-
Ele Be Mɔkpɔkpɔ Nali Ke Mí Eye Lɔlɔ̃ Naʋã MíGbetakpɔxɔ—1999 | July 15
-
-
Wotsɔ Mɔkpɔkpɔ Sɔ Kple Seke
10, 11. Nukae Paulo tsɔ sɔ kple míaƒe mɔkpɔkpɔ, eye nukata wòsɔ nenema?
10 Paulo ɖee fia be Yehowa do ŋugbe be woayra amewo to Abraham dzi. Azɔ apostoloa kɔ eme be: “Mawu [tsɔ] nutàta heɖo kpe edzi, bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o [eƒe nya kple eƒe atamkaka], esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe; eye mɔkpɔkpɔ ma le mía si abe luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ . . . ene.” (Hebritɔwo 6:17-19; Mose I, 22:16-18) Mɔkpɔkpɔ si wotsɔ ɖo Kristotɔ amesiaminawo ŋkume nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo. Egbea mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si le Yehowa subɔla akpa gãtɔ sie nye be yewoanɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi. (Luka 23:43) Xɔse mate ŋu anɔ ame si mɔkpɔkpɔ sia manɔmee o.
11 Seke nye dɔwɔnu sẽŋu aɖe si wotsɔ léa nui, eye ehiã vevie be woatsɔ alé tɔdziʋu ɖe teƒe ɖeka ale be tsi nagakplɔe adzoe o. Ƒudzidela aɖeke malɔ̃ aho ʋu dzoe le ʋudzeƒe seke matsɔmatsɔe o. Esi ʋu gbã ɖe Paulo enuenu ta la, eya ŋutɔ va nya be seke dzie ƒudzimɔzɔlawo ƒe agbe nɔa te ɖo zi geɖe. (Dɔwɔwɔwo 27:29, 39, 40; Korintotɔwo II, 11:25) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, mɔ̃ menɔa tɔdziʋu ŋu si ana ʋumefia nakui alesi wòdi o. Yaƒoƒo ŋu koŋ tɔdziʋuwo ɖoa ŋu ɖo, negbe aʋawɔtɔdziʋu siwo wotsɔa akɔfa kuna ko. Ne tɔdziʋu ɖo afɔku me si ana wòava lɔ kpe la, nusi ʋumefia ate ŋu awɔ koe nye be wòada seke ahanɔ ahom la nu vaseɖe esime wòafa, eye anɔ ŋu ɖom ɖe seke la ŋu be ayi edzi alé ɖe ƒua gɔme. Eyata Paulo tsɔ Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ sɔ kple “luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ.” (Hebritɔwo 6:19) Ne tsitretsiɖeŋu ƒe ahom ɖe kpe na mí alo míedo go dodokpɔ bubuwo la, míaƒe mɔkpɔkpɔ wɔnukua nɔa abe seke ene heléa mí amesiwo nye luʋɔ gbagbewo la ɖe te, ale be míaƒe xɔse ƒe tɔdziʋua nagate ayi ɖikeke ƒe agado ɖivɔvɔ̃ me alo wòava lɔ xɔsegbegbe ƒe kpe si gbãa nu o.—Hebritɔwo 2:1; Yuda 8-13.
12. Aleke míawɔ be míagatrɔ megbe ade Yehowa o?
12 Paulo xlɔ̃ nu Hebritɔ Kristotɔwo be: “Nɔviwo, mikpɔ nyuie be, dzi vɔ̃ɖi maxɔse naganɔ mia dometɔ aɖeke me o, bene wòagatrɔ atso Mawu gbagbe la gbɔ o.” (Hebritɔwo 3:12) Le Helagbe me la, ‘trɔ tso egbɔ’ gɔme ŋutɔŋutɔe nye be “woanɔ adzɔge,” si fia be woagbe xɔse. Gake míate ŋu aƒo asa na godzedze keŋkeŋ alea. Xɔse kple mɔkpɔkpɔ ana míalé ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ ne míeɖo tetekpɔ ƒe ahom vɔ̃ɖitɔ kekeake gɔ̃ hã me. (Mose V, 4:4; 30:19, 20) Míaƒe xɔse manɔ abe tɔdziʋu si xɔsegbegbe ƒe ya ƒona yina gbɔna ene o. (Efesotɔwo 4:13, 14) Eye esi mɔkpɔkpɔ nye mí Yehowa subɔlawo ƒe seke ta la, míate ŋu adze ŋgɔ agbe me ahomwo.
-
-
Ele Be Mɔkpɔkpɔ Nali Ke Mí Eye Lɔlɔ̃ Naʋã MíGbetakpɔxɔ—1999 | July 15
-
-
Ŋgɔyiyi Aɖo Afisi Yim Míele!
18. Nukae ana míado dzi le nusianu si ate míaƒe xɔse kpɔ le etsɔme la me?
18 Ðewohĩ woado míaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ akpɔ vevie hafi míaɖo nuɖoanyi yeyea me. Gake Yehowa na seke “si li dedie, eye wòsesẽ” la mí—eyae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ wɔnuku la. (Hebritɔwo 6:19; Romatɔwo 15:4, 13) Ne tsitretsiɖeŋu alo dodokpɔ bubuwo ɖe kpe na mí la, míate ŋu ado dzi ne míaƒe mɔkpɔkpɔ lé mí ɖe te sesĩe. Ne míeto ahom aɖe me do la, mina míaɖoe kplikpaa be míali ke míaƒe mɔkpɔkpɔ ahado ŋusẽ míaƒe xɔse hafi ahom bubu nagadze egɔme.
-