Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa ɖe vi na wò ŋutɔŋutɔa? Ke nukata màtsɔ biabia siwo gbɔna ado wò susu akpɔ o?
◻ Vovototo kae le “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” la kple “Yehowa ƒe ŋkeke la” dome? (Nyaɖeɖefia 1:10; Yoel 2:11)
“Aƒetɔ ƒe ŋkeke” la ku ɖe ŋutega 16 siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 1 vaseɖe 22 kple nudzɔdzɔ vevi siwo Yesu gblɔ ɖi tsɔ ɖo nya si eƒe nusrɔ̃lawo biae tso eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi la me vava ŋuti. Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ lae ava ƒo Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ta, wòanye ŋkeke si dzi Yehowa adrɔ̃ toheʋɔnu Satana ƒe xexe gblẽkua. (Mateo 24:3-14; Luka 21:11)—12/15, axa 11.
◻ Nusiwo ɖe dzesi le Makarios ƒe Biblia ŋu dometɔ aɖewo ɖe?
Ŋkɔ Yehowa dze wu zi gbɔ zi 3,500 le Makarios ƒe Biblia la me. Russia-subɔsubɔgbalẽwo ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Eƒe gɔmeɖeɖea sɔ ɖe Hebrigbe me tɔa nu pɛpɛpɛ, eye nya siwo wòtsɔ ɖe wo gɔmee la dze to eye wosɔ ɖe nyaawo nu.”—12/15, axa 27.
◻ “Nyateƒe” kae Yesu wɔnɛ be ana ablɔɖe mí? (Yohanes 8:32)
Numeɖeɖe—vevietɔ numeɖeɖe si ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu—si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me si ta wokpɔ na mí wòle Biblia me lae Yesu yɔ be “nyateƒe la.”—1/1, axa 3.
◻ Amekawoe nye egbeŋkekea me Yehu kple Yonadab?
Yehu tsi tre ɖi na Yesu Kristo, amesi teƒe “Mawu ƒe Israel,” Kristotɔ amesiaminawo le le anyigba dzi. (Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 12:17) Abe alesi Yonadab va do go Yehu ene la, nenemae “ameha gã” aɖe tso dukɔwo me va le megbe na Yesu teƒenɔla siwo le anyigba dzii. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10; Fiawo II, 10:15)—1/1, axa 13.
◻ Nukae ‘zɔzɔ kple Mawu’ fia? (Mose I, 5:24; 6:9)
Efia be amesiwo subɔe, abe Henox kple Noa ene la, nɔ agbe si ɖo kpe edzi be woxɔ Mawu dzi se vevie. Wowɔ dɔ si Yehowa de wo si eye wonɔ agbe wòsɔ ɖe alesi wonya be ewɔa nu kple ameƒomea la nu.—1/15, axa 13.
◻ Nukata wòle be woawɔ ɖoɖo da ɖi hafi ɖewohĩ woava ku?
Le susu aɖe nu la, ɖoɖo mawo tɔgbe wɔwɔ nye nu nana ame ƒe ƒomea. Enye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia. Enye kpeɖodzi be wodi be ‘woalé be na ame ŋutɔ ƒe ƒometɔwo’ ne womegale wo gbɔ o gɔ̃ hã. (Timoteo I, 5:8)—1/15, axa 22.
◻ Vi kae ‘nubabla xoxoa’ ɖe? (Korintotɔwo II, 3:14)
Nusiwo ava nɔ nubabla yeyea me la ƒe vɔvɔliwo nɔ eme, eye vɔsasa geɖe siwo nɔ eme ɖe alesi gbegbe amegbetɔ hiã ɖeɖe tso nuvɔ̃ kple ku mee fia. Enye “nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.” (Galatiatɔwo 3:24)—2/1, axa 14.
◻ Mɔ kawo nue nubabla yeyea nye nu mavɔ le? (Hebritɔwo 13:20)
Gbã la, bubu aɖeke mava xɔ ɖe eteƒe, abe Se ƒe nubabla la ene o. Evelia, nusiwo ado tso eƒe dɔwɔwɔ me anɔ anyi tegbee. Eye etɔ̃lia, nubabla yeye ƒe ɖoɖoa ayi edzi aɖe vi na Mawu Fiaɖuƒea tevi siwo le anyigba dzi le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.—2/1, axa 22.
◻ Vi kae wòɖena ne wonye akpedala?
Dzi si dzɔa ame le esi wòɖe akpedada si tso dzi me fia ta la dzia eƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple ŋutifafa ɖe edzi. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 15:13, 15.) Esi akpedada nye nɔnɔme nyui ta la, ekpɔa amea ta tsoa nuwɔna manyomanyowo abe dziku, ŋuʋaʋã, kple fuléle me.—2/15, axa 4.
◻ Nubabla kawo mee woxɔ amesiwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la ɖo?
Nubabla yeyea, si Yehowa wɔ kple gbɔgbɔ me Israel-viwo, kple Fiaɖuƒe nubabla si Yesu wɔ kple eƒe afɔtoƒezɔla siwo wosi ami na. (Luka 22:20, 28-30)—2/15, axa 16.
◻ Ŋkekenyui gã etɔ̃ kawoe wode se na Israel-viwo be woaɖu?
Abolo Maʋãmaʋã ƒe Ŋkekenyui si woɖuna ɖe Nisan 14 lia ƒe Ŋutitoto yome tututu; Kwasiɖawo ƒe Ŋkekenyui, si nye ŋkeke 50 lia si kplɔ Nisan 16 lia ɖo; Avaɖoɖoŋkekenyui, alo Agbadɔŋkekenyui, le dzinu adrelia me. (Mose V, 16:1-15)—3/1, axa 8, 9.
◻ Nukatae Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye mɔnukpɔkpɔ?
Yesu gblɔ be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.” (Mateo 18:20; 28:20) Azɔ hã, mɔ vevi aɖe si dzi wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu le ye nye to hamea ƒe kpekpewo kpakple kpekpe siwo lolo wu me. (Mateo 24:45)—3/1, axa 14.
◻ Afikae ŋkɔ Nimrod dzɔ tso?
Agbalẽnyala geɖe kpɔe be menye ŋkɔ Nimrod ye wotsɔ nɛ le edziɣi o. Ke boŋ wobui be enye ŋkɔ si wotsɔ nɛ emegbe si sɔ ɖe eƒe aglãdzedze si va dze la nu.—3/15, axa 25.
◻ Aleke gbegbe ƒome le vevie na ameƒomeae?
Ƒomea nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi aɖe. Ŋutinya ɖee fia be ne nu le gbegblẽm le ƒome ƒe nuɖoanyia ŋu la, ekema nutowo kple dukɔwo ƒe ŋusẽ hã nɔa gbɔdzɔgbɔdzɔm. Eyata ƒomea kpɔ ŋusẽ ɖe amehawo kple ɖeviwo kpakple dzidzime siwo ava dzɔ le etsɔme la ƒe kelili kple dedienɔnɔ dzi tẽ.—4/1, axa 6.
◻ Kpeɖodzi etɔ̃ kawoe fia be Biblia nye Mawu ƒe Nya?
(1) Eƒe dzɔdzɔmeŋutinunya le eteƒe; (2) gɔmeɖose siwo ɖea vi ɣesiaɣi eye wosɔ na agbenɔnɔ le egbeŋkekewo me la le eme; eye (3) nyagblɔɖi tɔxɛ aɖewo le eme siwo va eme, eye ŋutinya me nyawo hã ɖo kpe wo dzi.—4/1, axa 15.