-
Ðe Wò Ŋkɔ le Agbegbalẽa Mea?Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
10. Nu dedziƒoname kae Yesu de dzesii le Sardes-hamea me, eye aleke wòle be esia nawɔ dɔ ɖe mía dzie?
10 Nya siwo Yesu yi edzi gblɔ na hame si le Sardes la tu ame ɖo ŋutɔ. Egblɔ be: “Gake la èkpɔ ŋkɔ ʋee aɖewo le Sardes, esiwo meƒo ɖi woƒe awuwo o, eye woazɔ kpakplim le awu ɣiwo me; elabena wodze. Amesi ke ɖu dzi la, woado awu ɣiwo na eyama, eye nyemele eƒe ŋkɔ tutu ge ɖa le agbegbalẽa me o, eye maʋu eƒe ŋkɔ la me le Fofonye kple eƒe dɔlawo ŋku me.” (Nyaɖeɖefia 3:4, 5) Ðe nya siawo meʋãa mí hetua míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔ nuteƒe la ɖo oa? Le hamemegãwo ƒe ha aɖe ƒe aɖaba ŋeŋe aƒu nu dzi ta la, hame blibo ate ŋu adɔ alɔ̃ ayi me ʋĩ le gbɔgbɔ me. Gake ame ɖekaɖeka aɖewo siwo le eme adze agbagba kalẽtɔe be yewoƒe Kristotɔnyenye ƒe dzeside la nanɔ dzadzɛ ɖiƒoƒomanɔŋui eye to ema dzi la ŋkɔ nyui nakpɔtɔ anɔ yewo ŋu le Yehowa ŋkume.—Lododowo 22:1.
-
-
Ðe Wò Ŋkɔ le Agbegbalẽa Mea?Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
-
-
13. Yayra kawoe le ŋgɔ na Kristotɔ amesiamina siwo “meƒo ɖi woƒe awuwo o”?
13 Mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe ava eme na amesiwo le Sardes, siwo wɔ nu anukwaretɔe vaseɖe nuwuwu eye womeƒo ɖi woƒe Kristotɔnyenye ƒe dzesidea o la. Esi woɖo Yesu ƒe Mesia Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me megbe la, wofɔ wo ɖe tsitre yi gbɔgbɔmegbenɔnɔ me eye wodo awu ɣiwo na wo abe amesiwo ɖu aʋa dzi ene wònye woƒe dzɔdzɔenyenye dzadzɛ si ŋu ɖiƒoƒo aɖeke mele o la ƒe dzesi. Esi woto mɔ bii si kplɔa ame yia agbe mee la dzi ta la, woaxɔ fetu mavɔ.—Mateo 7:14; kpɔ Nyaɖeɖefia 6:9-11 hã.
Le Agbegbalẽa me Tegbee!
14. Nukae nye “agbegbalẽa,” eye amekawo ƒe ŋkɔe woŋlɔna ɖe eme?
14 Nukae nye “agbegbalẽa,” eye amekawo ƒe ŋkɔwoe atsi eme? Agbegbalẽ alo agbegbalẽ ŋɔ́ŋlɔ la fia Yehowa ƒe subɔla siwo dze be woaxɔ agbe mavɔ ƒe nunana la ŋuti nuŋlɔɖi. (Maleaxi 3:16) Le Nyaɖeɖefia me afisia la, Kristotɔ amesiaminawo koŋ ƒe ŋkɔwo ŋue woƒo nu le. Gake woŋlɔ amesiwo akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi hã ƒe ŋkɔwo ɖe eme. Gawu la, woate ŋu ‘atutu’ ame ƒe ŋkɔ ɖa le agbalẽ ma me. (Mose II, 32:32, 33) Gake Yohanes habɔbɔa me tɔ siwo ƒe ŋkɔwo kpɔtɔ le agbegbalẽa me vaseɖe woƒe kuɣi ayi ɖe makumakugbenɔnɔ me le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 2:10) Esiawoe nye ŋkɔ siwo me Yesu ʋuna le Fofoa kple Eƒe dɔlawo ŋkume. Aleke teƒeɖoɖo ma heloloe nye si!
15. Aleke ameha gã la me tɔwo awɔ be womatutu woƒe ŋkɔwo ɖa le agbegbalẽa me o?
15 Ameha gã si ƒe ŋkɔwo hã woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me la ato xaxa gã la me ado agbagbee. To xɔse si amesiawo aɖe afia le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia katã me kple le dodokpɔ mamlea si akplɔe ɖo me dzi la, woana agbe mavɔ le Paradiso me le anyigba dzi ƒe teƒeɖoɖo wo. (Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 7:9, 14; 20:15; 21:4) Ekema woƒe ŋkɔwo anɔ agbegbalẽa me tegbee. Esi nènya nusi woto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi gblɔ le afisia la, ɖe matsɔ dzonɔameme awɔ ɖe aɖaŋu si Yesu gaɖo ake la dzi oa, be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo”?—Nyaɖeɖefia 3:6.
-