Ta 10
‘Satana ƒe Nu Goglowo’ Tsitsri
TIATIRA
1. Afikae Tiatira nɔ le hame bubuwo gbɔ, eye mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme ka mee wònɔ?
TURKEYTƆWO ƒe du Akhisar si nuwo le edzi dzem na la anɔ abe kilometa 65 ene tso Bergama (Pergamo) gbɔ le dzieheɣetoɖoƒe gome. Anɔ abe ƒe 1,900 ene enye si la, Tiatira nɔ afisia. Dzikpɔla mɔzɔla ate ŋu ato mɔ aɖe si tso Pergamo la dzi aɖo Tiatira bɔbɔe, eye azɔ wòatsiãe ɖe enu aɖo Nyaɖeɖefia ta 3 ƒe hame mamleawo, siwo nye Sardes, Filadelfia, kple Laodikea la gbɔ. Le nɔnɔme si to vovo tso Pergamo tɔ gbɔ me la, medze abe ɖe Tiatira nye teƒe vevi si wodea ta agu na fia le ene o, gake mawuxɔ kple gbedoxɔ siwo ŋu wokɔ na trɔ̃wo nɔ afima. Tiatira ɖe dzesi abe asitsadu ene.
2, 3. (a) Tiatiratɔ aɖe si va zu Kristotɔ ŋuti nya kae woŋlɔ ɖi do ŋgɔ? (b) Nukae “Mawuvi” si Yesu nye eye eƒe “ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene” la fia na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira?
2 Esime Paulo nɔ gbe ƒã ɖem le Makedonia la, edo go Tiatira-nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Lidia, amesi nye aɖabɛdzrala. Lidia kple eƒemetɔwo katã xɔ gbedasi si Paulo nɔ gbe ƒã ɖemee la dzidzɔtɔe eye wòɖe amedzrowɔwɔ ɖedzesi aɖe fia wo. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15) Eyae nye Tiatiratɔ gbãtɔ si ŋu nya woŋlɔ ɖi be eva zu Kristotɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Kristotɔwo ƒe hame va nɔ dua ŋutɔ me. Afimae Yesu ɖo eƒe gbedasi si didi wu ɖesiaɖe la ɖo be: “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Tiatira la, ƒe dɔla bena: Mawuvi, amesi ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene, eye eƒe afɔwo le abe gadzẽ biabiã ene la, eyae gblɔ esiawo.”—Nyaɖeɖefia 2:18.
3 Afisia koe nyagbɔgblɔ ‘Mawu ƒe Vi’ dze le le Nyaɖeɖefia me, togbɔ be Yesu yɔ Yehowa be “Fofonye” le teƒe bubuwo gake. (Nyaɖeɖefia 2:27; 3:5, 21) Dzesideŋkɔ la zazã le afisia anya ɖo ŋku kadodo kplikplikpli si le Yesu kple Yehowa dome la dzi na Tiatira Kristotɔwo. Vi sia “ƒe ŋkuwo le abe dzo ƒe aɖe ene”—esi nye nuxlɔ̃me na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la be eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava ɖinu ɖesiaɖe si wòakpɔ le hamea me la dzi. To asi fiafia eƒe afɔ siwo le dzo dam abe gadzẽ ene zi evelia dzi la, ete gbe ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒewɔwɔ esime wònɔ anyigba dzi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi la dzi. Ðikeke mele eme o be Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la wɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, eye nenemae wòle be míawo hã míawɔe egbea!—Petro I, 2:21.
4, 5. (a) Nukatae Yesu te ŋu kafu Kristotɔ siwo le Tiatira? (b) Aleke hame si le Tiatira la ɖi Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 65,000 egbea lae?
4 Enye dzidzɔnya be Yesu te ŋu kafu amesiwo le Tiatira. Egblɔ be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò lɔlɔ̃ kple wò xɔse kple wò subɔsubɔdɔ kpakple wò dzidodo, eye bena wò dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔwo.” (Nyaɖeɖefia 2:19) Le nɔnɔme si to vovo na Efesotɔawo tɔ me la, lɔlɔ̃ gbãtɔ si nɔ Kristotɔ amesiamina siwo le afima la si na Yehowa la nu metsi o. Woƒe xɔse sesẽ. Gawu la, woƒe dɔwɔwɔwo dzi ɖe edzi wu tsã, eye abe hame etɔ̃ siwo do ŋgɔ ene la, Kristotɔ siwo le Tiatira le dzi dom. Aleke wòheɖi Yehowa Ðasefowo ƒe hame 65,000 siwo le anyigba katã dzi egbea enye si! Yehowa-lɔlɔ̃ le dzedzem esime veviedodo le subɔsubɔdɔa me ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖe habɔbɔa me hele dzo dem ɖeviwo kple tsitsiawo siaa me. Ame agbɔsɔsɔme si le dzidzim ɖe edzi le kutri kum abe mɔɖelawo ene heto ema dzi le ɣeyiɣi si susɔ la ŋudɔ wɔm nunyatɔe hena gbe ƒã ɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si gbɔna la ƒe mɔkpɔkpɔ nyui la!—Mateo 24:14; Marko 13:10.
5 Nuteƒewɔla geɖe siwo nye amesiamina susɔeawo kple ameha gã la me tɔwo siaa ɖe dzidodo le Yehowa ƒe subɔsubɔ me si nye kpɔɖeŋu nyui fia ƒe geɖe, esime xexeme si ƒo xlã wo la le nyɔnyrɔ̃m ɖe mɔkpɔkpɔmanɔamesi ƒe viviti me vĩ wu tsã. Gake mina míalé dzi ɖe ƒo! Nyaɖeɖefia ɖo kpe Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la ƒe ɖaseɖiɖiwo dzi. “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ.”—Zefanya 1:14; Yoel 2:1; Xabakuk 2:3; Nyaɖeɖefia 7:9; 22:12, 13.
“Nyɔnu Isabel”
6. (a) Togbɔ be nusi dze na kafukafu li hã la, kuxi kae Yesu de dzesii le Tiatira-hamea me si wòhiã be woakpɔ egbɔ enumake? (b) Amekae nye Izebel, eye ɖe wòdze be wòagblɔ be yenye nyɔnu nyagblɔɖila?
6 Yesu ƒe ŋku siwo le abe dzo ene la gakpɔ nu bubu. Ede dzesi nane si hiã be woalé ŋku ɖe eŋu enumake. Egblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la be: “Gake la mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nèɖe mɔ na nyɔnu Isabel, si yɔ eɖokui bena nyagblɔɖila, eye wòfia nu nye dɔlawo heble wo, bene woawɔ ahasi, eye woaɖu nusiwo wosa vɔ na trɔ̃wo.” (Nyaɖeɖefia 2:20) Le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me la, Fianyɔnu Izebel (Isabel), si nye Israel-fia Axab srɔ̃ Baal-subɔla la va xɔ ŋkɔ gbegblẽ le eƒe amewuwu, ahasiwɔwɔ kple tɔteteɖenudzi ta. Yehu si nye Yehowa ƒe amesiamina na wowui. (Fiawo I, 16:31; 18:4; 21:1-16; Fiawo II, 9:1-7, 22, 30, 33) Izebel, trɔ̃subɔla la mekpɔ mɔ agblɔ be yenye nyɔnu nyagblɔɖila o. Menɔ abe Miryam kple Debora ene, amesiwo subɔ abe nyɔnu nyagblɔɖila ɖianukwarewo ene le Israel o. (Mose II, 15:20, 21; Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4; 5:1-31) Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ meʋã eyama be wòagblɔ nya ɖi abe alesi wòʋã Hana, nyagã la kpakple Filipo, nyanyuigblɔla la vinyɔnu eneawo ene o.—Luka 2:36-38; Dɔwɔwɔwo 21:9.
7. (a) Esi Yesu ƒo nu tso “nyɔnu Isabel” ma ŋu la, edze ƒã be ŋusẽkpɔɖeamedzi ka ŋutie wòle nu ƒom le? (b) Aleke nyɔnu aɖewo siwo le hamea me la anya ʋli zɔzɔme si wotia la tae?
7 Ekema edze ƒã be “nyɔnu Isabel” ma si gblɔ be nyɔnu nyagblɔɖilae yenye le Tiatira la nye alakpatɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔ mele megbe nɛ o. Amekae wònye? Anye nyɔnu aɖe alo nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si le nu gblẽm le hamea me ŋukpemanɔmee. Nyɔnu aɖewo siwo le ha sia me la anya nɔ agbe gbegblẽ nɔm kple hamea me tɔwo eye woɖoa mo ta heʋlia zɔzɔme si wotia la ta to ŋɔŋlɔwo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu dzi. Aʋatsonya gbɔgblɔ ɖi vavã! Woblea ame bubuwo nu be woato yewoƒe “ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ” ƒe mɔwo dzi. (Kolosetɔwo 3:5) Woadi be amesiwo le hamea me naƒo wo ɖokui ɖe ɖokuitɔdidi kple agbegbegblẽnɔnɔ si ƒomevi dzi woda asi ɖo alo ŋea aɖaba ƒuna fifia le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha geɖewo me la me.
8. (a) Nya kae Yesu gblɔ ku ɖe “Isabel” si le Tiatira la ŋu? (b) Aleke nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ dze le egbeŋkekewo mee?
8 Yesu yi edzi gblɔ na hamemegã siwo le Tiatira la be: “Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me; gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o. Kpɔ ɖa, matsɔe aƒu aba dzi, eye amesiwo wɔ ahasi kpakplii la, ne wometrɔ tso woƒe dɔwɔwɔwo me o la, matsɔ wo aƒu xaxa gã aɖe me.” (Nyaɖeɖefia 2:21, 22) Alesi wòdze ƒã be Izebel gbãtɔa kpɔ ŋusẽ ɖe Axab dzi hetsi tre ɖe Mawu ƒe ametsrɔ̃la Yehu ŋue la, nenema kee nyɔnu kpɔŋusẽ siawo anɔ agbagba dzem be yewoazã srɔ̃ŋutsuwo kple hamemegãwo ayetɔe. Edze abe ɖe hamemegã siwo le Tiatira la le mɔ ɖem na Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manyomanyo sia ene. Yesu na nuxlɔ̃me sesẽ aɖe woa kple Yehowa ƒe amewo ƒe xexeame katã ƒe hame si li egbea la le afisia. Le egbeŋkekewo me la, nyɔnu aɖewo siwo ƒe nɔnɔme sesẽ nenema ke na wo srɔ̃wo zu xɔsegbelawo eye wona wokplɔ Yehowa ƒe subɔla ɖianukwarewo yi ʋɔnui gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Yuda 5-8.
9. (a) Nukatae nya siwo Yesu gblɔ le Isabel ŋu la mele nyɔnu siwo katã le hamea me la dam ɖe anyigba o? (b) Ɣekaɣi koe Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi doa mo ɖa?
9 Esia mele nyɔnu nuteƒewɔla siwo le Kristo-hamea me la dam ɖe anyi le mɔ aɖeke nu o. Egbea, nɔvinyɔnu anukwareɖilawo le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa gã aɖe wɔm; to aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ siwo wowɔna dzi la, wole ame yeye geɖewo kplɔm va hamea mee. Mawu ŋutɔ yrana ɖe ɖoɖo sia dzi, abe alesi Psalmo 68:12 ɖee fia ene be: “Aƒetɔ [Yehowa] ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.” Srɔ̃nyɔnuwo ƒe tufafa kple bubu ƒe nɔnɔme “si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me” la ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo srɔ̃wo dzi. (Petro I, 3:1-4) Fia Lemuel kafu srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ dovevienu. (Lododowo 31:10-31) Ne nyɔnuwo menɔ woƒe nɔƒe o eye woble ŋutsuwo alo tɔ gbe tanyenye alo ŋe aɖaba ƒu edzi ko hafi Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi doa mo ɖa.—Efesotɔwo 5:22, 23; Korintotɔwo I, 11:3.
10. (a) Nukatae woadrɔ̃ ʋɔnu Isabel kple viawo? (b) Afɔku ƒe nɔnɔme ka mee amesiwo zua Isabel ƒe viwo la le, eye nukae wòle be ame mawo nawɔ?
10 Esime Yesu nɔ nu ƒom tso “nyɔnu Isabel” ma ŋu la, eyi edzi be: “Eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo katã woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.” (Nyaɖeɖefia 2:23) Yesu na ɣeyiɣi Isabel kple viawo be woatrɔ dzime, gake wole woƒe agbegbegblẽnɔnɔa dzi kokoko, eyata ele be woadrɔ̃ ʋɔnu wo. Gbedasi sesẽ aɖe le esia me na Kristotɔwo egbea. Woɖanye ŋutsuwo alo nyɔnuwo o, amesiwo srɔ̃a Isabel eye wozua viawo to dada le Biblia ƒe gɔmeɖose siwo ku ɖe tanyenye kple agbenyuinɔnɔ ŋu la dzi alo to kɔlialia dzi ale be woŋea aɖaba ƒua teokrasi ƒe ɖoɖowo dzi la dze dɔ dziŋɔ le gbɔgbɔ me. Nyateƒee, ne ame ma yɔ hamemegãwo be woado gbe ɖa ɖe ye ta la, “xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ [Yehowa] afɔe ɖe tsitre”—ne enya wɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe ɖe gbedodoɖa mawo nu ko. Gake ame aɖeke nagasusu be yeate ŋu aflu Mawu alo Kristo to agbagbadzedze be yeaɣla agbegbegblẽnuwɔnawo alo awɔ subɔsubɔdɔa veviedodotɔe le gota gome ko dzi o.—Yakobo 5:14, 15.
11. Aleke wokpena ɖe hamewo ŋu egbea be woanɔ ŋudzɔ ɖe nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manɔsenu ŋue?
11 Dzidzɔtɔe la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame geɖewo le ŋudzɔ ɖe afɔku sia ŋu. Hamemegãwo nɔa ŋudzɔ ɖe nɔnɔme siwo ahe nɔnɔme siwo menye teokrasi tɔ o kple nu gbegblẽ wɔwɔ vɛ la ŋu. Wodzea agbagba be yewoakpe ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo le afɔkumɔ dzi la ŋu be amesiawo natu gbɔgbɔmemenyenye ɖo eye woawɔ ɖɔɖɔɖo hafi wòatsi megbe akpa. (Galatiatɔwo 5:16; 6:1) Lɔlɔ̃tɔe kple maʋãmaʋãe la, dzikpɔla Kristotɔ siawo ɖoa asi agbagba siwo nyɔnu aɖewo adze be yewoaɖo habɔbɔ siwo awɔ nu abe nyɔnuwo ƒe ablɔɖehabɔbɔwo ene la dzi. Gawu la, woɖoa aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la ɣeaɖewoɣi le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me.a
12. Aleke Yohanes habɔbɔa ɖea dzonɔameme si ɖi Yehu tɔ la fianae egbea?
12 Gake le agbegbegblẽnɔnɔ gã gome, eye vevietɔ ne esia va zu nusi wole wɔwɔm atraɖii la, ele be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzimeawo le hamea me. Míate ŋu aɖo ŋku Yehu ƒe dzonɔameme le Izebel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia katã ɖeɖe ɖa le Israel la dzi. Nenema kee egbea Yohanes habɔbɔa wɔa afɔɖeɖe sesẽ tsɔna ɖoa kpɔɖeŋu ɖi na woƒe zɔhɛ ‘Yonadabtɔwo’ heɖenɛ fiana be yewoto vovo kura tso Kristodukɔa ƒe subɔla siwo ɖea mɔ na nu baɖa wɔwɔ la gbɔ.—Fiawo II, 9:22, 30-37; 10:12-17.
13. Nukae adzɔ ɖe amesiwo ɖea mɔ nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖua wo dzi la dzi?
13 Abe Yehowa ƒe Ame Dɔdɔ kple Ʋɔnudrɔ̃la ene la, Mawu ƒe Vi la wɔ nu wòsɔ esime wòkpɔ egbegbe Isabel la dze sii eye wòtsɔe ƒu dɔba dzi, elabena dɔléle si gbe vɔvɔe eƒe gbɔgbɔ me dɔlélea nye. (Maleaxi 3:1, 5) Amesiwo hã na nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ sia ɖu wo dzi la akpɔ xaxa gã—esi nye wo ɖeɖe le Kristo-hamea me abe ɖe woku ene ƒe nuxaxa la. Ne amesiawo metrɔ dzime hegbugbɔ eye woxɔ wo ɖe hamea me ake o la, ku ŋutɔŋutɔ si ‘dɔvɔ̃ wuame’ hena vɛ ava wo dzi—ne etsi megbe ƒã la, le xaxa gã la me. Fifi laa la, woagate ŋu aɖɔ ɖo ne wotrɔ dzime le woƒe nuwɔna gbegblẽwo ŋu keŋkeŋ.—Mateo 24:21, 22; Korintotɔwo II, 7:10.
14. (a) Aleke Yesu wɔa hamemegãwo ŋudɔe le kuxi aɖewo, abe Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ene, gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Aleke wòle be hamea nakpe asi ɖe hamemegã siwo kpɔa kuxi mawo gbɔ la ŋue?
14 Ele be “hameawo katã” nava dze sii be Yesu dzroa ‘ayiku’ siwo nye seselelãme ememetɔwo kple ‘dzi’ si nye nusi amea nye le ememe kple susu siwo ta wòwɔa nuwo ɖo la me. Le esia wɔwɔ me la, ewɔa ɣletivi alo hamemegã siwo dzi wòka ɖo la ŋudɔ le kuxi aɖewo abe Isabel ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖesiaɖe si ado mo ɖa ene la gbɔ kpɔkpɔ me. (Nyaɖeɖefia 1:20) Ne hamemegã siawo dzro nya sia tɔgbe me bliboe vɔ eye wowɔ nyametsotso la, mele be amewo nanɔ nusita wowɔ afɔɖeɖe ma la me kum le wo ɖokui si o. Ele be amesiame nalɔ̃ ɖe alesi hamemegãwo kpɔ nya la gbɔe la dzi eye woayi edzi akpe asi ɖe hamea me ɣletivi siawo ŋu. Woaɖo nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple eƒe habɔbɔa ƒe ɖoɖowo la teƒe. (Psalmo 37:27-29; Hebritɔwo 13:7, 17) Le wò ŋutɔ gowòme la, yayra neva na wò ne Yesu ɖo eteƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.—Kpɔ Galatiatɔwo 5:19-24; 6:7-9 hã.
“Nusi le Mia Si la, Milé Eme ɖe Asi Sesĩe”
15. (a) Nya kae nɔ Yesu si wògblɔ na amesiwo Isabel mete ŋu gblẽ o la? (b) Nukae ɖee fia be menye amesiwo katã gblɔ be Kristotɔwoe yewonye le ƒe 1918 mee Kristodukɔa si gbe xɔse la gblẽ o?
15 Nya siwo Yesu yi edzi gblɔ la fa akɔ na ame: “Ke mele gbɔgblɔm na mi ame mamletɔwo le Tiatira, amesiwo katã melé nufiafia sia me ɖe asi o, amesiwo menya Satana ƒe globoƒewo (abe alesi woyɔnɛ ene) o la: Nyemele agba bubu aɖeke da ge ɖe mia dzi o; negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava.” (Nyaɖeɖefia 2:24, 25) Luʋɔ ɖianukware aɖewo le Tiatira, amesiwo dzi Isabel mekpɔ ŋusẽ ɖo o. Nenema kee ƒe 40 do ŋgɔ na ƒe 1918 kple tso ɣemaɣi la, menye amesiwo katã be yewonye Kristotɔwoe ɖe mɔ na agbegbegblẽnɔnɔ ƒe mɔ gbegblẽ siwo bɔ ɖe Kristodukɔa me la o. Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ha sue si woyɔna fifia be Yehowa Ðasefowo, amesiwo dze agbagba be yewoakpe ɖe sɔlemedelawo ŋu be woakpɔ Kristodukɔa ƒe nufiafia geɖewo ƒe dzɔtsoƒe si metso Kristotɔnyenye me o la, ɖe asi le Babilontɔwo ƒe dzixɔse kple nuwɔna siwo katã woxɔ to Kristodukɔ si gbe xɔsea dzi la ŋu. “Nyɔnu Isabel” ma ƒe nufiafia si ɖea mɔ ɖe nu baɖa wɔwɔ ŋu la hã le esia me.
16. Togbɔ be Yesu kple ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe dziɖuha la meda agba bubu aɖeke ɖe wo dzi o hã la, nukawoe wòle be woaƒo asa na?
16 Egbea Yohanes habɔbɔa de dzi ƒo na woƒe zɔhɛ siwo nye ameha gã la hã be woakpɔ nyuie le agbegbegblẽnɔnɔ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo, abe esiwo le modzakaɖeɖe maɖɔʋuwo me ene la ŋu. Mehiã be nakpɔ nu gbegblẽ alo awɔe le didi be yeanya alesi wòle alo be yeatsɔ anya nusi yeaƒo asa na ta o. Enye nusi me nunya le be woate ɖa xa tso “Satana ƒe globoƒewo” gbɔ. Abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Nyemele agba bubu aɖeke da ge ɖe mia dzi o.” Esia ɖo ŋku ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe dziɖuha la ƒe sededea dzi na mí be: “Enyo gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekema miewɔe nyuie.” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Be nu nadze edzi na wò le gbɔgbɔ me la, ƒo asa na alakpasubɔsubɔ, ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu (abe le ʋudodo me ene), kple agbegbegblẽnɔnɔ! Eye àkpɔ wò lãmesẽ hã ta godoo.
17. (a) Aleke Satana tsɔ ‘nu goglowo’ te amewo kpɔe egbea? (b) Aleke wòle be míaƒe nɔnɔme nanɔ ɖe Satana ƒe xexeame si le nyamaa la ƒe ‘nu goglowo’ ŋu?
17 ‘Nu goglo’ bubuwo hã le Satana si egbea, abe nukpɔsusu totro sesẽwo kple xexemenufiafia siwo ɖea fu tame na ame ene. Hekpe ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe tamesusu siwo ɖea mɔ ɖe nu baɖa wɔwɔ ŋu ŋuti la, gbɔgbɔyɔyɔ kple nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la hã le esiawo dome. Aleke Wɔla nunyakatãtɔ la bua ‘nu goglo’ siawoe? Apostolo Paulo gblɔ be egblɔ be: “Magblẽ nunyalawo ƒe nunya dome.” Abe nusi to vovo na ema ene la, “Mawu ƒe nu gogloawo” le bɔbɔe, wo gɔme nya sena bɔbɔe, eye wodoa dzidzɔ na ame. Kristotɔ nyanuwo ƒoa asa na Satana ƒe xexeame si le nyamaa la ƒe ‘nu goglowo.’ Miɖo ŋku edzi be, “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Korintotɔwo I, 1:19; 2:10; Yohanes I, 2:17.
18. Yayra kawo ƒe ŋugbee Yesu do na Kristotɔ amesiamina siwo ɖi anukware vaseɖe nuwuwu, eye mɔnukpɔkpɔ kae asu amesiawo siwo woafɔ ɖe tsitre la si le Harmagedon me?
18 Azɔ Yesu gblɔ dzidzɔnyawo na Kristotɔ mawo siwo nɔ Tiatira. Wonye dzideƒonya na Kristotɔ amesiaminawo hã egbea: “Eye amesi ke ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi yiɖase ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe trɔ̃subɔlawo dzi, eye wòakplɔ wo kple gatikplɔ, eye wòagbã wo gudugudu abe zemela ƒe zewo ene, abe alesi nye hã mekpɔ ŋusẽ tso Fofonye gbɔ ene.” (Nyaɖeɖefia 2:26, 27) Enye mɔnukpɔkpɔ wɔnuku aɖe vavã! Ŋusẽ sia si wonana amesiamina siwo ɖu dzi la le woƒe tsitretsiɣi la nye gome kpɔkpɔ kple Yesu le tsɔtsrɔ̃ ƒe “gatikplɔ” la zazã ɖe dukɔ dzeaglãwo ŋu le Harmagedon me la me. Ðeko dukɔ mawo ƒe nukliaʋawɔnuwo anɔ abe ɖu si dzi wokɔ tsi ɖo ene esime Kristo agbã eƒe futɔwo abe anyizewo ene.—Psalmo 2:8, 9; Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 19:11-13, 15.
19. (a) Amekae nye “ŋukeɣletivi” la, eye aleke woatsɔe na amesiwo ɖu dzi? (b) Dzideƒonya kae wogblɔ na ameha gã la?
19 Yesu gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Eye matsɔ ŋukeɣletivi anɛ.” (Nyaɖeɖefia 2:28) Yesu ŋutɔ ɖe nusi ‘ɣletivi’ sia nye me emegbe esime wògblɔ be: “Nyee nye Dawid ƒe ke kple eƒe ƒome, ŋukeɣletivi keklẽ la.” (Nyaɖeɖefia 22:16) Ẽ, Yesu dzie nya si Yehowa zi Bileam dzi wògblɔ ɖi la vaa eme ɖo, be: “Ɣletivi ado tso Yakob me, eye fiatikplɔ ado tso Israel me.” (Mose IV, 24:17) Aleke Yesu atsɔ “ŋukeɣletivi” la na amesiwo ɖu dzi lae? Edze ƒã be to eɖokui tsɔtsɔ na wo axɔ wo ɖe ƒomedodo kplikplikplitɔ kekeake me dzie. (Yohanes 14:2, 3) Ðikeke mele eme o be enye nusi aʋã ame vevie be wòado dzi! Enye nusi tua ame ɖo hã na ameha gã la be woanya be eteƒe madidi o “ŋukeɣletivi keklẽ la” awɔ eƒe Fiaɖuƒe ŋusẽ ŋudɔ agbugbɔ Paradiso aɖo anyi ɖe anyigba dzi afisia!
Lé Nuteƒewɔwɔ me Ðe Asi
20. Nukawoe le dzɔdzɔm le Kristodukɔa me siwo ɖoa ŋku gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo siwo nɔ hamea me le Tiatira la dzi na mí?
20 Gbedasi sia anya de dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la ŋutɔ. Wò ya bu eŋu kpɔ—Mawu ƒe Vi si le ŋutikɔkɔe me le dziƒo la ŋutɔ ƒo nu kple Kristotɔ siwo le Tiatira la le woƒe kuxi aɖewo ŋu! Ðikekemanɔmee la, hamea me tɔ aɖewo ya teti lɔ̃ xɔ lɔlɔ̃ ƒe kpɔkplɔ ma. Gbedasi sia si nye diditɔ kekeake le gbedasi adreawo dome la kpena ɖe mía ŋu hã be míadze si Kristo-hame vavãtɔ egbea. Le ƒe 1918 me esime Yesu va Yehowa ƒe gbedoxɔ me hena ʋɔnudɔdrɔ̃ la, habɔbɔ siwo be Kristotɔwo yewonye la dometɔ akpa gãtɔ tsɔ trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔ me agbegbegblẽnɔnɔ ƒo ɖi wo ɖokui. (Yakobo 4:4) Wo dometɔ aɖewo tu woƒe dzixɔsewo ɖe ƒe alafa 19 lia me nyɔnu susuɖaɖɛtɔwo abe “Seventh-Day Adventist” tɔwo ƒe Ellen White kple “Christian Scientist” tɔwo ƒe Mary Baker Eddy ene ƒe nufiafiawo dzi, eye nyitsɔ laa la, nyɔnu geɖewo va le mawunya gblɔm tso nunɔlanɔƒe. (Kpɔ alesi wòto vovo tso Timoteo I, 2:11, 12 gbɔe ɖa.) Le Katoliko-subɔsubɔha ƒomevi vovovoawo me la, zi geɖe la, wodea bubu Maria ŋu wu Mawu kple Kristo. Yesu mede bubu eŋu nenema o. (Yohanes 2:4; 19:26) Ðe woate ŋu axɔ habɔbɔ siwo ɖea mɔ na nyɔnuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manɔsenu ma be wonye Kristotɔwo ŋutɔŋutɔa?
21. Nusɔsrɔ̃ kawoe le gbedasi si Yesu ɖo ɖe Tiatira la me na amesiame?
21 Ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nabu gbedasi sia ŋu, eɖanye Yohanes habɔbɔa me tɔ alo le alẽ bubuawo dome o. (Yohanes 10:16) Adzro ame aɖewo be yewoato mɔ si le bɔbɔe dzi, abe alesi Isabel si nɔ Tiatira la ƒe nusrɔ̃vi mawo wɔe ene. Tanana hã nye tetekpɔ li. Egbea nanewo abe nusiwo me ʋu le ɖuɖu alo ʋu xɔxɔ ɖe lãme ene li woadze ŋgɔe. Ame aɖewo asee le wo ɖokui me be veviedodonu le gbeadzi alo nuƒowo ƒoƒo ɖe mɔ na yewo be yewomanɔ ŋudzɔ fũ le nu bubuwo abe sinima kple video siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ le la kpɔkpɔ, alo ahatsunono ene me o. Nuxɔxlɔ̃ si Yesu na Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la le mía fiam be mele be míate nu mawo wɔwɔ akpɔ o. Yehowa di be míanɔ dzadzɛ, míasubɔ kple luʋɔ blibo, eye míagatsi evedomesi abe alesi Kristotɔ siwo nɔ Tiatira la dometɔ geɖe nɔ ene o.
22. Aleke Yesu te gbe ɖe to senu si anɔ ame si la dzie?
22 Mlɔeba la, Yesu gblɔ be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.” (Nyaɖeɖefia 2:29) Zi enelia enye sia si Yesu gagblɔ nya ʋãme sia, eye anye gbedasi etɔ̃ siwo akplɔe ɖo la ƒe taƒonya. Ðe to senu ma le asiwòa? Ekema yi edzi naɖo to nyuie esime Mawu to eƒe gbɔgbɔ dzi yi edzi le aɖaŋu ɖom to eƒe mɔnuɖoɖoa dzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati si nye “Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ Le” si dze le November 1, 2003, ƒe Gbetakpɔxɔ me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 51]
Egbea nɔvinyɔnu ɖianukwarewo le ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa gã aɖe wɔm esime wole asi kpem ɖe teokrasi ƒe ŋusẽ ŋu ɖokuibɔbɔtɔe