INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • 2. Nu kae Biblia na míenya tso Yehowa ŋu?

      Biblia gblɔ be le mawu siwo katã amewo subɔna dome la, Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavã la. Nu ka tae? Susu vovovowo tae. Yehowa ƒe ŋusẽ ye ƒo ɖe sia ɖe ta, eye eya ɖeka koe nye “Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.” (Xlẽ Psalmo 83:18.) Eyae nye “Ŋusẽkatãtɔ la,” si fia be, ŋusẽ le esi be wòawɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ. Eyae “wɔ nuwo katã”—eyae wɔ dziƒowo kple anyigba kpakple nu gbagbe siwo katã le edzi. (Nyaɖeɖefia 4:8, 11) Yehowa ɖeɖe koe nye ame si li tso mavɔ me, eye anɔ anyi yi ɖe mavɔ me.—Psalmo 90:2.

  • Aleke Míate Ŋu Asubɔ Mawu Wòadze Eŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
    • Esi wònye be Yehowae nye mía Wɔla ta la, eya ɖeka koe wòle be míasubɔ. (Nyaɖeɖefia 4:11) Esia fia be, mele be míazã legba alo nɔnɔmewɔwɔ aɖeke le mía Wɔlaa subɔsubɔ me o, ke boŋ, ele be míalɔ̃e, eye míasubɔ eya ɖeka ko.—Xlẽ Yesaya 42:8.

      Ele be míaƒe mawusubɔsubɔ nanɔ ‘kɔkɔe, eye wòadze Yehowa ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Esia fia be, ele be míawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ame siwo lɔ̃ Yehowa la lɔ̃ eƒe sedede siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu eye wowɔa wo dzi. Eye woƒoa asa na nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ŋu, abe sigaretnono, atike vɔ̃ɖiwo zazã, alo aha tsu nono ene.a

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe