Dzatawo—Afrika Dadi Dzeani Siwo Ŋu Kɔdza Le
ETSO “NYƆ!” ƑE NUŊLƆLA SI LE KENYA GBƆ
ƔEA nɔ dzedzem ɖe Serengeti Gbadzaƒe si le Afrika la dzi. Esi ŋdi ya fafɛa nɔ ƒoƒom la, míenɔ míaƒe Land Rover la me nɔ dzatanɔwo kple wo viwo ƒe hatsotso aɖe kpɔm. Wo ŋutifu dzẽ la nɔ dzo dam henɔ keklẽm eye fua kple gbe ƒuƒu tsralaa la ƒe amedede sɔ ɖe wo nɔewo nu nyuie ale gbegbe. Dzataviawo nɔ fefem eye ŋusẽ le wo ŋu ale gbegbe. Wonɔ kpo tim henɔ wo nɔ siwo wɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le woƒe fefea me na wo o la dzi dzem.
Kasia dzataawo zi ɖoɖoe eye wonɔ anyi kpoo. Wo katã trɔ mo henɔ didiƒe kpɔm ɖaa. Le kɔkɔƒe si míele ta, míetrɔ ɖe afisi kpɔm wonɔ la ŋu eye míeke ɖe nusi he woƒe susu la ŋuti. Fɔŋli ƒe ɣedzedzea klẽ ɖe dzatatsu gã aɖe dzi. Mía kplii míaƒe ŋkume do go esi wòfɔ ŋku ɖe mía dzi. Míaƒe lãme nɔ ƒoƒom tititi, menye le ŋdi ya fafɛ la ta o, ke boŋ le nyanya be míawo kpɔmee wònɔ la ta. Togbɔ be vɔvɔ̃ le eŋu hã la, enya kpɔ ŋutɔ. Kɔdza gbogbo aɖe si le dzo dam si me yibɔe ɖekaɖeka le la ƒo xlã eƒe ta gã la. Eƒe ŋku gãawo biã hɛ̃ eye wole te. Gake eƒe susu trɔ ɖe eƒe ƒomea ŋu, eye wòtrɔ kɔ blewu ɖe wo ŋu hezɔ ɖo ta wo gbɔ.
Ezɔ atsyãtɔe, alo kura gɔ̃ hã míagblɔ be ezɔ fiatɔe. Eto míaƒe ʋua ŋkume tututu eye megatrɔ kpɔ mí o eye wòɖo ta nɔeawo kple wo viwo gbɔ. Wotso yi ɖakpee eye wo katã tsɔ woƒe mowo lili ɖe eƒe glã sesẽ la ŋu abe alesi dadiwo titia wo ɖokui ɖe ame ŋui ene. Esi wòge ɖe wo dome la, atsua ɖe asi le eɖokui ŋu ƒu anyi abe tsatsa lae te ɖeɖi eŋu ene eye wòdze ŋe. Eƒe kuviawɔwɔ sia kpɔ ŋusẽ ɖe ha la dzi, eye eteƒe medidi o, dzataawo katã yi alɔ̃ me vie le agudzedzea gbe. Míekpɔ alesi wole ŋutifafa me eye woƒe dzi dze emee le gbea me le gbadzaƒea.
Lã Dzeaye si ƒe Nu Doa Dzidzɔ na Ame
Ðewohĩ lã aɖeke ƒe nu medo dzidzɔ na ame de dzata nu o. Tso gbaɖegbe ʋĩ ke la, Afrika nutalawo taa dzata siwo le woƒe nuléle ƒe ade dzi la ɖe kpewo dzi. Wotsɔa dzata si ŋu kɔdza gbogbowo le ƒe kpetata gãwo ɖoa atsyɔ̃ na blema fiasãwo kple gbedoxɔwo. Egbea amewo nyẽa zi ɖe lãwo kpɔƒe be yewoakpɔ dadi dodzidzɔname siawo. Wode asixɔxɔ gã aɖe dzata ŋu le agbalẽwo kple sinimawo me, abe le kpɔɖeŋu me, le agbalẽ si nye Born Free, si nye dzatavi si zu tsyɔ̃evi si wonyi le aboyo me eye woɖe asi le eŋu mlɔeba la ƒe ŋutinya ŋutɔŋutɔ me ene. Eye wogblẽ dzata ŋu le ŋutinyawo me hã—ɖewo menye nyateƒe o eye ɖewo hã nye nyateƒe—be enye amelãɖula vɔ̃ɖi. Eyata mewɔ nuku o be dzata kpɔtɔ nye lã dzeaye si ƒe nu doa dzidzɔ na ame!
Dzatawo te ŋu wɔa adã ŋutɔ eye ɣeaɖewoɣi hã wonɔa anyi kpoo fena abe dadiviwo ene. Ne woƒe dzi dze eme la, wotea gbe blewu, gake woate ŋu aɖe gbe dziŋɔ aɖe si ƒe ɖiɖi woase le kilometa 8 domee. Edzena abe ɖe kuvia ɖo wo eye ɖeɖi te wo ŋu ɣeaɖewoɣi ene, gake duƒuƒu ƒe ŋutete wɔnuku aɖe le wo si. Ame aɖewo gblɔna tso kalẽtɔwo ŋu be dzatadzie le wo si.
Simbaa—Dadi Siwo Nɔa Ha Me
Le dadi ƒomeviwo katã dome la, dzatawoe nɔa ha me wu. Wo tsina nyuie le ƒome gã siwo woyɔna be dzatawo ƒe ha si ƒe xexlẽme ate ŋu nɔa ʋee alo wua 30 la me. Dzatanɔ siwo do ƒome kplikplikplie nɔa ha me. Wonɔa anyi, daa ade, hedzia vi ɖekae. Ðekawɔwɔ kplikplikpli sia, si ate ŋu anɔ anyi le woƒe agbenɔɣi katã lae nye dzata ƒomea ƒe gɔmeɖokpe eye ekpɔa wo ta be wometsrɔ̃na o.
Dzatatsu si tsi nyuie ɖeka alo wu nenemae nɔa dzatawo ƒe ha ɖesiaɖe me eye wonɔa tsatsam tsɔa ʋeʋẽ dea dzesi woƒe ha la ƒe anyigba ƒe liƒowo. Ne wodzidze lã gã siawo tso woƒe ŋɔti yibɔawo nu vaseɖe woƒe asiketi nu fuwo dzi la, wote ŋu didina wua meta 3, eye wokpena wua kilogram 225. Togbɔ be atsuawoe kpɔa ŋusẽ ɖe ha la dzi hã la, nɔeawoe xɔa ŋgɔ le nuwo me. Zi geɖe la, dzatanɔwoe dzea wɔnawo abe dzodzo le ŋdɔgbe ayi fafɛƒe alo adedada ene gɔme.
Dzatanɔwo dzia vi ƒe eve ɖesiaɖe. Lã wɔnamanɔŋuitɔwoe dzataviwo nyena le wo dziɣi. Dzataviwo nyinyi nye ha la katã ƒe dɔ, eye nɔeawo katã akpɔ vi siwo le haa me la ta ana no wo. Dzataviwo tsina kabakaba; kaka woaxɔ ɣleti eve la, wonɔa du ƒum henɔa fefem. Wotea kame, tia kpo dzea wo nɔewo dzi, eye wonɔa kpo tim le gbe tsralaawo dome nɔa wo nɔewo lɔm ɖe enu abe dadiviwo ene. Nusianu si le ʋaʋãm la doa dzidzɔ na wo eye wotia kpo be yewoalé kpakpaluʋuiwo, aƒu du akplɔ nudzodzoewo ɖo, eye woanɔ kame tem kple atiwo kpakple kawo. Nusi gbɔ womelɔ̃a nu le o lae nye wo dada ƒe asike, si wòɖona koŋ nɔ ʋaʋãm, tsɔ yɔa wo be woava afe.
Dzatawo ƒe ha nɔa anyigbamamã si wode dzesii nyuie si ate ŋu akeke axɔ agbleka geɖe la me. Teƒe siwo kɔ nyuie si tsi bɔ ɖo eye vɔvɔli le be woanɔ ne ŋdɔ nu sẽ ye dzɔa dzi na dzatawo. Wonɔa atiglinyiwo, sɔvedawo, towo, kple lã bubu siwo nɔa gbedzi la dome le afima. Dzatawo dɔa alɔ̃ ɣeyiɣi didi aɖe eye wotsɔa ɣeyiɣi kpui aɖe koe da ade heyɔa asii. Awɔ nuku na wò be dzata ate ŋu atsɔ gaƒoƒo 20 le ŋkeke me anɔ ɖiɖim ɖe eme, anɔ alɔ̃ dɔm, alo anɔ anyi naneke mawɔmawɔe. Ne wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ la, wodzena lã fafa siwo womlãe. Gake atse megable wò o—lã siwo wɔa adã wu ƒe ɖee nye dzata!
Lã si Daa Ade
Le ɣetrɔ me la, dzogbe si ŋdɔ ɖu nyuie la dzea fafa gɔme. Dzatanɔ etɔ̃ siwo kpɔm míenɔ la dze nyɔnyɔ tso woƒe ŋdɔlɔ̃ me. Esi dɔ nɔ wo wum ta, dadiawo dze tsatsa gɔme eye wonɔ ya dom na nuwo henɔ dzogbe ƒuƒu la ta kpɔm ɖaa. Avugbɔ̃e gbogbo aɖee nye ma ɖaa eye avugbɔ̃e akpe geɖe siawo le gbe ɖum le ŋutifafa me le míaƒe anyiehe gome. Dadi etɔ̃awo zɔ ɖo ta wo gbɔ azɔ. Esi wokaka ɖe gbea me la, wozɔ dzadzadza to anyigba masɔmasɔa dzi. Dadi dzẽ siawo meganɔ dzedzem tututu le gbe tsrala la me o eye wote ŋu te ɖe lãha sia siwo menya be naneke le dzɔdzɔm o ŋu abe meta 30 ene. Ɣemaɣie dadiawo ɖoe be yewoalé wo. Zi ɖeka la, wosi du sesĩe ɖo avugbɔ̃e gbogboawo dome si na woɖi vo. Zi tɔ le lã siawo siwo ƒe ŋku biã dome eye wolé du me nɔ sisim. Woƒe afɔkli alafawo to anyigba tui wòme biɖibiɖi hezu ʋuʋudedi dzẽ si xɔ yame. Esi yame kɔ la, míekpɔ dzatanɔ etɔ̃awo ɖeɖe le tsitre ɖi henɔ gbɔgbɔm fuxefuxe. Womekpɔ nu lé o. Ðewohĩ woagakpɔ nane ada adee zã sia me alo womagakpɔ ɖeke o. Togbɔ be dzatawo nyaa nu eye woƒe afɔ gɔme bi hã la, nu 30 koe wote ŋu léna le ade alafa siwo wodana la me. Le esia ta dɔwuamee nye nusiwo ɖea fu na dzatawo wu dometɔ ɖeka.
Ŋusẽ le dzata si tsi nyuie ŋu ale gbegbe. Ne wole ha me da ade la, wote ŋu xlãa lã siwo ƒe kpekpeme wu kilogram 1,300 la ɖe anyi hewua wo. Alesi dzatawo dzea duƒuƒu gɔmee ne woti lãwo yome teti la ade kilometa 59 le gaƒoƒo ɖeka me, gake womete ŋu ƒunɛ yia ŋgɔ o. Eyata nusi wowɔnae nye be wozɔna dzadzadza va dea xa heléa nu ɖuna. Dzatanɔwoe wɔa adedada la ƒe akpa 90 le alafa me, gake enuenu la, atsuawoe ɖua akpa gãtɔ ne eɖo eɖuɖu dzi. Ne dzatawo mekpɔ nu lé o la, dɔ wua wo ale gbegbe be wonyãa woawo ŋutɔ wo viwo ɖa le nusi wolé gbɔ ɣeaɖewoɣi.
Nusi Woda Adee
Le ƒe gbogbo aɖe siwo va yi me la, dzatawo nɔ Afrika-nyigba bliboa katã dzi kple Asia, Europa, India, kple Palestina ƒe akpa aɖewo. Le esi wonye adedalawo ta la, wo kpakple amegbetɔe ʋlia ho. Le dzatawo ƒe aƒelɛ̃wo léle kple nuvevi wɔwɔ amewo ta la, kaka ŋku nanya kli wo ko wodaa tu wo. Amegbetɔwo ƒe dzidziɖedzi kabakaba la ɖe dzatawo nɔƒe dzi kpɔtɔ ŋutɔ. Ne woɖe Afrika tɔwo le eme la, dzata alafa ʋee aɖewo koe gale gbeme egbea. Fifia ya ne dzatawo le teƒe siwo wode se ɖe wo wuwu nu le kple gbemelãwo ƒe abɔ siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo me ko wovona tsoa amegbetɔ si me.
Enye dzidzɔnya be tɔtrɔ yeyewo gbɔna na gbemelã dodzidzɔname sia. Biblia ƒo nu tso etsɔme si me dzatawo anɔ ŋutifafa me kple amegbetɔwo la ŋuti. ( Yesaya 11:6-9) Eteƒe madidi o mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la ana esia nava eme. Ɣemaɣi la, Afrika dadi dzeani sia si ŋu kɔdza le la anɔ ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me kple xexemenuwɔwɔ mamlɛawo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Woyɔa “dzata” le Swahiligbe me be simba.
[Aɖaka si le axa 15]
Ne Dzata ÐE GBE
WONYA alesi dzatawo te ŋu ɖea gbe etɔxɛe sesĩe wòdena didiƒe kilometa nanewo. Wobu dzata ƒe gbeɖeɖe be enye “dzɔdzɔme gbeɖiɖi siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu la” dometɔ ɖeka. Zi geɖe la, dzatawo ɖea gbe le tsizidoɣiwo kple fɔŋli me. Dzatatsu kple nɔeawo siaa ɖea gbea, eye ɣeaɖewoɣi ha la katã ɖenɛ.
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃ nu tso dzatawo ŋu la susui be woƒe gbeɖeɖea wɔa nu geɖe. Dzatatsuwo ɖea gbe tsɔ doa boblo woƒe nɔƒe ƒe liƒowo eye, abe adãwɔwɔ ƒe dzesi ene, be dzatatsu bubu siwo adi be yewoage ɖe woƒe anyigba me la nakpɔ nyuie. Eyata esɔ be Biblia yɔ Asur kple Babilon fia siwo nye amedzidzelawo, dadalawo, kple ŋubiãlawo be ‘dzatavi’ siwo le xɔxlɔ̃m, siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe amewo ŋu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi.—Yesaya 5:29; Yeremya 50:17.
Gbeɖeɖe wɔnɛ be dzatawo ƒe ha la me tɔ siwo le adzɔge alo ne xexeme do viviti la, nyaa afisi wo tɔwo le. Ne wolé nu la, gbeɖeɖe sia naa dzatawo ƒe ha la me tɔ bubuwo nyaa afisi wolé nua le. Esi Biblia nɔ nu ƒom tso nɔnɔme sia ŋuti la, egblɔ be: “Ðe dzatavi ɖea gbe le emlɔƒe, ne mekpɔ lé nu haɖe oa?”—Amos 3:4.
Nukutɔe la, dzata meɖea gbe tsɔ doa vɔvɔ̃ na lã si wòdi be yealé o. Richard Estes gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Behavior Guide to African Mammals me be “kpeɖodzi aɖeke meli si fia be dzatawo ɖonɛ koŋ ɖea gbe be yewoatsɔ anyã nusi lé ge yewogbɔna la ava afisi yewode xa ɖo la o (le nye nuteƒekpɔkpɔ me la, lã siwo woléna la metsɔa ɖeke le eme ne dzata ɖe gbe o).”
Ekema nukatae Biblia la yɔ Satana be “dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene”? (Petro I, 5:8) Togbɔ be edzena abe ɖe dzata ƒe gbeɖeɖe metsoa dzikaƒo na gbemelãwo o ene hã la, mele alea le amewo kple aƒemelãwo ya gome o. Dzata ƒe gbeɖeɖe dziŋɔ ƒe ɖiɖi le zã me adzi ŋɔ na amesiame si mele xɔ me o. Woƒo nu tso esia ŋuti va yi xoxo be: “Ne dzata ɖe gbe la, amekae agbe vɔvɔ̃?”—Amos 3:8.
Satana bi ɖe ŋɔdzidoname tsɔtsɔ ado vɔvɔ̃e na amewo be woana ta me. Dzidzɔtɔe la, kpekpeɖeŋunu sesẽ aɖe le Mawu ƒe amewo si. Le xɔse sẽŋu si le wo si be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu ta, woate ŋu atsi tre ɖe “dzata” sesẽ “si le gbe ɖem” la ŋu. Wode dzi ƒo na Kristotɔwo be ‘woatsi tre sesĩe ɖe eyama ŋuti le xɔse me.’—Petro I, 5:9.