TA ENE
Aleke Nàte Ŋu Akpɔ Aƒe Dzii?
1. Nukatae aƒedzikpɔkpɔ ate ŋu asesẽ ŋutɔ egbea?
“NUWO ƒe nɔnɔme le xexe sia me le tɔtrɔm.” (Korintotɔwo I, 7:31, NW) Ƒe 1,900 kple edzivɔe nye sia si woŋlɔ nya mawo, eye aleke gbegbe wosɔe egbea enye esi! Nuwo le tɔtrɔm, vevietɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Zi geɖe la, womegabua nusi wobu tsã be esɔ alo be nenemae wowɔa nui ƒe 40 alo ƒe 50 va yi la be enyo egbea o. Le esia ta la, aƒedzikpɔkpɔ dzidzedzetɔe ate ŋu anye kuxi sesẽ. Ke hã la, wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Ŋɔŋlɔawo me dzi ana nàte ŋu akpɔ kuxi mawo gbɔ dzidzedzetɔe.
NƆ AGBE ÐE WÒ ŊUTETE NU
2. Ganyawo ƒe nɔnɔme kawoe naa nu tena ɖe ame dzi le ƒomea me?
2 Egbea agbe bɔbɔe si ku ɖe ƒomea ƒe nyonyo ŋu ɖeɖeko nɔnɔ megadzea ame geɖe ŋu o. Esi asitsaxexeame le adzɔnu geɖe wɔm eye wòzãa eƒe boblododoŋutetewo tsɔ nyɔa woƒe dzodzro ɖe amewo me ta la, vifofo kple vidada miliɔn geɖe tsɔa gaƒoƒo geɖe wɔa dɔe bene yewoate ŋu aƒle nusiawo. Ame miliɔn bubu geɖe tsoa hloloe be yewoakpɔ nane ko aɖu. Ehiã be woazã ɣeyiɣi geɖe ŋutɔ le dɔ me wu tsã, ɣeaɖewoɣi wowɔa dɔ eve, ɖe woƒe nuhiahiãwo ko kpɔkpɔ ta. Ke hã adzɔ dzi na ame bubuwo be yewoakpɔ dɔ aɖe ko awɔ, elabena dɔmakpɔwɔe nye taɖui le afisiafi. Nyateƒee, menye ɣesiaɣie agbea nɔa bɔbɔe na egbe ƒomewo o, gake Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ƒomewo ŋu be woatrɔ asi le nɔnɔme siwo me wole ŋu alesi woate ŋui.
3. Gɔmeɖose ka mee apostolo Paulo ɖe, eye aleke eŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be woakpɔ dzidzedze le aƒedzikpɔkpɔ mee?
3 Apostolo Paulo to gakuxi sesẽwo me. Le wo gbɔkpɔkpɔ me la, esrɔ̃ nu vevi aɖe, si me wòɖe le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe exɔlɔ̃ Timoteo la me. Paulo ŋlɔ be: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:7, 8) Nyateƒee, menye nuɖuɖu kple nudodo koe hiã ƒomea o. Nɔƒe hã hiã wo. Ehiã be ɖeviawo nade suku. Eye kɔdzifewo kple gazazã bubuwo hã li. Togbɔ be ele alea hã la, gɔmeɖose si le Paulo ƒe nyaawo me la gawɔa dɔ kokoko. Ne míaƒe nuhiahiãwo dzea mía ŋu eye míeɖea mɔ nusiwo dzroa mí kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi o la, ana agbea naka bɔbɔ na mí wu.
4, 5. Aleke nuŋububu do ŋgɔ kple ɖoɖowɔwɔ akpe ɖe ame ŋui le aƒedzikpɔkpɔ me?
4 Gɔmeɖose bubu si akpe ɖe mía ŋu dze le Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me. Egblɔ be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?” (Luka 14:28) Nuŋububu do ŋgɔ, si nye ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ, ŋu nya gblɔm Yesu le le afisia. Le ta aɖe si do ŋgɔ me la, míekpɔ alesi esia kpena ɖe ame ŋui ne ɖekakpui kple ɖetugbi le ɖoɖo wɔm ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu. Eye le srɔ̃ɖeɖea vɔ megbe la, ekpena ɖe ame ŋu le aƒedzikpɔkpɔ hã me. Nuŋububu do ŋgɔ le go sia me bia be woawɔ gaŋutiɖoɖo, be woawɔ ɖoɖo ɖe alesi woazã ame ƒe nunɔamesiwo ɖe mɔ nyuitɔ kekeake nui ŋu. Esia wɔwɔ ana ƒomea nate ŋu aɖo seɖoƒe na woƒe gazazãwo, eye woaɖo ga aɖe koŋ ɖi na gbesiagbe alo kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nuhiahiã veviwo, eye womanɔ agbe wòagbɔ woƒe ŋutete ŋu o.
5 Le dukɔ aɖewo me la, gaŋutiɖoɖo sia wɔwɔ ate ŋu afia be womava do ga si dzi deme nɔna zã atsɔ aƒle nusiwo mehiã o. Le bubuwo me la, ate ŋu afia be woakpɔ nyuie le agbanadogbalẽviwo zazã ŋu. (Lododowo 22:7) Ate ŋu afia hã be woatsri nuƒeƒle eŋumabumabui—be nua kpɔkpɔ kple emakpɔmakpɔ ko woaƒlee, nuhiahiãwo kple nusiwo nua abia tso ame si ŋu mabumabui. Gakpe ɖe eŋu la, gaŋutiɖoɖo wɔwɔ ana wòadze be ga gbegblẽ ɖokuitɔdiditɔe ɖe tsyatsyadada, atamanono, kple ahatsunono ŋu la gblẽa nu le ƒomea ƒe ganyawo ŋu, eye wòganye dada le Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi hã.—Lododowo 23:20, 21, 29-35; Romatɔwo 6:19; Efesotɔwo 5:3-5.
6. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe kawoe kpena ɖe amesiwo wòahiã be woanɔ agbe le ahedada me ŋu?
6 Ke amesiwo wòzu dzizizi na be woanɔ agbe le ahedada me hã ɖe? Nusiwo akpe ɖe wo ŋu dometɔ ɖekae nye be woanyae be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe xexeame katã ƒe kuxi sia nye. Le xexe yeye si tu aƒe ŋutɔ me la, Yehowa aɖe ahedada kple nu gbegblẽ bubu siwo hea fukpekpe vaa ameƒomea dzii la ɖa. (Psalmo 72:1, 12-16) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, Kristotɔ vavãtɔwo mebua mɔkpɔkpɔ keŋkeŋ o, ne woda ahe kolikoli gɔ̃ hã, elabena woxɔ Yehowa ƒe ŋugbedodo sia dzi se, be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o.” Eyata xɔsetɔ ate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o.” (Hebritɔwo 13:5, 6) Le ŋkeke sesẽ siawo me la, Yehowa lé esubɔlawo ɖe te le mɔ vovovo nu ne wonɔ agbe ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu eye wotsɔ eƒe Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Mateo 6:33) Wo dometɔ gbogbo aɖewo ate ŋu aɖi ɖase le nya sia ƒe nyateƒenyenye ŋu, agblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Menya alesi mabɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, eye meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la, mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã. Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:12, 13.
AGBA LA MAMÃ TSƆ
7. Yesu ƒe nya kawoe akpe ɖe ame ŋu le aƒedzikpɔkpɔ si akpɔ dzidzedze me ne wowɔ wo dzi?
7 Esime Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa yina ɖe eƒe nuwuwu la, egblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Aɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔwɔwɔ le ƒomea me kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ le aƒedzikpɔkpɔ me. Ne èbu eŋu kpɔ la, amekawoe nye mía havi siwo te ɖe mía ŋu wu, siwo le vevie na mí wu amesiwo mía kple wo míele ƒome ɖeka me—srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo kple ɖeviwo? Aleke ƒomea me tɔwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewoe?
8. Aleke woate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia le ƒomea mee?
8 Mɔ siwo nu woawɔe toe ƒe ɖee nye be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe nawɔ aƒemedɔ agbɔsɔsɔme aɖe si sɔ. Eyata ele be woafia ɖeviwo be woada nusiwo wozã la ɖe wo nɔƒe ne wowɔ wo ŋudɔ vɔ, eɖanye awu alo fefenuwo o. Axɔ ɣeyiɣi kple agbagbadzedze be woanɔ aba ɖom gbesiagbe ŋdi, gake enye kpekpeɖeŋu gã aɖe le aƒea dzikpɔkpɔ me. Ele eme be womate ŋu awɔ naneke le alesi nuwo atɔtɔ vie ɣeaɖewoɣi ŋu ya o, gake amesiame ate ŋu akpe asi ɖe eŋu be aƒea me nanɔ dzadzɛ alesi dze, eye be woadzra nusianu ɖo wòanɔ eƒe nɔnɔ le nuɖuɖu vɔ megbe. Kuvia, viwɔwɔ, dɔvee, kple ɖiɖoɖo gbɔgbɔ ate ŋu agblẽ nu le amesiame ŋu. (Lododowo 26:14-16) Gake lɔlɔ̃nu faa gbɔgbɔ si kpɔa dzidzɔ tua ƒome kpɔdzidzɔ ƒe agbenɔnɔ ɖo. “Amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:7.
9, 10. (a) Agba kae nɔa nyɔnu dzi zi geɖe le aƒea me, eye aleke woate ŋu aɖe edzi akpɔtɔe? (b) Aƒemedɔwo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ka ƒe aɖaŋue woɖo?
9 Ameŋububu kple lɔlɔ̃ axe mɔ na nɔnɔme aɖe si nye kuxi sesẽ le aƒe aɖewo me. Tso blema ke la, vidadawo dzie aƒemegbawo ƒe akpa gãtɔ nɔna. Woawoe kpɔa ɖeviwo dzi, dzraa aƒeme ɖo, nyãa ƒomea ƒe nuwo, eye woƒlea nu ɖana. Le dukɔ aɖewo me la, nyɔnuwo wɔa agbledɔ, wodzraa nu le asime, alo wokpea asi ɖe ƒomea ƒe gaŋutiɖoɖo ŋu le mɔ bubuwo nu hã. Hiahiã va zii ɖe nyɔnu srɔ̃tɔ miliɔn geɖe dzi be woadi dɔ awɔ le gbɔme le teƒe siwo menɔ alea le tsã o kura gɔ̃ hã. Srɔ̃nyɔnu kple vidada si dagbana le nu vovovo siawo wɔwɔ me la dze na kafukafu. Abe “nyɔnu zazɛ̃” si ƒe nya wogblɔ le Biblia me ene la, vovo menɔa eŋu kura o. “Meɖua kuviabolo o.” (Lododowo 31:10, 27) Gake esia mefia be nyɔnu dzaa ko ŋkumee aƒemedɔwo kpɔ o. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa wɔ dɔ le gbɔme ŋkeke bliboa la, ɖe wòle be aƒemedɔwo ƒe agba natsi nyɔnua ɖeɖe dzi esime ŋutsua kple ƒomea me tɔ bubuwo ya le gbɔgbɔm ɖe emea? Kura o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 8:13, 14.) Eyata, le kpɔɖeŋu me, ne vidada di be yeaɖa nu la, adzɔ dzi nɛ be ƒomea me tɔ bubuwo nakpe ɖe ye ŋu le nua ɖaɖa kple kplɔ̃ɖoɖo me, eye woawo hã nade nua ɖewo ƒleƒe, alo woadzra aƒea me ƒe teƒe aɖewo ɖo. Nyateƒee, amesiame ate ŋu alé akpa aɖe na dɔa.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:2.
10 Ame aɖewo agblɔ be: “Menye ŋutsu ƒe dɔe nye ma le mía gbɔ o.” Anɔ eme nenema baa, gake ɖe manyo be nàbu nya sia ŋu kpɔ vie oa? Esi Yehowa Mawu ɖo ƒomea gɔme anyi la, metɔ asi dɔ aɖe dzi koŋ be enye nyɔnuwo ɖeɖeko tɔ o. Ɣeaɖeɣi si dɔla tɔxɛ aɖewo tso Yehowa gbɔ va nuteƒewɔla Abraham gbɔ la, eya ŋutɔ kpɔ gome le nuɖaɖa kple nuɖuɖua tsɔtsɔ ɖo amedzroawo kɔme me. (Mose I, 18:1-8) Biblia xlɔ̃ nu be: “[Ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilã ene.” (Efesotɔwo 5:28) Ne ɖeɖi te ŋutsua ŋu le fiẽ me wòdi be yeagbɔ ɖe eme la, ɖe manɔ eme be ete nyɔnua hã ŋu nenema, ɖewohĩ ete nyɔnua ŋu wui oa? (Petro I, 3:7) Ke ɖe masɔ eye wòanye lɔlɔ̃ be srɔ̃ŋutsua nade asi aƒemedɔwo me nɛ oa?—Filipitɔwo 2:3, 4.
11. Mɔ ka nue Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe le na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe?
11 Yesu ye nye amesi dze Mawu ŋu eye wòna eƒe zɔhɛwo kpɔ dzidzɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake. Togbɔ be meɖe srɔ̃ kpɔ o hã la, enye kpɔɖeŋu nyui aɖe na srɔ̃ŋutsuwo, kpakple srɔ̃nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa. Egblɔ le eɖokui ŋu be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta,” si fia be yeasubɔ ame bubuwo. (Mateo 20:28) Aleke ƒome siwo me ƒomea me tɔwo katã tua nɔnɔme sia tɔgbe ɖo le la me hevivinae nye si!
DZADZƐNYENYE—NUKATA WÒLE VEVIE ALEA GBEGBE ÐO?
12. Nukae Yehowa di tso amesiwo subɔnɛ la si?
12 Biblia ƒe gɔmeɖose bubu si hã ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le aƒedzikpɔkpɔ me dze le Korintotɔwo II, 7:1. Afima xlẽ be: “Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” Amesiwo wɔna ɖe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi la ƒe nu dzea Yehowa, amesi di “subɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele eŋu . . . o” la ŋu. (Yakobo 1:27) Eye woƒe aƒewo kpɔa eme viɖewo.
13. Nukatae dzadzɛnyenye le vevie le aƒedzikpɔkpɔ me?
13 Le kpɔɖeŋu me, Biblia ka ɖe edzi na mí be ŋkeke li gbɔna si dɔléle kple lãmegbegblẽ aɖeke maganɔ anyi o. Ɣemaɣi la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4, 5) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be ƒome ɖesiaɖe nakpɔ dɔléle gbɔ ɣeaɖewoɣi. Paulo kple Timoteo gɔ̃ hã ƒe lãme gblẽ. (Galatiatɔwo 4:13; Timoteo I, 5:23) Gake atikenyalawo gblɔna be woate ŋu axe mɔ ɖe dɔléle geɖe nu. Ƒome nyanuwo sina le dɔ siwo nu woate ŋu axe mɔ ɖo la dometɔ aɖewo nu ne wotsri ŋutilã me kple gbɔgbɔ me ɖiƒoƒo. Mina míakpɔ alesi wowɔnɛ ɖa.—Lododowo 22:3.
14. Mɔ ka nue agbenyuinɔnɔ ƒe dzadzɛnyenye kpɔa ƒomea ta tsoa dɔléle si me le?
14 Gbɔgbɔ me dzadzɛnyenye bia be woanɔ dzadzɛ le agbenyuinɔnɔ hã me. Abe alesi míenyae nyuie ene la, Biblia dea agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo ƒe dzi ƒo eye wòtsi tre ɖe gbɔdɔdɔ ƒomevi ɖesiaɖe si menye srɔ̃ɖeɖe mee wowɔe le o ŋu. “Ahasiwɔlawo . . . kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo . . . la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Wɔwɔ ɖe dzidzenu matrɔmatrɔ siawo dzi le vevie ŋutɔ na Kristotɔ siwo le egbe xexe dzeakaɖa sia me. Eye ewɔwɔ alea doa dzidzɔ na Mawu, eye wòkpɔa ƒomea ta tso nulɔdɔwo, abe AIDS, agbadza, babadɔ, aɖuɖɔvee kple ŋkudɔ ƒomevi aɖewo ene si me.—Lododowo 7:10-23.
15. Gblɔ alesi ɖekematsɔmatsɔ le ŋutilã ƒe dzadzɛnyenye me na wodzea dɔ dzodzroe ƒe kpɔɖeŋu aɖe.
15 ‘Ame ɖokui ŋuti kɔkɔ tso ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me’ kpɔa ƒomea ta tso dɔléle bubuwo hã si me. Ŋutilã ƒe makɔmakɔnyenye gbɔe dɔ geɖe tsona. Eƒe kpɔɖeŋu vevi aɖee nye atamanono. Menye dzitodzitowo, awu, kple ya ŋutɔŋutɔ koe atamanono ƒoa ɖii o ke boŋ edea dɔ lãme na amewo hã. Ame miliɔn geɖe kuna ƒe sia ƒe le atamanono ta. Bu eŋu kpɔ. Ne ɖe wotsri ‘ŋutilã ƒe ɖiƒoƒo’ ma la, anye ne ame miliɔn geɖe madze dɔ alo aku kukpo hafi o!
16, 17. (a) Se kae Yehowa de na Israel-viwo si kpɔ wo ta tso dɔléle aɖewo si me? (b) Aleke woate ŋu awɔ gɔmeɖose si dzi wotu Mose V, 23:13, 14 me nyawo ɖo ŋudɔe le aƒe ɖesiaɖe me?
16 Gabu kpɔɖeŋu bubu hã ŋu kpɔ. Anye ƒe 3,500 enye esia la, Mawu tsɔ eƒe Se la na Israel-dukɔa be yeatsɔ awɔ ɖoɖo ɖe woƒe tadedeagu ŋu, kple vaseɖe afi aɖe la, ɖe woƒe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu. Se ma kpɔ dukɔa ta tso dɔléle si me le dzadzɛnyenyese vevi aɖewo siwo wode ɖe eme la ta. Se siawo dometɔ ɖeka ku ɖe nugododede ŋu, eye ele be woaɖe do ɖe asaɖaa godo eye ne wowɔ vɔ woaxe ke ɖe edzi ale womagaƒo ɖi amenɔƒewo o. (Mose V, 23:14, 15) Blemase ma ganye aɖaŋuɖoɖo nyui kokoko. Egbegbe kura hã amewo dzea dɔ kuna le edzimawɔmawɔ ta.a
17 Le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose si dzi wotu Israel-viwo ƒe se ma ɖo la, ele be woana ƒomea ƒe tsileƒe kple afɔdzideƒe—eɖale aƒea me alo aƒea godo o—nanɔ dzadzɛ eye woawu atike siwo wua dɔlékuiwo ɖe teƒe mawo. Ne afɔdzideƒea mele dzadzɛ o eye wometu nu ɖe enu o la, tagbatsuwo abɔ ɖe afima eye woakaka dɔlékui ɖe aƒea me ƒe teƒe bubuwo—kple ɖe nusi míaɖu hã dzi! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be ɖeviwo kple ame tsitsiwo naklɔ asi ne wogbɔ. Ne menye nenema o dɔlékui alé ɖe wo ŋu woatsɔ agbɔe. Franse ɖɔkta aɖe gblɔ be asikɔklɔ “gakpɔtɔ nye atsyidɔdɔ, akɔtadɔ, alo ŋutigbalẽŋudɔ aɖewo nutsinu siwo ŋu kakaɖedzi le ƒe nyuitɔ kekeake.”
18, 19. Aɖaŋu kawoe woɖo le alesi woana ame ƒe aƒeme nanɔ dzadzɛ le nuto dahewo me ŋu?
18 Nyateƒee, mele bɔbɔe be woanɔ dzadzɛ le nuto dahewo me o. Ame aɖe si nya nu tso teƒe mawo ŋu nyuie la ɖe nu me be: “Xexeame ƒe dzoxɔxɔ gbãgbãgbã na be nuwo dzadzraɖodɔ gasẽ ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Ya ƒona ʋuduʋudu lɔa ʋuʋudedi ƒona ɖe aƒea ƒe ŋɔŋɔeƒe ɖesiaɖe wòbiana hɛ̃. . . . Amewo ƒe dzidziɖedzi kabakaba le dugãwo me, kpakple le kɔƒenuto aɖewo me, hã nye nusi gblẽa nu le lãmesẽ ŋu. Tsi gbegblẽ toƒe siwo le nuvo, gbeɖuɖɔ siwo wogbe lɔlɔ, dugbadzafɔdzi ƒoɖiwo, kisi, gbagbladza, kple tagbatsu siwo kakaa dɔ bɔ ɖe afimawo.”
19 Enye nu sesẽ be woanɔ dzadzɛ le nɔnɔme siawo me. Gake hã viɖe le eŋu. Adzalẽ kple tsi kple agbagba vi si nàgadze akpee la mede atike kple kɔdzifewo nu o. Ne èle nuto sia tɔgbe me la, na wò ŋutɔ wò aƒeme kple aƒeto nanɔ dzadzɛ eye lãwo ƒe mi meganɔe o. Ne wò aƒememɔ dzi wɔa ba ne tsi dza la, ɖe nàte ŋu akɔ kpekui ɖe mɔa dzi alo afɔ kpe ada ɖee be womafa ba va aƒea mee oa? Ne wodo afɔkpa la, ɖe woate ŋu aɖee hafi age ɖe aƒea mea? Ele be miakpɔ egbɔ be ɖi megage ɖe miaƒe tsi me hã o. Wosusui be ne mede ɖeke o la, ame miliɔn eve ya teti kuna ƒe sia ƒe le tsi ƒoɖi kple bemalémalé na ame ɖokui gbɔ ta.
20. Bene aƒea me nanɔ dzadzɛ la, amekawo hãe wòle be woade asi eme?
20 Ekpɔ amesiame ŋkume be wòana aƒea me nanɔ dzadzɛ—dada, fofo, ɖeviwo, kple amedzrowo. Vidada aɖe si si vi enyi le le Kenya gblɔ be: “Amesiame srɔ̃ alesi woawɔ eƒe akpa dzii.” Aƒe si me dza eye nuwo le ɖoɖo nu le eme ƒoa nu nyui tsoa ƒome bliboa ŋu. Spaniatɔwo do lo be: “Dzre mele ahedada kple dzadzɛnyenye dome o.” Eɖanye aƒe gã si nye ƒome ɖeka ƒe nɔƒe, aƒe si me xɔ geɖe le, xɔ kpokploe aɖe alo atixɔ mee ame aɖe le o, dzadzɛnyenyee nye nu vevi aɖe si ana ƒomea nanɔ lãmesẽ nyui me wu.
DZIDEDEƑO TUA MÍ ÐO
21. Abe alesi Lododowo 31:28 gblɔe ene la, nukae akpe ɖe ame ŋu be dzidzɔ nanɔ aƒeme?
21 Esi Lododowo ƒe agbalẽa nɔ nu ƒom tso nyɔnu zazɛ̃ ŋu la, egblɔ be: “Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ.” (Lododowo 31:28) Ɣekaɣie nye susɔea si nèkafu wò ƒomea me tɔ aɖe? Le nyateƒe me la, míele abe adameti siwo le klalo na seƒoƒo ne wonya kpɔ dzoxɔxɔ kple tsi ko ene. Le mía gome la, míehiã dzoxɔxɔ si nye kafukafu. Edzɔa dzi na srɔ̃nyɔnu be woanya be ye srɔ̃ kpɔa ŋudzedze ɖe yeƒe dɔsesẽwɔwɔ kple beléle lɔlɔ̃tɔe ŋu eye be mekpɔnɛ ko ɖekematsɔlemetɔe o. (Lododowo 15:23; 25:11) Eye evivina ne nyɔnu kafua srɔ̃a ɖe dɔ siwo wòwɔna le gbɔme kple le aƒea me ta. Ðeviwo hã ƒe ŋutete dzina ɖe edzi ne wo dzilawo kafua wo ɖe woƒe agbagbadzedze le aƒea me, suku, alo le Kristo-hamea me ta. Eye vi gã kae nye si ŋudzedzekpɔkpɔ sue aɖe ɖena! Nukae gbɔgblɔ be “Akpe” xɔna? Mexɔa nu boo aɖeke o, gake ate ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ na ƒomea.
22. Nukawoe hiã be woana ‘aƒe nali ke sesĩe,’ eye aleke woawɔ woasu ame si?
22 Le susu geɖe ta la, aƒedzikpɔkpɔ mele bɔbɔe o. Gake woate ŋu akpɔ edzi dzidzedzetɔe. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nunya wotsɔna tua xɔe, gɔmesese wotsɔna lia kee.” (Lododowo 24:3) Nunya kple gɔmesese ate ŋu asu ame si ne ƒomea me tɔwo katã dze agbagba be yewoasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye yewoawɔ eŋudɔ le yewoƒe agbenɔnɔ me. Nyateƒee, viɖe le agbagbadzedze be ƒome kpɔdzidzɔ nanɔ ame si ŋu!
a Le agbalẽ aɖe si ɖe alesi woaxe mɔ ɖe mitsinyenye—dɔléle aɖe si wua ɖevi gbogbo aɖewo—nu me la, Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be: “Ne afɔdzi meli o: afisi nàde afɔdzi le kple aƒeme dome nadidi, eye wòanye teƒe si megogo afisi ɖeviwo fena le o, eye ele be wo kple tsiduƒe dome nadidi ade meta 10 teti; xe ke ɖe nugododedea dzi.”