INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Nu Si Yehowa Ƒe Ŋkeke La Aɖe Ðe Go
    Gbetakpɔxɔ—2010 | July 15
    • 2 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, si me dziƒowo nu ava yi kple gbeɖiɖi sesẽ, gake wo me nuawo, siwo xɔ dzo gbãgbãgbã la alólo, eye anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa.” (2 Pet. 3:10) Nu kawoe “dziƒowo” kple “anyigba” si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia le tsitre ɖi na? Nu kawoe nye “nuawo” siwo alólo la? Eye nu kae Petro wɔnɛ esi wògblɔ be “anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa”? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo nyanya akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi na nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔ ge le etsɔme kpuie la.

      Dziƒowo Kple Anyigba Siwo Nu Ava Yi

      3. Nu kawoe “dziƒowo,” siwo ŋu woƒo nu tso le 2 Petro 3:10 la le tsitre ɖi na, eye aleke wo nu ava yii?

      3 Ne wozã nya “dziƒowo” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le Biblia me la, zi geɖe la, etsia tsitre ɖi na dziɖuŋusẽwo, siwo le ɖoƒe kɔkɔwo ne wotsɔ wo sɔ kple wo te viwo. (Yes. 14:13, 14; Nyaɖ. 21:1, 2) ‘Dziƒowo, siwo nu ava yi’ la le tsitre ɖi na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo le ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe sia dzi ɖum la. Ale si wo nu ava yi kple “gbeɖiɖi sesẽ”—alo “gbeɖeɖe,” le Biblia gɔmeɖeɖe bubu ƒe nya nu la—ate ŋu afia ale si woatsrɔ̃ dziƒo siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me la.

      4. Nu kae “anyigba” la le tsitre ɖi na, eye alekee woatsrɔ̃e?

      4 “Anyigba” la le tsitre ɖi na ameƒomea me tɔwo siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ. Ame siawo, alo xexe sia tɔgbi, nɔ anyi le Noa ƒe ŋkekea me, eye Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ xexe ma le Mawu ƒe nya nu. “[Wotsɔ nya ma ke dzra] fifi dziƒo kple anyigba ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.” (2 Pet. 3:7) Togbɔ be Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo katã zi ɖeka hã la, le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna le “xaxa gã” me ya la, woatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawuwo ƒe hatsotso aɖe gbã, eye emegbe woatsrɔ̃ ame susɔeawo. (Nyaɖ. 7:14) Le xaxa gãa ƒe gɔmedzedze la, Mawu ana xexea me ƒe dunyahedziɖulawo natsrɔ̃ “Babilon Gã la,” eye wòato esia me aɖe ale si wòlé fu mawusubɔsubɔ me gbolo siae la afia. (Nyaɖ. 17:5, 16; 18:8) Emegbe le Harmagedon-ʋa, si nye xaxa gãa ƒe nuwuwu, me la, Yehowa ŋutɔ atsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea ɖa.—Nyaɖ. 16:14, 16; 19:19-21.

      ‘Nuawo Alólo’

      5. Nu kawoe “nuawo,” si ŋu woƒo nu tso le 2 Petro 3:10 lɔ ɖe eme?

      5 Nu kawoe “nuawo,” siwo alólo la le tsitre ɖi na? “Nuawo,” si ŋu Petro ƒo nu tsoe la ku ɖe gɔmedzenu siwo le megbe na xexe sia ƒe nɔnɔme, eƒe mɔwo, kple eƒe taɖodzinu, siwo ɖea mawumavɔmavɔ̃ fiana la ŋu. “Xexea ƒe gbɔgbɔ,” si “le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me,” la hã nye “nuawo” ƒe akpa aɖe. (1 Kor. 2:12; mixlẽ Efesotɔwo 2:1-3.) Gbɔgbɔ, alo “ya” ma, xɔ aƒe ɖe Satana ƒe xexea me. Ekpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woabu tame, aɖe susu, aƒo nu, ahawɔ nu le mɔ siwo ɖea Satana, si nye “fia” dadala dzeaglã, “si kpɔ ŋusẽ ɖe ya” sia dzi la ƒe tamesusuwo fiana la nu.

      6. Nu kawo mee xexea ƒe gbɔgbɔ dzena le?

      6 Eya ta ame siwo dzi xexe sia ƒe gbɔgbɔ kpɔa ŋusẽ ɖo la ɖea mɔ Satana kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe tamesusu kple dzimedidiwo dzi ale gbegbe be wova ɖea eƒe nuŋububu kple nɔnɔmewo fiana. Esia wɔnɛ be wowɔa nu si dzea wo ŋu, eye wometsɔa ɖeke le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o. Dada alo ɖokuitɔdidi ye kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wowɔa nui dzi, wodzea aglã ɖe ŋusẽwo ŋu, eye wonɔa “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe nudzodzro” yome wo ɖokuiwo dzi maɖumaɖui.—Mixlẽ 1 Yohanes 2:15-17.a

      7. Nu ka tae wòle vevie be ‘míadzɔ míaƒe dzi ŋu’?

      7 Eya ta aleke gbegbe wòle vevie enye esi be ‘míadzɔ míaƒe dzi ŋu’ to mawumenunya ŋu dɔ wɔwɔ le ame siwo míedzea xɔ̃e, nu siwo míexlẽna, míaƒe modzakaɖeɖe, kple ale si míezãa Internet lae me! (Lod. 4:23) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mikpɔ nyuie: ɖewohĩ ame aɖe ato xexemenunya kple beble dzodzro dzi le amewo ƒe kɔnyinyiwo nu alé mi adzoe, le xexea ƒe gɔmedzenuwo nu, ke menye le Kristo nu o.” (Kol. 2:8) Nuxlɔ̃amenya sia dzi wɔwɔ ganye ŋkubiãnya geɖe wu esi Yehowa ƒe ŋkeke la le aƒe tum, elabena ŋkeke ma ƒe dzoxɔxɔ si ɖeke mesɔ kpli o la alólo Satana ƒe nuɖoanyia me “nuawo” katã, eye esia aɖee afia be womate ŋu anɔ te ɖe Mawu ƒe dziku ƒe dzoxɔxɔa nu o. Esia na míeɖo ŋku Maleaxi 3:19 me nya sia dzi be: “Ŋkeke, si gbɔna la, le bibim abe kpodzo ene; dadalawo katã kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene, eye ŋkeke, si gbɔna la, afiã wo.”

      “Anyigba Kple Dɔwɔwɔ Siwo Le Eme La Adze Ƒãa”

      8. Gɔmesese ka nue anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la “adze ƒãa” le?

      8 Nu kae Petro wɔnɛ esi wòŋlɔ bena “anyigba kple dɔwɔwɔ siwo le eme la adze ƒãa”? Woate ŋu agaɖe nyagbɔgblɔ “adze ƒãa” gɔme be “woaklo nu le edzi” alo “woaʋu goe.” Nu si Petro wɔnɛ ye nye be, le xaxa gã la me la, Yehowa aklo nu le Satana ƒe xexea dzi, si fia be ana wòadze ƒãa be xexe sia tsi tsitre ɖe ye kple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu eye wòdze na tsɔtsrɔ̃. Yesaya 26:21 gblɔ tso ɣeyiɣi ma ŋu le nyagblɔɖi me be: ‘Yehowa ado tso enɔƒe, ne wòaxe anyigbadzitɔwo ƒe vodada ŋu fe na wo, anyigba aklo nu le eƒe ʋu dzi, eye magatsyɔ nu ame siwo wowu ɖe edzi la dzi o.’

      9. (a) Nu kawoe wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae? (b) Ku kae wòle be míadze agbagba atse, eye nu ka tae?

      9 Le Yehowa ƒe ŋkekea dzi la, ame siwo ɖe mɔ xexe sia kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ɖi la kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la aɖe woƒe amenyenye ŋutɔŋutɔ afia, woawu wo nɔewo gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, ate ŋu anɔ eme be modzakaɖenu gbogbo siwo li egbea siwo doa ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ la le ame geɖe ƒe susu mlam hele wo dzram ɖo ɖe ɣeyiɣi ma si gbɔna esime ame sia ame “akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu” la ŋu. (Zax. 14:13) Ekema aleke gbegbee wòle vevie enye esi be míaƒo asa na television dzi wɔnawo, agbalẽwo, videodzifefewo, kple nu bubu ɖe sia ɖe si ate ŋu aƒã nɔnɔme siwo Mawu lé fui, abe dada kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu ene, ɖe mía me! (2 Sam. 22:28; Ps. 11:5) Mina míadze agbagba atse Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea boŋ, elabena eƒe nɔnɔme nyuiawo ya mafiã ne Yehowa ƒe ŋkekea ƒe dzoxɔxɔa va o.—Gal. 5:22, 23.

  • Nu Si Yehowa Ƒe Ŋkeke La Aɖe Ðe Go
    Gbetakpɔxɔ—2010 | July 15
    • Dzra Ðo Ðe Yehowa Ƒe Ŋkekea Ŋu

      12. Nu ka tae Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava awɔ mo yaa na ame siwo le xexea me?

      12 Paulo kple Petro siaa gblɔe ɖi be Yehowa ƒe ŋkeke la le vava ge ‘abe fiafitɔ ene’—le vo me, le ɣeyiɣi si womanɔ mɔ kpɔm nɛ o la me. (Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:1, 2.) Eƒe vava zi ɖeka kpoyi alea awɔ nuku na Kristotɔ vavãwo, siwo le mɔ kpɔm na ŋkeke ma la gɔ̃ hã. (Mat. 24:44) Gake awɔ nuku na ame siwo le xexea me ya geɖe wu. Paulo ŋlɔ bena: “Ne [ame siwo ɖe wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa gbɔ le] gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, ekema tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene; eye womate ŋu asi le mɔ aɖeke nu o.”—1 Tes. 5:3.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe