Ta 12
“Lé Nusi le Asiwò me la, Ðe Asi Sesĩe”
FILADELFIA
1. Yesu ƒe gbedasi adelia yi na hame si nɔ du ka me, eye nukae du ma ƒe ŋkɔ fia?
NƆVILƆLƆ̃—nɔnɔme nyui kae nye si wònye! Ðikeke mele eme o be esia nɔ susu me na Yesu esime wògblɔ eƒe gbedasi adelia si wòɖo ɖe hame si le Filadelfia la, elabena ŋkɔ ma gɔmee nye “Nɔvilɔlɔ̃.” Amegã ɖeɖi Yohanes kpɔtɔ ɖo ŋku nusi dzɔ ƒe 60 kple vɔ do ŋgɔ esime Petro gblɔ na Yesu zi etɔ̃ be yelɔ̃ Aƒetɔa la dzi. (Yohanes 21:15-17) Ðe Kristotɔ siwo le Filadelfia la le nɔvilɔlɔ̃ ɖem fia? Edze ƒã be wole eɖem fia!
2. Du ka ƒomevie Filadelfia nye, hame ka ƒomevie nɔ afima, eye nukae Yesu gblɔ na hame sia ƒe dɔla?
2 Filadelfia si nɔ anyi le Yohanes ŋɔli la didi tso Sardes gbɔ kilometa 50 le dzieheɣedzeƒe gome (le afisi Turkeytɔwo ƒe dugã Alasehir le egbea), eye wònye du si me kesinɔnuwo le vie. Gake nusi ɖe dzesi wue nye Kristo-hame si nɔ afima la ƒe nudzedziname. Dzidzɔ kae nye si woanya tsɔ xɔ subɔla si zɔ mɔ va wo gbɔ, ɖewohĩ to Sardes-mɔa dzi lae! Aɖaŋuɖoɖo ʋãme le gbedasi si wòxɔ vɛ na wo la me. Gake gbã la, efia asi Amegã si ɖoe ɖa la ƒe ŋusẽ. Egblɔ be: “Eye ŋlɔ ɖo ɖe hame, si le Filadelfia la, ƒe dɔla bena: Amesi enye kɔkɔetɔ kple nyateƒetɔ, amesi si Dawid ƒe safui le, amesi ʋuna ame aɖeke metuna o, eye wòtuna ame aɖeke meʋuna o la, eyae gblɔ esiawo.”—Nyaɖeɖefia 3:7.
3. Nukatae wòsɔ be woayɔ Yesu be “kɔkɔetɔ,” eye nukatae woate ŋu agblɔ be enye “nyateƒetɔ”?
3 Yohanes see Petro gblɔ na Yesu Kristo amegbetɔ la bena: “Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.” (Yohanes 6:68, 69) Esi wònye Yehowa Mawue nye amesi ɖea kɔkɔenyenye ŋutɔŋutɔ fiana ta la, ele be eƒe Tenuvi la hã nanye “kɔkɔetɔ.” (Nyaɖeɖefia 4:8) Yesu nye “nyateƒetɔ” hã. Hela-nya si wozã le afisia (a·le·thi·nosʹ) la fia nu akuaku nyenye. Le gɔmesese sia nu la, Yesue nye kekeli vavã la kple abolo vavã si ɖi tso dziƒo. (Yohanes 1:9; 6:32) Eyae nye weinti vavã la. (Yohanes 15:1) Yesu ganye nyateƒetɔ le gɔmesese sia nu be woate ŋu aka ɖe edzi. Etoa nyateƒe ɣesiaɣi. (Kpɔ Yohanes 8:14, 17, 26.) Mawu ƒe Vi sia dze vavã be wòasubɔ abe Fia kple Ʋɔnudrɔ̃la ene.—Nyaɖeɖefia 19:11, 16.
“Dawid ƒe Safui” La
4, 5. Nubabla ka ŋue “Dawid ƒe safui” la ku ɖo?
4 “Dawid ƒe safui” la le Yesu si. Le eŋudɔ wɔwɔ me la, eʋuna “ame aɖeke metuna o, eye wòtuna ame aɖeke meʋuna o.” Nukae nye “Dawid ƒe safui” sia?
5 Israel-fia Dawid ye Yehowa bla nu kplii hena fiaɖuƒe mavɔmavɔ. (Psalmo 89:2-5, 35-38) Dawid ƒe aƒea nɔ Yehowa ƒe fiazikpui dzi ɖu fia le Yerusalem tso ƒe 1070 vaseɖe ƒe 607 D.M.Ŋ., gake Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va fiaɖuƒe ma dzi le esi wòtrɔ nɔ nu vɔ̃ɖi wɔm ta. To ema dzi la, Yehowa na eƒe nyagblɔɖi si le Xezekiel 21:32 la dze emevava gɔme, be: “Anyiglãgo, anyiglãgowo ƒe anyiglãgo mawɔ woe [anyigba dzi Yerusalem]; esia [fiatikplɔ si le Dawid ƒe ƒome me] maganɔ anyi o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye la, nava, eye matsɔe nɛ.”
6, 7. Ɣekaɣie “amesi tɔ wònye” le se nu la ava, eye aleke wòavae?
6 Ɣekaɣie “amesi tɔ wònye [le se nu]” sia ava, eye alekee? Aleke woatsɔ Dawid ƒe fiaɖuƒea ƒe fiatikplɔ nɛ?
7 Anɔ abe ƒe 600 ene megbe la, Fia Dawid ƒe dzidzimevi aɖe si nye Yudatɔ ɖetugbi Maria fɔ fu to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi. Mawu dɔ mawudɔla Gabriel wòva gblɔ na Maria be adzi ŋutsuvi si woayɔ be Yesu. Gabriel gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae; eye wòaɖu fia le Yakob ƒe aƒe dzi tegbetegbe, eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31-33.
8. Aleke Yesu ɖee fiae be yedze be yeanyi Dawid ƒe fiaɖuɖua ƒe dome?
8 Esime Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ le Yordan-tɔsisia me le ƒe 29 M.Ŋ. me eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ la, eva zu Fia si Wotia le Dawid ƒe ƒomea me. Eɖe veviedodo si nye kpɔɖeŋu fia le gbe ƒã ɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la me eye wòde dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã woaɖe gbe ƒã. (Mateo 4:23; 10:7, 11) Yesu bɔbɔ eɖokui vaseɖe fuwɔameti ŋuti ku me gɔ̃ hã, eye wòto edzi ɖee fia be yedze blibo be yeanyi Dawid ƒe fianyenye ƒe dome. Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre abe gbɔgbɔ makumaku ene eye wòdoe ɖe dzi wònɔ Eya ŋutɔ ƒe nuɖusi me le dziƒo. Afimae wònyi Dawid ƒe fiaɖuƒea ƒe gomekpɔkpɔwo katã ƒe dome le. Le ɣeyiɣi si dze me la, Yesu awɔ eƒe gomekpɔkpɔ ŋudɔ aɖu “fia le [eƒe] futɔwo titina!”—Psalmo 110:1, 2; Filipitɔwo 2:8, 9; Hebritɔwo 10:13, 14.
9. Aleke Yesu wɔna Dawid ƒe safui la ŋudɔ tsɔna ʋua ʋɔ hedonɛ?
9 Do ŋgɔ na ema la, Yesu awɔ Dawid ƒe safui la ŋudɔ atsɔ aʋu asinukpɔkpɔ kple mɔnukpɔkpɔ siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la ɖi. To Yesu dzi la, Yehowa aɖe Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la azɔ “tso viviti ƒe ŋusẽ la me,” eye wòatsɔ wo ayi “eƒe lɔlɔ̃vi ƒe fiaɖuƒe la me.” (Kolosetɔwo 1:13, 14) Woawɔ safui la ŋudɔ hã atsɔ axe mɔ na amesiwo mewɔ nuteƒe o la be mɔnukpɔkpɔ mawo nagasu wo si o. (Timoteo II, 2:12, 13) Esi wònye Yehowa le megbe na amesia si anyi Dawid ƒe fiaɖuƒea dome tegbee la ta la, nuwɔwɔ aɖeke mate ŋu axe mɔ nɛ be megawɔ dɔ mawo o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 28:18-20.
10. Dzideƒonya kae Yesu gblɔ na hame si le Filadelfia?
10 Esi nya siwo Yesu gblɔ na Kristotɔ siwo le Filadelfia la tso ŋusẽtɔ ma gbegbe gbɔ ta la, woafa akɔ na ame nyuie ŋutɔ! Ekafu wo be: “Menya wò dɔwɔwɔwo! Kpɔ ɖa, metsɔ ʋɔtru, si le nuvo la, ɖo ŋkuwò me, eye ame aɖeke mate ŋu atui o; elabena ŋusẽ ʋee aɖe koe le asiwò, eye nèlé nye nya la me ɖe asi, eye mègbe nu le nye ŋkɔ gbɔ o.” (Nyaɖeɖefia 3:8) Hamea nɔ dɔ wɔm, eye woʋu ʋɔ nɛ—esi ɖikeke manɔmee la anye subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 16:9; Korintotɔwo II, 2:12.) Eyata Yesu de dzi ƒo na hamea be woawɔ gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ bliboe. Wodo dzi eye woɖee fia be to Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, ŋusẽ sɔgbɔ le yewo si be yewoayi edzi awɔ ‘dɔ’ bubuwo le Yehowa ƒe subɔsubɔ me. (Korintotɔwo II, 12:10; Zaxarya 4:6) Wowɔ ɖe Yesu ƒe sededewo dzi eye wometo nya me alo nuwɔna dzi gbe nu le Kristo gbɔ o.
“Woade Ta Agu . . . ɖe Ŋkuwò Me”
11. Yayra ka ƒe ŋugbee Yesu do na Kristotɔawo, eye aleke esia va emee?
11 Eyata Yesu do emetsonu ƒe ŋugbe na wo be: “Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔ aɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.” (Nyaɖeɖefia 3:9) Ðewohĩ abe alesi wònɔ le Smirna ene la, Yudatɔ siwo le dua me ɖe fu na hamea. Yesu yɔ amesiawo be ‘Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔwo.’ Gake Yudatɔ mawo dometɔ aɖewo ya teti gbɔna ekpɔ ge ɣemaɣi adze sii be nusi Kristotɔwo nɔ gbe ƒã ɖemee tso Yesu ŋu lae nye nyateƒea. Anye be ‘ta si woade agu’ la anɔ abe alesi Paulo ɖɔe le Korintotɔwo I, 14:24, 25 ene, ale be woatrɔ dzime ŋutɔŋutɔ azu Kristotɔwo ahakpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe lɔlɔ̃ gã si na wòtsɔ eƒe luʋɔ gɔ̃ hã sa vɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta la ŋu bliboe.—Yohanes 15:12, 13.
12. Nukatae Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le Filadelfia la me tɔwo aɖi vo ne wosee be yewo dometɔ aɖewo “ade ta agu” ɖe Kristotɔ siwo le dua me la ŋkume?
12 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le Filadelfia la me tɔwo aɖi vo godoo ne wosee be yewo dometɔ aɖewo “ade ta agu” ɖe Kristotɔ siwo le dua me la ŋkume. Le nyateƒe si wònye be ɖikekemanɔmee la amesiwo menye Yudatɔwo o geɖe le hame ma me ta la, woakpɔ mɔ be woawo boŋ nava de ta agu. Nukatae? Elabena Yesaya gblɔe ɖi be: “Fiawo [siwo menye Yudatɔwo o] anye vinyilawo na wò [Israel-dukɔa], eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me.” (Yesaya 49:23; 45:14; 60:14) Nenema kee wotsɔ gbɔgbɔ ʋã Zaxarya wòŋlɔe bena: “Ɣemaɣi la ŋutsu ewo [siwo menye Yudatɔwo o] atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Ẽ, amesiwo menye Yudatɔwo o lae ade ta agu ɖe Yudatɔwo ŋkume, ke menye Yudatɔwo boŋ nade ta agu ɖe wo ŋkume o!
13. Amekawoe nye Yudatɔ siwo nyagblɔɖi siwo wogblɔ na blema Israel la ava eme na?
13 Mawu ƒe dukɔ tiatia lae wogblɔ nyagblɔɖi mawo na. Nɔƒe ma si ŋu bubu le ye ŋutilã me Israel nɔ esime wogblɔ wo ɖi. Gake esime Yuda-dukɔa gbe Mesia la, Yehowa gbe wo. (Mateo 15:3-9; 21:42, 43; Luka 12:32; Yohanes 1:10, 11) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, etia Mawu ƒe Israel vavã si nye Kristo-hame la ɖe wo teƒe. Amesiwo le emee nye gbɔgbɔ me Yudatɔ siwo ƒe aʋatsotso nye dzi me tɔ ŋutɔŋutɔ la. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 41, 42; Romatɔwo 2:28, 29; Galatiatɔwo 6:16) Le ema megbe la, mɔ ɖeka kolia si dzi ŋutilã me Yudatɔ ate ŋu ato aganɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe ƒomedodo me kple Yehowae nye to Yesu dzi xɔxɔ se be eyae nye Mesia la dzi. (Mateo 23:37-39) Edze ƒã be esia le dzɔdzɔ ge le ame aɖewo gome kpuie le Filadelfia.a
14. Aleke Yesaya 49:23 kple Zaxarya 8:23 va eme le egbeŋkekewo me wòɖe dzesie?
14 Le egbeŋkekeawo me la, nyagblɔɖiwo abe Yesaya 49:23 kple Zaxarya 8:23 ene va eme wòɖe dzesi ŋutɔ. Abe Yohanes habɔbɔa ƒe gbeƒãɖeɖe ƒe emetsonu ene la, ame gbogbo aɖewo to ʋɔtru si le nuvo la nu ge ɖe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me.b Amesiawo dometɔ geɖe do tso Kristodukɔa si ƒe subɔsubɔhawo gblɔna alakpatɔe be yewonye gbɔgbɔ me Israel la me. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 9:6.) Abe ameha gã aɖe ene la, amesiawo nyãa woƒe awuwo hewɔa wo ɣie to Yesu ƒe vɔsaʋua dzi xɔxɔ se dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Le toɖoɖo Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, wole mɔ kpɔm be yewoanyi eƒe yayrawo ƒe dome le anyigba dzi afisia. Wovana Yesu nɔvi amesiaminawo gbɔ eye ‘wodea ta agu’ ɖe wo ŋkume le gbɔgbɔ me, elabena ‘wose be Mawu li kpli wo.’ Wosubɔa amesiamina siawo siwo woa kpli wo wɔa ɖeka le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me.—Mateo 25:34-40; Petro I, 5:9.
“Tetekpɔ ƒe Gaƒoƒo”
15. (a) Ŋugbe kae Yesu do na Kristotɔ siwo nɔ Filadelfia, eye nukae wòde dzi ƒo na wo be woawɔ? (b) “Fiakuku” kae Kristotɔwo nɔ mɔ kpɔm be yewoaxɔ?
15 Yesu yi edzi gblɔ be: “Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me. Kpɔ ɖa, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena ame aɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.” (Nyaɖeɖefia 3:10, 11) Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ anyi le Yohanes ŋɔli manɔ agbe vaseɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke (si dze egɔme le ƒe 1914 me) la me o hã la, woƒe kakaɖedzi be Yesu gbɔna la ado ŋusẽ wo be woayi edzi anɔ gbe ƒã ɖem. (Nyaɖeɖefia 1:10; Timoteo II, 4:2) “Fiakuku” alo agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖofetu la li na wo le dziƒo. (Yakobo 1:12; Nyaɖeɖefia 11:18) Ne wowɔ nuteƒe vaseɖe ku me la, ame aɖeke maxɔ fetu ma le wo si o.—Nyaɖeɖefia 2:10.
16, 17. (a) Nukae nye “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge” la? (b) Nɔnɔme ka mee amesiaminawo nɔ le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la ƒe gɔmedzedze?
16 Ke nukae nye “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la? Ðikeke mele eme o be eva hiã be Kristotɔ mawo siwo nɔ Asia la nagado dzi le ŋutasesẽ ƒe yometiti bubu si keke ta, si atso Roma-fiaɖuƒea gbɔ la me.c Gake emevava gãtɔ lae nye amewo me tiatia kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gaƒoƒo si va mlɔeba le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me eye wòɖo sesẽaƒe tso ƒe 1918 dzi yina la. Dodokpɔa va be woanya ne Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi ƒe akpa dzie ame le loo alo Satana ƒe xexeame ƒe akpa dzie. Ɣeyiɣi kpui aɖe si nye “gaƒoƒo” ɖeka koe wòaxɔ, gake mewu nu haɖe o. Vaseɖe esime wòawu nu la, mele be míaŋlɔ be be “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” mee míele o.—Luka 21:34-36.
17 Le ƒe 1918 me la, eva hiã be Yohanes habɔbɔa si nye Kristotɔ amesiaminawo nadze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu—abe hame wɔnuteƒe ma si nɔ Filadelfia la ene—tso egbegbe ‘Satana ƒe ƒuƒoƒea’ gbɔ. Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo, amesiwo gblɔ be yewonye gbɔgbɔ me Yudatɔwo la, fia mɔ dziɖulawo ayetɔe be woate Kristotɔ vavãwo ɖe to. Gake amesiawo dze agbagba vevie be ‘yewoalé Yesu ƒe dzidonya me ɖe asi’; eyata to gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu si nye “ŋusẽ ʋee” ɖedzesi aɖe dzi la, woto eme do eye wode dzo wo me be woato ʋɔtru si le nuvo le wo ŋgɔ la nu azɔ. Le mɔ ka nu?
“Ʋɔtru, si Le Nuvo”
18. Dɔ kae Yesu de asi na ame aɖe le ƒe 1919 me, eye aleke amesi wòde dɔ asi na la va nɔ abe Xizkiya ƒe nuwo dzi kpɔla ɖianukware la ene?
18 Le ƒe 1919 me la, Yesu wɔ ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi eye wòda asi ɖe Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha sue la dzi be woawoe nye yeƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la. (Mateo 24:45-47) Mɔnukpɔkpɔ si tɔgbe su nuwo dzi kpɔla ɖianukware Elyakim si le Fia Xizkiya ŋɔli la su wo si.d Yehowa gblɔ le Elyakim ŋu be: “Matsɔ Dawid ƒe aƒe la ƒe safui aɖo abɔta nɛ, aʋui, eye ame aɖeke madoe o; adoe, eye ame aɖeke maʋui o!” Dɔ gãwoe nɔ Elyakim dzi wòwɔ na Xizkiya, Dawid ƒe vi fia la. Nenema kee egbea la, wotsɔ “Dawid ƒe aƒe la ƒe safui” ɖo abɔta na amesiaminawo ƒe Yohanes habɔbɔa le gɔmesese sia nu be wotsɔ Mesia Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le anyigba dzi la de asi nɛ. Yehowa do ŋusẽ eƒe subɔlawo hena mɔnukpɔkpɔ sia, eye wòtu woƒe ŋusẽ sue la ɖo wòzu ŋusẽ triakɔ si woate ŋu atsɔ awɔ xexeame katã ƒe ɖaseɖiɖidɔ gã lae.—Yesaya 22:20, 22; 40:29.
19. Aleke Yohanes habɔbɔa kpɔ dɔ siwo Yesu de asi nɛ le ƒe 1919 me la gbɔe, eye nukae do tso eme?
19 Tso ƒe 1919 dzi la, amesiamina susɔeawo dze Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui la ƒe gbeƒãɖeɖe ŋusẽtɔe gɔme, le Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me. (Mateo 4:17; Romatɔwo 10:18) Emetsonue nye be egbegbe Satana ƒe ƒuƒoƒe si nye Kristodukɔa me tɔ aɖewo va amesiamina susɔe siawo gbɔ, wotrɔ dzime, eye ‘wode ta agu’ ɖe wo ŋkume helɔ̃ ɖe dɔla la ƒe ŋusẽ dzi. Woawo hã va wɔ ɖeka kple Yohanes habɔbɔa me tɔ xoxoawo hesubɔ Yehowa. Esia yi edzi vaseɖe esime woƒo Yesu nɔvi amesiaminawo ƒe xexlẽme blibo la nu ƒu. Le esia megbe la, “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ” me va ‘de ta agu’ ɖe dɔla amesiamina la ŋkume. (Nyaɖeɖefia 7:3, 4, 9) Dɔla la kple ameha gã sia wɔ ɖeka le subɔsubɔm abe Yehowa Ðasefowo ƒe alẽha ɖeka ene.
20. Nukatae wòle be Yehowa Ðasefo siwo li egbea ƒe xɔse nasẽ ŋu ŋutɔ eye woanɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔm?
20 Esi Yehowa Ðasefo siwo li egbea wɔ ɖeka abe Kristotɔ siwo nɔ Filadelfia la ene le nɔvilɔlɔ̃ ƒe babla vavã me la, wose egɔme be ele be yewoawɔ yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔa kaba. Eteƒe madidi o xaxa gã la ahe Satana ƒe xexeme vɔ̃ɖi la ava nuwuwue. Mina woakpɔ mía dometɔ ɖesiaɖe ɣemaɣi be míesesẽ le xɔse me hele Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔm vevie ale be womagatutu míaƒe ŋkɔwo ɖa le Yehowa ƒe agbegbalẽa me o. (Nyaɖeɖefia 7:14) Mina míabu nuxlɔ̃me si Yesu na hame si nɔ Filadelfia la ŋkubiãnyae ale be míalé míaƒe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo me ɖe asi sesĩe eye agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖofetu la nasu mía si.
Amesiwo Aɖu Dzi ƒe Yayrawo
21. Aleke Kristotɔ amesiamina siwo li egbea ‘lé Yesu ƒe dzidonya me ɖe asii,’ eye mɔkpɔkpɔ kae le wo ŋgɔ?
21 Yohanes habɔbɔ si li egbea la ‘lé Yesu ƒe dzidonya me ɖe asi,’ esi nye be wosrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua hedo dzi. (Hebritɔwo 12:2, 3; Petro I, 2:21) Eyata Yesu ƒe nya siwo wòyi edzi gblɔ na hame si le Filadelfia la de dzi ƒo na wo ŋutɔ be: “Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye mawuxɔa me, eye magado go akpɔ o.”—Nyaɖeɖefia 3:12a.
22. (a) Nukae nye Yesu ƒe Mawu ƒe gbedoxɔa? (b) Aleke Kristotɔ amesiamina siwo ɖu dzi la azu sɔtiwo le gbedoxɔ sia mee?
22 Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be woanye sɔti le Yehowa ƒe gbedoxɔ me! Le blema Yerusalem la, gbedoxɔ lae nye afisi wodea ta agu na Yehowa le. Le gbedoxɔa me la, nunɔlagã la tsɔa vɔsalãwo ƒe ʋu yia nukukekeli si tsi tre ɖi na Yehowa ƒe anyinɔnɔ le “kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la” me la ŋgɔ le ƒe sia ƒe ƒe ŋkeke ɖeka dzi. (Hebritɔwo 9:1-7) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔɣi la, gbedoxɔ bubu va nɔ anyi, esi nye ta dede agu na Yehowa ƒe gbɔgbɔ me ɖoɖo gã aɖe si ɖi gbedoxɔ me tɔa. Gbedoxɔ sia ƒe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒea le dziƒo, afisi Yesu yi ɖado “ɖe Mawu ŋku me.” (Hebritɔwo 9:24) Yesue nye Nunɔlagã la, eye nu ɖeka koe wotsɔ sa vɔe hena nuvɔ̃wo ɖeɖe ɖa keŋkeŋ: eyae nye ame deblibo Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi. (Hebritɔwo 7:26, 27; 9:25-28; 10:1-5, 12-14) Zi alesi wonya le nuteƒe wɔm ko la, Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la subɔna abe nunɔlateviwo ene le gbedoxɔ sia ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la. (Petro I, 2:9) Gake ne woɖu dzi ko la, woawo hã woayi ɖe dziƒo ƒe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ma eye woazu ame like siwo léa tadedeagu ƒe ɖoɖo si le abe gbedoxɔ ene la ɖe te abe sɔtiwo ene. (Hebritɔwo 10:19; Nyaɖeɖefia 20:6) Vɔvɔ̃ aɖeke meli be ‘woagado go o.’
23. (a) Ŋugbe kae Yesu gado na Kristotɔ amesiamina siwo ɖu dzi la? (b) Nukae dona tso Yehowa ƒe ŋkɔ kple Yerusalem yeyea ƒe ŋkɔ ŋɔŋlɔ ɖe Kristotɔ siwo ɖu dzi la ŋu la me?
23 Yesu yi edzi gblɔ be: “Eye maŋlɔ nye Mawu ŋkɔ kple nye Mawu ƒe du, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.” (Nyaɖeɖefia 3:12b) Ẽ, woŋlɔa Yehowa—woƒe Mawu kple Yesu ƒe Mawu la—ƒe ŋkɔ ɖe aʋadziɖula siawo ŋu. Esia ɖee fia kɔte be Yehowa kple Yesu nye ame vovovo eve eye womenye Mawu etɔ̃ le ɖeka me alo Mawuɖekaetɔ̃ aɖe ƒe akpa eve o. (Yohanes 14:28; 20:17) Ele be nuwɔwɔwo katã nava kpɔe be Yehowa tɔe amesiamina siawo nye. Eƒe ɖasefowoe wonye. Woŋlɔ Yerusalem yeye si nye dziƒodu si ɖi tso dziƒo le gɔmesesea nu be ekekea eƒe dɔmenyonyo ƒe dziɖuɖua ɖe amegbetɔ wɔnuteƒewo katã dzi la hã ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu. (Nyaɖeɖefia 21:9-14) Eyata Kristotɔ siwo katã nye alẽwo le anyigba dzi la hã anya be aʋadziɖula amesiamina siawo nye Fiaɖuƒea, si nye dziƒo Yerusalem la, me viwo.—Psalmo 87:5, 6; Mateo 25:33, 34; Filipitɔwo 3:20; Hebritɔwo 12:22.
24. Nukae Yesu ƒe ŋkɔ yeyea tsi tre ɖi na, eye aleke woŋlɔnɛ ɖe Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒeawo ŋue?
24 Mlɔeba la, woŋlɔa Yesu ƒe ŋkɔ yeyea ɖe aʋadziɖula amesiaminawo ŋu. Esia ku ɖe Yesu ƒe nɔƒe yeye kple mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ siwo Yehowa na eyama la ŋu. (Filipitɔwo 2:9-11; Nyaɖeɖefia 19:12) Ame bubu aɖeke menyana ŋkɔ ma o le gɔmesesea nu be nuteƒekpɔkpɔ mawo alo mɔnukpɔkpɔ mawo mesua ame bubu aɖeke si o. Gake ne Yesu ŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe nɔvia nuteƒewɔlawo ŋu la, wova nɔa ƒomedodo kplikplikpli aɖe me kplii le dziƒo afima eye wokpɔa gome le mɔnukpɔkpɔ siwo su esi la me gɔ̃ hã. (Luka 22:29, 30) Eyata mewɔ nuku be Yesu gagbugbɔ gblɔ nuxlɔ̃mea tsɔ ƒo gbedasi si wòɖo ɖe amesiamina mawo la ta o, be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.”—Nyaɖeɖefia 3:13.
25. Aleke Kristotɔ ɖesiaɖe si li egbea ate ŋu awɔ gɔmeɖose si le aɖaŋu si Yesu ɖo na hame si nɔ Filadelfia la me la ŋudɔe?
25 Tutuɖo gã kae nye si gbedasi ma anya nye na Kristotɔ wɔnuteƒe siwo nɔ Filadelfia la! Eye nufiame sẽŋu aɖe le eme na Yohanes habɔbɔa fifia le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la dzi. Gake eme gɔmeɖosewo le vevie na Kristotɔ ɖesiaɖe, eɖanye amesiamina alo le alẽ bubuawo dome o. (Yohanes 10:16) Anyo be mía dometɔ ɖesiaɖe nayi edzi atse Fiaɖuƒea ƒe kuwo abe alesi Kristotɔ mawo siwo nɔ Filadelfia la wɔe ene. Ŋusẽ sue aɖe teti le mí katã si. Mí katã míate ŋu awɔ nane le Yehowa ƒe subɔsubɔ me. Mina míawɔ ŋusẽ sia ŋudɔ! Le Fiaɖuƒea ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo dzi ɖe edzi gome la, mina míanɔ ŋudzɔ ato ʋɔtru ɖesiaɖe si woaʋu na mí la nu. Míate ŋu ado gbe ɖa gɔ̃ hã na Yehowa be wòaʋu ʋɔtru ma tɔgbe na mí. (Kolosetɔwo 4:2, 3) Esi míele Yesu ƒe dzidodo ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m hele anukware ɖim na eƒe ŋkɔ la, míaɖee afia be míawo hã to le mía si be míase nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le gbɔgblɔm na hameawo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le Paulo ƒe ŋkekeawo me la, Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le Korinto la dzi kpɔla va zu nɔvi Kristotɔ.—Dɔwɔwɔwo 18:17; Korintotɔwo I, 1:1.
b Gbetakpɔxɔ magazine si Yohanes habɔbɔa tana la yi edzi te gbe ɖe alesi wòhiã kpata be woawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ ahakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe alesi woate ŋui la dzi; le kpɔɖeŋu me, kpɔ nyati siwo nye “Amesiame Neɖe Gbeƒã Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe” kple “Woƒe Numegbe Ði Hoo Le Anyigba Blibo la Katã Dzi,” siwo le January 1, 2004, ƒe Gbetakpɔxɔ me. Le June 1, 2004 ƒe tata me la, wote gbe ɖe “ʋɔtru, si le nuvo” nu toto age ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ me la dzi le nyati si nye “Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Na Mawu” la me. Mɔɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ si nye 1,093,552 sɔŋ ye wɔ subɔsubɔdɔ ma le ƒe 2005 ƒe ɣleti aɖe me.
c McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia (Babla X, axa 519) ka nya ta be: “Trɔ̃nu siwo kpɔ Kristotɔnyenye ƒe ŋgɔyiyi wɔnukua teƒe la he zitɔtɔ vɛ le dukɔa me ale gbegbe be ehe fiawo ƒe susu va Kristotɔnyenye dzi sesẽe, eye ema na Tradzan [si ɖu dzi tso ƒe 98 vaseɖe ƒe 117 M.Ŋ.] de sewo hena woɖo asi nufiafia yeye sia si nana amewo léa fu mawuawo la dzi ʋɛʋɛʋɛ. Pliny ɖevitɔ si nye Bitinia [si do liƒo kple Roma-nuto si nye Asia le anyiehe gome la] ƒe mɔ̃mefia ƒe dukplɔɖoɖoa me va sesẽ le nya siwo tso Kristotɔnyenye ƒe takeke kabakaba kple dziku si trɔ̃subɔlawo do le eƒe nutoa me le ema ta gbɔ la ta.”
d Ŋkɔ Xizkiya gɔmee nye “Yehowa Doa Ŋusẽ Ame.”
[Aɖaka si le axa 63]
Kpekpeɖeŋu Nana Ame Geɖe be Woade Ta Agu
Le amesiamina 144,000 siwo anyi Dziƒofiaɖuƒea ƒe dome la dome la, edze abe ame susɔe siwo mede 9,000 o siwo nye Yohanes habɔbɔ la mewu woƒe anyigbadzinɔnɔ nu haɖe o ene. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ameha gã la dzi ɖe dzi zu ame 4,000,000 kple vɔ ƒe ha gã aɖe. (Nyaɖeɖefia 7:4, 9) Nukae na kpekpeɖeŋu le dzidziɖedzi gã sia me? Suku vovovo siwo Yehowa Ðasefowo ɖo la na kpekpeɖeŋu gã aɖe ŋutɔ. Abe nusiwo to vovo kura tso Kristodukɔa ƒe osɔfosuku siwo fiaa xexemenunya heɖia gbɔ Biblia la gbɔ ene la, Ðasefowo ƒe suku siawo tua Mawu ƒe Nya la dzi xɔxɔ se vevie ɖo. Woɖena alesi wòku ɖe agbenyuinɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe subɔsubɔ dzadzɛ tsɔtsɔ na Mawu ŋu la fiana. Tso ƒe 1943 me le xexeame katã la, Yehowa Ðasefowo ƒe hame ɖesiaɖe wɔa Teokrasi Subɔsubɔ Suku le eƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Ame miliɔn geɖe dea suku sia kwasiɖa ɖesiaɖe, eye wozɔna ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo ɖeka dzi.
Tso ƒe 1959 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukuwo hã hena hehe nana hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Eye tso ƒe 1977 me la, Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Sukuwo na hehe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 200,000, amesiwo subɔa Yehowa ɣeyiɣiawo katã le gbeƒãɖeɖedɔa me le Filadelfiatɔwo ƒe nɔnɔmea nu tututu. Le ƒe 1987 me la, wodze Subɔsubɔdɔ ƒe Hehexɔsuku la gɔme be woatsɔ ana hehe Ðasefo ŋutsuwo hena dɔdasi tɔxɛwo le xexeame katã.
Suku siwo Yehowa Ðasefowo ɖo la dometɔ si ɖe dzesi wue nye Gbetakpɔxɔ ƒe Gilead Biblia Suku la. Tso ƒe 1943 me la, dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku sia si le New York Nutoa me la na sukuviwo ƒe hatsotso eve wu suku nu ƒe sia ƒe kloe. Ne wotsɔ wo ƒo ƒu la, ena hehe Yehowa ƒe subɔla siwo wu 6,000 hena dutanyanyuigbɔgblɔ. Amesiwo do go le suku sia subɔ le anyigba siwo wu alafa ɖeka dzi, eye woawoe ʋu Fiaɖuƒedɔa nu le wo dometɔ geɖe dzi. Le ƒe 40 megbe la, dutanyanyuigblɔla gbãtɔawo dometɔ geɖe kpɔtɔ le dɔa wɔm hele gome kpɔm kple dutanyanyuigblɔla yeyewo le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe takeke le xexeame katã dodo ɖe ŋgɔ me. Takeke wɔnuku kae nye si wònye!
[Nyaɖoɖo si le 64]
Le ƒe 1919 me la Fia Yesu si le dzi ɖum la ʋu Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru aɖe. Kristotɔ siwo tsɔ wo ɖokui na siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋudɔ.
Anyigba Kristotɔ siwo Ɣeyiɣiawo
siwo Dzi Kpɔ Gome le Katã ƒe
Ƒe Gbeƒãɖeɖea Ðo Gbeƒãɖeɖea Mee Gbeƒãɖelawof
1918 14 3,868 591
1928 32 23,988 1,883
1938 52 47,143 4,112
1948 96 230,532 8,994
1958 175 717,088 23,772
1968 200 1,155,826 63,871
1978 205 2,086,698 115,389
1990 212 4,017,213 536,508
[Etenuŋɔŋlɔwo]
e Ɣleti ɖesiaɖe ƒe mamã dediewoe nye xexlẽme siwo le etame la.
f Ɣleti ɖesiaɖe ƒe mamã dediewoe nye xexlẽme siwo le etame la.
[Nyaɖoɖo si le 65]
Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa nye dzi blibo tɔ. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso gaƒoƒo agbɔsɔsɔ si wozã le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia me kple Biblia nusɔsrɔ̃ gbogbo siwo wowɔ ga aɖeke maxɔmaxɔe le amewo ƒe aƒewo me la ŋu kpɔ.
Gbeƒãɖeɖe ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃
Gaƒoƒowo siwo Wowɔ
Ƒe (Ƒe Bliboa Tɔ) (Ɣleti Ðesiaɖe)
1918 19,116 Womeŋlɔe Ði O
1928 2,866,164 Womeŋlɔe Ði O
1938 10,572,086 Womeŋlɔe Ði O
1948 49,832,205 130,281
1958 110,390,944 508,320
1968 208,666,762 977,503
1978 307,272,262 1,257,084
1990 895,229,424 3,624,091
[Nɔnɔmetata si le axa 59]
Ƒe alafa gbãtɔ me Romatɔwo ƒe safui