INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’
    Gbetakpɔxɔ—2002 | September 15
    • ‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’

      “Ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.”—HEBRITƆWO 2:1, NW.

      1. Wɔ alesi susuhenuwo ate ŋu ado afɔku ame ƒe kpɔɖeŋu.

      ƲUFƆKUWO ɖea ame 37,000 aɖewo ƒe agbe ɖa ƒe sia ƒe le United States ɖeɖe. Eŋunyalawo gblɔ be ne ɖee ʋukulawo wɔna ɖe sewo dzi tututu le mɔ dzi la, anye ne woaƒo asa na ku siawo dometɔ geɖe hafi. Dzesiwo kple boblodoʋuƒowo alo asitelefonwo hea ʋukula aɖewo ƒe susu. Ame aɖewo hã li siwo nɔa nu ɖum ne wole ʋu kum. Susuhenu siawo katã nye nɔnɔme siwo me afɔku ate ŋu adzɔ le.

      2, 3. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na Hebri Kristotɔwo, eye nukatae eƒe aɖaŋuɖoɖoa sɔ?

      2 Ƒe 2,000 kloe do ŋgɔ na ʋuwo wɔwɔ la, apostolo Paulo ƒo nu tso susuhenu ƒomevi aɖe si nye afɔku na Hebri Kristotɔ aɖewo ŋu. Paulo te gbe ɖe edzi be wotsɔ ɖoƒe si ƒo mawudɔlawo katã tɔ ta na Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre la, elabena woɖoe zi dzi le Mawu ƒe nuɖusi me. Emegbe apostoloa gblɔ be: “Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo míese la ŋuti geɖe wu, bene míagatra mɔ gbeɖe o.”—Hebritɔwo 2:1, NW.

      3 Nukatae wòhiã be Hebri Kristotɔawo ‘nalé to ɖe nusiwo wose’ tso Yesu ŋu ‘la ŋu geɖe wu’? Elabena ƒe 30 kloe va yi esime Yesu dzo le anyigba dzi. Esi woƒe Aƒetɔa megali o ta la, Hebri Kristotɔ aɖewo te tete ɖa tso xɔse vavã la gbɔ. Yuda-subɔsubɔ, si nye subɔsubɔha si me wonɔ tsã la, nɔ woƒe susuwo hem.

      Ehiã Be Woalé To Ðe Nu Ŋu Nyuie

      4. Nukatae wòanya dzro Hebri Kristotɔ aɖewo be yewoatrɔ ayi Yuda-subɔsubɔ me?

      4 Nukata wòate ŋu adzro Kristotɔ aɖe be wòatrɔ ayi Yuda-subɔsubɔ me? Tadedeagu ƒe ɖoɖo si nɔ Sea te la lɔ nusiwo wokpɔna kple ŋku ɖe eme. Amewo te ŋu kpɔa nunɔlawo hesea lã siwo wole vɔ samee ƒe ʋeʋẽ. Gake Kristotɔnyenye ya to vovo kura le go aɖewo me. Nunɔlagã, Yesu Kristo, nɔ Kristotɔwo si, gake ƒe 30 enye ma si womele ekpɔm le anyigba dzi o. (Hebritɔwo 4:14) Gbedoxɔ nɔ wo si, gake eƒe kɔkɔeƒe nye dziƒo ŋutɔ. (Hebritɔwo 9:24) To vovo na aʋatsotso ŋutɔŋutɔ le Sea nu la, Kristotɔwo ƒe aʋatsotsoa nye “dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me.” (Romatɔwo 2:29) Eyata ewɔ abe Kristotɔnyenye va le nu bubu kura zum na Hebri Kristotɔawo ene.

      5. Aleke Paulo ɖee fia be tadedeagu si Yesu ɖo anyi la de ŋgɔ wu esi nɔ Sea tee?

      5 Ehiã be Hebri Kristotɔwo nade dzesi nu vevi aɖe ku ɖe tadedeagu si ƒomevi Kristo ɖo anyi ŋu. Xɔse dzi koŋue wotui ɖo ke menye ŋku ƒe nukpɔkpɔ dzi o, ke hã ede ŋgɔ wu Se si wona to nyagblɔɖila Mose dzi. Paulo ŋlɔ bena: “Ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu kple nyinɔ ƒe afi, si wowu ɖe ame makɔmakɔwo ŋu la, kɔ wo ŋuti hena ŋutilã ƒe kɔkɔenyenye la, geɖe aleke wu Kristo, amesi to [gbɔgbɔ] mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?” (Hebritɔwo 9:13, 14) Ẽ, tsɔtsɔke si woakpɔ tso Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzixɔxɔse me la de ŋgɔ sasasã wu vɔ siwo wosana le Sea te la tɔ le mɔ geɖe nu.—Hebritɔwo 7:26-28.

      6, 7. (a) Nɔnɔme kae na wòhiã kpata be Hebri Kristotɔwo ‘nalé to ɖe nusiwo wose la ŋu geɖe wu’? (b) Ɣeyiɣi nenie susɔ na Yerusalem esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa ɖo ɖe Hebritɔawo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

      6 Susu bubu aɖe hã li si ta wòle be Hebri Kristotɔawo nalé to ɖe nusiwo wose tso Yesu ŋu la nyuie. Egblɔe ɖi be woatsrɔ̃ Yerusalem. Yesu gblɔ be: “Ŋkekewo ava dziwò, eye wò ketɔwo aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woaɖe to aƒo xlã wò, eye woaxaxa wò ɖe eme le goawo katã dzi, eye woaxlã wò kple viwò, siwo le mewò la, ɖe anyi, eye womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi le mewò o, le esi mèdze si wò kpɔkpɔɖaɣi o la ta.”—Luka 19:43, 44.

      7 Ɣekaɣie esia adzɔ? Yesu megblɔ ŋkekea kple gaƒoƒo la o. Ke boŋ ena nuxlɔ̃ame sia be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi, eye amesiwo le etitina la, nadzo ayi, eye amesiwo le agbletawo la, nagayi ɖe eme o.” (Luka 21:20, 21) Le ƒe 30 siwo kplɔ Yesu ƒe nya mawo gbɔgblɔ ɖo me la, Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Yerusalem la ɖe ŋu ɖi le alesi wòhiã vevie be woawɔ nu kpatae ŋu eye woɖe mɔ nuwo he woƒe susu. Ðeko wòle abe ɖee woɖe mo ɖa le mɔa dzi ene. Ne wometrɔ woƒe tamesusu o la, woadze afɔku godoo. Woɖabu esia ŋu loo alo womeɖabui o, Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ya tu aƒe!a Míexɔe se be Paulo ƒe nuxlɔ̃amea nyɔ Kristotɔ siwo nɔ gbɔgbɔmelɔ̃ dɔm le Yerusalem la.

      Toléle ‘Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu le Egbeŋkekeawo Me

      8. Nukatae wòhiã be ‘míalé to ɖe’ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea ‘ŋu geɖe wu’?

      8 Abe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ene la, ehiã be ‘míalé to ɖe’ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea ‘ŋu geɖe wu.’ Nukatae? Elabena tsɔtsrɔ̃ aɖe, si manye dukɔ ɖeka aɖe ko tsɔtsrɔ̃ o, ke boŋ nuɖoanyi bliboa katã la le míawo hã ŋgɔ gbɔna. (Nyaɖeɖefia 11:18; 16:14, 16) Nyateƒee wònye be míenya ŋkeke kple gaƒoƒo si tututu dzi Yehowa atso awɔ nusia o ya. (Mateo 24:36) Ke hã, míele Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖee fia wòdze ƒã be míele “ŋkeke mamlɛawo” me la me vava teƒe kpɔm. (Timoteo II, 3:1-5) Le esia ta, ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusianu si ate ŋu ahe míaƒe susu ŋu. Ehiã be míalé to ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ahawɔ nu kple vevienyenye si bia nuwɔwɔ kpata. Ema koe míawɔ hafi ate ŋu “asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu.”—Luka 21:36.

  • ‘Lé To Ðe Nu Ŋu Geɖe Wu’
    Gbetakpɔxɔ—2002 | September 15
    • a Anye ƒe 61 M.Ŋ. mee woŋlɔ agbalẽa ɖo ɖe Hebritɔawo. Ne nenemae la, ke ƒe atɔ̃ lɔƒo ko megbee Cestius Gallus ƒe asrafowo va ɖe to ɖe Yerusalem. Eteƒe medidi o asrafo mawo trɔ dzo, si ɖe mɔ na Kristotɔ siwo nɔ ŋudzɔ la be woasi. Ƒe ene le esia megbe la, Aʋafia Tito nɔ ŋgɔ na Roma srafowo wova tsrɔ̃ dua.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe