Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Apostolo Paulo ƒo nu tso “asidada ɖe ame dzi” ŋu le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me. Hamemetsitsiwo ɖoɖo ye wòwɔnɛ loo, alo nu bubu aɖe yea?—Heb. 6:2.
Togbɔ be míate ŋu agblɔe tɔteteɖedzitɔe o hã la, anɔ eme be asidada ɖe ame dzi be amea naxɔ gbɔgbɔa ƒe nunanawo ye Paulo wɔnɛ.
Enye nyateƒe be Biblia ƒo nu tso asidada ɖe ame dzi si me wotona tsɔa teokrasi gbanɔamedziwo nana ame ŋu. Mose “da asi ɖe [Yosua dzi]” esime wònɔ eɖom be wòava nye ye teƒe nɔla. (5 Mose 34:9) Le Kristotɔwo ƒe hamewo me hã la, woto asidada ɖe ame dzi dzi ɖo ŋutsu siwo dze la dometɔ aɖewo agbanɔamedzinɔƒewo. (Dɔw. 6:6; 1 Tim. 4:14) Azɔ hã, Paulo ɖo aɖaŋu be woagada asi ɖe ame dzi dzitsitsitɔe o.—1 Tim. 5:22.
Gake Paulo xlɔ̃ nu Hebri Kristotɔwo be esi wodzo le “gɔmedzenufiafiawo” gbɔ ta la, ele be “[woayi] ŋgɔ aɖo tsitsinyenye gbɔ.” Esia megbee wòyɔ gɔmedzenufiafia siwo nye “dzimetɔtrɔ tso dɔwɔwɔ kukuwo me kple Mawu dzi xɔxɔse, nyɔnyrɔxɔxɔ ƒomevi vovovowo ŋuti nufiafia kple asidada ɖe ame dzi.” (Heb. 6:1, 2) Ðe hamemetsitsiwo ɖoɖo nye gɔmedzenufiafia aɖe si gbɔ wòle be Kristotɔwo nadzo le ahayi ŋgɔa? Ao. Be ame nava zu hamemetsitsi nye taɖodzinu aɖe si gbɔ wòle be nɔviŋutsu bibiwo nawɔ ŋgɔyiyi aɖo, eye wònye mɔnukpɔkpɔ si mele be woaƒo asii o.—1 Tim. 3:1.
Gake wogaƒo nu tso asidada ɖe ame dzi ŋu wòku ɖe nu bubu aɖe hã ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Yehowa gbe nu le dzɔdzɔme Israel viwo gbɔ hetia gbɔgbɔ me Israel, si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la, ɖe wo teƒe. (Mat. 21:43; Dɔw. 15:14; Gal. 6:16) Gbɔgbɔa ƒe nukununanawo, abe gbegbɔgblɔ bubuwo dodo ene, nye tɔtrɔ ma si Mawu wɔ la ƒe kpeɖodzi. (1 Kor. 12:4-11) Esime Kornelio kple eƒe aƒe me tɔwo va zu xɔsetɔwo la, ame yeye siawo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea, si ƒe kpeɖodzi dze kɔtɛ le ale si “wonɔ gbe bubuwo dom” la me.—Dɔw. 10:44-46.
Ɣeaɖewoɣi la, wotoa asidada ɖe ame dzi dzi naa nukununanawo amewo. Esime Filipo kaka nya nyuia le Samaria la, ame geɖewo na wonyrɔ wo. Dziɖuhaa dɔ apostolo Petro kple Yohanes ɖe afi ma. Nu ka tae? Míexlẽe be: “Eye [ame eve siawo yi] ɖada woƒe asiwo ɖe [ame siawo siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la] dzi, eye wote gbɔgbɔ kɔkɔe xɔxɔ.” Esia anya fia be woxɔ gbɔgbɔa ƒe nunanawo, siwo nye ŋutete tɔxɛ siwo dze ƒãa amewo kpɔ. Míenya esia elabena Simon, ame si nye akunyawɔla tsã la, kpɔ ale si gbɔgbɔa nɔ dɔ wɔmee eye wòtee kpɔ ŋukeklẽtɔe be yeaƒle asidada ɖe amewo dzi be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ahawɔ nukunuwo ƒe ŋutetea. (Dɔw. 8:5-20) Emegbe ame 12 na wonyrɔ wo le Efeso. Míexlẽe be: “Esi Paulo da eƒe asiwo ɖe wo dzi la, gbɔgbɔ kɔkɔe la va wo dzi, eye wote gbegbɔgblɔ bubuwo dodo henɔ nya gblɔm ɖi.”—Dɔw. 19:1-7; tsɔe sɔ kple 2 Timoteo 1:6.
Eya ta le Hebritɔwo 6:2 la, anɔ eme be asidada ɖe ame dzi be woana xɔsetɔ yeyewo naxɔ gbɔgbɔa ƒe nunanawo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tso.