INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • “Lé Nusi le Asiwò me la, Ðe Asi Sesĩe”
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • “Woade Ta Agu . . . ɖe Ŋkuwò Me”

      11. Yayra ka ƒe ŋugbee Yesu do na Kristotɔawo, eye aleke esia va emee?

      11 Eyata Yesu do emetsonu ƒe ŋugbe na wo be: “Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔ aɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.” (Nyaɖeɖefia 3:9) Ðewohĩ abe alesi wònɔ le Smirna ene la, Yudatɔ siwo le dua me ɖe fu na hamea. Yesu yɔ amesiawo be ‘Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔwo.’ Gake Yudatɔ mawo dometɔ aɖewo ya teti gbɔna ekpɔ ge ɣemaɣi adze sii be nusi Kristotɔwo nɔ gbe ƒã ɖemee tso Yesu ŋu lae nye nyateƒea. Anye be ‘ta si woade agu’ la anɔ abe alesi Paulo ɖɔe le Korintotɔwo I, 14:24, 25 ene, ale be woatrɔ dzime ŋutɔŋutɔ azu Kristotɔwo ahakpɔ ŋudzedze ɖe Yesu ƒe lɔlɔ̃ gã si na wòtsɔ eƒe luʋɔ gɔ̃ hã sa vɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta la ŋu bliboe.—Yohanes 15:12, 13.

      12. Nukatae Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le Filadelfia la me tɔwo aɖi vo ne wosee be yewo dometɔ aɖewo “ade ta agu” ɖe Kristotɔ siwo le dua me la ŋkume?

      12 Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le Filadelfia la me tɔwo aɖi vo godoo ne wosee be yewo dometɔ aɖewo “ade ta agu” ɖe Kristotɔ siwo le dua me la ŋkume. Le nyateƒe si wònye be ɖikekemanɔmee la amesiwo menye Yudatɔwo o geɖe le hame ma me ta la, woakpɔ mɔ be woawo boŋ nava de ta agu. Nukatae? Elabena Yesaya gblɔe ɖi be: “Fiawo [siwo menye Yudatɔwo o] anye vinyilawo na wò [Israel-dukɔa], eye wo srɔ̃wo anye nonala na wò; woade ta agu atsyɔ mo anyi ɖe ŋkuwò me.” (Yesaya 49:23; 45:14; 60:14) Nenema kee wotsɔ gbɔgbɔ ʋã Zaxarya wòŋlɔe bena: “Ɣemaɣi la ŋutsu ewo [siwo menye Yudatɔwo o] atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zaxarya 8:23) Ẽ, amesiwo menye Yudatɔwo o lae ade ta agu ɖe Yudatɔwo ŋkume, ke menye Yudatɔwo boŋ nade ta agu ɖe wo ŋkume o!

      13. Amekawoe nye Yudatɔ siwo nyagblɔɖi siwo wogblɔ na blema Israel la ava eme na?

      13 Mawu ƒe dukɔ tiatia lae wogblɔ nyagblɔɖi mawo na. Nɔƒe ma si ŋu bubu le ye ŋutilã me Israel nɔ esime wogblɔ wo ɖi. Gake esime Yuda-dukɔa gbe Mesia la, Yehowa gbe wo. (Mateo 15:3-9; 21:42, 43; Luka 12:32; Yohanes 1:10, 11) Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, etia Mawu ƒe Israel vavã si nye Kristo-hame la ɖe wo teƒe. Amesiwo le emee nye gbɔgbɔ me Yudatɔ siwo ƒe aʋatsotso nye dzi me tɔ ŋutɔŋutɔ la. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 41, 42; Romatɔwo 2:28, 29; Galatiatɔwo 6:16) Le ema megbe la, mɔ ɖeka kolia si dzi ŋutilã me Yudatɔ ate ŋu ato aganɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe ƒomedodo me kple Yehowae nye to Yesu dzi xɔxɔ se be eyae nye Mesia la dzi. (Mateo 23:37-39) Edze ƒã be esia le dzɔdzɔ ge le ame aɖewo gome kpuie le Filadelfia.a

      14. Aleke Yesaya 49:23 kple Zaxarya 8:23 va eme le egbeŋkekewo me wòɖe dzesie?

      14 Le egbeŋkekeawo me la, nyagblɔɖiwo abe Yesaya 49:23 kple Zaxarya 8:23 ene va eme wòɖe dzesi ŋutɔ. Abe Yohanes habɔbɔa ƒe gbeƒãɖeɖe ƒe emetsonu ene la, ame gbogbo aɖewo to ʋɔtru si le nuvo la nu ge ɖe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa me.b Amesiawo dometɔ geɖe do tso Kristodukɔa si ƒe subɔsubɔhawo gblɔna alakpatɔe be yewonye gbɔgbɔ me Israel la me. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 9:6.) Abe ameha gã aɖe ene la, amesiawo nyãa woƒe awuwo hewɔa wo ɣie to Yesu ƒe vɔsaʋua dzi xɔxɔ se dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Le toɖoɖo Kristo ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, wole mɔ kpɔm be yewoanyi eƒe yayrawo ƒe dome le anyigba dzi afisia. Wovana Yesu nɔvi amesiaminawo gbɔ eye ‘wodea ta agu’ ɖe wo ŋkume le gbɔgbɔ me, elabena ‘wose be Mawu li kpli wo.’ Wosubɔa amesiamina siawo siwo woa kpli wo wɔa ɖeka le xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me.—Mateo 25:34-40; Petro I, 5:9.

  • “Lé Nusi le Asiwò me la, Ðe Asi Sesĩe”
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
    • 17 Le ƒe 1918 me la, eva hiã be Yohanes habɔbɔa si nye Kristotɔ amesiaminawo nadze ŋgɔ tsitretsiɖeŋu—abe hame wɔnuteƒe ma si nɔ Filadelfia la ene—tso egbegbe ‘Satana ƒe ƒuƒoƒea’ gbɔ. Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo, amesiwo gblɔ be yewonye gbɔgbɔ me Yudatɔwo la, fia mɔ dziɖulawo ayetɔe be woate Kristotɔ vavãwo ɖe to. Gake amesiawo dze agbagba vevie be ‘yewoalé Yesu ƒe dzidonya me ɖe asi’; eyata to gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu si nye “ŋusẽ ʋee” ɖedzesi aɖe dzi la, woto eme do eye wode dzo wo me be woato ʋɔtru si le nuvo le wo ŋgɔ la nu azɔ. Le mɔ ka nu?

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe