INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 41 lia. Ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe lé wo nɔewo ƒe asi.

      NUSƆSRƆ̃ 41

      Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Gbɔdɔdɔ Ŋu?

      Ekpea ŋu na ame geɖe be woaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu. Ke hã, ne Biblia le nu ƒom tso gbɔdɔdɔ ŋu la, egblɔa nyawo tẽe, gake le bubu mɔ nu. Nya siwo wògblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la ɖea vi na mí. Eye aleae míakpɔ mɔ be wòanɔ hã. Elabena, Yehowae nye mía Wɔla, eya ta enya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu si wòle be míawɔ be míadze ye ŋu kple ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee la na mí.

      1. Nu kae nye Yehowa ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu?

      Gbɔdɔdɔ nye nunana tso Yehowa gbɔ. Edi be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖe wo nɔewo la nase vivi na nunana sia. Menye ɖeko nunana sia wɔnɛ be atsu kple asiwo tea ŋu dzia vi ko evɔ o, ke eganye mɔ si dzi wotona ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le dzɔdzɔme nu. Esia tae Mawu ƒe Nyaa gblɔ be, ‘Kpɔ dzidzɔ kple wò ɖekakpuimesrɔ̃’ ɖo. (Lododowo 5:18, 19) Yehowa di tso Kristotɔ srɔ̃tɔwo si be woawɔ nuteƒe na wo nɔewo. Ne wowɔe alea la, womawɔ ahasi gbeɖe o.—Xlẽ Hebritɔwo 13:4.

      2. Nu kae nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?

      Biblia gblɔ na mí be ‘ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me la manyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.’ (1 Korintotɔwo 6:9, 10) Biblia ŋlɔla siwo ŋlɔ woƒe nyawo ɖe Helagbe me la zã Helagbe me nya por·neiʹa na gbɔdɔdɔ manɔsenu. Nu siwo nya ma fia ƒe ɖewoe nye (1) ame siwo meɖe wo nɔewo o ƒe gbɔdɔnuwɔnawo,a (2) ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, kple (3) lãwo gbɔ dɔdɔ. Ne ‘míetsri gbɔdɔdɔ manɔsenu’ la, míaƒe nu dzea Yehowa ŋu eye eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã.—1 Tesalonikatɔwo 4:3.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ ale si nàte ŋu aƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu kple viɖe siwo nàkpɔ ne ènɔa agbe nyui.

      Yosef si dzo le Potifar srɔ̃ gbɔ. Yosef ƒe awu tsi nyɔnua si me.

      3. Si le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu

      Ŋutsu nuteƒewɔla aɖe si ŋkɔe nye Yosef dze agbagba vevie be yeanɔ agbe nyui ɣesiaɣi. Mixlẽ 1 Mose 39:1-12, eye miadzro biabia siawo me:

      • Nu ka tae Yosef si ɖo?—Kpɔ kpukpui 9 lia.

      • Èsusu be nu nyuitɔe nye ema Yosef wɔa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      Aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu abe ale si Yosef wɔe ene? Mikpɔ VIDEOA.

      VIDEO: Si Le Agbe Gbegblẽ Nɔnɔ Nu (5:06)

      Yehowa di be mí katã míatsri gbɔdɔdɔ manɔsenu. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:18, eye miadzro biabia siawo me:

      • Nɔnɔme kawoe ate ŋu awɔe be ame nava ƒo eɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me?

      • Aleke nàwɔ asi le gbɔdɔdɔ manɔsenu nu?

      4. Àte ŋu aɖu tetekpɔwo dzi

      Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na ame aɖe be wòaɖu gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔwo dzi? Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

      VIDEO: Biblia Xexlẽ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖu Tetekpɔ Dzi (3:02)

      • Esi nɔviŋutsu si le videoa me la kpɔe be yeƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔe be yemava wɔ nuteƒe na ye srɔ̃ o la, nu kae wòwɔ?

      Ɣeaɖewoɣi la, avu kple kɔe wònyena na Kristotɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã be woana woƒe tamesusuwo nanɔ dzadzɛ. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be màganɔ nu siwo anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ ɖe mewò ŋu bum o? Mixlẽ Filipitɔwo 4:8, eye miadzro nyabiase siawo me:

      • Nu kawo tɔgbi ŋue wòle be míanɔ bubum?

      • Ne míexlẽa Biblia eye míewɔa geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la, aleke nu siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe tetekpɔ dzi?

      5. Yehowa ƒe sewo ɖea vi na mí

      Yehowa nya nu si aɖe vi na mí wu. Egblɔa nu siwo míawɔ be míanɔ agbe dzadzɛ kple viɖe siwo míakpɔ ne míewɔe nenema la na mí. Mixlẽ Lododowo 7:7-27 alo mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia siwo gbɔna me.

      VIDEO: Ame Si Si Nunya Mele O (9:31)

      • Aleke wòdzɔe be ɖekakpuia va ge ɖe nɔnɔme aɖe si akplɔe ade tetekpɔ me la me?—Kpɔ Lododowo 7:8, 9 lia.

      • Le Lododowo 7:23, 26 ƒe nya nu la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie. Ne míenɔa agbe nyui la, kuxi kawoe míate ŋu aƒo asa na?

      • Aleke agbe dzadzɛ nɔnɔ ate ŋu awɔe be míakpɔ dzidzɔ le agbe me tegbee?

      Ame aɖewo susuna be nya si Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu la le kpaɖii akpa. Gake Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la, di be ame sia ame nanɔ agbe tegbee le dzidzɔ me. Gake hafi míadze na esia la, ele be míawɔ ɖe eƒe sewo dzi. Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11, eye miadzro biabia sia me:

      • Ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ koe nye nuwɔna siwo Mawu bua nu gbegblẽwoea?

      Ehiã be mí katã míawɔ tɔtrɔwo be míaƒe nu nadze Mawu ŋu. Ðe tɔtrɔ siawo wɔwɔ ɖea via? Mixlẽ Psalmo 19:8, 11, eye miadzro biabia siawo me:

      • Le wò susu nu la, ɖe se siwo Yehowa de ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi wɔwɔ sesẽ akpa? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      Nɔnɔmetata vovovoawo: 1. Ðetugbui aɖe si lé blanui la nɔ anyi ɖe eƒe ahiãvi xa. Eya kple exɔlɔ̃awo le aha nom hele sigarɛt hã nom le zãmodzakaɖeƒe. 2. Ðetugbui ma ke le dze ɖom kple nɔvinyɔnuwo dzidzɔtɔe le Fiaɖuƒe Akpata me.

      Yehowa kpe ɖe ame geɖe ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ eye wova le eƒe sewo dzi wɔm. Ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò

      AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Ame eve ɖe sia ɖe ate ŋu adɔ kple wo nɔewo faa, ne wonya lɔ̃ wo nɔewo ko.”

      • Ne ame aɖe gblɔ nya ma la, nya kae nàgblɔ nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yehowa ƒe nunanae gbɔdɔdɔ nye eye ŋutsu kple srɔ̃a koe wòle be woakpɔ gome le eme.

      Numetoto

      • Nuwɔna kawo tɔgbie nye gbɔdɔdɔ manɔsenu?

      • Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na gbɔdɔdɔ manɔsenu?

      • Viɖe kawoe míakpɔ ne míewɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Àkpɔ nu si tae Mawu di be ŋutsu kple nyɔnu siwo di be yewoanɔ anyi ɖekae la naɖe wo nɔewo la le nyati sia me.

      “Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Nyɔnu Ƒe Anyinɔnɔ Ðekae Srɔ̃maɖemaɖee Ŋu?” (Nyati sia le jw.org)

      Esi Biblia gblɔ be ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ nye nu gbegblẽ la, esia mefia be míalé fu ame siwo wɔa nu mawo o.

      “Ðe Ŋutsu Kple Ŋutsu Alo Nyɔnu Kple Nyɔnu Ƒe Gbɔdɔdɔ Nye Nu Gbegblẽa?” (Nyati sia le jw.org)

      Le nyati sia me la, àkpɔ ale si Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu la kpɔa mía ta.

      “Ðe Gbɔdɔdɔ To Nu Me Nye Gbɔdɔdɔ Ŋutɔŋutɔa?” (Nyati sia le jw.org)

      Le agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye “Wode Bubu Ŋunye” me la, àkpɔ nu si ʋã ŋutsu aɖe si nye ŋutsugbɔdɔla tsã be wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ be yeadze Mawu ŋu.

      “Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm” (Gbetakpɔxɔ, April 1, 2011)

      a Gbɔdɔnuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye, gbɔdɔdɔ si nye dzɔdzɔme tɔ, gbɔdɔdɔ to nu me, gbɔdɔdɔ to meƒi me, kple asilili ame bubu ƒe vidzinu ŋu ɖe gbɔdɔdɔ ƒe vivisese ta.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Nusɔsrɔ̃ 42 lia. Nɔvinyɔnu tre aɖe kple atsu kple asi aɖe le dze ɖom ɖekae le nuɖuƒe.

      NUSƆSRƆ̃ 42

      Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Trenɔnɔ Kple Srɔ̃ɖeɖe Ŋu?

      Le teƒe aɖewo la, amewo xɔe se be ne ame ɖe srɔ̃ ko hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ. Ke hã, menye srɔ̃tɔwo katãe kpɔa dzidzɔ o, eye menye trewo katã hãe mekpɔa dzidzɔ o. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe siaa ŋu be wonye nunana.

      1. Viɖe siwo le trenɔnɔ me dometɔ aɖewo ɖe?

      Biblia gblɔ be: ‘Ame si ɖe srɔ̃ la wɔe nyuie, ke ame si meɖe srɔ̃ o la awɔe nyuie wu.’ (Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:32, 33, 38.) Gɔmesese ka nue ame si meɖe srɔ̃ o la “awɔe nyuie wu” le? Nya lae nye be, ame srɔ̃ dzi kpɔkpɔ ƒe agba aɖeke mele Kristotɔ trewo dzi o. Eya ta, ablɔɖe geɖe wu nɔa wo si. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo tea ŋu zɔa mɔ yia dukɔ bubuwo me ɖaɖea gbeƒã nya nyuia, alo wodzia woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi le mɔ bubuwo nu. Gawu la, woate ŋu akpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe nu siwo ana wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la ŋu.

      2. Viɖe siwo srɔ̃tɔwo kpɔna ne woɖe wo nɔewo le se nu la dometɔ aɖewo ɖe?

      Abe ale si ko wòle le trenɔnɔ gome ene la, srɔ̃ɖeɖe hã ƒe viɖewo li. Biblia gblɔ be “ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” (Nyagblɔla 4:9) Esia nye nyateƒe, vevietɔ le Kristotɔ siwo wɔa Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la gome. Atsu kple asi siwo ɖe srɔ̃ le se nu la do ŋugbe be yewoalɔ̃ yewo nɔewo, ade bubu yewo nɔewo ŋu, ahalé be na yewo nɔewo. Esia wɔnɛ be wosena le wo ɖokui me be yewole dedie wu ŋutsu kple nyɔnu siwo le wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee. Eye ewɔnɛ hã be wo viwo sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie.

      3. Aleke Yehowa di be srɔ̃tɔwo dome nanɔ?

      Esi Yehowa na ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔawo zu srɔ̃tɔwo la, egblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu.” (1 Mose 2:24) Yehowa di be ŋutsu kple srɔ̃a nalɔ̃ wo nɔewo, eye woaku ɖe wo nɔewo ŋu le woƒe agbemeŋkekewo katã me. Ena míenya be nu ɖeka pɛ si tae ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖoe nye ne srɔ̃a wɔ ahasi. Ne srɔ̃tɔ aɖe wɔ ahasi la, gome le srɔ̃tɔ maɖifɔa si le Yehowa ŋkume be wòatiae nenye be yeagbe ye srɔ̃a loo alo yemagbee o.a (Mateo 19:9) Yehowa na míenya be srɔ̃ ɖeka koe Kristotɔ ate ŋu aɖe.—1 Timoteo 3:2.

      SRƆ̃ NU BUBUWO

      Àkpɔ ale si nàwɔ akpɔ dzidzɔ eye nàna Yehowa hã nakpɔ dzidzɔ, èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o.

      4. Wɔ trenɔnɔ ƒe nunanaa ŋu dɔ nyuie

      Yesu gblɔ be nunanae trenɔnɔ nye. (Mateo 19:11, 12) Mixlẽ Mateo 4:23, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Aleke Yesu wɔ trenɔnɔ ƒe nunanaa ŋu dɔ tsɔ subɔ Fofoa eye wòkpe ɖe ame bubuwo hã ŋu?

      Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o la ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wowɔ woƒe trenɔnɔa ŋu dɔ abe ale si Yesu wɔe ene. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

      VIDEO: Kristotɔ Tre Wɔnuteƒewo (3:11)

      • Mɔ kawo nue Kristotɔwo ate ŋu awɔ woƒe trenɔnɔa ŋu dɔ nyuie le?

      Ènyaa?

      Biblia meyɔ ƒe si wòle be ɖekakpui alo ɖetugbui naxɔ hafi aɖe srɔ̃ o. Ke hã, ena míenya be enyo be ame nalala ‘ato sɔhɛnyenye me ado’ hafi aɖe srɔ̃. Nu si tae nye be, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro sẽŋu si nɔa sɔhɛwo me la ate ŋu awɔe be womatso nya me nyuie o.—1 Korintotɔwo 7:36.

      5. Bu nuwo ŋu nyuie hafi nàtia ame si nàɖe

      Nyametsotso vevi siwo nàte ŋu awɔ le agbe me dometɔ ɖekae nye be nàtia ame si nàɖe. Mixlẽ Mateo 19:4-6, 9, eye miadzro biabia sia me:

      • Nu ka tae mele be Kristotɔ natsɔ dzitsitsi aƒo ta ɖe srɔ̃ɖeɖe me o?

      Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya nɔnɔme nyui siwo wòle be nàkpɔ le ame si nàɖe la ŋu. Nu si le vevie wue nye be nàɖe ame si lɔ̃ Yehowa.b Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:39 kple 2 Korintotɔwo 6:14. Eyome, midzro biabia siawo me:

      • Nu ka tae hati Kristotɔ koe wòle be míaɖe?

      • Ne míeɖe ame si melɔ̃ Yehowa o la, aleke nèsusu be Yehowa ase le eɖokui me?

      Nyitsu sesẽ aɖe kple tedzi sue aɖe siwo le kɔkuti ɖeka te hele fu kpem.

      Ne lã eve siwo to vovo la le kɔkuti ɖeka te la, lã evea siaa akpe fu. Nenema kee, ne Kristotɔ aɖe ɖe ame si menye haxɔsetɔ o la, ado go kuxi geɖe

      6. Bu srɔ̃ɖeɖe abe ale si Yehowa bunɛ ene

      Le blema Israel la, ŋutsu aɖewo gbe wo srɔ̃wo le ɖokuitɔdidi ta. Mixlẽ Malaki 2:13, 14, 16, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Nu ka tae Yehowa medi kura be ame nagbe srɔ̃a ne menye ɖe srɔ̃a wɔ ahasi o?

      Vidada aɖe si ƒe dzi gbã la le srɔ̃a kpɔm esime wòle ʋuʋum le aƒea me. Wo vi si le avi dzi la ku ɖe dadaa ŋu.

      Ahasiwɔwɔ kple srɔ̃gbegbe nana srɔ̃tɔ maɖifɔa kple ɖeviawo kpea fu ŋutɔ

      Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro nyabiase si gbɔna me.

      VIDEO: Srɔ̃ɖeɖe—Enye Nu Si Nɔa Anyi Ðaa (4:30)

      • Ne srɔ̃wò melɔ̃ Yehowa o la, nu kae nàte ŋu awɔ be wò srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze?

      7. Wɔ Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi

      Ate ŋu ahiã be ame nadze agbagba vevie hafi awɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi.c Gake Yehowa yraa ame siwo wɔnɛ nenema. Mikpɔ VIDEOA.

      VIDEO: Àte Ŋu Awɔ Yehowa Ƒe Mɔfiame Siwo Ku Ðe Srɔ̃ɖeɖe Ŋu Dzi (4:14)

      Mixlẽ Hebritɔwo 13:4, eye miadzro nyabiase siawo me:

      • Ðe nèsusu be anya wɔ be míawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzia? Nu ka tae nèɖo eŋu nenema?

      Yehowa di tso Kristotɔwo si be woade woƒe srɔ̃ɖeɖe alo srɔ̃gbegbe agbalẽ me, elabena le dukɔ geɖe me la, dziɖuɖuwo bia tso woƒe dukɔmeviwo si be woawɔe nenema. Mixlẽ Tito 3:1, eye miadzro nyabiase sia me:

      • Ne srɔ̃tɔe nènye la, ɖe nèka ɖe edzi be wò srɔ̃ɖeɖea le se nu le dziɖuɖu gbɔa?

      AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Ne ŋutsu kple nyɔnu aɖe li ɖekae la, ɖe wòhiã kokoko be woaɖe wo nɔewoa?”

      • Ne ame aɖe bia nya ma la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

      NU SIWO MÍESRƆ̃

      Yehowa ƒe nunanae trenɔnɔ kple srɔ̃ɖeɖe siaa nye. Trewo kple srɔ̃tɔwo siaa ate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me nenye be wowɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.

      Numetoto

      • Aleke ame ate ŋu awɔ eƒe trenɔɣi ŋu dɔ nyuie?

      • Nu ka tae Biblia gblɔ be hati Kristotɔ koe wòle be míaɖe?

      • Nu kae Biblia gblɔ be eya koe nye susu si ta ame ate ŋu agbe srɔ̃a ɖo?

      Anyo Be Nàwɔ Esia

      KU NU ME TSO NYATIA ŊU

      Nu kae wòfia be ame nàɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me ko”?

      “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2004)

      Kpɔ video kpui eve siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie le zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ŋu.

      Dzadzraɖo Na Srɔ̃ɖeɖe (11:53)

      Le video sia me la, àkpɔ nu si tae nɔviŋutsu aɖe se le eɖokui me be nu si Yehowa na ye la ƒo nu sia nu si ŋu yeɖe asi le la ta sãsãsã.

      Menɔ Mɔ Kpɔm Be Eya Hã Nava Srɔ̃ Nyateƒea (1:56)

      Nu siwo ŋu wòle be srɔ̃tɔ nade ŋugble le hafi abu srɔ̃gbegbe alo kaklã ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

      “De Bubu ‘Nu Si Mawu Bla Ðekae La’ Ŋu” (Gbetakpɔxɔ, December 2018)

      a Kpɔ Dzesidenya 4 lia be nàxlẽ nu tso srɔ̃tɔwo ƒe kaklã tso wo nɔewo gbɔ ne wo dometɔ aɖeke mewɔ ahasi o ŋu.

      b Le dukɔ aɖewo me la, dzilawoe tiaa ame si wo vi aɖe la nɛ. Le go mawo me la, nu si koŋ ŋu dzila lɔ̃amewo léa ŋku ɖoe nye ale si amea lɔ̃ Yehowa, ke menye ga alo ɖoƒe si le amea si o.

      c Ne wò kple ame aɖe mieli ɖekae gake mieɖe mia nɔewo o la, wò ŋutɔe atso nya me nenye be miaɖe mia nɔewo le se nu loo alo miaklã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe