaisaro, si nye Dziɖuɖua, bia nusiwo le se nu tso wo si la, woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la ɖea mɔ na wo be woawɔ nudidi siawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ vavãwo le adzɔxela siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui wu le anyigba dzi la dome. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Münchner Merkur gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu le Germania be: “Wonye amesiwo ɖia anukware wu kple amesiwo xea adzɔ kaba wu le Dukɔa me.” Le Italia la, nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Stampa gblɔ be: “[Yehowa Ðasefowo] nye dumevi nuteƒewɔla siwo amesiame adi: womesina le adzɔxexe nu alo dina be yewoato mɔ aɖewo nu agbe se si mesɔ na wo o dzi wɔwɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe viɖe ta o.” Yehowa subɔlawo wɔa esia ‘ɖe woƒe dzitsinya ta.’—Romatɔwo 13:5, 6.
8. Ðe nusi míatsɔ na Kaisaro se ɖe adzɔxexe ko dzia?
8 Ðe “nusi nye kaisaro tɔ” la se ɖe adzɔwo xexe ko dzia? Ao. Paulo yɔ nu bubuwo, si ƒe ɖewoe nye vɔvɔ̃ kple bubu. Germaniatɔ agbalẽnyalagã Heinrich Meyer ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Critical and Exegetical Hand-Book to the Gospel of Matthew me be: “[Nusiwo nye Kaisaro tɔ] . . . la mefia dumevi ƒe adzɔ ko o, ke boŋ enye nusianu si wotsɔ de Kaisaro si le eƒe dziɖuɖu si le se nu la me.” Ŋutinyaŋlɔla E. W. Barnes gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Rise of Christianity me be ne adzɔ le Kristotɔ ŋu la, axee eye “nenema ke wòawɔ nu bubu siwo katã Dziɖuɖua bia tso esi hã, ne womebia tso esi be wòatsɔ nusiwo nye Mawu tɔ ana Kaisaro o ko.”
9, 10. Nuka mee ɖewohĩ Kristotɔ ahe ɖe megbe le le nusi dze na Kaisaro tsɔtsɔ nɛ me, gake nyateƒenya kawoe wòle be wòanɔ susu me na mí?
9 Nukawoe Dziɖuɖua ate ŋu abia tso ame si si mage ɖe nusiwo nye Mawu tɔ si dze nɛ me o? Ame aɖewo bu be yewoate ŋu atsɔ ga na Kaisaro le adzɔxexe me gake yewomagatsɔ nu bubu aɖeke nɛ o. Enye nyateƒe be womavo le wo ɖokui me ne wotsɔ nusianu si axɔ ɣeyiɣi si woate ŋu azã le teokrasidɔwo me hafi la na Kaisaro o. Gake togbɔ be enye nyateƒe be ele be ‘míalɔ̃ Yehowa mía Mawu la kple míaƒe dzi, luʋɔ, tamesusu, kple ŋusẽ blibo’ hã la, Yehowa kpɔa mɔ be míazã ɣeyiɣi ɖe nu bubu siwo menye míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔe o hã ŋu. (Marko 12:30; Filipitɔwo 3:3) Le kpɔɖeŋu me, woɖo aɖaŋu na Kristotɔ srɔ̃tɔ be wòakpɔ vovo ɖe srɔ̃a ŋu atsɔ adze eŋui. Menye nuwɔna gbegblẽwoe esiawo nye o, gake apostolo Paulo gblɔ be “xexemenuwo” wonye, menye “nusiwo nye Aƒetɔ la tɔ” o.—Korintotɔwo I, 7:32-34; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:8.
10 Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kristo gblɔ na eyomedzelawo be ‘woaxe’ adzɔwo, eye enye nyateƒe be esia bia ɣeyiɣi si míetsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa la zazã—elabena míetsɔ míaƒe agbe katã ɖe adzɔgbe le mɔ sia nu. Ne ga si ame kpɔna ƒe akpa 33 le alafa mee nye adzɔ si woxɔna le dukɔ aɖe me le mamã dedie nu (elolo wu le dukɔ aɖewo me) la, esia fia be ƒe sia ƒe la, dɔwɔla ɖesiaɖe tsɔa ɣleti ene ƒe fetu si wòkpɔna xea adzɔe na Dziɖuɖua ƒe Adzɔxɔdɔwɔƒea. Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, le dɔwɔla ɖesiaɖe ƒe dɔwɔɣi katã me la, ezãa ƒe siwo ade 15 tsɔ wɔa dɔ dia ga si “Kaisaro” bia lae. De ŋugble le sukudede hã ŋu kpɔ. Le dukɔ akpa gãtɔ me la, sea bia be dzilawo nana wo viwo nade suku vaseɖe ƒe aɖewo ya teti. Ƒe siwo wotsɔ dea sukui la to vovo le dukɔ vovovowo me. Le dukɔ akpa gãtɔ me la, enyea ɣeyiɣi legbee aɖe si woɖo ɖi. Nyateƒee, sukudede alea ɖea vi zi geɖe, gake Kaisaro ye ɖoa ɖevi ƒe agbenɔɣi ƒe akpa si wòazã le mɔ sia nu, eye dzila Kristotɔwo wɔna ɖe Kaisaro ƒe nyametsotsoa dzi.
Asrafodɔ Wɔwɔ Dzizizitɔe
11, 12. (a) Nukae Kaisaro biana le dukɔ geɖe me? (b) Aleke Kristotɔ gbãtɔwo bu asrafodɔe?
11 Nu bubu si hã Kaisaro bia le dukɔ aɖewo mee nye asrafodɔ wɔwɔ dzizizitɔe. Le ƒe alafa 20 lia me la, woto ɖoɖo sia vɛ le dukɔ akpa gãtɔ me le aʋaŋɔliwo eye ɖewo lé eme ɖe asi le ŋutifafaɣiwo hã. Le France la, woyɔ nudidi sia ƒe geɖe be ameʋu ƒe adzɔ, si fia be ele be ɖekakpui ɖesiaɖe nalɔ̃ faa atsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe Dukɔa ta. Ðe amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa ate ŋu awɔ esia le dzitsinya nyui mea? Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bu nya siae?
12 Togbɔ be Kristotɔ gbãtɔwo dze agbagba be yewoanye dumevi nyuiwo hã, woƒe xɔse meɖe mɔ na wo be woaɖe ame bubu ƒe agbe ɖa alo woatsɔ woa ŋutɔwo ƒe agbe asa vɔe ɖe Dukɔa ta o. The Encyclopedia of Religion gblɔ be: “Blema sɔlemeɖolawo, kple Tertullian kpakple Origen hã, ɖo kpe edzi be wode se na Kristotɔwo be woagawu ame o, si nye gɔmeɖose si xe mɔ na wo be womenɔ Roma-srafowo dome o.” Nufialagã C. J. Cadoux ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye The Early Church and the World me be: “Ne mede ɖeke o la, vaseɖe Marcus Aurelius ƒe dziɖuɣi [ƒe 161-180 M.Ŋ.] la, Kristotɔ aɖeke mezu asrafo le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe o.”
13. Nukata Kristodukɔa me tɔ akpa gãtɔ mebua asrafodɔ abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo bui ene o?
13 Nukata nukpɔsusu sia mele Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔwo si egbea o? Tɔtrɔ gã si va le ƒe alafa enelia me tae. Katolikotɔwo ƒe agbalẽ si nye A History of the Christian Councils ɖe eme be: “Kristotɔ geɖe . . . siwo nɔ fiagã trɔ̃subɔlawo te la gbe asrafodɔ wɔwɔ le mawusubɔsubɔ ta, eye wogbe gbidii be yewomatsɔ aʋawɔnuwo o, alo wodo le asrafodɔ me. Esi Osɔfowo ƒe Aɖaŋuɖoha [si nɔ Arles, si kpe ta le ƒe 314 M.Ŋ. me] nɔ tɔtrɔ siwo Konstantino he vɛ ŋu bum la, woɖoe be ele be Kristotɔwo nawɔ aʋa, . . . elabena Sɔlemeha la le ŋutifafa me (wɔa nu aduadu) le fia si nye Kristotɔwo xɔlɔ̃ la te.” Nusi do tso Yesu ƒe nufiafiawo gbegblẽ ɖi sia mee nye be tso ɣemaɣi vaseɖe fifia la, Kristodukɔa ƒe osɔfowo de dzi ƒo na woƒe alẽhawo be woanɔ dukɔwo ƒe aʋakɔwo me, togbɔ be ame ɖekaɖeka aɖewo gbe le woƒe dzitsinya ta hã.
14, 15. (a) Nukawo dzie Kristotɔ siwo le teƒe aɖewo nɔa te ɖo gblɔna be woaɖe yewo le asrafodɔ wɔwɔ me? (b) Le afisi womelɔ̃na ɖea ame le eme o la, Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe akpe ɖe Kristotɔ ŋu be wòawɔ nyametsotso nyuitɔ le asrafodɔ wɔwɔ ŋu?
14 Ðe wòle be Kristotɔwo nakplɔ nusi wɔm ame akpa gãtɔ le la ɖo le nya sia mea? Ao. Ne dukɔ si me womezia subɔsubɔhawo ƒe subɔlawo dzi le be woawɔ asrafodɔ o mee Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ̃ le la, ate ŋu awɔ mɔnuɖoɖo sia ŋudɔ, elabena le nyateƒe me la, subɔlae wònye. (Timoteo II, 4:5) Dukɔ geɖe siwo dome United States kple Australia hã le ɖe mɔ ɖe nusia ŋu le aʋawɔɣi gɔ̃ hã. Eye le ŋutifafaɣiwo me le dukɔ geɖe siwo me wozia ame dzi wowɔa asrafodɔ le me la, wolɔ̃na ɖea Yehowa Ðasefowo le eme elabena mawusubɔsubɔ me subɔlawoe wonye. Eyata woate ŋu ayi edzi anɔ kpekpem ɖe ameawo ŋu to woƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
15 Ke ne dukɔ si me womeɖea mawusubɔsubɔ me subɔlawo le eme o mee Kristotɔa le hã ɖe? Ke ele be eya ŋutɔ nawɔ eƒe nyametsotso si nɔ te ɖe eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee dzi. (Galatiatɔwo 6:5) Ne ele Kaisaro ƒe ŋusẽ ŋu bum la, ada nusi ƒe fe wònyi le Yehowa si la akpɔ nyuie. (Psalmo 36:10; 116:12-14; Dɔwɔwɔwo 17:28) Kristotɔ la aɖo ŋku edzi be Kristotɔ vavã ƒe dzesie nye lɔlɔ̃ na eƒe haxɔsetɔwo katã, wo dometɔ siwo le dukɔ bubuwo me alo nye to bubu me tɔwo hã le eme. (Yohanes 13:34, 35; Petro I, 2:17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, maŋlɔ Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo dze le mawunyakpukpuiwo abe Yesaya 2:2-4; Mateo 26:52; Romatɔwo 12:18; 14:19; Korintotɔwo II, 10:4; kple Hebritɔwo 12:14 ene me be o.
Dziɖuɖudɔ Wɔwɔ
16. Le dukɔ aɖewo me la, dɔ si me asrafonya mele o kae Kaisaro abia be amesiwo mewɔa asrafodɔ o la nawɔ?
16 Gake dukɔ aɖewo li siwo togbɔ be Dziɖuɖua meɖea mawusubɔsubɔ me subɔlawo le asrafodɔ me o hã la, wolɔ̃ ɖe edzi be ame ɖekaɖekawo ate ŋu agbe asrafodɔ wɔwɔ? Dukɔ siawo dometɔ geɖe wɔ mɔnuɖoɖo na ame ɖekaɖeka siwo ƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo o la be womagazi wo dzi woawɔ asrafodɔ o. Le teƒe aɖewo la, wobua dziɖuɖudɔ si wobia be ame nawɔ, abe dɔ si ade nutoa me dzi ene, be enye dɔwɔwɔ na dukɔa si me asrafonya mele o. Ðe Kristotɔ ɖeadzɔgbe ate ŋu awɔ dɔ sia? Le afisia hã la, ele be Kristotɔ adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ̃ nanɔ te ɖe eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee dzi awɔ ye ŋutɔ ƒe nyametsotso.
17. Ðe woƒo nu tso dziɖuɖudɔ siwo me asrafonya mele o ŋu le Biblia mea?
17 Edze abe wowɔ amedzizizi ɖe dɔ me ŋudɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ene. Ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be: “Tsɔ kpe ɖe adzɔwo kple fe siwo wobia tso Yudea-nɔlawo si be woaxe ŋu la, adzɔteƒedɔ [dɔ si dudzikpɔlawo biana be ame nawɔ fetumanɔmee] hã nɔ anyi. Esia nye blemaɖoɖo si nɔ Ɣedzeƒenutome, si me Hela kple Roma dziɖuɖuwo yi edzi lé ɖe asi. . . . Nubabla Yeyea hã ƒo nu tso adzɔteƒedɔ si amewo wɔ le Yudea ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu, si fia alesi gbegbe wòkeke tae. Le ɖekawɔwɔ me kple kɔnu sia la, asrafowo zi Simon si tso Kirene dzi wòtsɔ Yesu ƒe atitsoga [fuwɔameti, NW] (Mateo 5:41; 27:32; Marko 15:21; Luka 23:26).”
18. Dudɔ siwo meku ɖe asrafodɔ alo mawusubɔsubɔ ŋu o kawoe Yehowa Ðasefowo wɔna edziedzi?
18 Nenema ke dukɔ aɖewo ƒe Dziɖuɖu alo dumegãwo biana tso dukɔmeviwo si egbea be woakpɔ gome le dudɔ vovovowo wɔwɔ me. Ɣeaɖewoɣi la, esia nyea dɔ tɔxɛ aɖewo, abe vudowo ɖeɖe alo mɔwo dodo ene; ɣeaɖewoɣi wowɔnɛ enuenu, abe mɔwo dzi dzadzraɖo, sukuwo, alo kɔdziwo kpɔkplɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ene. Ne nutoa me ƒe nyonyo tae wowɔa dudɔ siawo ɖo eye medo ƒome kple alakpasubɔsubɔ alo metsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzitsinya ŋu le mɔ bubu aɖe nu o la, wolɔ̃na wɔnɛ zi geɖe. (Petro I, 2:13-15) Esia nyea ɖaseɖiɖi nyui zi geɖe eye edea ga nu na amesiwo tsoa Ðasefowo nu alakpatɔe be wotsi tre ɖe dziɖuɖua ŋu la ɣeaɖewoɣi.—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:18.
19. Aleke wòle be Kristotɔ nawɔ nui ne Kaisaro bia tso esi be wòawɔ dɔ si me asrafonya mele o na dukɔa le ɣeyiɣi aɖe me?
19 Ke ne Dziɖuɖua bia tso Kristotɔ si be wòatsɔ ɣeyiɣi kpui aɖe awɔ dziɖuɖudɔ wòanye dɔwɔwɔ na dziɖuɖu si nye ɖoɖo si me asrafonya mele o ƒe akpa aɖe ya ɖe? Le afisia hã la, ele be Kristotɔwo nanɔ te ɖe woƒe dzitsinya si wona hehee dzi awɔ woa ŋutɔwo ƒe nyametsotso. “Mí katã míava nɔ tsitre ɖe [Mawu, NW] ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.” (Romatɔwo 14:10) Ele be Kristotɔ siwo dze ŋgɔ Kaisaro ƒe nudidi aɖe la naku nya la me nyuie ahade ŋugble le eŋu le gbedodoɖa me.a Nunya anɔ eme hã be woaƒo nu tso nya la ŋu na Kristotɔ tsitsi siwo le hamea me. Le esia megbe la, ele be ame ŋutɔ nawɔ eƒe nyametsotso.—Lododowo 2:1-5; Filipitɔwo 4:5.
20. Nyabiabia kple Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe kpena ɖe Kristotɔ ŋu be wòabu dɔ si me asrafonya mele o wɔwɔ na dukɔa ŋu?
20 Ne Kristotɔ le numekuku sia wɔm la, ade ŋugble le Biblia me gɔmeɖose geɖe ŋu. Paulo gblɔ be ele be ‘míabɔbɔ mía ɖokui na dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo, míasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ; míanye ame fatuwo, eye míatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.’ (Tito 3:1, 2) Le ɣeyiɣi ma ke me la, anyo be Kristotɔwo nalé ŋku ɖe dziɖuɖudɔ la ŋu nyuie. Ne wolɔ̃ xɔ dɔa la, ɖe woate ŋu alé woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asia? (Mixa 4:3, 5; Yohanes 17:16) Ðe wòana woado ka kple alakpasubɔsubɔha aɖea? (Nyaɖeɖefia 18:4, 20, 21) Ðe ewɔwɔ axe mɔ ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ nu alo aɖe wo tsɔtsɔ dzi akpɔtɔ madzemadzeea? (Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:24, 25) Le mɔ bubu nu la, ɖe woate ŋu ayi edzi awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, ɖewohĩ woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa esime wole dɔ si wobia tso wo si la wɔmaa?—Hebritɔwo 6:11, 12.
21. Eɖanye nyametsotso kae nɔvi aɖe awɔ le dɔ si me asrafonya mele o wɔwɔ na dukɔa ŋu o, aleke wòle be hamea nabui?
21 Ke ne alesi Kristotɔ ɖo nya siawo ŋui le anukwareɖiɖi me na wòƒo nya ta be dɔwɔwɔ na dukɔa nye “dɔ nyui” si yeate ŋu awɔ le toɖoɖo dziɖuɖua me ɖe? Eya ŋutɔ ƒe nyametsotso wònye le Yehowa ŋkume. Ele be hamemegã siwo woɖo kple ame bubuwo nade bubu nɔvia ƒe dzitsinya ŋu bliboe eye woayi edzi abui be enye Kristotɔ si si tenɔnɔ nyui le. Gake ne Kristotɔ kpɔ be yemate ŋu awɔ dziɖuɖu ƒe dɔ sia o hã la, ele be woade bubu eƒe nyametsotsoa ŋu. Tenɔnɔ nyui le eya hã si eye ele be woado alɔe lɔlɔ̃tɔe.—Korintotɔwo I, 10:29; Korintotɔwo II, 1:24; Petro I, 3:16.
22. Eɖanye nɔnɔme ka kee dze ŋgɔ mí o, nukae míayi edzi awɔ?
22 Mí Kristotɔwo míadzudzɔ ‘bubudede amesi dze na bubu ŋu’ o. (Romatɔwo 13:7) Míade bubu ɖoɖo nyui ŋu eye míadi be míanye dumevi ŋutifafame siwo nye sedziwɔlawo. (Psalmo 34:15) Míado gbe ɖa gɔ̃ hã “[ɖe] fiawo kple amesiwo katã ɖu amegãwo la ta” ne wobia tso amesiawo si be woawɔ nyametsotso siwo akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple dɔ dzi. Esi míetsɔa nusiwo nye Kaisaro tɔ na Kaisaro ta la, míekpɔ mɔ be “míanɔ anyi kpoo le ŋutifafa me le mawuvɔvɔ̃ kple nusi dzea bubu katã la me.” (Timoteo I, 2:1, 2) Ƒo ye katã ta la, míayi edzi aɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia be eyae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, wòanye nusiwo nye Mawu tɔ tsɔtsɔ na Mawu le dzitsinya nyui me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, May 15, 1964, axa 308, memamã 21.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
◻ Nu vevi ka ŋue Kristotɔ tsia dzi ɖo ne edi be yeada asɔ le eƒe ƒomedodo kple Kaisaro kpakple Yehowa me?
◻ Nuka ƒe fee míenyi le Yehowa ŋu si míate ŋu atsɔ na Kaisaro gbeɖe o?
◻ Nusiwo sɔ siwo míetsɔ naa Kaisaro la dometɔ aɖewo ɖe?
◻ Ŋɔŋlɔ kawoe kpena ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuitɔ le asrafodɔ wɔwɔ dzizizitɔe ƒe nya la me?
◻ Nukawoe nye nusiwo anɔ susu me na mí ne wobia tso mía si be míawɔ dziɖuɖudɔ si me asrafonya mele o na dukɔa la dometɔ aɖewo?
◻ Nukae míeyia edzi wɔna le Yehowa kple Kaisaro gome?
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Apostoloawo gblɔ na Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo”