Mawu Viwo Ƒe Ŋutikɔkɔeblɔɖe Si Gbɔna Kpuie
“Wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, . . . hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—ROMATƆWO 8:20, 21.
1. Aleke wowɔ Yesu ƒe vɔsa la ƒe kpɔɖeŋui le Avuléŋkekea dzi?
YEHOWA tsɔ eƒe Tenuvi la na wònye tafevɔsa si ʋu dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔ na ame 144,000 kple agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ na ameƒomea me tɔ susɔeawo. (Yohanes I, 2:1, 2) Abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, Israel-nunɔlagã ƒe nyitsu si wosaa vɔe ɖe eya ŋutɔ, eƒe aƒe, kple Lewi-toa nu le ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekea dzi nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe vɔsa ɖe Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii ta. Le ŋkeke ma ke dzi la, etsɔa gbɔ̃ saa vɔe ɖe Israel-vi bubuwo katã ƒe nuvɔ̃ ta, abe alesi Kristo ƒe vɔsa la aɖe vi na ameƒomea katãe ene. Le kpɔɖeŋumɔ nu la, gbɔ̃ gbagbe tsɔa dukɔ hahoo la ƒe nuvɔ̃ siwo wowɔ le ƒe si va yi me dzonae, ne ebu ɖe gbedzi.a—Mose III, 16:7-15, 20-22, 26.
2, 3. Nya siwo Paulo gblɔ le Romatɔwo 8:20, 21 gɔme ɖe?
2 Esi apostolo Paulo ƒo nu tso amegbetɔ siwo ava zu ‘Mawu viwo’ le dziƒo ŋu vɔ la, egblɔ be: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:14, 17, 19-21) Nya sia gɔme ɖe?
3 Esime wowɔ mía tɔgbui Adam wònye amegbetɔ deblibo la, enye ‘Mawu vi.’ (Luka 3:38) Esi wòwɔ nuvɔ̃ ta ege ɖe “gbegblẽ ƒe kluvinyenye” me eye wòna ameƒomea katã nyi nusia ƒe dome. (Romatɔwo 5:12) Mawu ɖe mɔ be woadzi amewo ɖe “gbegblẽ” si dze ŋgɔ wo le esi wonyi blibomademade ƒe dome ta la me, gake ena mɔkpɔkpɔ to ‘dzidzimevia’ si nye Yesu Kristo dzi. (Mose I, 3:15; 22:18; Galatiatɔwo 3:16) Nyaɖeɖefia 21:1-4 ƒo nu tso ɣeyiɣi si me ‘ku, nuxaxa, ɣlidodo, kple vevesese maganɔ anyi akpɔ o’ ŋu. Esi wònye ŋugbee wodo na ‘ameƒomea’ ta la, ena míeka ɖe edzi be woana amewo ƒe anyigba yeyea dzi habɔbɔ si anɔ Fiaɖuƒe dziɖuɖua te naɖo susu me kple lãmesẽ ƒe blibodede kple agbe mavɔ nɔnɔ gbɔ anye ‘Mawu vi’ siwo le anyigba dzi. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, “woaɖe” amegbetɔ siwo nye toɖolawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.” Ne wowɔ nuteƒe na Yehowa le dodokpɔ mamlɛa me la, woavo tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome wonyi si me tegbetegbe. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Ekema anyigbadzinɔlawo aɖo ‘Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔeblɔɖe’ la me.
Wole Gbɔgblɔm be “Va!”
4. Nukae ‘agbetsi la xɔxɔ no faa’ fia?
4 Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbe nye si wotsɔ ɖo ŋkume na ameƒomea! Eyata mewɔ nuku o be Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii la tsɔ dzonɔameme le ŋgɔ xɔm le egbɔgblɔ na amewo me! Amesiamina susɔeawo, amesiwo ava zu Yesu Kristo, Alẽvi si wodo ŋutikɔkɔe na ƒe “ŋugbetɔ” la me tɔwo la le gome kpɔm le nyagblɔɖinya siawo ƒe emevava me: “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 21:2, 9; 22:1, 2, 17) Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo mase amesiamina 144,000 la ko dzi o, kura o. Mawu ƒe gbɔgbɔ la kpɔtɔ le dɔ wɔm to ŋugbetɔha la me tɔ siwo gasusɔ ɖe anyigba dzi la dzi le gbɔgblɔm be “Va!” Wole amesiame si le esem eye dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ le ewum la kpem be eya hã nagblɔ be “Va!” ne wòawɔ nunana gbogbo siwo ƒe ɖoɖo Yehowa wɔ hena agbekpɔkpɔ la ŋudɔ.
5. Amekawoe wòdzɔa dzi na Yehowa Ðasefowo be wole yewo dome?
5 Yehowa Ðasefowo xɔ nunana ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ hena agbekpɔkpɔ to Yesu Kristo dzi la dzi se. (Dɔwɔwɔwo 4:12) Edzɔa dzi na wo be dzi anukwaretɔ siwo di be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu ne yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la le yewo dome. Woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le ʋuʋu ɖi na amesiame si di be ‘yeava xɔ agbetsia ano faa’ le “nuwuɣi” sia me.—Daniel 12:4.
Tɔtrɔ Siwo Va Esime Ɣeyiɣiawo Va Le Yiyim
6. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔ dɔ ɖe Yehowa subɔlawo dzii le ɣeyiɣi vovovowo me?
6 Mawu ɖoa ɣeyiɣi si dzi wònaa eƒe tameɖoɖowo vaa eme, eye esia kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòwɔa nu ɖe ameƒomea ŋu la dzi. (Nyagblɔla 3:1; Dɔwɔwɔwo 1:7) Togbɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ va esubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli dzi hã la, womedzi wo wonye eƒe gbɔgbɔmeviwo o. Gake tso Yesu ŋɔli la, ɣeyiɣia de na Yehowa be wòatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe adzi ŋutsu kple nyɔnu siwo tsɔ wo ɖokui kee be woava xɔ dziƒo domenyinyi. Ke míaƒe ŋkekea me hã ɖe? Gbɔgbɔ ma kee le dɔ wɔm ɖe Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ dzi, gake menyɔa dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ kple didi ɖe wo me o. (Yohanes 10:16) Wokpea asi ɖe amesiamina susɔeawo ŋu dzidzɔtɔe le ɖaseɖiɖi le ɣeyiɣi sia si me Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea gbɔna xɔxɔ ge ɖe xexe xoxoa teƒe la me, eye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzie nye mɔkpɔkpɔ si Mawu na wo.—Petro II, 3:5-13.
7. Nuŋeŋedɔ ka ŋue Biblia Nusrɔ̃viwo tsi dzi ɖo, gake nukae wonya tso paradiso ŋu?
7 Mawu dze ‘vi geɖe kpɔkplɔ yi ɖe ŋutikɔkɔe me’ gɔme esime wòkɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi, eye edze abe ɖe wòɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi na gbɔgbɔ me “Mawu ƒe Israel” si me viwo nye ame 144,000 la nutetre ene. (Hebritɔwo 2:10; Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 7:1-8) Tso ƒe 1879 me la, woƒoa nu tso nuŋeŋedɔ si nye Kristotɔ amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu ŋu zi geɖe le magazine sia me. Gake Biblia Nusrɔ̃viawo (siwo woyɔna fifia be Yehowa Ðasefowo) nya be Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, July 1883 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Ne Yesu ɖo eƒe fiaɖuƒea anyi vɔ, ɖe vɔ̃wɔwɔ kple nusiawo tɔgbe ɖa la, anyigba sia azu paradiso, . . . eye amesiwo katã le yɔdo me ava nɔ edzi. Eye ne wowɔ ɖe eƒe sewo dzi la, woate ŋu anɔ edzi tegbee.” Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nuŋeŋe si nye amesiaminawo nu ƒoƒo ƒu la dzi ɖe kpɔtɔ, eye wonɔ amesiwo si dziƒomɔkpɔkpɔ mele o nu ƒom ƒu vivivi va Yehowa ƒe habɔbɔa me. Esime dɔ sia nɔ edzi yim la, Mawu na nugɔmesese ɖedzesi esubɔla amesiaminawo, amesiwo nye Kristotɔ siwo wogbugbɔ gadzi.—Daniel 12:3; Filipitɔwo 2:15; Nyaɖeɖefia 14:15, 16.
8. Aleke anyigba dzi mɔkpɔkpɔ la gɔmesese me nɔ kɔkɔm vivivi le ƒe 1930 ƒeawo mee?
8 Tso ƒe 1931 me koŋ ye amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le va le ha dem kple Kristo-hamea. Le ƒe ma me la, Yehowa ʋu ŋku na Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii be woakpɔe be anyigbadzinɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sia si wole dzesi demee na agbetsitsi yi Mawu ƒe xexe yeyea me ŋue Xezekiel ta 9 me nyawo ku ɖo. Wokpɔe le ƒe 1932 me be Yehu ƒe zɔhɛ Yonadab nye kpɔɖeŋu na míaƒe ŋkekea me tɔ siwo ɖi alẽwo. (Fiawo II, 10:15-17) Le ƒe 1934 me la, wona eme kɔ be “Yonadabwo” natsɔ wo ɖokui “aɖe adzɔgbe” na Mawu. Le ƒe 1935 me, wode dzesii be ‘ameha hoo’ alo “ameha gã” la—si wosusu gbã be wonye gbɔgbɔmeviwo ƒe ha si le tsɛ wu, siwo anye Kristo ƒe ŋugbetɔ la ƒe ‘zɔhɛwo’ le dziƒo—lae nye alẽ bubu siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. (Nyaɖeɖefia 7:4-15; 21:2, 9; Psalmo 45:15, 16) Eye tso ƒe 1935 me dzi koŋ ye amesiaminawo va xɔ ŋgɔ le ame dzɔdzɔe siwo agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi dzrona la didi me.
9. Nukatae Kristotɔ aɖewo dzudzɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le ƒe 1935 megbe?
9 Eye le ƒe 1935 megbe la, Kristotɔ aɖewo siwo nɔ aboloa ɖum eye wonɔa wein la nom le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua me la dzudzɔ. Nukatae? Elabena wonyae be anyigbae nye yewoƒe mɔkpɔkpɔ, menye dziƒo o. Nyɔnu aɖe si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1930 me gblɔ be: “Togbɔ be wobui be esɔ be woaɖui, vevietɔ be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo doa vevie nu naɖui hã la, metrɔ nam kpɔ be dziƒomɔkpɔkpɔ le asinye o. Ke le ƒe 1935 me la, wogblɔ na mí be wole ameha gã aɖe siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi la nu ƒom ƒu. Edzɔ dzi na mía dometɔ geɖe be míenye ameha gã la me tɔwo, eye míedzudzɔ kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu.” Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me nyawo gɔ̃ hã trɔ. Togbɔ be Yesu yomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii ye wotrɔ asi le ƒe siwo do ŋgɔ na ɣemaɣi tɔwo ŋu na hã la, tso ƒe 1935 dzi heyina la, Gbetakpɔxɔ kple ‘dɔla nuteƒewɔla’ la ƒe agbalẽ bubuwo naa gbɔgbɔmenuɖuɖu si sɔ ɖe amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye anyigba dzi nɔnɔ la siaa ƒe nuhiahiãwo nu.—Mateo 24:45-47.
10. Aleke woate ŋu aɖɔ li amesiamina si mewɔ nuteƒe o lae?
10 Mítsɔe be amesiamina aɖe megava wɔ nuteƒe o. Ðe woaɖɔ lia? Nya siwo Paulo gblɔ esime wònɔ nu ƒom le kpɔɖeŋumitia ŋu fia nenema. (Romatɔwo 11:11-32) Ne ehiã be woaɖɔ li ame aɖe si wotsɔ gbɔgbɔ dzii la, anɔ eme be amesi ɖo xɔse ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖi le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔ na eyama me ƒe geɖe ye Mawu ayɔ na dziƒogbenɔnɔ.—Tsɔe sɔ kple Luka 22:28, 29; Petro I, 1:6, 7.
Nu Gbogbo Siwo Ta Míada Akpe Ðo
11. Eɖanye mɔkpɔkpɔ kae le mía si o, nuka dzie Yakobo 1:17 ka ɖo na mí?
11 Afika ke míele Yehowa subɔm le le nuteƒewɔwɔ me o, ana míaƒe nuhiahiãwo kple míaƒe didi siwo sɔ la mí. (Psalmo 145:16; Luka 1:67-74) Eɖanye mɔkpɔkpɔ vavãe le mía si na dziƒo yiyi alo anyigba dzi nɔnɔe nye mía tɔ o, nu nyui geɖewo li si ta wòle be míada akpe na Mawu ɖo. Nusiwo ade amesiwo lɔ̃nɛ dzi wu koe wòwɔna ɣesiaɣi. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo [Yehowa Mawu] gbɔ.” (Yakobo 1:17) Mina míakpɔ nunana kple yayra siawo dometɔ ʋee aɖewo ɖa.
12. Nukatae míate ŋu agblɔ be Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe esubɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe?
12 Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe esubɔla wɔnuteƒe ɖesiaɖe. Eyɔ ame aɖewo na dziƒogbenɔnɔ. Yehowa tsɔ tsitretsitsi na agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nyui la na eƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli. Le kpɔɖeŋu me, Abraham xɔ tsitretsitsia dzi se eye wòkpɔ mɔ na “du, si gɔmeɖoɖoanyi li na”—Dziƒofiaɖuƒe ƒe dziɖuɖu te ye woafɔe ɖe tsitre le be wòava nɔ agbe le anyigba dzi. (Hebritɔwo 11:10, 17-19) Mawu gale agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ nam ame miliɔn geɖewo le nuwuɣi sia me. (Luka 23:43; Yohanes 17:3) Ele be amesiame si Yehowa na mɔkpɔkpɔ wɔnuku siae la nada akpe ɖe eta godoo.
13. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wɔ dɔ ɖe eƒe amewo dzii?
13 Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe wònye nunana na eƒe amewo. Wotsɔ gbɔgbɔ si ami na Kristotɔ siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le. (Yohanes I, 2:20; 5:1-4, 18) Gake gbɔgbɔ la naa kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia Mawu subɔla siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. Amesiawo dometɔ aɖewoe nye Mose, amesi dzi Yehowa ƒe gbɔgbɔ nɔ, tsɔ kpe ɖe ŋutsu 70 siwo woɖo be woakpe ɖe eŋu la ŋu. (Mose IV, 11:24, 25) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te la, Bezaleel nye aɖaŋudɔwɔla bibi le avɔgbadɔa tutu me. (Mose II, 31:1-11) Mawu ƒe gbɔgbɔ va Gideon, Yefta, Simson, Dawid, Eliya, Elisa, kple ame bubuwo dzi. Togbɔ be womakplɔ blematɔ siawo ayi ɖe dziƒo ŋutikɔkɔe mee akpɔ o hã la, gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo eye wòkpe ɖe wo ŋu, abe alesi wòwɔnɛ na Yesu ƒe alẽ bubuawo egbea ene. Eyata Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe ame dzi nɔnɔ mefia kokoko be woyɔ ame na dziƒogbenɔnɔ o. Gake Yehowa ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí, ekpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã eye míewɔa dɔ bubu siwo Mawu de asi na mí, enaa ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔme tɔ mí, eye wònaa míetsea eƒe ku siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu. (Yohanes 16:13; Dɔwɔwɔwo 1:8; Korintotɔwo II, 4:7-10; Galatiatɔwo 5:22, 23) Ðe mele be míada akpe ɖe Mawu ƒe dɔmenyonunana sia ta oa?
14. Aleke Mawu ƒe nunana siwo nye sidzedze kple nunya ɖea vi na míi?
14 Sidzedze kple nunya nye Mawu ƒe nunana siwo ta wòle be míada akpe ɖo, dziƒo alo anyigba dzi mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o. Yehowa ŋuti sidzedze vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu be ‘míaka ɖe nusiwo le vevie wu dzi’ eye ‘míazɔ alesi dze Yehowa be míadze eŋu bliboe.’ (Filipitɔwo 1:9-11; Kolosetɔwo 1:9, 10) Mawumenunya kpɔa mía ta eye wòfiaa mɔ mí le agbe me. (Lododowo 4:5-7; Nyagblɔla 7:12) Mawu ƒe Nya la dzie wotu sidzedze vavãtɔ kple nunya ɖo, eye nusi wògblɔ tso amesiamina susɔeawo ƒe dziƒomɔkpɔkpɔa ŋu la dzroa wo ale gbegbe. Gake Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃ kple egɔmesese nyuie menye mɔ siwo dzi Mawu tona fiana be woyɔ mí na dziƒogbenɔnɔ o. Amewo abe Mose kple Daniel ene ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo kura gɔ̃ hã, gake anyigbadzigbenɔnɔe woafɔ wo ɖe tsitre na. Eɖanye dziƒo alo anyigbae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ o, mí katã míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si dzi Yehowa da asi ɖo la dzi. (Mateo 24:45-47) Aleke gbegbe mí katã míedaa akpe ɖe sidzedze si su mía si to mɔnu sia dzi la ŋui enye si!
15. Nukae nye Mawu ƒe nunana vevitɔwo kekeake dometɔ ɖeka, eye aleke nèbunɛ?
15 Mawu ƒe nunana vevitɔwo dometɔ ɖekae nye Yesu ƒe tafevɔsa si wòna lɔlɔ̃tɔe, si ɖea vi na mí eɖanye dziƒo alo anyigba dzi nɔnɔe nye míaƒe mɔkpɔkpɔ o. Mawu lɔ̃ ameƒomea ƒe xexeame “ale gbegbe . . . bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Eye Yesu ƒe lɔlɔ̃ ʋãe ‘wòtsɔ eƒe luʋɔ na tafee ɖe ame geɖe ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) Abe alesi apostolo Yohanes ɖe emee ene la, Yesu Kristo “nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo [amesiaminawo tɔ] ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Eyata ele be mí katã míada akpe vevie ɖe agbe mavɔ kpɔkpɔ ƒe ɖoɖo sia si me lɔlɔ̃ le la ta.b
Àvaa?
16. Wɔna vevi ka dzie woaɖo ŋkui le April 11, 1998, dzi, eye amekawoe wòle be woava?
16 Ele be akpedada ɖe tafe si Mawu na to Via dzi la ta naʋã mí be míava Fiaɖuƒe Akpata alo teƒe bubu siwo Yehowa Ðasefowo akpe ta ɖo le April 11, 1998, ƒe ɣeɖoto megbe na ŋkuɖoɖo Kristo ƒe kua dzi. Esi Yesu ɖo wɔna sia anyi kple eƒe apostolo nuteƒewɔlawo le eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe zã mamlɛa me la, egblɔ be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, 20, NW; Mateo 26:26-30) Amesiamina ʋee siwo susɔ la aɖu abolo maʋãmaʋã si nye kpɔɖeŋu na Yesu ƒe amegbetɔ ŋutilã si ŋu nuvɔ̃ mele o eye woano wein dzẽ si wometsɔ naneke tsakae o si fia eƒe ʋu si wokɔ ɖi tsɔ sa vɔe. Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii koe wòle be woaɖu nuawo elabena woawo koe woxɔ ɖe nubabla yeyea kple Fiaɖuƒe nubabla la me eye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ɖaseɖiɖi si ŋu ɖikeke mele o le wo si be dziƒomɔkpɔkpɔe le wo si. Vavala miliɔn bubu geɖe anye nuteƒekpɔla siwo dea bubu wɔna la ŋu, amesiwo daa akpe ɖe lɔlɔ̃ si Mawu kple Kristo ɖe fia le Yesu ƒe vɔsa la nana me si ana míate ŋu akpɔ agbe mavɔ.—Romatɔwo 6:23.
17. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui le gbɔgbɔ ƒe amisisi na ame ŋu?
17 Ame aɖewo ƒe subɔsubɔdzixɔse siwo nɔ wo si tsã, seselelãme sesẽ siwo tso lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe kuku gbɔ, anyigbadzigbenɔnɔ me fukpekpewo, alo sese le ame ɖokui me be Yehowa yra ye etɔxɛe ate ŋu ana woabui vodadatɔe be yewoxɔ dziƒoyɔyɔ la. Gake ele be mí katã míaɖo ŋku edzi be Ŋɔŋlɔawo megblɔ na mí be míaɖu Ŋkuɖodzi kpɔɖeŋunuawo atsɔ afia be míeda akpe ɖe Kristo ƒe tafevɔsa la ta o. Gawu la, gbɔgbɔ ƒe amisisi na ame la “metso amesi le lɔlɔ̃m alo amesi le du sim la gbɔ o, ke etso Mawu . . . gbɔ boŋ,” tso eya Amesi dzi Yesu Gbɔgbɔmevii eye wòakplɔ vi bubu 144,000 ko ayi ŋutikɔkɔe mee gbɔ.—Romatɔwo 9:16; Yesaya 64:8.
18. Yayra kawoe le ŋgɔ na Yehowa subɔla akpa gãtɔ egbea?
18 Mɔkpɔkpɔ si Mawu tsɔ ɖo amesiwo le Yehowa subɔm le ŋkeke mamlɛ siawo me dometɔ akpa gãtɔ ŋkumee nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. (Timoteo II, 3:1-5) Esusɔ vie ko woanɔ paradiso wɔnuku sia me. Ɣemaɣi la, fiaviwo akpɔ anyigbadzinyawo gbɔ le dziƒodziɖuɖua ƒe mɔfiafia te. (Psalmo 45:17) Ŋutifafa axɔ aƒe ɖi esime anyigbadzinɔlawo awɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi eye woasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu. (Yesaya 9:5, 6; Nyaɖeɖefia 20:12) Xɔtudɔ kple anyigbadzraɖodɔ geɖe anɔ anyi. (Yesaya 65:17-25) Eye bu dzidzɔ si wòanye ne ƒometɔwo gado go wo nɔewo ne wogbɔ agbe ame kukuwo la ŋu kpɔ! (Yohanes 5:28, 29) Le dodokpɔ mamlɛa megbe la, vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe nu ayi. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Tso mavɔ me yi mavɔ me le ema megbe la, amegbetɔ deblibo siwo ‘woɖe tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me yi ɖe Mawu viwo ƒe ŋutikɔkɔeblɔɖe me’ la ayɔ anyigba la dzi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla I, axa 225-6.
b Kpɔ March 15, 1991, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 19-22.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae ‘agbetsi la xɔxɔ no faa’ fia?
◻ Eɖanye dziƒo alo anyigbae nye míaƒe mɔkpɔkpɔ o, susu kawo tae wòle be míada akpe na Mawu ɖo?
◻ Ƒe sia ƒe wɔna ka teƒee wòle be mí katã míade?
◻ Etsɔme kae li na Yehowa ƒe amewo ƒe akpa gãtɔ?
[Nɔnɔmetatawo si le axa 18]
Ame miliɔn geɖe dze ‘agbetsi la nono faa’ gɔme. Èle wo domea?