-
Ale Si Gayo Kpe Ðe Nɔvi Kristotɔwo ŊuGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | May
-
-
EKPE ÐE GAYO ŊU WÒKPƆ KUXI SESẼ AÐE GBƆ
Menye ɖeko Yohanes ŋlɔ agbalẽ na Gayo be yeatsɔ ada akpe nɛ o. Ke edi hã be yeakpe ɖe eŋu wòakpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ. Le susu aɖe ta la, Kristo hamea me tɔ aɖe si ŋkɔe nye Diotrefo la mewɔa amedzro na Kristotɔ siwo nɔ mɔ zɔm la o. Eye edzea agbagba gɔ̃ hã be yeaxe mɔ na ame bubuwo be woagawɔ amedzro na wo o.—3 Yoh. 9, 10.
Ðikeke mele eme o be, ne anya wɔ be Kristotɔ wɔnuteƒewo nadze Diotrefo gbɔ gɔ̃ hã la, womadi be yewoadze egbɔ o. Diotrefo dina be yeanɔ nɔƒe gbãtɔ le hamea me, mexɔa naneke tso Yohanes gbɔ bubutɔe o, eye wògblɔa nya vlowo tsɔ gblẽa apostoloa kple ame bubuwo ŋu. Togbɔ be Yohanes megblɔ be Diotrefo nye aʋatsonufiala o hã la, Diotrefo tsia tsitre ɖe apostoloa ƒe mɔfiafiawo ŋu. Nɔnɔme si medze Kristotɔ o, si Diotrefo ɖena fiana kple eƒe nɔƒe gã didi wɔe be womegaka ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ dzi o. Diotrefo ƒe nyaa ɖee fia kɔtɛ be nɔƒe gã dilawo kple ame siwo doa wo ɖokui ɖe dzi la adze agbagba be yewoade mama hamea me. Eya ta, Yohanes gblɔ na Gayo be: “Mègasrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o,” eye nya sia yi na mía dometɔ ɖe sia ɖe.—3 Yoh. 11.
-
-
Ale Si Gayo Kpe Ðe Nɔvi Kristotɔwo ŊuGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017 | May
-
-
Evelia, togbɔ be ƒãa hafi wòdzɔna hã, ne eva dzɔ be hamea me tɔ aɖe tsi tre ɖe ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ƒe mɔfiafiawo ŋu la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Hamea me tɔ aɖewo tsi tsitre ɖe Yohanes ŋu; nenema kee wowɔe na apostolo Paulo hã. (2 Kor. 10:7-12; 12:11-13) Ne nu sia tɔgbi dzɔ le hamea me la, aleke wòle be míawɔ nui? Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be: “Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã, wòanya nufiafia, wòaɖu eɖokui dzi ne wowɔ vɔ̃ ɖe eŋu, wòafia nu tsitretsiɖeŋulawo le tufafa me.” Ne wowɔ nu wòdo dziku na mí gake míeyi edzi wɔ nu tufafatɔe la, vivivi la, esia ate ŋu aʋã tsitretsiɖeŋulawo dometɔ aɖewo woatrɔ woƒe nɔnɔme. Eye ɖewohĩ Yehowa “ana woatrɔ dzi me ava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ gbɔ.”—2 Tim. 2:24, 25.
-