TA 5
Dzikpɔla Siwo Kplɔa Alẽha La
ESIME Yesu nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la, eɖee fia be yee nye “alẽkplɔla nyui la.” (Yoh. 10:11) Esi wòkpɔ ameha siwo kplɔe ɖo moveviɖoɖotɔe la, “woƒe nu wɔ nublanui nɛ, elabena wowɔ fu wo, eye wotsi yame abe alẽ siwo nu kplɔla mele o la ene.” (Mat. 9:36) Petro kple apostolo bubuawo kpɔe be etsɔ ɖe le eme na ameha la vevie. Yesu to vovo na Israel lãkplɔvi alakpatɔ siwo gblẽ alẽha la ɖi ale gbegbe be woka hlẽ eye gbɔgbɔmedɔ nɔ wo wum la kura! (Eze. 34:7, 8) Kpɔɖeŋu nyui si Yesu ɖo ɖi le nufiafia kple beléle na alẽawo me va se ɖe esime wòtsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe wo ta la nye nu nyui aɖe apostoloawo srɔ̃ ku ɖe ale si woakpe ɖe ame siwo si xɔse le la ŋu be woatrɔ ava Yehowa, ‘woƒe luʋɔ ƒe kplɔla kple dzikpɔla’ la, gbɔe ŋu.—1 Pet. 2:25.
2 Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ƒom na Petro la, egblɔ nɛ be ele vevie be wòanyi alẽawo ahakplɔ wo. (Yoh. 21:15-17) Ðikekemanɔmee la, nya sia wɔ dɔ ɖe Petro dzi ale gbegbe be emegbe la, exlɔ̃ nu hamemetsitsi siwo nɔ Kristo hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume; menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple dzi faa; menye be miaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu tɔ la dzi o, ke boŋ be miazu kpɔɖeŋu na alẽha la.” (1 Pet. 5:1-3) Petro ƒe nyawo yi na dzikpɔla siwo le hamea me egbea hã. Wosrɔ̃a Yesu eye wotsɔa lɔlɔ̃nu faa kple didi vevie ɖoa kpɔɖeŋu na alẽha la hexɔa ŋgɔ na wo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me.—Heb. 13:7.
Hamemetsitsiwo srɔ̃a Yesu eye wotsɔa lɔlɔ̃nu faa kple didi vevie ɖoa kpɔɖeŋu na alẽha la hexɔa ŋgɔ na wo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me
3 Ele be míada akpe ɖe dzikpɔla siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo le hamea me la ta. Woƒe belélename ɖea vi na mí geɖe ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, dzikpɔlawo dea dzi ƒo na ame sia ame le hamea me eye wotsɔa ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Wodoa vevie nu kpɔa hamea ƒe kpekpe siwo doa ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xɔse la dzi kwasiɖa sia kwasiɖa. (Rom. 12:8) Agbagba siwo wodzena be yewoakpɔ alẽhaa ta tso nu siwo ate ŋu agblẽ nu le wo ŋu, abe ame vɔ̃ɖiwo ene, si me la nana míenɔa dedie. (Yes. 32:2; Tito 1:9-11) Ale si woxɔa ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la dea dzi ƒo na mí míeyia gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi ɣleti sia ɣleti. (Heb. 13:15-17) Yehowa to “nunana siwo nye amewo” la dzi wɔ ɖoɖo hena hame la tutu ɖo.—Ef. 4:8, 11, 12.
DZIKPƆLAWO ƑE DZEDZE
4 Be kakaɖedzi nanɔ eŋu be woakpɔ hamea dzi nyuie la, ele be ŋutsu siwo woaɖo dzikpɔlawoe la naɖo nudidi siwo Mawu ƒe Nyaa bia la gbɔ. Ne woɖo nudidi siawo gbɔ ko hafi woate ŋu agblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo dzikpɔlawoe. (Dɔw. 20:28) Nyateƒee, Ŋɔŋlɔawo ƒe dzidzenu siwo gbɔ wòle be Kristotɔ dzikpɔlawo naɖo la kɔkɔ ŋutɔ, elabena dɔ vevi aɖee woƒe agbanɔamedzia nye. Gake dzidzenuawo mekɔkɔ akpa na Kristotɔ siwo lɔ̃ Yehowa vavã hedi vevie be wòazã yewo la o. Ele be wòadze ƒãa na ame sia ame be dzikpɔlawo nye ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi le nu sia nu si wowɔna me.
Be kakaɖedzi nanɔ eŋu be woakpɔ hamea dzi nyuie la, ele be ŋutsu siwo woaɖo dzikpɔlawoe la naɖo nudidi siwo Mawu ƒe Nyaa bia la gbɔ
5 Apostolo Paulo gblɔ Ŋɔŋlɔawo me nudidi vevi siwo wobia tso dzikpɔlawo si la ɖe eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo kple eƒe agbalẽ si wòŋlɔ na Tito la me. Eŋlɔ ɖe 1 Timoteo 3:1-7 be: “Ne ŋutsu aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui minyam. Eya ta ele be dzikpɔla nanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka srɔ̃, wòada asɔ le nuwɔna me, wòanye ame ɖɔŋuɖo, ame si wɔa nu le ɖoɖo nu, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia, menye ahamula o, menye ŋutasẽla o, ke boŋ nugɔmesela, menye dzrehela o, menye galɔ̃la o, ke ame si kpɔa eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, eye viawo bɔbɔa wo ɖokui anukwaretɔe (elabena ne ame aɖe menya ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame la dzi?), menye ame si ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o, ne wòagado eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wòadze ʋɔnu si wodrɔ̃ Abosam la me o. Azɔ hã, ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso ame siwo le egodo la hã gbɔ, ale be wòagadze vlodoame kple Abosam ƒe mɔ̃ me o.”
6 Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tito be: “Megblẽ wò ɖe Kreta be nàɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo, eye nàɖo hamemetsitsiwo tso du me yi du me, abe ale si meɖoe na wò ene be: ne ame aɖe li, si ŋu nutsotso aɖeke mele o, ame si nye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ame si si vi xɔsetɔ siwo nu wometso ɖe agbe baɖa nɔnɔ alo aglãdzedze ta o la le. Elabena abe Mawu ƒe aƒedzikpɔla ene la, ele be dzikpɔla nanye ame si ŋu nutsotso aɖeke mele o, wòaganye ɖokuiŋudzela o, wòaganye ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, wòaganye ahamula o, wòaganye ŋutasẽla o, wòaganye ame si klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o, ke boŋ wòanye amedzrowɔla, nu nyui lɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo, ame dzɔdzɔe, nuteƒewɔla, ɖokuidziɖula, ame si léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ le eƒe nufiafiaɖaŋu me, ale be wòatsɔ nufiafia si le blibo la ade dzi ƒo na ame eye wòaka mo na ɖeklemiɖelawo.”—Tito 1:5-9.
7 Togbɔ be nudidi siwo Ŋɔŋlɔawo bia tso dzikpɔlawo si la adze nu sesẽe gbã hã la, mele be Kristotɔ ŋutsuwo nanɔ hehem ɖe megbe na dɔa minyaminya o. Ne woɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo wobia tso dzikpɔlawo si fiana la, esia dea dzi ƒo na ame bubu siwo le hamea me la be woawo hã woawɔ nenema ke. Paulo ŋlɔ bena wotsɔ “nunana siwo nye amewo” na “kple susu be woana hehe ame kɔkɔewo hena subɔsubɔdɔwɔwɔ, na Kristo la ƒe ŋutilã tutu ɖo, va se ɖe esime mí katã míaɖo xɔse ƒe ɖekanyenye gbɔ, eye míaɖo Mawu ƒe Vi la ŋuti sidzedze vavãtɔ gbɔ azu ame siwo tsi blibo ahaɖo tsitsime blibo si gbɔ Kristo ɖo la gbɔ.”—Ef. 4:8, 12, 13.
8 Dzikpɔlawo menyea ɖekakpuivi dzaawo alo ŋutsu siwo ƒe dzimetɔtrɔ teƒe medidi o. Ke boŋ wonyea ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ su le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me, ame siwo si Biblia me sidzedze geɖe su, kple ame siwo se Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie, eye wolɔ̃ hamea le nyateƒe me. Dzi nɔa wo ƒo woƒoa nu vɔvɔ̃manɔmee heɖɔa nu gbegblẽ wɔlawo ɖo be woato esia me akpɔ alẽha la ta tso ɖokuitɔdila siwo adi be yewoaba wo la si me. (Yes. 32:2) Ame siwo le hamea me la dometɔ ɖe sia ɖe tea ŋu kpɔnɛ dzea sii bɔbɔe be dzikpɔlawo nye gbɔgbɔmemetsitsi siwo tsɔa ɖe le eme na Mawu ƒe alẽha la anukwaretɔe.
9 Ame siwo adze be woaɖo wo dzikpɔlawoe la anye ame siwo wɔa nu le nunya me le woƒe agbenɔnɔ me. Ne srɔ̃tɔwoe wonye la, woalé Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzenu me ɖe asi, si nye be woanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, kple ame siwo kpɔa woawo ŋutɔwo ƒe aƒe dzi nyuie. Ne dzikpɔla nye ame si si vi xɔsetɔ, siwo bɔbɔa wo ɖokui anukwaretɔe, siwo nu wometso ɖe agbe baɖa nɔnɔ alo aglãdzedze ta o la le la, ame siwo le hamea me la ate ŋu atsɔ dzideƒo ate ɖe dzikpɔla la ŋu be wòafia mɔ yewo ahaɖo aɖaŋu na yewo ku ɖe ƒomegbenɔnɔ kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, dzikpɔlawo nyea mokakamanɔŋutɔwo kple ame siwo ŋu nutsotso aɖeke mele o eye woakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso ame siwo le egodo la gɔ̃ hã gbɔ. Mele be woakpɔ nutsotso si ŋu kpeɖodzi le la le wo ŋu be wowɔ nu si medze o, si agblẽ hamea ƒe ŋkɔ nyui la o. Dzikpɔla manye ame si wogbe nya na eteƒe medidi o ɖe nu vɔ̃ gã aɖe si wòwɔ la ta o. Kpɔɖeŋu nyui si alẽkplɔlaa ɖona la aʋã ame bubuwo le hamea me be woasrɔ̃ eƒe nɔnɔme eye woaka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ yewo kple Yehowa dome.—1 Kor. 11:1; 16:15, 16.
10 Ŋutsu siwo dze alea la tea ŋu subɔna Kristo hamea abe ale si Israel-metsitsi siwo ŋu wogblɔ le be wonye “ŋutsu nyanu dzeaɖaŋu kpɔnuteƒewo” la wɔe ene. (5 Mose 1:13) Kristotɔ hamemetsitsiwo menye ame siwo ŋu nu vɔ̃ mele o, ke hã, wonya wo le hamea kple nutoa me siaa be wonye ame dzɔdzɔewo kple Mawu-vɔ̃la siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu hena ɣeyiɣi didi aɖe. Esi wonye fɔmaɖilawo ta la, nuƒoƒo ƒe ablɔɖe le wo si, si wɔnɛ be wotea ŋu ƒoa nu faa le hamea ŋkume.—Rom. 3:23.
11 Ŋutsu siwo dze be woaɖo wo dzikpɔlawoe la ɖenɛ fiana be yewoda sɔ le nuwɔna kple nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me. Womanye zazɛ̃nyahelawo o. Ke boŋ woanye ame siwo dana sɔna le woƒe agbenɔnɔ me eye woanye ɖokuidziɖulawo. Woƒe ɖokuidziɖuɖua dzena le nuwɔna siwo nye nuɖuɖu, ahanono, ɖiɖiɖeme, modzakaɖedɔwo kple dzidzɔdodonameɖokui nuwɔnawo me. Woɖua wo ɖokui dzi le aha sesẽ nono me ale be woagabu wo aha tsu nolawoe alo agblɔ be wonye ahamulawo o. Ne aha kpɔ ŋusẽ ɖe ame aɖe ƒe tamebubu dzi la, asesẽ nɛ be wòaɖu eɖokui dzi, eye mate ŋu akpɔ hamea ta be wòanɔ dedie le gbɔgbɔ me o.
12 Hamea dzi kpɔkpɔ bia be dzikpɔla nanye ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu. Eƒe nɔnɔme nyuiwo ɖea dzesi le eya ŋutɔ ƒe dzedzeme kple ale si eƒe aƒe me le ŋu kpakple eƒe gbe sia gbe dɔwɔnawo me. Ame sia ƒomevi mehea megbelele o; ekpɔa nu si hiã dzea sii hewɔa ɖoɖo ɖe eŋu pɛpɛpɛ. Ewɔna ɖe Mawu ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi pɛpɛpɛ.
13 Ele be dzikpɔla nanye nugɔmesela. Ele be wòanye ame si tea ŋu wɔa dɔ aduadu kple hamemetsitsiwo ƒe ha la me tɔ bubuawo le ɖekawɔwɔ me. Mele be wòabu eɖokui ŋu fũu akpa o, eye mele be wòabia nu geɖe fũu akpa tso ame bubuwo hã si o. Esi dzikpɔla nyea nugɔmesela ta la, metea tɔ ɖe eƒe nya dzi hesusuna be yeƒe susuwo nyo wu ye hati hamemetsitsi bubuwo tɔ o. Ŋutete kple nɔnɔme nyui aɖewo anɔ hamemetsitsi bubuwo si si mele eya si o. Ne hamemetsitsi tua eƒe nyametsotsowo ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi hedzea agbagba be yeasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu la, eɖenɛ fiana be yenye nugɔmesela. (Fil. 2:2-8) Hamemetsitsi manye dzrehela alo ŋutasẽla o, ke boŋ edea bubu ame bubuwo ŋu hebua wo be wonye gã wu ye. Manye ɖokuiŋudzela si tea tɔ ɖe edzi ɣesiaɣi be yeƒe susuwo koe nye nyuitɔ o. Manye ame si doa dɔmedzoe kabakaba o, ke boŋ anye ame si wɔa nu kple amewo le ŋutifafa me.
14 Nenema ke wòle be ame si dze anye dzikpɔla la nanye ame ɖɔŋuɖo. Efia be metsia klokloklo o, egbɔa dzi ɖi bua nuwo ŋu nyuie hafi tsoa nya me. Ese Yehowa ƒe gɔmeɖosewo gɔme nyuie henya ale si wòawɔ wo ŋu dɔe. Ame si ɖɔa ŋu ɖo la lɔ̃na woɖoa aɖaŋu nɛ hefiaa mɔe. Menyea alakpanuwɔla o.
15 Paulo ɖo ŋku edzi na Tito be ele be dzikpɔla nanye nu nyui lɔ̃la. Ele be wòanye ame dzɔdzɔe, kple nuteƒewɔla. Nɔnɔme siawo dzena le eƒe nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu kple ale si wòléa nu si le dzɔdzɔe kple nu si nyo la me ɖe asi sesĩe la me. Etsɔ eɖokui na Yehowa bliboe eye wòzɔna ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi pɛpɛpɛ le nyametsotsowɔwɔ me. Meʋua go nya ɣaɣlawo o. Ewɔa amedzro na amewo tso dzi blibo me, etsɔa eɖokui kena faa, eye wòzãa eƒe nunɔamesiwo tsɔ kpena ɖe amewo ŋu.—Dɔw. 20:33-35.
16 Hafi dzikpɔla nate ŋu asubɔ nyuie la, ele be wòanye ame si nya nufiafia. Paulo ƒe nya si wòŋlɔ na Tito fia be dzikpɔla anye ame si “léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ le eƒe nufiafiaɖaŋu me, ale be wòatsɔ nufiafia si le blibo la ade dzi ƒo na ame eye wòaka mo na ɖeklemiɖelawo.” (Tito 1:9) Etea ŋu ɖea nya me, ɖoa kpe nya dzi, ɖoa tsitretsiɖeŋunyawo ŋu hezãa Ŋɔŋlɔawo le eƒe nufiafia me ale gbegbe be amewo xɔa wo dzi sena eye wòdoa ŋusẽ woƒe xɔse. Dzikpɔla tea ŋu fiaa nu nyuie le ɣeyiɣi nyuiwo kple ɣeyiɣi vɔ̃wo siaa me. (2 Tim. 4:2) Egbɔa dzi ɖi ale si dze be wòate ŋu agbe nya na vodalawo le dɔmefafa me, alo wòakpe ɖe ame siwo le ɖi kem la ŋu be dzi naɖo wo ƒo woawɔ dɔ nyuiwo le xɔse me. Ne dzikpɔla tea ŋu nɔa te ɖe nyaselawo ŋkume fiaa nu alo tea ŋu fiaa nu ame ɖekaɖekawo la, afia be eɖo nudidi vevi sia gbɔ.
17 Ele vevie be hamemetsitsiwo nakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe. Ele be wòaɖe dzesi le wo ŋu le go sia hã me be wole agbagba dzem be yewoasrɔ̃ Yesu, ame si tsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia ɖo nɔƒe gbãtɔ la, ƒe kpɔɖeŋu. Yesu tsɔ ɖe le eme na eƒe nusrɔ̃lawo, eye wòkpena ɖe wo ŋu be woabi ɖe nya nyui gbɔgblɔ dɔa me. (Marko 1:38; Luka 8:1) Ale si hamemetsitsiwo dzea agbagba vevie kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me togbɔ be vovo mele wo ŋu o hã dea dzo hame bliboa me wotsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nenema ke. Eye ne hamemetsitsiwo yia gbeadzi kple woawo ŋutɔwo ƒe ƒometɔwo kpakple ame bubu siwo le hamea me siaa la, esia wɔnɛ be ‘wodea dzi ƒo na wo nɔewo.’—Rom. 1:11, 12.
18 Nu siawo katã adze abe nu gbogbo aɖee wodi tso dzikpɔla si ene. Nyateƒee, dzikpɔla aɖeke mate ŋu aɖo Biblia ƒe dzidzenu kɔkɔa gbɔ bliboe ya o, gake mele be hamemetsitsi siwo woɖo le hamea me la dometɔ aɖeke nagbɔdzɔ le nudidi siawo dometɔ aɖeke me ale gbegbe be woabui nɛ gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖee o. Ŋutete tɔxɛ aɖewo anɔ hamemetsitsi aɖewo si, eye hamemetsitsiwo ƒe ha la me tɔ bubuawo hã abi ɖe nu bubuwo wɔwɔ me. Emetsonuae nye be nɔnɔme nyui siwo katã hiã be woatsɔ akpɔ Mawu ƒe hamea dzi nyuie la anɔ hamemetsitsiwo ƒe ha bliboa si.
19 Ne hamemetsitsiwo ƒe ha la le ame aɖe kafum be woaɖoe dzikpɔlae la, ele be apostolo Paulo ƒe nya sia nanɔ susu me na wo be: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu, ame sia ame le xɔse ƒe dzidze si Mawu nɛ la nu.” (Rom. 12:3) Ele be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nabu eɖokui suetɔ. Ame aɖeke megawɔ eɖokui ‘ame dzɔdzɔe akpa’ ne wole ŋku lém ɖe ame aɖe ƒe dzedze ŋu o. (Nyagb. 7:16) Esi hamemetsitsiwo ƒe haa ƒe susu le Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiawo dzi nyuie la, woadi be yewoakpɔe ɖa be nɔvi si ŋu yewole ŋugble dem le la ɖo dzidzenu mawo gbɔ ale si dze mahã. Ne hamemetsitsiwo bu amegbetɔ ƒe blibomademadewo ŋu amedzidede kple alakpanuwɔwɔ manɔmee la, woakafu ame siwo woaɖo la le mɔ si dea bubu Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu la nu eye esia aɖe vi na hamea. Woabu ame ɖe sia ɖe si woadi be yewoakafu la ŋu le anukwareɖiɖi me eye woazɔ ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi. Esia nye dɔ gã siwo le wo dzi la dometɔ ɖeka, eye ele be woawɔ esia le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya si nye: “Mègada asi ɖe ame aɖeke dzi dzitsitsitɔe gbeɖe o.”—1 Tim. 5:21, 22.
GBƆGBƆA ƑE KUTSETSE
20 Eɖea dzesi le ŋutsu siwo dze le gbɔgbɔ me la ŋu be gbɔgbɔ kɔkɔe lae le mɔ fiam wo, eye woɖea gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea fiana le woƒe agbenɔnɔ me. Paulo gblɔ be gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovo asiekeawoe nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” (Gal. 5:22, 23) Esi dzikpɔlawo ɖea kutsetse sia fiana ta la, wonyea dzidzeme na nɔviawo eye wonana hamea wɔa ɖeka le subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me. Woƒe agbenɔnɔ kple woƒe dɔwɔwɔwo ƒe kutsetsewo ɖenɛ fiana be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo.—Dɔw. 20:28.
ŊUTSU SIWO DEA ÐEKAWƆWƆ ƑE DZI ƑO
21 Ele vevie be hamemetsitsiwo nawɔ dɔ aduadu ahana hamea nawɔ ɖeka. Togbɔ be hamemetsitsiawo ƒe amenyenye ato vovo ŋutɔ hã la, ɖekawɔwɔ nɔa wo dome, elabena woɖoa to sea wo nɔewo ƒe nyawo bubutɔe, ne womelɔ̃ ɖe nya sia nya si me dzrom wole la dzi o gɔ̃ hã. Ne womenya da le Biblia ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi o ko la, ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe nalɔ̃ ɖe hamemetsitsiwo ƒe haa ƒe nyametsotso mamlɛtɔ dzi ahakpe asi ɖe eŋu. Lɔlɔ̃ ɖe nya dzi alea fia be “nunya si tso dziƒo,” si ‘wɔa ŋutifafa, eye wòsea nu gɔme’ lae le ame kplɔm. (Yak. 3:17, 18) Hamemetsitsi aɖeke negasusu be yekɔ wu hamemetsitsi bubuawo o, eye hamemetsitsi aɖeke megate kpɔ be yeaɖu aƒetɔ ɖe ye tɔ susɔeawo dzi o. Ne hamemetsitsiwo ƒe haa wɔa dɔ aduadu hena hamea ƒe viɖe la, ke efia be wole dɔ wɔm aduadu kple Yehowa vavã.—1 Kor., ta 12; Kol. 2:19.
NU SI WÒBIA BE WOAMINYA DZIKPƆLADƆ
22 Ele be wòanye ŋutsu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la ƒe didi be yewoanye dzikpɔlawo. (1 Tim. 3:1) Gake subɔsubɔ abe dzikpɔla ene bia dɔwɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Efia be ame nakpɔ vovo ɖe nɔviawo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Be woaminya dɔa fia be woaʋli aɖo nudidi siwo woyɔ le Ŋɔŋlɔawo me la gbɔ.
DZIKPƆLAWO ƑE NƆNƆMEAWO ATE ŊU ATRƆ
23 Nɔvi aɖe si subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe ƒe lãme ate ŋu agblẽ alo azu wɔnamanɔŋutɔ. Ðewohĩ le tsitsi ta, magate ŋu awɔ dzikpɔladɔa abe ale si wòwɔe va yi ene o. Ne edzɔ alea hã la, ele be woayi edzi anɔ bubu dem eŋu eye woanɔ ebum hamemetsitsii zi ale si wòkpɔtɔ nye hamemetsitsi si woɖo ko. Mahiã be wòabui be yemegadze anye hamemetsitsi le esi yemegate ŋu le geɖe wɔm o ta o. Egadze na bubu teƒe eve siwo wotsɔna naa hamemetsitsi siwo katã wɔa dɔ sesĩe kple woƒe ŋutete katã le alẽawo kpɔkplɔ me.
24 Gake ne nɔviŋutsu aɖe kpɔ be anyo boŋ be yeaɖe asi le dzikpɔkpɔdɔa ŋu le esi yeƒe nɔnɔmeawo trɔ eye esia ɖe yeƒe ŋutetewo dzi kpɔtɔ ta la, ate ŋu aɖe asi le dɔa ŋu faa. (1 Pet. 5:2) Ke hã, ele be woayi edzi anɔ bubu dem eŋu. Agate ŋu awɔ dɔ nyui geɖewo le hamea me, togbɔ be megale hamemetsitsiwo ƒe agbanɔamedzi aɖeke dzi kpɔm o hã.
AGBANƆAMEDZINƆƑEWO LE HAMEA ME
25 Hamemetsitsiwo wɔa dɔ vovovowo le hamea me. Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla, agbalẽŋlɔla, subɔsubɔdɔdzikpɔla, Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla, kple Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzi kpɔla li. Hamemetsitsi geɖe subɔna abe ƒuƒoƒodzikpɔlawo ene. Hamemetsitsiwo subɔna le ɖoƒe siawo ɖaa, womenɔa wo ɖɔlim o. Gake ne nɔviŋutsu siawo dometɔ aɖe ʋu, alo mete ŋu le eƒe agbanɔamedziwo gbɔ kpɔm o le lãmegbegblẽ ta, alo megadze o, le esi megaɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ o ta la, wotsɔa dɔa dea asi na hamemetsitsi bubu. Le hame siwo me dzikpɔlawo mesɔ gbɔ le o me la, ate ŋu ava hiã be hamemetsitsi ɖeka nakpɔ agbanɔamedzi eve alo esi wu nenema gbɔ va se ɖe esime nɔviŋutsu bubuwo dze woɖo wo hamemetsitsiwoe.
26 Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nɔa zi me le hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe kpekpewo me. Eya ta ewɔa dɔ kple hamemetsitsi bubuawo ɖokuibɔbɔtɔe ale be woalé be na Mawu ƒe alẽawo. (Rom. 12:10; 1 Pet. 5:2, 3) Ele be wòanye ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu nyuie kple ame si xɔa ŋgɔ veviedodotɔe.—Rom. 12:8.
27 Agbalẽŋlɔla kpɔa hamea ƒe nuŋlɔɖiwo dzi eye wònana hamemetsitsiwo nyana nyatakaka veviwo. Ne ehiã la, woate ŋu ade dɔ asi na hamemetsitsi bubu alo subɔsubɔdɔwɔla dovevienu aɖe be wòakpe ɖe eŋu.
28 Subɔsubɔdɔdzikpɔla wɔa ɖoɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa kple nu bubu siwo ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la ŋu. Ewɔa ɖoɖo yina ɖasrãa gbeadziƒuƒoƒowo katã kpɔ edziedzi, eya ta zi ɖeka le ɣletia me la, etsɔa kwasiɖanuwuwu ɖeka ɖawɔa dɔ kple ƒuƒoƒoawo dometɔ ɖeka. Le hame sue siwo me ƒuƒoƒo ɖeka alo eve ko le me la, ate ŋu awɔ ɖoɖo aɖasrã ƒuƒoƒo ɖeka kpɔ zi eve le ƒea me. Le eƒe sasrãkpɔa me la, eyae akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi, awɔ dɔ kple ƒuƒoƒoa le gbeadzi, eye wòana kpekpeɖeŋu gbeƒãɖelawo le tɔtrɔyiwo kple Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me.
ƑUƑOƑODZIKPƆLAWO
29 Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo le hamea me dometɔ ɖekae nye be woasubɔ abe ƒuƒoƒodzikpɔla ene. Ƒuƒoƒodzikpɔla ƒe agbanɔamedziawo dometɔ aɖewoe nye be (1) etsɔa ɖe le gbeadziƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ƒe gbɔgbɔmenyonyo me; (2) ekpena ɖe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòatsɔ dzidzɔ anɔ gome kpɔm le subɔsubɔdɔa me nyuie edziedzi; eye (3) ekpena ɖe subɔsubɔdɔwɔla siwo le ƒuƒoƒoa me ŋu henaa hehe wo be woadze axɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Hamemetsitsiwo ƒe ha lae tiaa nɔviŋutsu siwo dze nyuie wu akpɔ dɔ siwo katã agbanɔamedzi sia bia la gbɔ.
30 Le nu siwo gbegbe agbanɔamedzi sia bia ŋuti la, ne anya wɔ la, anyo be woadee asi na hamemetsitsiwo. Alo subɔsubɔdɔwɔla bibi aɖe ate ŋu anɔ ƒuƒoƒoa subɔm va se ɖe esime hamemetsitsi aɖe nava xɔ ɖe eteƒe. Woyɔa subɔsubɔdɔwɔla si le dɔ sia wɔm la be ƒuƒoƒosubɔla, le esi wònye be menye dzikpɔlae wònye le hamea me o ta. Ke boŋ hamemetsitsiwo ƒe mɔfiafia tee wòwɔa dɔ sia le.
31 Ƒuƒoƒodzikpɔla ƒe agbanɔamedzi veviawo dometɔ ɖekae nye be wòaxɔ ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Eƒe gbeadzidede edziedzi, veviedodonu kple dzonɔameme si wòɖena fiana la ade dzi ƒo na eƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo. Esi wònye be dzideƒonya kple kpekpeɖeŋu si gbeƒãɖelawo kpɔna ne wova ƒo ƒu la doa dzidzɔ na wo ta la, anyo be woawɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo si asɔ na ƒuƒoƒoa me tɔ akpa gãtɔ. (Luka 10:1-16) Ele be ƒuƒoƒodzikpɔla la nakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be anyigbamama geɖe li si me woawɔ dɔ le. Eyae akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi, eye ama gbeƒãɖelawo ahade dɔ si woawɔ gbe ma gbe la asi na wo. Ne mate ŋu ayi o la, nede dɔa asi na hamemetsitsi bubu, alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe, eye ne mekpɔ ame siawo dometɔ aɖeke o la, nena gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ dɔ sia ale be gbeƒãɖelawo nakpɔ mɔfiafia si wohiã la.
32 Ele be ƒuƒoƒodzikpɔlaa nawɔ ɖoɖo do ŋgɔ ɖe subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe sasrãkpɔa ŋu, ana ƒuƒoƒoa me tɔwo nanya nu tso eŋu eye wòana woanɔ mɔ kpɔm na ale si sasrãkpɔa aɖe vi na woe. Ne wona ame siwo katã le ƒuƒoƒoa me nya nu tso ɖoɖoa ŋu nyuie la, woate ŋu akpe asi ɖe eŋu dzonɔamemetɔe.
33 Ðe woɖoe koŋ be ƒuƒoƒo ɖe sia ɖe nanɔ sue. Enana be ƒuƒoƒodzikpɔla nyaa ame siwo katã le eƒe ƒuƒoƒoa me nyuie. Esi wònye alẽkplɔla lɔ̃ame ta la, etsɔa ɖe le eme na wo dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Edzea agbagba be yeakpe ɖe ame sia ame ŋu ahade dzi ƒo nɛ be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa kple kpekpeawo dede me. Edoa vevie nu wɔa nu sia nu si sɔ be yeakpe ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu wòasẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Esrãa ame siwo ƒe lãme gblẽ alo esiwo lé blanui la kpɔna. Eƒe dzideƒonya alo aɖaŋuɖoɖo ate ŋu aʋã ame aɖewo woadi be yewoaminya agbanɔamedzi bubuwo le hamea me, ale be woava zu viɖenu gã aɖe na wo nɔviwo. Eme kɔ be ƒuƒoƒodzikpɔla azã eƒe ŋutete akpa gãtɔ ɖe ame siwo le eya ŋutɔ ƒe ƒuƒoƒoa me ŋu be yeakpe ɖe wo ŋu. Gake esi wònye hamemetsitsi kple alẽkplɔla ta la, ebua ame siwo katã le hamea me la ŋu lɔlɔ̃tɔe eye wònɔa klalo be yeakpe ɖe ame sia ame si hiã kpekpeɖeŋu la ŋu.—Dɔw. 20:17, 28.
34 Ƒuƒoƒodzikpɔla ƒe dɔ ɖekae nye be wòakpe asi ɖe eŋu be woaxɔ gbeadzikɔntabubuwo le eƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo si. Etsɔa akɔntabubu siawo nana agbalẽŋlɔlaa. Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe ƒuƒoƒodzikpɔlaa ŋu le go sia me ne etsɔa eƒe gbeadzikɔntawo nana kaba. Woate ŋu awɔ esia ne wotsɔ woƒe akɔntabubua na ƒuƒoƒodzikpɔlaa le ɣleti sia ɣleti ƒe nuwuwu, alo woatsɔe ade aɖaka si woɖo ɖi le Fiaɖuƒe Akpataa me na gbeadzikɔntawo xɔxɔ la me.
HAMEA ƑE SUBƆSUBƆ KƆMITI
35 Dɔ aɖewo li siwo gbɔ Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia, si me hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla, agbalẽŋlɔla, kple subɔsubɔdɔdzikpɔla le la kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔ kɔmitia ye ɖea mɔ le Fiaɖuƒe Akpata zazã ŋu hena srɔ̃kpekpewo kple kunuwɔwɔwo, eye woawo kee tiaa gbeƒãɖela siwo anɔ gbeadziƒuƒoƒo vovovoawo me. Woawo kee daa asi ɖe gbesiagbe mɔɖeɖedɔ kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ ƒe dɔbiagbalẽwo kpakple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo ƒe dɔbiagbalẽwo dzi. Subɔsubɔ kɔmitia wɔa dɔ le hamemetsitsiwo ƒe haa ƒe mɔfiafia te.
36 Alɔdzedɔwɔƒea ye gblɔa dɔ siwo koŋ nɔviŋutsu siawo kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla, Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea dzi kpɔla kpakple dzikpɔla bubu siwo le hamemetsitsiwo ƒe haa me la wɔna.
37 Hame ɖe sia ɖe ƒe hamemetsitsiwo ƒe haa kpena tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi heléa ŋku ɖe nya siwo ku ɖe hamea ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ŋu la ŋuti. Tsɔ kpe ɖe kpekpe siwo hamemetsitsiwo wɔna kple nutome sue dzikpɔlaa ne eva srã hamea kpɔ ŋu la, hamemetsitsiwo gakpena ɣleti etɔ̃ le nutome sue dzikpɔlaa ƒe sasrãkpɔ ɖe sia ɖe megbe. Ke hã, hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ta ɣesiaɣi si nɔnɔmeawo abia nenema.
MIBƆBƆ MIA ÐOKUI
38 Ame madeblibowoe hamemetsitsiwo nye, ke hã, wode dzi ƒo na ame siwo katã le hamea me la be woabɔbɔ wo ɖokuiwo na wo, elabena Yehowa ƒe ɖoɖoe wònye. Abia akɔnta tso dzikpɔlawo si le woƒe nuwɔnawo nu. Wole Yehowa kple eƒe teokrasidziɖuɖua teƒe. Hebritɔwo 13:17 gblɔ be: “Miɖo to ame siwo le ŋgɔ xɔm le mia dome la, eye mibɔbɔ mia ɖokui, elabena wole miaƒe luʋɔwo ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene; bene woawɔ esia kple dzidzɔ, eye menye kple hũɖeɖe o, elabena esia agblẽ nu le mia ŋu.” Ale si ko Yehowa zãa gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ ɖoa ŋutsu aɖe dzikpɔlae la, nenema kee Yehowa agazã gbɔgbɔ kɔkɔe ma ke atsɔ aɖe ame si woɖo dzikpɔlae la ɖa ne megale gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kua tsem o eye megaɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ le eƒe agbenɔnɔ me o.
39 Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ si dzikpɔla siwo le hamea me la wɔna kple kpɔɖeŋu nyui siwo woɖona la ŋu ŋutɔ oa? Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na hame si nɔ Tesalonika la, exlɔ̃ nu nɔviawo be: “Míele kuku ɖem na mi, nɔviwo, be miade bubu ame siwo le dɔ wɔm sesĩe le mia dome, eye wole mia dzi kpɔm le Aƒetɔ la me hele nu xlɔ̃m mi la ŋu; eye be miade bubu geɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ me, le woƒe dɔwɔwɔ ta.” (1 Tes. 5:12, 13) Dɔ sesẽ siwo dzikpɔlawo wɔna le hamea me la ƒe akpa gãtɔ nana Mawu subɔsubɔ nɔa bɔbɔe na mí eye míesea vivi nɛ geɖe wu. Gakpe ɖe eŋu la, Paulo ƒo nu tso nɔnɔme si wòle be ame siwo le hamea me la natu ɖo ku ɖe dzikpɔlawo ŋu le eƒe agbalẽ gbãtɔ si wòŋlɔ na Timoteo me esi wògblɔ be: “Ele be woatsɔ bubu teƒe eve ana hamemetsitsi siwo wɔa dzikpɔladɔ la nyuie, vevietɔ wo dometɔ siwo doa vevie nu le nuƒoƒo kple nufiafia me.”—1 Tim. 5:17.
AGBANƆAMEDZINƆƑE BUBUWO LE HABƆBƆA ME
40 Ɣeaɖewoɣi la, wotiaa hamemetsitsi aɖewo heɖoa wo wonyea Dɔnɔsrãkpɔha me tɔwo. Bubuwo hã nyea Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo eye woyia kɔwo dzi kple ɖɔktawo gbɔ be woawɔ ɖoɖo kpli wo koŋ ahana hehe wo be woanɔ atikewɔmɔnu yeyewo zãm na Yehowa Ðasefowo evɔ womado ʋu na wo o. Dzikpɔla bubuwo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu kple beléle na wo ŋu, alo wosubɔna le Takpekpekɔmitiwo me tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ. Habɔbɔa me tɔwo katã kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ vevi si nɔvi siawo wɔna kple ale si wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa la ŋu ale gbegbe. Le nyateƒe me la, ‘míedea bubu ame siawo ƒomevi ŋu vevie.’—Fil. 2:29.
NUTOME SUE DZIKPƆLA
41 Dɔdzikpɔha la wɔa ɖoɖo woɖoa hamemetsitsi siwo dze la nutome sue dzikpɔlawoe. Alɔdzedɔwɔƒea dea dɔ asi na wo be woaɖasrã hame siwo le woƒe nutome suea me kpɔ edziedzi, eye zi geɖe la, wowɔa esia zi eve le ƒea me. Woyina ɖasrãa mɔɖela siwo le subɔsubɔm le anyigbamama siwo sa ɖe aga me la hã kpɔna edziedzi. Wowɔa ɖoɖo ɖe hamewo sasrãkpɔ ŋu eye wonaa nyanya hame ɖe sia ɖe do ŋgɔ ɣeyiɣi didi aɖe ale be sasrãkpɔa naɖe vi na wo bliboe.
42 Hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla xɔa ŋgɔ le ɖoɖoawo wɔwɔ me be sasrãkpɔa nado ŋusẽ ame sia ame ƒe xɔse. (Rom. 1:11, 12) Ne hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla xɔ nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a (ne srɔ̃ le esi) ƒe vava kple woƒe nuhiahiãwo ŋuti nyatakakawo la, awɔ ɖoɖo to nɔvi vovovowo dzi be dzeƒe kple nuhiahiã vevi bubuwo nasɔ gbe. Ekpɔa egbɔ be yena ame sia ame kpakple nutome sue dzikpɔlaa siaa nya nu tso ɖoɖo siawo ŋu.
43 Nutome sue dzikpɔlaa aƒo nu kple hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ku ɖe ɖoɖo siwo wowɔ ɖe kpekpeawo kple kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu la ŋuti. Woawɔ ɖoɖo sia wòasɔ ɖe nutome sue dzikpɔlaa ƒe aɖaŋuɖoɖowo nu eye woazɔ ɖe mɔfiame siwo tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ la dzi. Ele be woana ame sia ame nanya teƒe siwo woawɔ hamea ƒe kpekpewo kple kpekpe hena gbeadziyiyi le kpakple gamea siaa do ŋgɔ, eye nenema kee wòle be woana mɔɖelawo, hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo hã nanya teƒe siwo nutome sue dzikpɔlaa awɔ kpekpe kpli wo le kpakple gamea siaa do ŋgɔ.
44 Le Braɖagbe ŋdɔ la, nutome sue dzikpɔlaa ato Hamea Me Gbeƒãɖela Ŋuti Nuŋlɔɖiwo, kpekpevalawo ƒe xexlẽme ŋuti nuŋlɔɖiwo, anyigbamama ŋuti nuŋlɔɖiwo kple gakɔnta me. Esia akpe ɖe eŋu wòase hiahiã siwo le hamea me la dometɔ aɖewo gɔme eye wòanya ale si wòate ŋu akpe ɖe ame siwo kpɔa nuŋlɔɖi siawo dzi la ŋui. Ele be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla nawɔ ɖoɖo be nuŋlɔɖiawo naka nutome sue dzikpɔlaa si kaba.
45 Le nutome sue dzikpɔlaa ƒe sasrãkpɔa me la, edia ɣeyiɣi ɖoa dze kple nɔviawo ɖekaɖeka ale si wòate ŋui—le kpekpewo me, le gbeadzi, le nuɖuɣiwo kple ɣeyiɣi bubuwo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpena kple hamemetsitsiwo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo hedzroa Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amenyawo, aɖaŋuɖoɖowo, kple dzideƒonyawo me kpli wo, si kpena ɖe wo ŋu be woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo le alẽ siwo le woƒe kpɔkplɔ te la sasrãkpɔ me. (Lod. 27:23; Dɔw. 20:26-32; 1 Tim. 4:11-16) Ekpena kple mɔɖelawo hã hedea dzi ƒo na wo le woƒe dɔa wɔwɔ me, eye wònaa kpekpeɖeŋu si wo dometɔ ɖe sia ɖe hiã le kuxi siwo wòdoa goe le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me gbɔ kpɔkpɔ me.
46 Ne nya bubu aɖewo li siwo gbɔ wòle be woakpɔ la, nutome sue dzikpɔlaa akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu ale si wòate ŋui be woakpɔ wo gbɔ le kwasiɖaa me. Ne womate ŋu akpɔ wo gbɔ keŋkeŋ le kwasiɖaa me o la, nutome sue dzikpɔlaa akpe ɖe hamemetsitsiawo alo ame siwo ŋu nyaawo ku ɖo la ŋu be woakpɔ Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo akpe ɖe wo ŋu. Ne nane li wòle be alɔdzedɔwɔƒea nanya ale be woagawɔ nu bubuwo le nyaa ŋu la, woa kple hamemetsitsiwo ana eŋuti nyatakaka alɔdzedɔwɔƒea tsitotsito.
47 Ne nutome sue dzikpɔlaa le hamea srãm kpɔ la, edea hamea ƒe kpekpewo katã. Woate ŋu atrɔ asi le kpekpeawo ŋu ɣeaɖewoɣi le ɖekawɔwɔ me kple mɔfiame siwo le lɛta siwo tso alɔdzedɔwɔƒea la me. Aƒo nuƒo siwo ŋu wotrɔ asi le be woade dzi ƒo na hamea, ade dzo wo me, afia nu wo, ahado ŋusẽ wo. Adze agbagba vevie akpe ɖe nɔviawo ŋu be woalɔ̃ Yehowa, Yesu Kristo, kple habɔbɔa vevie
48 Nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ ƒe taɖodzinu ɖekae nye be wòakpe ɖe nɔviawo ŋu woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe eye wòagblɔ mɔ siwo dzi woato akpɔ dzidzedze nyuie la na wo. Gbeƒãɖela siwo le hamea me la dometɔ geɖewo ate ŋu atrɔ asi le woƒe ɖoɖowo ŋu ale be woate ŋu akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me bliboe le kwasiɖa ma me, eye ɖewohĩ woawɔ ɖoɖo be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le ɣleti si me eƒe sasrãkpɔa dze la me. Ame siwo di vevie be yewoazɔ kple eyama alo srɔ̃a la ate ŋu awɔ ɖoɖo do ŋgɔ. Viɖe geɖe ate ŋu ado tso eme ne wowɔ ɖoɖo kplɔ nutome sue dzikpɔlaa alo srɔ̃a yi woƒe Biblia nusɔsrɔ̃ kple tɔtrɔyiwo wɔƒe. Woakpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo nàdze be nàkpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe le sasrãkpɔ ƒe kwasiɖaa me la ŋu ŋutɔ.—Lod. 27:17.
49 Ƒe sia ƒe la, wowɔa ɖoɖo ɖe nutome sue takpekpe eve ŋu na nutome sue ɖe sia ɖe. Nutome sue dzikpɔla ye kpɔa takpekpe siawo ƒe ɖoɖowo dzi. Nutome sue dzikpɔla tiaa takpekpedzikpɔla kple takpekpedzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ. Ele be woawɔ dɔ kplii aduadu le takpekpea ƒe ɖoɖowo wɔwɔ me. Esia akpe ɖe nutome sue dzikpɔlaa ŋu be eƒe susu nanɔ takpekpea me nuƒowo koŋ dzi. Nutome sue dzikpɔlaa tiaa ŋutsu bibi bubuwo hã wonɔa takpekpea ƒe dɔwɔƒe vovovowo nu. Ewɔa ɖoɖo wotoa nutome suea ƒe gakɔntawo hã me le takpekpe ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu. Ƒe sia ƒe la, alɔdzedɔwɔƒea dɔa nuƒola aɖe si anye alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔ la ɖa be wòasubɔ le nutome sue takpekpe ɖeka me. Ne takpekpewɔƒea gbɔ didi akpa alo takpekpewɔƒea le sue akpa la, wotea ŋu maa nutome sue aɖewo ɖe akpa vovovowo me hewɔa ɖoɖo ɖe nutome sue takpekpe ŋu na wo dometɔ ɖe sia ɖe.
50 Nutome sue dzikpɔlaa ɖoa eƒe gbeadzisubɔsubɔkɔnta ɖe alɔdzedɔwɔƒea tẽe le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu. Ne ezã ga ɖe nu vevi aɖewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu, abe mɔzɔzɔ, nuɖuɖu kple dɔƒe ene kpakple nu vevi bubu siwo hiã be wòate ŋu ayi eƒe dɔa dzi evɔ hameawo mete ŋu xe wo ŋuti fe nɛ o la, ate ŋu atsɔ wo ŋuti kɔnta aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea. Dzikpɔla mɔzɔlawo ka ɖe edzi be, ne yewotsɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, akpɔ yewoƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na yewo abe ale si Yesu do ŋugbee ene. (Luka 12:31) Hameawo nɔa ŋudzɔ wɔa mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woawɔ amedzro na hamemetsitsi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo ke faa hele wo subɔm la.—3 Yoh. 5-8.
ALƆDZEKƆMITI
51 Le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe ɖe sia ɖe le xexea me godoo la, nɔviŋutsu etɔ̃ alo esi wu nenema, siwo dze le gbɔgbɔ me la, subɔna abe Alɔdzekɔmiti ene hekpɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi le dukɔ si(wo) le woƒe dzikpɔkpɔ te la me. Kɔmitia me tɔ ɖeka nyea Alɔdzekɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla.
52 Alɔdzekɔmitia me tɔwo kpɔa nya siwo ku ɖe hame siwo katã le woƒe anyigbamama me ŋu gbɔ. Kɔmitia kpɔa gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzi le woƒe anyigbamamaa katã me eye wokpɔa egbɔ hã be woɖo hamewo kple nutome suewo ale be woakpɔ hiahiã siwo le anyigbamamaa me la gbɔ nyuie. Alɔdzekɔmitia léa ŋku ɖe dutanyanyuigblɔlawo, mɔɖela veviwo, gbesiagbe mɔɖelawo kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo ƒe dɔwɔwɔ hã ŋu. Ne wole takpekpewo wɔm la, kɔmitia wɔa ɖoɖo hedea dɔ asi na nɔviŋutsu aɖewo be woakpɔ egbɔ be “nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu.”—1 Kor. 14:40.
53 Woɖoa Dukɔdzikpɔkɔmiti ɖe dukɔ aɖewo me wònɔa Alɔdzekɔmiti si le dukɔ bubu me ƒe dzikpɔkpɔ te. Esia wɔnɛ be wotea ŋu kpɔa dɔa dzi nyuie wu le dukɔ si me Dukɔdzikpɔkɔmiti le subɔsubɔm le la me. Kɔmiti sia ye kpɔa Betel-ƒewo kple woƒe dɔwɔƒewo ƒe nyawo kpakple lɛtaŋɔŋlɔ kple nyatakakawo gbɔ, eye eya kee kpɔa gbeadzisubɔsubɔdɔwo hã gbɔ le dukɔ ma me. Dukɔdzikpɔkɔmiti wɔa dɔ aduadu kple Alɔdzekɔmitia hena Fiaɖuƒedɔa ƒe ŋgɔyiyi.
54 Dɔdzikpɔha lae ɖoa ame siwo katã subɔna le Alɔdzekɔmitiwo kple Dukɔdzikpɔkɔmitiwo me.
DƆWƆƑEGÃ ƑE AMEDƆDƆWO
55 Dɔdzikpɔha la wɔa ɖoɖo ɣeaɖewoɣi be nɔviŋutsu siwo dze la nayi aɖasrã alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me katã la kpɔ. Woyɔa nɔviŋutsu si subɔna alea be dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ. Eƒe dɔ koŋ ye nye be wòade dzi ƒo na Betel-ƒomea eye wòakpe ɖe Alɔdzekɔmitia ŋu woakpɔ ta na biabia kple kuxi siwo doa mo ɖa le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa dzi kpɔkpɔ me. Nɔviŋutsu sia kpena kple nutome sue dzikpɔla aɖewo eye ekpena kple dutanyanyuigblɔla siwo wɔa gbeƒãɖeɖedɔa koŋ la hã ɣeaɖewoɣi. Ne ekpe kpli wo la, edzroa woƒe kuxiwo kple nuhiahiãwo me kpli wo, eye wòdea dzi ƒo na wo le woƒe dɔ vevitɔ si nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me.
56 Dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔa tsɔa ɖe le dɔ siwo wɔm wole le gbeadzi le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kpakple hameawo ƒe dɔwɔna bubuwo me la me vevie. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, ayi aɖasrã gbegɔmeɖeƒe siwo le dukɔa ƒe teƒe bubuwo hã kpɔ. Ne dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ la yi ɖasrã alɔdzedɔwɔƒe aɖe kpɔ la, ekpɔa gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa hã me ale si wòate ŋui.
Esi míeyia edzi bɔbɔa mía ɖokui na dzikpɔla siwo woɖo be woakplɔ alẽhaa ta la, esia nana míewɔa ɖeka eye míenɔa hamea ƒe Ta, Kristo Yesu, ŋu kplikplikpli
DZIKPƆKPƆ ƑE ÐOÐO SI ME LƆLƆ̃ LE
57 Dɔ sesẽ siwo nɔviŋutsu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la wɔna kple woƒe beléname lɔlɔ̃tɔe la ɖea vi na mí geɖe ŋutɔ. Esi míeyia edzi bɔbɔa mía ɖokui na dzikpɔla siwo woɖo be woakplɔ alẽhaa ta la, esia nana míewɔa ɖeka eye míenɔa hamea ƒe Ta, Kristo Yesu, ŋu kplikplikpli. (1 Kor. 16:15-18; Ef. 1:22, 23) Esia nana be Mawu ƒe gbɔgbɔ nɔa hameawo me le xexea me godoo, eye wozɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa ƒe mɔfiafia dzi le dɔa wɔwɔ me le xexea me katã.—Ps. 119:105.